Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Nètua Nu ƒe Nuku Wɔwɔ na Wò Ðoa?

Ðe Nètua Nu ƒe Nuku Wɔwɔ na Wò Ðoa?

Ðe Nètua Nu ƒe Nuku Wɔwɔ na Wò Ðoa?

ÈDE dzesii be Biblia ŋlɔlawo ɖea alesi nu wɔa nuku na woe fiana esime wonɔ Mawu ƒe dɔwɔwɔwo kple eƒe nɔnɔmewo me ʋuma? Hakpala la gblɔ be: “Wowɔm nukutɔe.” (Psalmo 139:14) Nyagblɔɖila Yesaya ŋlɔ bena: “Yehowa, nye Mawu nènye, mado wò ɖe dzi, eye makafu wò ŋkɔ! Elabena èwɔ nukunuwo.” (Yesaya 25:1) Alo bu nukunya kple sisiɖa si dze le apostolo Paulo ƒe nyawo me ŋu kpɔ: “Oo, Mawu ƒe kesinɔnuwo kple nunya kple sidzedze me goglo loo!”—Romatɔwo 11:33.

The Oxford Encyclopedic English Dictionary ɖe nya “nukunu” gɔme be enye “seselelãme aɖe si nusi womekpɔ mɔ na o, nusi womenya o, alo nusi me womate ŋu aɖe o, nyɔna ɖe ame me vevietɔ nu ƒe moya wɔwɔ na ame si tsaka kple ŋudzedzekpɔkpɔ alo ɖetsɔtsɔ le nu me vevie kple bubuawo.”

Ðe alesi ɖevi suewo kea nu ɖe te ne wokpɔ nu yeyewo, alo ne woka asi nu yeyewo ŋu, alo ne wose nya yeyewo la, medoa dzidzɔ na mí oa? Nublanuitɔe la, nu ƒe nuku wɔwɔ na me mawo siwo wotu ɖe ɖetsɔtsɔ le nu me vevie alo keke ɖe nu yeyewo ŋu dzi la va buna le ƒe aɖewo megbe.

Gake sisiɖa ƒe seselelãme deto ŋutɔ le Biblia ŋlɔla siwo ƒe nya woyɔ va yi fifia ya si. Enɔ wo me eteƒe didi. Nukatae? Wotu nuwo ƒe nuku wɔwɔ na me la ɖo to ŋugbledede le Mawu ƒe dɔwɔwɔwo ŋu ŋudzedzekpɔkpɔtɔe me. Hakpala la do gbe ɖa be: “Meɖo ŋu blemaŋkekewo, mede ŋugble le wò nuwɔwɔwo katã ŋu, eye mesusu wò asinudɔwɔwɔwo ŋu.”—Psalmo 143:5.

Aleke wòdze na kafukafui enye si be woate ŋu akpɔ nu ƒe nuku wɔwɔ na me sia le Mawu subɔla siwo li egbea dome! Nu wɔa nuku na wòa? Èle etum ɖoa?