Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Yehowa Ƒe Nu Nenyo Ŋuwò”

“Yehowa Ƒe Nu Nenyo Ŋuwò”

“Yehowa Ƒe Nu Nenyo Ŋuwò”

“Yehowa ƒe nu nenyo ŋuwò, eye wòana nusi wò dzi di la wò.”​—PSALMO 37:4.

1, 2. Amekae nye dzidzɔkpɔkpɔ vavãtɔ Tsoƒe, eye aleke Fia Dawid he susu yi nya sia dzii?

“DZIDZƆTƆWOE nye amesiwo tsɔa ɖe le woƒe gbɔgbɔ me nuhiahiã me, . . . dzidzɔtɔwoe nye amesiwo le nublanui kpɔm na amewo, . . . dzidzɔtɔwoe nye amesiwo léa avu.” Nya siawo kple ade bubu siwo lɔ dzidzɔtɔwo ɖe eme la nye Yesu ƒe Todzimawunya xɔŋkɔ si Nyanyuiŋlɔla Mateo ŋlɔ ɖi la ƒe ŋgɔdonya. (Mateo 5:3-11, NW) Yesu ƒe nyawo ka ɖe edzi na mí be dzidzɔ nye nusi dzi míaƒe asi ate ŋu asu.

2 Ha kɔkɔe aɖe si blema Israel Fia Dawid ŋlɔ he susu yi dzidzɔkpɔkpɔ vavãtɔ Tsoƒe, Yehowa dzi. Dawid gblɔ be: “Yehowa ƒe nu nenyo ŋuwò, eye wòana nusi wò dzi di la wò.” (Psalmo 37:4) Gake nukae ana Yehowa kple eƒe amenyenye vovovoawo nyanya ‘nanyo ame ŋu’? Aleke nusiwo wòwɔ kple nusiwo wòava wɔ le eƒe tameɖoɖo dzi wɔwɔ me la me dzodzro aʋu mɔnukpɔkpɔ na wò be nàkpɔ “nusi wò dzi di”? Psalmo 37, kpukpui 1 vaseɖe 11, me dzodzro tsitotsito ana míakpɔ ŋuɖoɖoa.

‘Megaʋã Ŋu O’

3, 4. Abe alesi woŋlɔe ɖe Psalmo 37:1 ene la, aɖaŋu kae Dawid ɖo, eye nukatae edziwɔwɔ sɔ egbea?

3 Míele “ɣeyiɣi vɔ̃wo me,” eye nu vɔ̃ɖi wɔwɔ bɔ. Míekpɔ apostolo Paulo ƒe nyawo me vava be: “Ke ame vɔ̃ɖiwo kple ameblelawo la woayi dzi vɔ̃ɖitɔe wu anɔ amewo blem, eye amewo able wo.” (Timoteo II, 3:1, 13) Aleke wòle bɔbɔe nye si be ame vɔ̃ɖiwo ƒe yeaɖi dzidzedzekpɔkpɔ kple nudzedziname nakpɔ ŋusẽ ɖe mía dzii enye si! Esiawo katã ate ŋu ahe míaƒe susu, eye wòana míaƒe gbɔgbɔmeŋku dzi makɔ o. De dzesi alesi Psalmo 37 ƒe ŋgɔdonyawo he míaƒe susu yi ɖe afɔku siawo dzii: “Dzi megaku wò le nu vlo wɔlawo ŋu o, eye megaʋã ŋu ɖe amesiwo wɔ nu tovo la ŋu o.”

4 Xexeame ƒe nyakakamɔnuwo kaa nya ta le numadzɔmadzɔwɔwɔ gbogbo aɖewo siwo tena ɖe mía dzi ŋu. Asitsala maɖianukwarewo tafaa amewo hesina fu aɖeke makpemakpee. Nuvlowɔlawo baa amesiwo ŋu wɔna mele o. Womekpɔa amewulawo léna alo hea to na wo o. Numadzɔmadzɔwɔwɔ ƒe kpɔɖeŋu siawo katã ate ŋu aku dzi na mí alo mana míavo le susume o. Nuvlowɔlawo ƒe yeaɖi dzidzedzekpɔkpɔ gɔ̃ hã ate ŋu ana míaʋã ŋu. Gake ɖe míaƒe dzikudodo aɖɔ nɔnɔmea ɖoa? Ðe ŋuʋaʋã yeaɖi nɔnɔme deamedzi si me ame vɔ̃ɖiwo le atrɔ nusi adzɔ ɖe wo dzia? Gbeɖe! Eye mehiã kura be ‘dzi naku mí’ o. Nukatae?

