Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ele Be Míanɔ Ŋudzɔ Vevie Fifia wu

Ele Be Míanɔ Ŋudzɔ Vevie Fifia wu

Ele Be Míanɔ Ŋudzɔ Vevie Fifia wu

“Eyaŋuti Minɔ ŋudzɔ, elabena mienya ŋkeke ka dzi mia Aƒetɔ la ava o.”​—MATEO 24:42.

1, 2. Nukawoe ɖee fia be míele fifi nuɖoanyi sia ƒe nuwuwu?

AGBALẼŊLƆLA Bill Emmott gblɔ be: “Aʋawɔwɔwo koŋue kpɔ ŋusẽ ɖe ƒe alafa blavelia dzi wu nu bubu ɖesiaɖe.” Togbɔ be elɔ̃ ɖe edzi be aʋawɔwɔwo kple ŋutasẽnuwo dzɔ le amegbetɔwo ƒe ŋutinyawo katã me hã la, egblɔ kpee be: “Ƒe alafa blavelia me tɔwo meto vovo tso esiwo dzɔ va yi gbɔ o, ke boŋ wo nue sẽ wu. Eyae nye gbãtɔ le ƒe alafawo me si me wowɔ xexeame katã ƒe aʋa ŋutɔŋutɔ le kpɔ . . . Eye abe kpeɖodzi ene la, menye xexeame katã ƒe aʋa ɖeka koe wowɔ o, ke boŋ evee.”

2 Yesu Kristo gblɔ aʋa siwo me ‘dukɔ latsi tre ɖe dukɔ ŋuti eye fiaɖuƒe ɖe fiaɖuƒe ŋuti’ le ɖi. Ke hã, ‘Kristo ƒe anyinɔnɔ kple nuɖoanyiawo ƒe nuwuwu ƒe dzesiawo’ dometɔ ɖeka koe wònye. Yesu yɔ dɔwuamewo, dɔvɔ̃wo, kple anyigbaʋuʋuwo hã le nyagblɔɖi gã sia me. (Mateo 24:3, 7, 8; Luka 21:6, 7, 10, 11) Le go geɖe me la, afɔku siawo dzi ɖe edzi hesẽ ɖe edzi. Amegbetɔ ƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi do fievo, abe alesi wòdzena le woƒe nuwɔwɔ ɖe Mawu kple wo haviwo ŋu me ene. Agbenyuinɔnɔ ƒe toyiyi kpakple nuvlowɔwɔ kple ŋutasẽnuwɔwɔ ƒe dzidziɖedzi dze ƒã. Amewo va zu galɔ̃lawo wu esi woalɔ̃ Mawu eye womefena kple agbeɖuɖu kura o. Nusiawo katã nye ɖaseɖiɖi be míele “ɣeyiɣi vɔ̃wo” me.—Timoteo II, 3:1-5.

3. Aleke wòle be ‘ɣeyiɣiawo ƒe dzesiwo’ nakpɔ ŋusẽ ɖe mía dzii?

3 Aleke nèbua alesi amegbetɔwo ƒe agbenɔnɔ le gbegblẽm ɖe edzi lae? Ame geɖe metsɔa ɖeke le nu wɔnublanui siwo le dzɔdzɔm la me o, alo metsɔa fu lãme na wo gɔ̃ hã o. Xexeame ƒe ŋusẽtɔwo kple agbalẽnyalawo mese ‘ɣeyiɣiawo ƒe dzesiwo’ gɔme o; eye subɔsubɔhakplɔlawo hã mena mɔfiame nyui aɖeke le nya sia me o. (Mateo 16:1-3) Gake Yesu xlɔ̃ nu eyomedzelawo be: “Eyaŋuti minɔ ŋudzɔ, elabena mienya ŋkeke ka dzi mia Aƒetɔ la ava o.” (Mateo 24:42) Le afisia la, menye ɖeko Yesu de dzi ƒo na mí be míanɔ ŋudzɔ ko evɔ o, ke boŋ be ‘míayi edzi anɔ ŋudzɔ.’ Be míate ŋu ayi edzi anɔ ŋudzɔ la, ele be míayi edzi anɔ ŋute ahanɔ klalo. Esia bia nu geɖe wu lɔlɔ̃ ɖe edzi ko be míele ŋkeke mamlɛawo me eye wòde ŋgɔ wu enyanya be ɣeyiɣiawo le sesẽm. Ele be míaka ɖe edzi vevie be “nuwo katã ƒe nuwuwu ɖo vɔ.” (Petro I, 4:7) Ema ko hafi míanɔ ŋudzɔ vevie fifia wu. Le esia ta, biabia si ŋu wòle be míade ŋugble le enye: ‘Nukae akpe ɖe mía ŋu be kakaɖedzi si le mía si be nuwuwu la tu aƒe la me nasẽ?’

