Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nɔ Dzadzraɖoɖi Hena Yehowa Ƒe Ŋkeke la

Nɔ Dzadzraɖoɖi Hena Yehowa Ƒe Ŋkeke la

Nɔ Dzadzraɖoɖi Hena Yehowa Ƒe Ŋkeke la

‘Minɔ dzadzraɖoɖi, elabena Amegbetɔvi la ava le gaƒoƒo, si ŋuti miebu o la me.’​—MATEO 24:44.

1. Nukatae wòle be míatsi dzi ɖe Yehowa ƒe ŋkekea ŋu?

ANYE aʋakpegbe kple dɔmedzoedogbe, hiãgbe kple xaxagbe, vivitidogbe kple nugblẽgbe. Yehowa ƒe “ŋkeke gã dziŋɔ” la ava nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia dzi godoo, abe alesi Tsiɖɔɖɔa ɖe Noa ƒe ŋkekea me xexe vɔ̃ɖi la ene. Sisi le enu meli o. Ke hã, “woaɖe amesiame, si ayɔ Yehowa ŋkɔ.” (Yoel 3:3-5a; Amos 5:18-20) Mawu atsrɔ̃ eƒe futɔwo eye wòaɖe eƒe amewo. Nyagblɔɖila Zefanya tsɔ vevienyenye si bia nuwɔwɔ kpata gblɔ be: “Yehowa ƒe ŋkeke gã la tu aƒe, etu aƒe, eye wòle du dzi ŋutɔ.” (Zefanya 1:14) Ekema ɣekaɣie Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ sia ava?

2, 3. Nukatae wòle vevie be míadzra mía ɖokuiwo ɖo na Yehowa ƒe ŋkekea?

2 Yesu gblɔ be: “Ke le ŋkeke ma kple gaƒoƒo ma ŋuti la, ame aɖeke menyae o; mawudɔla, siwo le dziƒowo, kple Vi la hã menyae o, negbe Fofonye ɖeka ko.” (Mateo 24:36) Esi wònye be míenya ɣeyiɣia tututu o ta la, ele vevie be míawɔ ɖe ƒe 2004 ƒe mawunyakpukpuia dzi be: ‘Minɔ ŋudzɔ, minɔ dzadzraɖoɖi.’—Mateo 24:42, 44.

3 Esi Yesu nɔ alesi woaƒo amesiwo le dzadzraɖoɖi nu ƒu enumake ɖe dedienɔƒe evɔ woagblẽ ame bubuwo ya ɖi ŋu nya gblɔm la, egblɔ be: “Ame eve woanɔ abɔ me; woaxɔ ɖeka, eye woagblẽ ɖeka ɖi; nyɔnu eve woanɔ teƒo; woaxɔ ɖeka, eye woagblẽ ɖeka ɖi.” (Mateo 24:40, 41) Le ŋkubiã ƒe ɣeyiɣi ma dzi la, alekee wòanɔ na mía dometɔ ɖesiaɖe? Ðe míanɔ dzadzraɖoɖia, alo ɖe ŋkeke ma aɖi ɖe mía? Afɔ siwo ɖem míele fifia koŋ dzie wòanɔ te ɖo. Be míate ŋu anɔ dzadzraɖoɖi na Yehowa ƒe ŋkekea bia be míaƒo asa na nɔnɔme aɖewo si bɔ egbea, míaƒo asa na gege ɖe gbɔgbɔmenɔnɔme madeamedzi aɖe koŋ me, eye be míaɖe mía ɖokui ɖa tso agbe aɖewo ƒomevi nɔnɔ me.