5. Nukatae wotsɔ ame vɔ̃ɖiwo sɔ kple gbe ɖo?

5 Hakpala la ɖo eŋu be: “Elabena woasi wo xoxoxo abe gbe ene, eye woayrɔ abe aŋgba ene.” (Psalmo 37:2) Gbemumu anya kpɔ na ŋku, gake eteƒe medidina hafi wòyrɔna hekuna o. Alea tututu wòle le ame vɔ̃ɖiwo gome. Woƒe yeaɖi dzidzedzekpɔkpɔa manɔ anyi ɖaa o. Ne woku la, woƒe kesinɔnu madzemadzeawo megaɖea vi aɖeke na wo o. Mlɔeba la, woadrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe na amesiame. Paulo ŋlɔ bena: “Nuvɔ̃ la ƒe fetue nye ku.” (Romatɔwo 6:23) Ame vɔ̃ɖiwo kple ame madzɔmadzɔwo katã xɔa woƒe “fetu” mlɔeba ko evɔ. Dagbadagba ɖe yame ka gbegbee nye esi!—Psalmo 37:35, 36; 49:17, 18.

6. Nukae míate ŋu asrɔ̃ tso Psalmo 37:1, 2 me?

6 Ekema ɖe wòle be míana ame vɔ̃ɖiwo ƒe kesinɔnu siwo nu ava yi kaba la naɖe fu na mía? Nusɔsrɔ̃ si le Psalmo 37 kpukpui eve gbãtɔawo mee nye si: Mègana woƒe dzidzedzekpɔkpɔ nana nàda ƒu le Yehowa subɔsubɔ si nètia la me o. Ke boŋ, na wò ŋku nanɔ gbɔgbɔ me yayrawo kple taɖodzinuwo ŋu.—Lododowo 23:17.

“Ðo Ŋu Ðe Yehowa Ŋu, eye Nàwɔ Nyui”

7. Nukatae wòle be míaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu ɖo?

7 Hakpala la xlɔ̃ nu mí be: “Ðo ŋu ɖe Yehowa ŋu, eye nawɔ nyui.” (Psalmo 37:3a) Ne dzimaɖitsitsiwo alo ɖikeke gɔ̃ hã na míede vovo ge do kpoe la, ele be míana míaƒe ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu me nasẽ. Eyae nye Amesi naa gbɔgbɔ me dedienɔnɔ blibo ame. Mose ŋlɔ bena: ‘Amesi bɔbɔ nɔ Dziƒoʋĩtɔ la ƒe bebeƒe la, le Ŋusẽkatãtɔ la ƒe vɔvɔli te.’ (Psalmo 91:1) Ne sedzimawɔmawɔ ƒe dzidziɖedzi le nuɖoanyi sia me ɖe fu na mí la, azɔ kura boŋue wòle be míaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu wu. Ne míaƒe afɔ ɖɔli la, edzɔa dzi na mí ne xɔlɔ̃ aɖe na míeku ɖe eƒe abɔ ŋu. Nenema kee ne míele agbagba dzem be míazɔ le nuteƒewɔwɔ me la, míehiã na Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu.—Yesaya 50:10.

8. Aleke gomekpɔkpɔ le Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa me ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míaƒo asa na ame vɔ̃ɖiwo ƒe dzidzedzekpɔkpɔ ƒe fuɖename yakatsyɔ lae?

