Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

‘Wosu Te Hena Dɔ Nyui Sia Dɔ Nyui Wɔwɔ’

‘Wosu Te Hena Dɔ Nyui Sia Dɔ Nyui Wɔwɔ’

‘Wosu Te Hena Dɔ Nyui Sia Dɔ Nyui Wɔwɔ’

“ÐO ŊU nusiawo na wo bena, woabɔbɔ wo ɖokui na dziɖulawo kple ŋusẽwo, eye woaɖo to wo, eye woasu te hena dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ.” (Tito 3:1) Dɔ nyui kae nɔ susu me na apostolo Paulo esi wòŋlɔ nya mawo na eƒe haxɔsetɔwo? Biblia ŋunyala E. F. Scott tɔ asi dɔ nyuiawo dometɔ ɖeka dzi gblɔ be: “Menye ɖeko wobe Kristotɔwo naɖo to ŋusẽtɔwo ko evɔ o, ke boŋ ele be woasu te hena dɔ nyui ɖesiaɖe wɔwɔ hã. . . . Ne nɔnɔme aɖewo bia la, ele be Kristotɔwo nanɔ ame gbãtɔ siwo ɖea hahoo dɔwɔwɔ ƒe gbɔgbɔ fiana la dome. Dzo anɔ teƒewo dzem, dɔvɔ̃wo anɔ totom, afɔkuwo vovovowo anɔ dzɔdzɔm, si awɔe be dukɔmevi nyuiwo katã adi be yewoakpe ɖe yewoƒe aƒelikawo ŋu.”

Kristotɔwo kpɔa gome le hahoo dɔ aɖewo wɔwɔ me ne ewɔwɔ menya tsi tre ɖe Mawu ƒe sededewo ŋu o ko. (Dɔwɔwɔwo 5:29) Le kpɔɖeŋu me, Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Ebina, Japan, wɔna ɖe nutoa me dzotsidɔwɔƒea ƒe mɔfiafia si wòna be woawɔ dzotsitsi ŋuti wɔwɔfiawo ƒe sia ƒe dzi. Le nusiawo wɔɣi la, Betel-ƒomea me tɔwo katã va ƒoa ƒu heɖoa to mɔfiame siwo nutoa me dzotsidɔwɔƒea teƒenɔla la nana.

Gakpe ɖe eŋu la, ƒe ewo kple edzivɔe nye esia si alɔdzedɔwɔƒea wɔ nu aduadu kple nutoa me dzotsidɔwɔƒea le wɔwɔfia si wòwɔna be wòatsɔ ana amewo nanya nusiwo woawɔ ne dzo nagadze teƒewo o me. Le wɔwɔfiaawo me la, adzɔhawo kple dɔwɔƒe siwo tso dugãa me wɔa alesi wole klalo ɖe dzotsitsi kple enuléle ŋu ƒe wɔwɔfiawo. Alɔdzedɔwɔƒea xɔa nunana geɖe ɖe eƒe dɔwɔlawo ƒe aɖaŋuwɔwɔ kple nuwɔwɔ aduadu ta. Le ƒe 2001 me la, wona nunana wo be woawoe xɔ nɔƒe gbãtɔ le wɔwɔfiawo me. Wole klalo be yewoawɔ dɔ nyui si ate ŋu aɖe amewo ƒe agbe ne dzo dze teƒe aɖe.

Dɔwɔna aɖe si Ŋu Woade Asixɔxɔe

Gake Yehowa Ðasefowo tsɔa ɖe le dɔ aɖe ƒomevi si le vevie wu, si hã xɔa ame ɖe agbe, me. Wosrãa wo haviwo kpɔna edziedzi be yewoagblɔ Mawu ƒe Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia na wo. (Mateo 24:14) Ðasefowo dea dzi ƒo na amewo be woasrɔ̃ Biblia me gɔmeɖosewo ahawɔ ɖe wo dzi le woƒe agbe me ale be wòana woƒe agbe nanyo ɖe edzi fifia eye agbe mavɔ le xexe si me ŋutifafa kple dedienɔnɔ vavãtɔ anɔ ƒe mɔkpɔkpɔ nasu wo si.

Ðewohĩ ame aɖewo menya asixɔxɔ si le dɔ si wɔm Yehowa Ðasefowo le ŋu o, ahanɔ wo bum be woɖea fu na ame akpa. Gake Ʋɔnudrɔ̃la Jean Crepeau, si le Quebec ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒegã le Canada, ya ƒe nukpɔsusu to vovo tso esia gbɔ. Yehowa Ðasefo siwo le afima melɔ̃ ɖe Blainville, Quebec, dua me se si bia be woabia mɔ hafi awɔ tso ʋɔtru nu yi ʋɔtru nu ƒe dɔa dzi o. Le ʋɔnudrɔ̃ƒea ƒe nyametsotso nu la, Ʋɔnudrɔ̃la Crepeau gblɔ be: “Yehowa Ðasefowo ƒe sasrãkpɔwo nye Kristotɔwo katã ƒe subɔsubɔdɔ eye . . . agbalẽ siwo Ðasefowo nana dukɔmevi siwo tsɔ ɖe le eme la nye agbalẽ vavãwo, siwo ƒoa nu tso nyawo abe subɔsubɔ, Biblia, atikevɔ̃ɖiwo, ahatsunono, sɔhɛwo ƒe agbalẽsrɔ̃nyawo, srɔ̃ɖeɖe me kuxiwo kple srɔ̃gbegbe ene ŋu.” Nyametsotsoa yi edzi be: “Nyataƒonya si ʋɔnudrɔ̃ƒea ate ŋu agblɔ koe nye be, enye amedzudzu, gbɔɖiame, dɔmedzoedodo na ame, kple ameŋugbegblẽ be woatsɔ Yehowa Ðasefowo asɔ kple nudzralawo.”

Yehowa Ðasefowo wɔa akpa aɖe le nuto si me wole la dodoɖeŋgɔ me to kpekpe ɖe amewo ŋu be woaɖu woƒe gbesiagbegbenɔnɔ me kuxiwo dzi eye wonaa etsɔme mɔkpɔkpɔ nyui sua wo si. Biblia dzraa wo ɖo be woawɔ dɔ ma ade goe. “Ŋɔŋlɔ sia ŋɔŋlɔ, si tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me la, enyo hã na nufiafia, na mokaka, na ɖɔɖɔɖo, na amehehe, si le dzɔdzɔenyenye me, bene Mawu ƒe ame la nade blibo, eye wòanɔ dzadzraɖoɖi hena dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ.”—Timoteo II, 3:16, 17.

Àdi be yeanya alesi Yehowa Ðasefowo wɔna ‘sua te hena dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔa’? Míekpe wò be nàlɔ̃ axɔ woƒe kpekpeɖeŋu be nàsrɔ̃ nu geɖe tso Biblia me si awɔe be wò hã nàsu te hena dɔ vevi si wole wɔwɔm le miaƒe nutoa me kple le xexeame katã me.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 30, 31]

Yehowa Ðasefowo dina be yewoawɔ nu aduadu kple dziɖuɖumegãwo

[Nɔnɔmetata si le axa 31]

Wonya Ðasefowo be wokpena ɖe wo haviwo ŋu