Ƒo Asa na Ðekematsɔleme ƒe Nɔnɔme

4. Nɔnɔme kae nɔ Noa ŋɔlimetɔwo si?

4 Bu Noa ƒe ŋkekeawo ŋu kpɔ. Biblia gblɔ be: “Le xɔse me Noa, esime wòxɔ ɖeɖefia tso Mawu gbɔ le nusiwo womekpɔ haɖe o ŋuti la, etsɔ mawuvɔvɔ̃ wɔ aɖakaʋu hena eƒemetɔwo ɖeɖe.” (Hebritɔwo 11:7) Aɖakaʋua anye etɔxɛ eye wòadze woakpɔ nyuie. Gawu la, Noa nye “dzɔdzɔenyenye ƒe gbeƒãɖela.” (Petro II, 2:5) Noa ƒe aɖakaʋukpakpadɔa loo alo eƒe gbeƒãɖeɖea meʋã eŋɔlimetɔwo be woatrɔ o. Nukatae? Elabena ‘wonɔ nu ɖum, eye wonɔ nu nom, wonɔ srɔ̃ ɖem, eye wonɔ wo tsɔm na, bena woaɖe.’ Amesiwo Noa nɔ gbeƒã ɖem na la ƒo wo ɖokui ɖe woa ŋutɔwo ƒe nuwɔna kple dzidzɔkpɔkpɔ me ale gbegbe be ‘womede dzesi naneke o, vaseɖe esime tɔɖɔɖɔ va, eye wòkplɔ wo katã yii.’—Mateo 24:38, 39.

5. Nɔnɔme kae nɔ Sodomtɔwo si le Lot ƒe ŋkekea me?

5 Nenema kee wònɔ le Lot ƒe ŋkekea me. Ŋɔŋlɔawo gblɔ na mí be: ‘Wonɔ nuɖuɖu dzi, wonɔ nunono dzi, wonɔ nuƒeƒle dzi, wonɔ nudzadzra dzi, wonɔ nukuwo dodo dzi, wonɔ xɔtutu dzi. Ke le ŋkeke, si dzi Lot do go tso Sodom la, dzo kple dzokpe wu tso dziƒo, eye wòtsrɔ̃ wo katã.’ (Luka 17:28, 29) Esi mawudɔlawo xlɔ̃ nu Lot ku ɖe tsɔtsrɔ̃ si gbɔna ŋu la, egblɔ nusi gbɔna dzɔdzɔge la ŋutinya na toawo. Gake wobui “nukonyae.”—Mose I, 19:14.

6. Nɔnɔme kae wòle be míaƒo asa na?

6 Yesu gblɔ be, abe alesi wònɔ le Noa kple Lot ƒe ŋkekeawo mee ene la, “nenema ke lanye Amegbetɔvi la ƒe vava.” (Mateo 24:39; Luka 17:30) Le nyateƒe me la, ɖekematsɔleme ƒe nɔnɔmee le ame geɖe si egbea. Ele be míakpɔ nyuie be nɔnɔme sia nagakpɔ ŋusẽ ɖe mía dzi o. Naneke megblẽ le nu vivi ɖuɖu kple ahanono alesi sɔ ŋu o. Nenema kee srɔ̃ɖeɖe hã nye Mawu ƒe ɖoɖo. Gake ne nusiawo va nye nu vevitɔwo na mí wu le agbe me eye míeɖe asi le gbɔgbɔmenuwo ŋu la, ɖe míanɔ dzadzraɖoɖi le mía ɖokui me na Yehowa ƒe ŋkeke gã dziŋɔ la?