8 Ame vɔ̃ɖiwo ƒe dzidzedzekpɔkpɔ ƒe fuɖename gbɔ kpɔnu ɖeka enye be míabiã ŋku ɖe amesiwo le abe alẽwo ene la didi kple kpekpe ɖe wo ŋu be Yehowa ƒe tameɖoɖo ŋuti sidzedze vavãtɔ nasu wo si ŋu. Ne nu vɔ̃ɖiwɔwɔ le dzidzim ɖe edzi ƒo xlã mí la, ele be míaƒe ŋku nabiã ɖe kpekpe ɖe ame bubuwo ŋu ŋuti vevie. Apostolo Paulo gblɔ be: “Migaŋlɔ dɔmenyowɔwɔ kple hamenunana be o; elabena nenem vɔsa siawo dzea Mawu ŋu.” ‘Dɔmenyo’ gãtɔ kekeake si míate ŋu awɔ na amewoe nye be míagblɔ Mawu ƒe Fiaɖuƒe ŋutikɔkɔe nyanyuia na wo. Míaƒe dutoƒogbeƒãɖeɖe nye “kafukafuvɔsa” nyateƒe.—Hebritɔwo 13:15, 16; Galatiatɔwo 6:10.

9. Ðe Dawid ƒe dzideƒonamenya be “nɔ anyigba dzi” la me.

9 Dawid yi edzi be: “Nɔ anyigba dzi, eye naɖi anukware.” (Psalmo 37:3b) ‘Anyigbaa’ le Dawid ƒe ŋkekea me nye anyigbamama si Yehowa tsɔ na Israel, si nye Ŋugbedodonyigba la. Le Salomo ƒe dziɖuɣi la, eƒe liƒowo tso Dan le dziehe vaseɖe Beer-Seba le anyiehe. Afisiae Israel nɔ. (Fiawo I, 5:5) Afika kee míeɖale le anyigba dzi egbea o, míele mɔ kpɔm na ɣeyiɣi si me anyigba katã atrɔ zu paradiso le xexe yeye si me dzɔdzɔenyenye anɔ me. Fifia ya, míele gbɔgbɔmededienɔnɔ me.—Yesaya 65:13, 14.

10. Nukae dona tsoa eme ne ‘míeɖi anukware’?

10 Nukae ado tso eme ne ‘míeɖi anukware’? Lododo si tso gbɔgbɔ me la ɖo ŋku edzi na mí be: “Woayra nuteƒewɔla geɖe.” (Lododowo 28:20) Nyanyuia si míetsɔa nuteƒewɔwɔ ɖea gbeƒã kutrikukutɔe le afisiafi si míele kple na amesiame si míate ŋui la nana míexɔa teƒeɖoɖowo tso Yehowa gbɔ nyateƒe. Le kpɔɖeŋu me, Frank kple srɔ̃a, Rose ƒo wo ɖokui ɖe mɔɖeɖedɔa wɔwɔ me ƒe 40 enye sia le du aɖe si le Scotland ƒe dziehe me. Ame ʋɛ siwo tsɔ ɖe le nyateƒea me do ŋgɔ la tra tso nyateƒea gbɔ. Vɔvɔ̃manɔmee la, mɔɖela srɔ̃tɔ siawo dze gbeƒãɖeɖe kple nusrɔ̃lawo wɔwɔ dɔa gɔme. Fifia wokpɔ hame aɖe si le dzidzedze kpɔm le dua me. Yehowa yra ɖe srɔ̃tɔawo ƒe nuteƒewɔwɔa dzi nyateƒe. Frank ɖe eme ɖokuibɔbɔtɔe be: “Yayra gãtɔ kekeake si míekpɔ enye be míegakpɔtɔ le nyateƒea me eye Yehowa gakpɔtɔ le mía zãm.” Ẽ, ne ‘míeɖi anukware’ la míexɔa yayra geɖe ŋudzedzekpɔkpɔtɔe.

“Yehowa ƒe Nu Nenyo Ŋuwò”

11, 12. (a) Aleke míate ŋu ana ‘Yehowa ƒe nu nanyo mía ŋui’? (b) Taɖodzinu kae nàte ŋu aɖo le wò ŋutɔ wò nusɔsrɔ̃ me, eye nukae ate ŋu ado tso eme?