4, 5. (a) Nukae ado ŋusẽ kakaɖedzi si le mía si be nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia ƒe nuwuwu tu aƒe, eye nukatae? (b) Go siwo me Noa ƒe ŋkekea kple Amegbetɔvi la ƒe anyinɔnɔ ɖi wo nɔewo le la dometɔ ɖeka enye ka?

4 De ŋugble le nɔnɔme siwo nɔ anyi le ɣeyiɣi si do ŋgɔ na amegbetɔwo ƒe ŋutinyamenudzɔdzɔ si ɖeke mesɔ kpli o—Noa ƒe ŋkekea me Tsiɖɔɖɔ gã la—ŋu kpɔ. Amewo vɔ̃ɖi ale gbegbe be “wòɖu dzi” na Yehowa. Egblɔ be: “Matsrɔ̃ ame, siwo mewɔ la ɖa le anyigba blibo la katã dzi.” (Mose I, 6:6, 7) Eye etsrɔ̃ wo hã. Yesu tsɔ ɣeyiɣi ma sɔ kple fifia hegbɔ be: “Sigbe alesi Noa ƒe ŋkekewo nɔ la, nenema ke lanye Amegbetɔvi la ƒe vava.”—Mateo 24:37.

5 Susu le eme be woabui be Yehowa sena le eɖokui me le egbexexea me ŋu abe alesi wòse le eɖokui me le xexe si do ŋgɔ na Tsiɖɔɖɔa ŋu ene. Esi wònye be ehe xexe mavɔ̃mawu si nɔ anyi le Noa ƒe ŋkekea me va nuwuwui ta la, atsrɔ̃ xexe vɔ̃ɖi si li egbea hã godoo. Gɔmesese nyui si asu mía si ku ɖe alesi ɣeyiɣi ma ɖi míaƒe ŋkekea la ado ŋusẽ kakaɖedzi si le mía si be egbexexea ƒe nuwuwu ɖo. Ekema aleke woɖi wo nɔewoe? Woɖi wo nɔewo le go atɔ̃ ya teti me. Gbãtɔ enye be woxlɔ̃ nu amewo le tsɔtsrɔ̃ si gbɔna ŋu eme kɔ nyuie.

Woxlɔ̃ Nu Wo “Le Nusiwo Womekpɔ Haɖe O Ŋuti”

6. Nukae Yehowa ɖo be yeawɔ le Noa ƒe ŋkekea me?

6 Le Noa ƒe ŋkekea me la, Yehowa gblɔ be: “Nye gbɔgbɔ maganɔ amewo me boo o, elabena ŋutilã wonye le woƒe vodada me, eye woƒe agbe me ŋkekewo nanye ƒe alafa ɖeka kple blave!” (Mose I, 6:3) Mawu ƒe se sia si wode le ƒe 2490 D.M.Ŋ. me lae nye xexe mavɔ̃mawu ma ƒe nuwuwua ƒe gɔmedzedze. Wò ya bu nusi esia afia na amesiwo nɔ agbe ɣemaɣi ŋu kpɔ ko! Ƒe 120 koe susɔ, ne Yehowa nana ‘tsi naɖe anyigba la, bena ŋutilã siwo katã me agbegbɔgbɔ le la, natsrɔ̃, eye anyigba dzi nuwo katã naku.’—Mose I, 6:17.

7. (a) Aleke Noa wɔ nui ɖe nyanya si wonɛ ku ɖe Tsiɖɔɖɔa ŋu la ŋuti? (b) Aleke wòle be míawɔ nu ɖe nuɖoanyi sia ƒe nuwuwu ŋuti nuxlɔ̃amenyawo ŋui?