7. Nya vevi kae wòle be míabia hafi ade ta dɔ aɖe me, eye nukatae?

7 Apostolo Paulo gblɔ be: “Ɣeyiɣi la le kpuie; eyata azɔ la amesiwo si nyɔnu le la, nanɔ abe ɖe ɖeke mele wo si o ene.” (Korintotɔwo I, 7:29-31) Ɣeyiɣi kpui aɖe koe susɔ be míatsɔ awu Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔ si Mawu de mía si la nui. (Mateo 24:14) Paulo xlɔ̃ nu srɔ̃tɔwo gɔ̃ hã be woagatsi dzi ɖe wo nɔewo ŋu ale gbegbe be woatsɔ Fiaɖuƒea ƒe nuwo aɖo nɔƒe evelia le woƒe agbe me o. Eme kɔ ƒã be nukpɔsusu si ƒomevi kafum Paulo le be wòanɔ mía si la to vovo kura na ɖekematsɔleme. Yesu gblɔ be: “Midi mawufiaɖuƒe la kple [Mawu ƒe] dzɔdzɔenyenye gbãgbiagbã.” (Mateo 6:33) Ne míele nyametsotso aɖe wɔm loo alo hafi míade ta dɔ aɖe me la, nya vevi si míabia enye be, ‘Aleke esia akpɔ ŋusẽ ɖe Fiaɖuƒea ƒe nu siwo meɖo nɔƒe gbãtɔ le nye agbe me dzii?’

8. Ne gbesiagbedɔwɔna va zu nusiwo nana míevona kuraa o la, nukae wòle be míawɔ?

8 Ke ne míede dzesii be míeƒo mía ɖokui ɖe gbesiagbedɔwɔna me vĩ xoxo ale gbegbe be wòva vu tsyɔ gbɔgbɔmenuwo dzi ya ɖe? Ðeko míaƒe agbenɔnɔ to vovo vie tso amesiwo si Ŋɔŋlɔawo me sidzedze vavãtɔ mesu o eye womenye Fiaɖuƒegbeƒãɖela o la tɔ gbɔa? Ne nenemae la, ekema ehiã be míado gbe ɖa le esia ŋu. Yehowa ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be tamesusu nyuitɔ nasu mía si. (Romatɔwo 15:5; Filipitɔwo 3:15) Ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míatsɔ Fiaɖuƒea ƒe nuwo aɖo nɔƒe gbãtɔ, awɔ nusi sɔ, ahawɔ dɔ si wode mía si la ade goe.—Romatɔwo 12:2; Korintotɔwo II, 13:7.

Tsi Tre Ðe Gbɔgbɔmekɔlɔ̃edɔdɔ Ŋu

9. Le Nyaɖeɖefia 16:14-16 ƒe nya nu la, nukatae wòle vevie be míatsi tre ɖe gbɔgbɔmekɔlɔ̃edɔdɔ ŋu?

9 Nyagblɔɖi si tututu ƒo nu tso “Mawu, ŋusẽkatãtɔ la, ƒe ŋkeke gã la ƒe aʋawɔwɔ” si gbɔna le Harmagedon me ŋu la kee xlɔ̃ nu be ame aɖewo manɔ ŋudzɔ o. Aƒetɔ Yesu Kristo gblɔ be: “Kpɔ ɖa, megbɔna abe fiafitɔ ene; woayra amesi nɔa ŋudzɔ, eye wòdzra eƒe awuwo ɖo, bena wòagazɔ amama, eye woakpɔ eƒe ŋukpeƒe o.” (Nyaɖeɖefia 16:14-16) Awu siwo woyɔ le afisia tsi tre ɖi na nusi dea dzesi mí be míenye Kristotɔ Yehowa Ðasefowo. Esia lɔ dɔ si wɔm míele abe Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo ene kple míaƒe Kristotɔwo ƒe agbenɔnɔ ɖe eme. Ne míege ɖe dɔmawɔmawɔ ƒe nɔnɔme si le abe alɔ̃dɔdɔ ene me la, woate ŋu aɖe Kristotɔnyenye ƒe dzesi si le mía ŋu la le mía ŋu. Ema anye ŋukpenanu kple nusi me afɔku le. Ele be míaƒo asa na gbɔgbɔmekɔlɔ̃edɔdɔ alo kuviawɔwɔ. Aleke míate ŋu atsi tre ɖe nɔnɔme sia ŋui?