11 Be míado ŋusẽ mía kple Yehowa dome ƒomedodoa ahayi edzi aɖo ŋu ɖe eŋu la, ele be ‘Yehowa ƒe nu nenyo mía ŋu.’ (Psalmo 37:4a) Aleke míewɔa esiae? Le esi teƒe be míanɔ dzi tsim ɖe mía ŋutɔwo ƒe kuxi siwo asesẽ gɔ̃ hã ŋu la, míeɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋu boŋ. Mɔ ɖeka si dzi míato awɔ esiae nye be míagbɔ dzi ɖi axlẽ eƒe Nya la. (Psalmo 1:1, 2) Ðe wò Biblia xexlẽ nana nèkpɔa dzidzɔa? Anɔ alea ne èxlẽnɛ kple susu be yeanya nu geɖe tso Yehowa ŋu. Ðe manyo be ne èxlẽ akpa aɖe vɔ la, natɔ sẽ abia ɖokuiwò be, ‘Nukae nuŋlɔɖi sia fiam ku ɖe Yehowa ŋu’ oa? Ðewohĩ aɖe vi na wò be agbalẽvi aɖe nanɔ asiwò ne èle Biblia xlẽm. Ɣesiaɣi si nàtɔ be yeade ŋugble le nusi xlẽm nèle ŋu la, ŋlɔ nya kpui aɖe si he wò susu yi Mawu ƒe nɔnɔme nyoameŋuawo dometɔ aɖe dzi da ɖi. Le ha bubu aɖe me la, Dawid dzi ha be: “Nye numenyawo kple nye dzimesusuwo nedze ŋuwò, Yehowa, nye agakpe kple nye xɔnametɔ.” (Psalmo 19:15) Mawu ƒe Nya si ŋu míaƒe susu anɔ alea ‘dzea’ Yehowa ‘ŋu’ eye wòdoa dzidzɔ na míawo hã.

12 Aleke míaƒe nusɔsrɔ̃ kple ŋugbledede ate ŋu ana dzi nadzɔ míi? Míate ŋu awɔe míaƒe taɖodzinui be míasrɔ̃ nu tso Yehowa kple eƒe mɔwo ŋu alesinu míate ŋui. Agbalẽ siwo nye Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ kple Te Ðe Yehowa Ŋu * nana míekpɔa nu geɖe siwo ŋu míate ŋu ade ŋugble le ŋudzedzekpɔkpɔtɔe. Dawid hã ka ɖe edzi na ame dzɔdzɔewo be, Yehowa ‘ana nusi wò dzi di la wò.’ (Psalmo 37:4b) Anye kakaɖedzi siae ʋã apostolo Yohanes wòŋlɔ nya siawo be: “Dzideƒo, si le mía si le egbɔ la, enye esi bena, ne míebia nane le eƒe lɔlɔ̃nu la, aɖo to mí. Eye ne míenyae bena, eɖoa to mí le nusianu, si ke míebia me la, ekema míenyae bena, míexɔa nusiwo míebia tso egbɔ la.”—Yohanes I, 5:14, 15.

13. Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖe dzidziɖedzidɔ kae yi edzi le ƒe siawo me le dukɔ geɖewo me?

13 Abe nuteƒewɔlawo ene la, míaƒe dzidzɔ gãtɔ kekeakee nye be Yehowa ƒe dziɖulanyenye taʋiʋli nava eme. (Lododowo 27:11) Ðe míaƒe dzi meyɔna kple dzidzɔ ne míese be mía nɔviwo le gbeƒãɖeɖedɔ gã aɖe wɔm le dukɔ siwo nɔ ŋutasẽdziɖuɖu kple ameteteɖeanyidziɖuɖu te tsã la me oa? Míeda ŋku ɖi le mɔ kpɔm vevie be ablɔɖe kae míagate ŋu akpɔ hafi nuɖoanyi sia nawu enu hã. Yehowa subɔla geɖe siwo le Ɣetoɖoƒedukɔwo me le gbeƒã ɖem veviedodotɔe na sukuviwo, sitsoƒedilawo, kple amedzro siwo va le ɣetoɖoƒe eye subɔsubɔ ƒe ablɔɖe le wo si la. Enye míaƒe didi vevie be ne amesiawo trɔ yi wo de la, woayi edzi ana nyateƒe ƒe kekeli la nanɔ keklẽm le afisiwo le abe viviti tsiɖitsiɖi ene gɔ̃ hã.—Mateo 5:14-16.