7 Noa xɔ afɔku si le ŋgɔ la ŋuti nyanyanana ƒe geɖewo do ŋgɔ, eye wòzã ɣeyiɣi la nunyatɔe tsɔ dzra ɖo ɖe agbetsitsi ŋu. Apostolo Paulo gblɔ be: “Esime [Noa xɔ] ɖeɖefia tso Mawu gbɔ le nusiwo womekpɔ haɖe o ŋuti la, etsɔ mawuvɔvɔ̃ wɔ aɖakaʋu hena eƒemetɔwo ɖeɖe.” (Hebritɔwo 11:7) Ke míawo ya ɖe? Anye ƒe 90 enye esia tso esime nuɖoanyi sia ƒe ŋkeke mamlɛawo dze egɔme le ƒe 1914 me. Míele “nuwuɣi” la me nyateƒe. (Daniel 12:4) Aleke wòle be míawɔ nui ɖe nuxlɔ̃ame si wona mí la ŋui? Biblia gblɔ be: “Amesi wɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, nɔa anyi yi ɖe mavɔmavɔ me.” (Yohanes I, 2:17) Eyata fifiae nye ɣeyiɣi si wòle be míatsɔ vevienyenye awɔ Yehowa ƒe lɔlɔ̃nui wu ɖesiaɖe.

8, 9. Nuxlɔ̃ame kawo wona le egbeŋkekeawo me, eye aleke wole gbeƒã ɖem woe?

8 Le egbeŋkekeawo me la, Biblia-srɔ̃la dzianukwaretɔwo srɔ̃e le Ŋɔŋlɔawo si tso gbɔgbɔ me la me be woatsrɔ̃ nuɖoanyi sia godoo. Ðe míexɔ esia dzi sea? De dzesii be Yesu Kristo gblɔ eme kɔ ƒã be: “Xaxa gã lava, esi meva kpɔ tso xexeame ƒe gɔmedzedze vaseɖe egbegbe o, eye megale vava ge akpɔ o.” (Mateo 24:21) Yesu gblɔ hã be yeava abe Ʋɔnudrɔ̃la si Mawu tia ene eye yeama amewo me abe alesi alẽkplɔla maa alẽwo ɖa tso gbɔ̃wo gbɔe ene. Amesiwo medze o la ‘ayi ɖe fukpekpe mavɔ la me, ke ame dzɔdzɔewo la woayi ɖe agbe mavɔ la me.’—Mateo 25:31-33, 46.

9 Yehowa na eƒe amewo ƒe ŋku nɔa nuxlɔ̃amenya siawo ŋu to ŋkuɖodzinya siwo sɔ ɖe ɣeyiɣia dzi la nana wo to gbɔgbɔmenuɖuɖu si “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” nana dzi me. (Mateo 24:45-47) Gawu la, wole dukɔ, to, gbegbɔgblɔ, kple amesiame kpem be ‘woavɔ̃ Mawu, eye woatsɔ ŋutikɔkɔe nɛ, elabena eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃gaƒoƒo la ɖo.’ (Nyaɖeɖefia 14:6, 7) Fiaɖuƒegbedasi si ƒe gbeƒã ɖem Yehowa Ðasefowo le le xexeame katã ƒe akpa vevi aɖee nye nuxɔxlɔ̃ be Mawu ƒe Fiaɖuƒea aɖe amegbetɔwo ƒe dziɖuɖu ɖa kpuie. (Daniel 2:44) Mele be woabu nuxlɔ̃amenya sia nu tsɛe o. Mawu Ŋusẽkatãtɔ la wɔna ɖe eƒe nya dzi ɣesiaɣi. (Yesaya 55:10, 11) Ewɔe le Noa ƒe ŋkekea me, eye awɔe le míaƒe ŋkekea me hã.—Petro II, 3:3-7.

