Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

Ðe Gbetakpɔxɔ ƒe tata siwo do nyitsɔ laa xexlẽ do dzidzɔ na wòa? Ke kpɔe ɖa be yeate ŋu aɖo biabia siwo gbɔna ŋu hã:

Ta nenie le Mixa ƒe agbalẽa si, ɣekaɣie wòŋlɔe, eye aleke nɔnɔmea nɔ ɣemaɣi?

Ta adre ye le Mixa ƒe agbalẽa si. Nyagblɔɖila Mixa ŋlɔ agbalẽa le ƒe alafa enyilia D.M.Ŋ. me, esime Mawu ƒe dukɔ si wòbla nu kplii la ma ɖe eve—Israel kple Yuda.—8/15, axa 9.

Le Mixa 6:8 ƒe nya nu la, nuka dimee Mawu le tso mía si?

Ele be ‘míawɔ nusi le eteƒe.’ Nuwɔwɔ ɖe Mawu ƒe mɔ nue nye nuteƒewɔwɔ ƒe dzidzenu, eyata ele be míalé eƒe anukwareɖiɖi kple nuteƒewɔwɔ ƒe gɔmeɖosewo me ɖe asi. Egblɔ na mí be ‘míalɔ̃ dɔmenyowɔwɔ.’ Kristotɔwo ɖe dɔmenyowɔwɔ fia ame bubuwo to woƒe nuhiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ me, abe ne afɔkuwo dzɔ vɔ megbe ene. Be míate ŋu ‘abɔbɔ mía ɖokui le zɔzɔ kple’ Yehowa me la, ele be míanya míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo ahaɖo ŋu ɖe eŋu.—8/15, axa 20-2.

Ne dɔ ge le Kristotɔ aɖe si la, nukae wòate ŋu awɔ?

Nunya anɔ eme be wòagbugbɔ ŋku alé ɖe eƒe gbesiagbegbenɔnɔ ŋu. Ðewohĩ anyo be woana ame ƒe agbenɔnɔ nanɔ kpokploe wu to ʋuʋu yi aƒe si le sue wu me alo to ŋutilãmenunɔamesi siwo mehiã o la dziɖeɖe akpɔtɔ me. Le nyateƒe me la, ele vevie be wòadzudzɔ dzitsitsi ɖe gbesiagbenuhiahiãwo ŋu ahaka ɖe edzi be Mawu ate ŋu awɔe be wòayi edzi anɔ agbe. (Mateo 6:33, 34)—9/1, axa 14-15.

Nuka dzie wòle be míaɖo ŋkui ne míele srɔ̃kpenunanawo nam alo le wo xɔm?

Mehiã be míana nu xɔasiwo, alo akpɔ mɔ na wo o. Dzi ƒe nɔnɔme si nunala la tsɔ le nua namee nye nu vevitɔ. (Luka 21:1-4) Manye ameŋububu be woaɖe gbeƒã nunala la ƒe ŋkɔ o. Esia wɔwɔ ate ŋu aɖe fu na amea. (Mateo 6:3)—9/1, axa 29.

Nukata wòle be míado gbe ɖa madzudzɔmadzudzɔe?

Gbedodoɖa edziedzi ate ŋu ana mía kple Mawu dome ƒomedodo nasẽ ɖe edzi eye wòadzra mí ɖo be míakpe akɔ kple tetekpɔ sesẽwo. Míaƒe gbedodoɖawo ate ŋu anɔ kpuie loo alo adidi, le alesi hiahiã kple nɔnɔmeawo le nu. Gbedodoɖa tua xɔse ɖo hekpena ɖe mía ŋu be míakpɔ kuxiwo gbɔ.—9/15, axa 15-18.

Aleke wòle be míase Korintotɔwo I, 15:29, si gɔme woɖe ɖe gɔmeɖeɖe aɖewo me be “nyɔnyrɔxɔxɔ ɖe ame kukuwo ta” gɔmee?