“Tsɔ Wò Mɔwo Gblẽ Ðe Yehowa Dzi”

14. Kpeɖodzi kawoe li si fia be míate ŋu aɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu?

14 Gbɔdzɔe ka gbegbee nye esi wònye be míanya be woate ŋu aɖe míaƒe dzimaɖitsitsi kple nusiwo adze nuteɖeamedziwoe la le mía dzi! Le mɔ ka nu? Dawid gblɔ be: “Tsɔ wò mɔwo gblẽ ɖe Yehowa dzi, eye naɖo ŋu ɖe eŋu,” eye wògagblɔ kpee be, “ekema awɔe ade goe.” (Psalmo 37:5) Kpeɖodzi geɖe le mía si le míaƒe hameawo me be Yehowa nye kpeɖeŋutɔ si ŋu míate ŋu aɖo ŋu ɖo. (Psalmo 55:23) Amesiwo katã le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔm, woɖanye mɔɖelawo loo, nutome sue dzikpɔlawo loo, dutanyanyuigblɔlawo loo, alo lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla siwo le Betel o, wo katã ate ŋu aɖo kpe alesi kakaɖedzi le Yehowa ƒe ametakpɔkpɔ ŋu dzi. Ðe manyo be nàɖo dze kple wo dometɔ siwo nènya ne woagblɔ alesi Yehowa kpena ɖe wo ŋui na wò oa? Àse nuteƒekpɔkpɔ geɖewo godoo si fia be le ɣeyiɣi sesẽwo me kura gɔ̃ hã la, Yehowa kpena ɖe wo ŋu. Enaa míekpɔa agbemenuhiahiãwo ɣesiaɣi.—Psalmo 37:25; Mateo 6:25-34.

15. Aleke Mawu ƒe amewo ƒe dzɔdzɔenyenye klẽnae?

15 Ne míena Yehowa nye amesi ŋu míeɖoa ŋu ɖo hekana ɖe edzi bliboe la, nya siwo hakpala la gagblɔ kpee ava eme na mí be: “Ahe wò dzɔdzɔenyenye ɖe go abe kekeli ene, kple wò nya dzɔdzɔe ɖe go abe ŋdɔkutsu ene.” (Psalmo 37:6) Abe Yehowa Ðasefowo ene la, míesenae wogblẽa mía ŋu zi geɖe. Gake Yehowa ʋua ŋku na dzianukwaretɔwo be wòakpe ɖe wo ŋu woakpɔe adze sii be lɔlɔ̃ na Yehowa kple na mía havie ʋã mí míewɔa dutoƒosubɔsubɔdɔa. Le ɣeyiɣi ma ke me la, míaƒe agbenɔnɔ dzɔdzɔe la mate ŋu aɣla o togbɔ be ame geɖe agblẽ mía ŋuti hã. Yehowa léa mí ɖe te le tsitretsiɖeŋu kple yometiti ƒomeviwo katã me. Esia nana be Mawu ƒe amewo ƒe dzɔdzɔenyenye klẽna abe ɣe ene le ŋdɔkutsu me.—Petro I, 2:12.

‘Zi Kpi Kpoo, Nàkpɔ Esinu’

16, 17. Le ɖekawɔwɔ me kple Psalmo 37:7 la, nuka wɔɣie nye esia, eye nukatae?