Gbɔdɔdɔ ƒe Agbegbegblẽnɔnɔ Va Bɔ

10. Nya kae woate ŋu agblɔ tso Noa ƒe ŋkekea me gbɔdɔdɔ ƒe agbegbegblẽnɔnɔ ŋu?

10 Míaƒe ɣeyiɣia sɔ kple Noa ƒe ŋkekea le go bubu me. Yehowa de se na ŋutsu kple nyɔnu gbãtɔ be ‘woayɔ anyigba la dzi’ to gbɔdɔdɔ ƒe ŋutete si Mawu na wo la zazã bubutɔe le srɔ̃ɖeɖe ƒe ɖoɖoa me me. (Mose I, 1:28) Le Noa ƒe ŋkekea me la, mawudɔla sẽtowo tsɔ gbɔdɔdɔ manɔdzɔdzɔme nu ƒo ɖi ameƒomeae. Woɖi va anyigba dzi, do amegbetɔ ŋutilãwo, hedɔ kple nyɔnu dzetugbewo, eye wodzi vi siwo nye amegbetɔ afã kple gbɔgbɔ vɔ̃ afã—siwo nye ame dzɔtsuwo alo ame kakowo. (Mose I, 6:2, 4) Wotsɔ mawudɔla nudzrola siawo ƒe nuvɔ̃ sɔ kple Sodom kple Gomora ƒe nutovowɔwɔ. (Yuda 6, 7) Esia wɔe be gbɔdɔdɔ ƒe agbegbegblẽnɔnɔ va bɔ le ŋkeke mawo me.

11. Agbenɔnɔ ka ƒomevie na míaƒe ɣeyiɣia ɖi Noa ƒe ŋkekea?

11 Ke egbeŋkekea me ƒe agbenɔnɔ ya ɖe? Le ŋkeke mamlɛ siawo me la, ame geɖe tu woƒe agbenɔnɔ ɖe gbɔdɔdɔ dzi. Paulo ɖɔ amesiawo wòsɔ nyuie be “esi woƒe dzitsinya ku atri la”; wo dometɔ geɖe tsɔ wo ɖokui “na hadzedze, bene woanɔ makɔmakɔnyenye katã dzi le ŋukeklẽ me.” (Efesotɔwo 4:19) Gbɔdɔdɔ ƒe nuwɔnawo ɖeɖefia, gbɔdɔdɔ do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe, ɖeviwo gbɔ dɔdɔ, kple vidzinu ɖeka tɔgbe tɔwo ƒe gbɔdɔdɔ bɔ ɖe afisiafi. Wo dometɔ aɖewo le “woƒe vodada ŋuti fetu” xɔm xoxo to nulɔdɔwo xɔxɔ, ƒomewo ƒe gbagbã, kple hadomekuxi bubuwo ƒe fuɖename dzi.—Romatɔwo 1:26, 27.

12. Nukatae wòle be míalé fu nusi nye vɔ̃?

12 Le Noa ƒe ŋkekea me la, Yehowa na Tsiɖɔɖɔ gã tsrɔ̃ xexe si nɔ gbɔdɔdɔ ƒe tsu kum la. Mele be míaŋlɔ nyateƒe si wònye be ŋkeke siawo sɔ pɛpɛpɛ kple Noa ƒe ŋkekeawo la be gbeɖe o. “Xaxa gã” si gbɔna la aɖe ‘matrewɔlawo, ahasiwɔlawo, hadzelawo, kple ŋutsu siwo dɔna kple ŋutsuwo’ ɖa le anyigba dzi. (Mateo 24:21; Korintotɔwo I, 6:9, 10; Nyaɖeɖefia 21:8) Aleke wòhiã vevie be míalé fu nusiwo nye vɔ̃ ahaƒo asa na nɔnɔme siwo ate ŋu akplɔ mí ade agbegbegblẽnɔnɔ mee nye si!—Psalmo 97:10; Korintotɔwo I, 6:18.