10. Nukatae Biblia xexlẽ gbesiagbe kpena ɖe mía ŋu be míayi edzi anɔ ŋudzɔ le gbɔgbɔ me?

10 Biblia tea gbe ɖe alesi wòle vevie be míanɔ ŋudzɔ ahanɔ ŋute dzi enuenu. Le kpɔɖeŋu me, Nyanyuiawo me nuŋlɔɖiwo ɖo ŋku edzi na mí be: “Minɔ ŋudzɔ” (Mateo 24:42; 25:13; Marko 13:35, 37); “misu te” (Mateo 24:44); “mikpɔ nyuie eye minɔ ŋudzɔ” (Marko 13:33); “minɔ dzadzraɖoɖi” (Luka 12:40). Esi apostolo Paulo gblɔ be Yehowa ƒe ŋkekea ava xexe sia dzi le vome megbe la, exlɔ̃ nu haxɔsetɔwo be: “Migana míanɔ alɔ̃ dɔm abe ame bubuwo ene o, ke boŋ mina míanɔ ŋudzɔ, eye míanɔ mo xexi.” (Tesalonikatɔwo I, 5:6) Le Biblia ƒe agbalẽ mamlɛtɔ me la, Kristo Yesu si wodo ŋutikɔkɔe na la te gbe ɖe eƒe vava kaba le vome dzi, gblɔ be: “Megbɔna kpuie.” (Nyaɖeɖefia 3:11; 22:7, 12, 20) Nyagblɔɖila Hebritɔ geɖewo hã ɖɔ Yehowa ƒe ʋɔnudrɔ̃ŋkeke gã la hexlɔ̃ nu amewo tso eŋu. (Yesaya 2:12, 17; Yeremya 30:7; Yoel 2:11; Zefanya 3:8) Mawu ƒe Nya, Biblia, xexlẽ gbesiagbe kple ŋugbledede le nusi míexlẽ ŋu nye kpekpeɖeŋunu nyui aɖe si ana míayi edzi anɔ ŋudzɔ le gbɔgbɔ me.

11. Nukatae ɖokuisi Biblia sɔsrɔ̃ le vevie be míanɔ ŋudzɔ le gbɔgbɔ me?

11 Ẽ, aleke gbegbee Ŋɔŋlɔawo me ɖokuisinusɔsrɔ̃ si wowɔna moveviɖoɖotɔe kple Biblia-srɔ̃gbalẽ, siwo “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” ta nye ŋusẽdoamenu si nana míenɔa ŋudzɔe le gbɔgbɔ mee nye si! (Mateo 24:45-47) Gake be ɖokuisinusɔsrɔ̃ naɖe vi la, ele be woanɔ ŋgɔyiyi kpɔm le eme eye woanɔ ewɔm edziedzi. (Hebritɔwo 5:14–6:3) Ele be míaɖu gbɔgbɔmenu sesẽwo edziedzi. Ɣeyiɣi kpɔkpɔ ɖe esia wɔwɔ ŋu le ŋkeke siawo me ate ŋu asesẽ. (Efesotɔwo 5:15, 16) Ke hã, asinukpɔkpɔ hafi axlẽ Biblia kple Biblia-srɔ̃gbalẽwo ɖeɖe mesɔ gbɔ o. Ðokuisinusɔsrɔ̃ si míawɔ edziedzi le vevie ne míedi be ‘míanɔ sesĩe le xɔse me’ ahanɔ ŋudzɔ.—Tito 1:13.