16 Nya siwo hakpala la gblɔ ɖe eyomee nye: “Zi kpi na Yehowa kpoo, eye nakpɔ esinu! Dzi megaku wò ɖe amesi ƒe mɔwo dzea dzi nɛ, kple ŋutsu, si nye ayetɔ la ŋu o!” (Psalmo 37:7) Le afisia la, Dawid te gbe ɖe alesi wòhiã be míakpɔ Yehowa sinu dzigbɔɖitɔe dzi. Togbɔ be nuɖoanyi sia ƒe nuwuwu mekpɔ va haɖe o hã la, míato nyatoƒoe le esia ŋu o. Ðe míekpɔe be Yehowa ƒe nublanuikpɔkpɔ kple dzigbɔɖi sɔ gbɔ sasasã wu alesi míesusui tsã oa? Ðe míawo hã míate ŋu aɖee afia fifia be míelalana dzigbɔɖitɔe esime míebiã ŋku ɖe gbeƒãɖeɖe nyanyuia ŋu hafi nuwuwua nava? (Marko 13:10) Fifiae nye ɣeyiɣi si míaƒo asa na dzimaɖitsitsi si ate ŋu ana míaƒe dzidzɔ kple gbɔgbɔ me dedienɔnɔ nabu ɖe mí. Fifiae nye ɣeyiɣi si míatsi tre ɖe Satana ƒe xexeame ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi gbegblẽa ŋu sesĩe wu ɖesiaɖe. Eye fifiae nye ɣeyiɣi si míayi dzi alé agbe dzadzɛ nɔnɔ me ɖe asi eye míagade míaƒe tenɔnɔ dzɔdzɔe le Yehowa ƒe ŋku me la afɔku me gbeɖe o. Mina míayi edzi axe mɔ ɖe susu gbegblẽwo nu eye míaƒo asa na ŋutsuhadede alo nyɔnuhadede, kple le nyateƒe me la, ŋutsu kple ŋutsu ƒe hadede alo nyɔnu kple nyɔnu ƒe hadede nuwɔna madzemadzewo.—Kolosetɔwo 3:5.

17 Dawid xlɔ̃ nu mí be: “Wò dɔmedzoe nu nefa, eye nadzudzɔ dzikudodo; dzi megaku wò o, elabena nu vɔ̃ɖi ko nayi wɔwɔ ge! Elabena woatsrɔ̃ ame vlowo, ke amesiwo kpɔa mɔ na Yehowa la, woanyi anyigba la dome.” (Psalmo 37:8, 9) Ẽ, míate ŋu atsɔ kakaɖedzi akpɔ mɔ na ɣeyiɣi si—tu aƒe ale gbegbe—si me Yehowa aɖe nufitifitiwɔwɔ kple amesiwo wɔnɛ la ɖa le anyigba dzi.

“Ekpɔtɔ Vie Ko”

18, 19. Dzideƒonya kae nèkpɔ le Psalmo 37:10?

18 “Ekpɔtɔ vie ko ame vɔ̃ɖi la maganɔ anyi o, eye ne èɖe ŋku ɖe eteƒe la, màgakpɔe o.” (Psalmo 37:10) Aleke gbegbee nya mawo de dzi ƒo na míe nye si esi míegogo nuɖoanyi sia kple ɖokuiɖeɖe ɖe aga tso Yehowa gbɔ si me afɔku le la ƒe nuwuwu! Dziɖuɖu alo ŋusẽ ƒomevi ɖesiaɖe si amegbetɔwo to vɛ la do kpo nu nublanuitɔe. Eye fifia míegogo ɣeyiɣi si me míatrɔ ayi Mawu ƒe dziɖuɖu, si nye Yehowa ƒe Fiaɖuƒe si le Yesu Kristo ƒe asi me la te. Akpɔ ŋusẽ blibo ɖe xexemenyawo katã dzi eye wòaɖe amesiwo katã tsia tre ɖe Mawu ƒe Fiaɖuƒea ŋu la ɖa.—Daniel 2:44.