“Nu Vlo Wɔwɔ Xɔ” Anyigba Dzi

13. Le Noa ƒe ŋkekea me la, nukatae “nu vlo wɔwɔ xɔ” anyigba dzi?

13 Biblia gblɔ le Noa ƒe ŋkekea ƒe nɔnɔme bubu ŋu be: “Xexeame gblẽ le Mawu ƒe ŋku me, eye nu vlo wɔwɔ xɔ anyigba la dzi.” (Mose I, 6:11) Le nyateƒe me la, ŋutasẽnuwɔwɔ menye nu yeye o. Adam ƒe viŋutsu Kain wu nɔviaŋutsu si nye ame dzɔdzɔe la. (Mose I, 4:8) Lamex ŋlɔ hakpanyawo tso alesi wòwu ɖekakpui aɖee le yeaɖi ɖokuitaʋiʋli aɖe me si ɖe ŋutasesẽ ƒe gbɔgbɔ si nɔ anyi le eŋɔlime la fia. (Mose I, 4:23, 24) Nusi nye nu yeye le Noa ƒe ŋkekea ŋue nye alesi gbegbe nuvlowɔwɔa nu sẽe. Esi Mawuvi mawudɔla sẽtoawo ɖe nyɔnuwo le anyigba dzi hedzi vi—siwo nye Nefilimwo—la, ŋutasesẽ dzi ɖe edzi ɖo afisi womekpɔ kpɔ o. Ŋutasẽla dzɔtsu siawo nye “ameƒuanyilaawo”—“amesiwo ƒoa ame bubuwo ƒua anyi.” (Mose I, 6:4, NW ƒe etenuŋɔŋlɔ) Esia wɔe be “nu vlo wɔwɔ xɔ” anyigba dzi. (Mose I, 6:13) Kpɔ kuxi siwo me Noa anya to le eƒe ƒomea dzi kpɔkpɔ le nɔnɔme sia me la le susu me ɖa! Ke hã, Noa nye ‘ame dzɔdzɔe le dzidzime ma dome.’—Mose I, 7:1.

14. Aleke ‘ŋutasesẽ xɔ’ egbexexea mee?

14 Ŋutasesẽ nɔ amegbetɔƒomea dome tso gbaɖegbe ke. Gake abe alesi wònɔ le Noa ƒe ŋkekea me ene la, míaƒe ɣeyiɣia hã kpɔ esi vloe wu ɖesiaɖe la teƒe. Míesea nu tsoa aƒemeŋutasesẽ, nuvlowɔlawo ƒe ŋɔdzidoname, ameƒomevi aɖewo tsɔtsrɔ̃ ɖa ŋutinyawo, kple tutsɔlawo ƒe ame gbogbo aɖewo wuwu yakatsyɔ ŋu edziedzi. Gakpe ɖe eŋu la, wokɔ ʋu geɖe ɖi to aʋawɔwɔ me. Ŋutasesẽ gaxɔ anyigba dzi ake. Nukatae? Nuka gbɔe eƒe dzidziɖedzia tso? Ŋuɖoɖoa gaɖe nu bubu si ɖi Noa ƒe ŋkekea me tɔ fia.

15. (a) Nuka gbɔe ŋutasesẽ ƒe dzidziɖedzi le ŋkeke mamlɛawo me la tso? (b) Nuka dzie míate ŋu aka ɖo be adzɔ?

15 Esi woɖo Mawu ƒe Mesia Fiaɖuƒea anyi ɖe dziƒo le ƒe 1914 me la, Fia, Yesu Kristo, si woɖo zi dzi la ɖe afɔ vevi aɖe. Wonya Satana Abosam kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo tso dziƒo ɖo ɖe anyigba dzi. (Nyaɖeɖefia 12:9-12) Do ŋgɔ na Tsiɖɔɖɔa la, mawudɔla sẽtowo ŋutɔwoe gblẽ woƒe nɔƒe si le dziƒo la ɖi; gake le egbeŋkekea me la, ɖe wonya wo ɖa. Gakpe ɖe eŋu la, womegate ŋu doa amegbetɔ ŋutilãwo le anyigba dzi be woatsɔ aƒo wo ɖokui ɖe ŋutilãmevivisese manɔsenuwo me o. Eyata le woƒe dziɖeleameƒo, dziku, kple vɔvɔ̃ na ʋɔnudɔdrɔ̃ si gbɔna wo dzi me la, woƒonɛ ɖe amewo kple habɔbɔwo nu be woawɔ nuvlowo kple ŋutasẽnu siwo lolo wu Noa ƒe ŋkekea me tɔwo. Esi mawudɔla sẽtoawo kple woƒe dzidzimeviwo tsɔ vɔ̃wɔwɔ yɔ xexe si nɔ anyi do ŋgɔ na Tsiɖɔɖɔa me megbe la Yehowa tsrɔ̃e. Megable ɖokuiwò o, magbe nusia ke wɔwɔ le míaƒe ŋkekea me o! (Psalmo 37:10) Gake amesiwo le ŋudzɔ egbea la nya be yewoƒe ɖeɖekpɔkpɔ tu aƒe.

Woɖe Gbeƒã Gbedasia

16, 17. Go enelia ka mee Noa ƒe ŋkekea ɖi míaƒe ŋkekea le?