Apostolo Paulo nɔ fiafiam be wonaa nyɔnyrɔ Kristotɔ amesiaminawo ɖe agbenɔnɔ aɖe si ava na woaku le nuteƒewɔwɔ me abe alesi wònɔ le Kristo gomee ene me. Emegbe la, woafɔ wo ɖe tsitre ayi ɖe gbɔgbɔmegbenɔnɔ me abe alesi wònɔ le Kristo gomee ene.—10/1, axa 29.

Aleke míewɔ nya be Kristotɔnyenye lɔ nu geɖe ɖe eme wu asaƒoƒo na nu gbegblẽ siwo woyɔ ɖe Korintotɔwo I, 6:9-11 la ko?

Apostolo Paulo meyɔ nu gbegblẽwo abe matrewɔwɔ, trɔ̃subɔsubɔ, kple ahamumu ene ko see ɖe afima o. Eyi edzi ɖee fia le kpukpui si kplɔe ɖo me be tɔtrɔ bubuwo agahiã: “Woɖe nuwo katã ƒe mɔ nam, ke menye nuwo katãe nyona na ame o.”—10/15, axa 18-19.

Blema nyɔnu siwo do dzidzɔ na Mawu ƒe dzi la dometɔ aɖewo ɖe?

Wo dometɔ aɖewoe nye Sifra kple Pua siwo nye vixelawo, amesiwo meɖo to Farao hewu Israel-viwo ƒe viŋutsuwo o. (Mose II, 1:15-20) Kanaantɔ Raxab kpɔ Israel-vi ŋkutsala eve ta. (Yosua 2:1-13; 6:22, 23) Abigail ɖe nunya fia esime wòxɔ amewo ɖe agbe hekpɔ Dawid ta be meɖe hlɔ̃fe o. (Samuel I, 25:2-35) Woɖo kpɔɖeŋu ɖi na egbenyɔnuwo.—11/1, axa 8-11.

Gɔmesese ka nue ‘ɣletivi siwo tso dziƒo wɔ aʋa’ kple Sisera le, abe alesi wogblɔ ɖe Ʋɔnudrɔ̃lawo 5:20 ene?

Ame aɖewo bui be esia enye kpekpeɖeŋu si tso Mawu gbɔ. Ame bubuwo gblɔ be mawudɔlawo ƒe kpekpeɖeŋunanae, ɣletivitoasikewo ƒe gege dze wo dzie, alo Sisera ƒe ŋuɖoɖo ɖe ɣletivimefakaka ŋue. Esi wònye Biblia meɖe eme o la, míate ŋu abu nyaa be efia Mawu ƒe xɔxɔ na Israel-ʋakɔwo le mɔ aɖe nu.—11/15, axa 30.

Esime amewo megadoa vivi ɖe subɔsubɔ ŋu o eye womegatsɔa ɖeke le eme le xexeame godoo o la, nukatae ame geɖe gakpɔtɔ ʋua eme be yewoxɔ Mawu dzi se?

Ame aɖewo dea sɔleme be yewoƒe susume nadze akɔ anyi. Bubuwo dena be yewoava nɔ agbe mavɔ le ku megbe, alo wodena ɖe lãmesẽ, kesinɔnuwo, kple dzidzedze kpɔkpɔ ta. Le nuto aɖewo me la, amewo dina be yewoatsɔe akpɔ yewoƒe gbɔgbɔmenuhiahiã si va li le esi kapitalisttɔwo ƒe nukpɔsusuwo va xɔ ɖe Kɔmiunisttɔwo ƒe nukpɔsusuwo teƒe ta la gbɔ. Nukpɔsusu siawo nyanya ate ŋu akpe ɖe Kristotɔ ŋu be wòate ŋu ado dzeɖoɖo si akpe ɖe aƒemenɔlaa ŋu ɖa.—12/1, axa 3.