19 Le xexe yeyea me le Mawu ƒe Fiaɖuƒea te la, ne ètso ŋku “ame vɔ̃ɖi” gɔ̃ hã la, makpɔe o. Le nyateƒe me la, woaɖe amesiame si atsi tre ɖe Yehowa ŋu ɣemaɣi la ɖa enumake. Amesiwo adi be yewoadze eƒe dziɖulanyenye dzi alo agbe ɖokuibɔbɔ ɖe Mawu ƒe dziɖuɖu te la manɔ afima o. Susu ɖeka anɔ hawòviwo katã si be yewoadze Yehowa ŋu. Dedienɔnɔ ka gbegbee nye si wòahe vɛ—womade klaɖobawo, gametiwo o, womawɔ naneke si agblẽ kakaɖedzi kple dzidzɔkpɔkpɔ bliboa me o!—Yesaya 65:20; Mixa 4:4; Petro II, 3:13.

20, 21. (a) Amekawoe nye “ame ɖihiãwo” le Psalmo 37:11, eye afikae wokpɔa “ŋutifafa gbogbo” le? (b) Yayra kawoe míakpɔ ne míesrɔ̃ Dawid Gãtɔ la?

20 Ekema, ‘ame fafawo alo ame ɖihiãwo anyi anyigba la dome.’ (Psalmo 37:11a) Gake amekawoe nye “ame ɖihiãwo”? Woɖe nya si gɔme woɖe be “ɖihiã” tso nya si fia be “kpe fu, wobɔbɔe ɖe anyi, woɖi gbɔe” me. Ẽ, “ame ɖihiãwo” nye amesiwo kpɔa Yehowa sinu ɖokuibɔbɔtɔe be wòava ɖɔ nu madzɔmadzɔ siwo katã wowɔ ɖe wo ŋu la ɖo. “Dzi adzɔ wo ɖe ŋutifafa gbogbo la ŋuti.” (Psalmo 37:11b) Fifia gɔ̃ hã la, míekpɔa ŋutifafa gbogbo le gbɔgbɔ me paradiso si le Kristo-hame vavã me la me.

21 Togbɔ be womekpɔ ɖe mí tso míaƒe fukpekpewo me haɖe o hã la, míekpena ɖe mía nɔewo ŋu eye míefaa akɔ na amesiwo lé blanui. Esia nana be dzidzeme vavãtɔ xɔa aƒe ɖe Yehowa ƒe amewo dome le ememe. Nɔvi siwo woɖo be woanye alẽkplɔlawo tsɔa lɔlɔ̃ kpɔa míaƒe gbɔgbɔmenuwo—eye ɣeaɖewoɣi la, míaƒe ŋutilã me nuhiahiãwo—gbɔ na mí, si kpena ɖe mía ŋu be míedoa dzi le fu siwo míekpena ɖe dzɔdzɔenyenye ta la me. (Tesalonikatɔwo I, 2:7, 11; Petro I, 5:2, 3) Nunɔamesi xɔasi kae nye si ŋutifafa sia nye! Agbe mavɔ ƒe mɔkpɔkpɔ le ŋutifafa Paradiso me si tu aƒe vɔ hã le mía si. Ekema mina míasrɔ̃ Dawid Gãtɔ, Kristo Yesu, amesi ƒe dzonɔameme ɖe Yehowa ŋu ʋãe be wòsubɔ nuteƒewɔwɔtɔe vaseɖe nuwuwu. (Petro I, 2:21) Ne míewɔe alea la, míayi edzi akpɔ dzidzɔ, ahanɔ amesi ƒe nu nyoa mía ŋu, mía Mawu, Yehowa, kafum.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 12 Yehowa Ðasefowoe tae.

Àte Ŋu Aɖo Wo Ŋua?

• Nukae nèsrɔ̃ tso Psalmo 37:1, 2 me?

• Aleke nàte ŋu ana ‘Yehowa ƒe nu nanyo ŋuwòe’?

• Kpeɖodzi kae li be míate ŋu aɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 9]

Kristotɔwo ‘meʋãa ŋu amesiwo wɔa nu tovowo o’

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

“Ðo ŋu ɖe Yehowa ŋu, eye nawɔ nyui”

[Nɔnɔmetata si le axa 11]

Srɔ̃ nu tso Yehowa ŋu alesi nàte ŋui be dzi nadzɔ wò ɖe eŋu

[Nɔnɔmetata si le axa 12]

‘Ame fafawo alo ame ɖihiãwo anyi anyigba la dome’