16 Go enelia si me egbeŋkekea kple xexe si nɔ anyi do ŋgɔ na Tsiɖɔɖɔa ɖi wo nɔewo le la dze le dɔ si wode Noa si be wòawɔ me. Noa kpa aɖakaʋu gã aɖe. Enye “gbeƒãɖela” hã. (Petro II, 2:5) Gbedasi kae wòɖe gbeƒãe? Edze ƒã be Noa ƒe gbeƒãɖeɖea ku ɖe amewo kpekpe be woatrɔ dzime kple tsɔtsrɔ̃ si gbɔna ƒe nyanyanana ŋu. Yesu gblɔ be Noa ƒe ŋkekea me tɔwo ‘mede dzesii o, vaseɖe esime tɔɖɔɖɔ va, eye wòkplɔ wo katã yii.’—Mateo 24:38, 39.

17 Nenema kee esi Yehowa Ðasefowo le gbeƒãɖeɖedɔ si wode wo si la wɔm moveviɖoɖotɔe la wokaka Mawu Fiaɖuƒea ƒe gbedasia ɖe xexeame katã. Le xexeame ƒe akpawo katã kloe la, amewo te ŋu sea Fiaɖuƒegbedasia hexlẽnɛ le woawo ŋutɔ degbe me. Womaa Gbetakpɔxɔ, si le gbeƒã ɖem Yehowa ƒe Fiaɖuƒea, 25,000,000 kple edzivɔwo ɖe gbegbɔgblɔ siwo wu 140 me. Le nyateƒe me la, wole Mawu ƒe Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia ŋuti gbeƒã ɖem “le xexe blibo la katã me, bena wòanye ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã.” Ne wowu dɔ sia nu wòdze Mawu ŋu la, nuwuwua ava godoo.—Mateo 24:14.

18. Aleke alesi ame geɖe wɔa nui ɖe míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu sɔ kple alesi ame akpa gãtɔ wɔe le Noa ƒe ŋkekea mee?

18 Ne míebu alesi gbɔgbɔ me kple ŋutilã me agbenyuinɔnɔ yi toe le ŋkeke siwo do ŋgɔ na Tsiɖɔɖɔa me ŋu la, mesesẽ be míakpɔ alesi Noa ƒe ƒomea zu alɔmeɖenui na aƒelika ɖikelawo eye wonye amesiwo wodzuna heɖua fewu le wo ŋu la le susu me o. Ke hã, nuwuwu la va. Nenema kee “fewuɖulawo” do agbogbo le ŋkeke mamlɛawo me “kple fewuɖuɖu.” Ke Biblia gblɔ be: ‘Yehowa ƒe ŋkeke le vava ge abe fiafitɔ ene.’ (Petro II, 3:3, 4, 10) Ava kokoko le ɣeyiɣi ɖoɖia dzi. Matsi megbe o. (Xabakuk 2:3) Aleke nunya anɔ emee nye esi be míanɔ ŋudzɔ!

Ame Ʋɛ Aɖewo Koe Tsi Agbe

19, 20. Nusiwo ɖi wo nɔewo kae míate ŋu agblɔ le Tsiɖɔɖɔa kple fifi nuɖoanyia ƒe tsɔtsrɔ̃ ŋuti?

19 Alesi Noa ƒe ŋkekea kple míaƒe ŋkekea ɖi wo nɔewoe la mese ɖe amewo ƒe nugbegblẽwɔwɔ kple woƒe tsɔtsrɔ̃ ko dzi o. Abe alesi amewo tsi agbe le Tsiɖɔɖɔa mee ene la, nenema kee amewo atsi agbe le fifi nuɖoanyi sia ƒe nuwuwui. Amesiwo tsi agbe le Tsiɖɔɖɔa me la nye ɖokuibɔbɔla siwo menɔ agbe abe alesi ame hahooawo nɔe ene o. Wowɔ ɖe nuxlɔ̃amenya si tso Mawu gbɔ na wo la dzi heɖe wo ɖokui ɖa tso xexe vɔ̃ɖi si nɔ anyi ɣemaɣi gbɔ. Biblia gblɔ be: ‘Yehowa ve Noa nu. Noa enye ame dzɔdzɔe kple ame maɖifɔ le eŋɔlimetɔwo dome.’ (Mose I, 6:8, 9) Le ameƒomea katã dome la, ƒome ɖeka, siwo nye ‘ame ʋɛ, siwo le luʋɔ enyi ye woɖe tso tsia me.’ (Petro I, 3:20) Eye Yehowa Mawu de se sia na wo be: “Midzi, ne miasɔ gbɔ, eye miayɔ anyigba la dzi!”—Mose I, 9:1.

20 Mawu ƒe Nya na kakaɖedzi mí be ‘ameha gã aɖe ado go tso xaxa gã la me.’ (Nyaɖeɖefia 7:9, 14) Ame nenie anɔ ameha gã la me? Yesu ŋutɔ gblɔ be: “Agbo la le biie, eye mɔ la hã xaxa, si kplɔa amewo yina ɖe agbe la me, eye ame ʋɛwo nye amesiwo kpɔnɛ.” (Mateo 7:13, 14) Ne míetsɔ amesiwo atsi agbe le xaxa gã si gbɔna me la sɔ kple ame biliɔn gbogbo siwo le anyigba dzi la, woanɔ ʋɛ. Gake mɔnukpɔkpɔ si wona amesiwo tsi agbe le Tsiɖɔɖɔa me la tɔgbe ke ate ŋu asu wo si. Vaseɖe ɣeyiɣi aɖe la agbetsilaawo ate ŋu adzi viwo be woanye anyigba yeye la dzi tɔwo.—Yesaya 65:23.

“Minɔ Ŋudzɔ”

21, 22. (a) Aleke Tsiɖɔɖɔ ŋuti nuŋlɔɖi me dzodzro sia ɖe vi na wòe? (b) Ƒe 2004 ƒe mawunyakpukpuia enye ka, eye nukatae wòle be míawɔ ɖe aɖaŋu si wòɖo la dzi?

21 Togbɔ be Tsiɖɔɖɔa adze abe nusi dzɔ gbaɖegbe ʋĩ va yi ene hã la, eme kɔ ƒã be enaa nuxlɔ̃ame si dzi mele be míaŋe aɖaba aƒui o. (Romatɔwo 15:4) Ele be alesi Noa ƒe ŋkekea kple míaƒe ŋkekea ɖi wo nɔewoe nana nusiwo le dzɔdzɔm naganɔ vevie na mí wu ahana míanɔ ŋudzɔ ɖe Yesu ƒe vava abe fiafitɔ ene ava drɔ̃ ʋɔnu ame vɔ̃ɖiwo la ŋu.

22 Yesu Kristo le mɔ fiam gbɔgbɔmeɖakaʋukpakpadɔ gã aɖe egbea. Gbɔgbɔmeparadiso aɖe si le abe aɖakaʋu ene, si me woanɔ dedie le ahatsi agbe le la, li na tadeagula vavãwo. (Korintotɔwo II, 12:3, 4) Ne míatsi agbe ato xaxa gã la me la, ele be míayi edzi anɔ paradiso ma me. Satana ƒe xexeame le gbɔgbɔmeparadisoa godo eye wòle klalo be yeami amesiame si le gbɔgbɔmekɔlɔ̃e dɔm la. Ele vevie be ‘míanɔ ŋudzɔ’ ahanɔ dzadzraɖoɖi na Yehowa ƒe ŋkekea.—Mateo 24:42, 44.

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

• Nuxlɔ̃ame kae Yesu na ku ɖe eƒe vava ŋu?

• Nukae Yesu tsɔ eƒe anyinɔnɔ sɔ kplii?

• Mɔ kawo nue míaƒe ɣeyiɣiawo ɖi Noa ƒe ŋkekeawo le?

• Aleke wòle be ŋugbledede le alesi Noa ƒe ŋkekea kple míaƒe ŋkekea ɖi wo nɔewoe ŋu nakpɔ ŋusẽ ɖe alesi wòle vevie be míawɔ nu kpatae dzi?

[Biabiawo]

[Nya si ɖe dzesi si le axa 18]

Ƒe 2004 ƒe mawunyakpukpuia enye: ‘Minɔ ŋudzɔ, minɔ dzadzraɖoɖi.’​—Mateo 24:42, 44.

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Noa wɔ ɖe Mawu ƒe nuxlɔ̃ame dzi. Ðe míewɔnɛ nenema?

[Nɔnɔmetata siwo le axa 16, 17]

“Sigbe alesi Noa ƒe ŋkekewo nɔ la, nenema ke lanye Amegbetɔvi la ƒe vava”