12. Aleke Kristotɔwo ƒe kpekpewo kple takpekpewo kpena ɖe mía ŋu be míawɔ avu kple gbɔgbɔmekɔlɔ̃edɔdɔe?

12 Kristotɔwo ƒe kpekpewo kple takpekpewo hã kpena ɖe mía ŋu be míawɔ avu kple gbɔgbɔmekɔlɔ̃edɔdɔ. Le mɔ ka nu? To nufiame siwo míexɔna dzi. Ðe womeɖoa ŋku alesi Yehowa ƒe ŋkekea tu aƒee dzi na mí edziedzi le kpekpe siawo me oa? Kristotɔwo ƒe kpekpe si wowɔna kwasiɖa sia kwasiɖa naa mɔnukpɔkpɔwo mí be “míade dzi ƒo na mía nɔewo le lɔlɔ̃ kple dɔ nyui wɔwɔ me.” Dzideƒoname, alo ame tutuɖo sia kpena ɖe ame ŋu be wòanɔ ŋudzɔ le gbɔgbɔ me. Eyata mewɔ nuku o be wode se na mí be míaƒo ƒu edziedzi zi alesi ‘míekpɔ bena ŋkekea le ɖoɖom la.’—Hebritɔwo 10:24, 25.

13. Aleke Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa kpena ɖe mía ŋu be míanɔ ŋudzɔ le gbɔgbɔ mee?

13 Ne míetsɔ dzi blibo kpɔ gome le Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa me la, ekpena ɖe mía ŋu be míanɔ ŋudzɔ. Mɔ nyui kae gali si dzi míato ana ɣeyiɣiawo ƒe dzesiawo kple nusi wofia nanɔ yeye le susu me na mí wu nuƒoƒo le wo ŋu na ame bubuwo? Eye ne míekpɔ be amesiwo míele Biblia srɔ̃m kplii wɔ ŋgɔyiyi hete nusiwo srɔ̃m wole la dede dɔwɔna me la, edzia vevienyenye si wòle be míatsɔ ɖe dɔa wɔwɔ ŋu ɖe edzi. Apostolo Petro gblɔ be: “Mibla miaƒe tamesusuwo ƒe aliwo dzi, minɔ mo xexi.” (Petro I, 1:13) ‘Dɔ geɖe si wɔm míanɔ le Aƒetɔa ƒe dɔa me’ nyea gbɔgbɔmekɔlɔ̃edɔdɔ gbɔ kpɔnu.—Korintotɔwo I, 15:58.

Ƒo Asa na Agbenɔnɔ si Doa Afɔku Ame le Gbɔgbɔ Me

14. Abe alesi woɖɔe le Luka 21:34-36 me ene la, agbenɔnɔ ka ŋue Yesu xlɔ̃ nu le?

14 Le Yesu ƒe nyagblɔɖi vevi si ku ɖe eƒe anyinɔnɔ ŋu me la, egana nuxlɔ̃ame bubu. Egblɔ be: “Mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie, bena nutsuɖuɖu kple ahamumu kple dzimaɖitsitsi ɖe nuɖuɖu ŋu nagate miaƒe dzi ɖe to o, eye ŋkeke ma nagalili mi abe mɔ̃ ene o; elabena adze amesiwo katã nɔ anyigba blibo la ƒe ŋku me la dzi. Eyaŋuti minɔ ŋudzɔ le ɣeawo katã ɣi me kple gbedodoɖa, bena miate ŋu asi le nusiawo katã, siwo le eme va ge la nu, eye be miatsi tre ɖe Amegbetɔvi la ŋku me.” (Luka 21:34-36) Yesu ɖɔ alesi koŋ amewo nɔa agbee wòsɔ, wolɔ̃a: nutsuɖuɖu, ahamumu, kple agbenɔnɔ si naa ame tsia dzimaɖi.

15. Nukatae wòle be míaƒo asa na nuɖuɖu kple ahanono si gbɔ eme?

15 Nutsuɖuɖu kple ahatsunono mesɔ ɖe Biblia ƒe gɔmeɖosewo nu o eye ele be woaƒo asa na wo. Biblia gblɔ be: “Meganɔ weintsunolawo kple lãtsuɖulawo dome o.” (Lododowo 23:20) Gake mahiã be nuɖuɖu kple ahanono naɖo keke afima ke hafi woado afɔku ame o. Woate ŋu ana ame nanɔ akɔlɔ̃e dɔm ahanɔ kuvia wɔm do ŋgɔ. Biblia ƒe lododo aɖe gblɔ be: “Nu le kuviatɔ dzrom, gake dzodzroe.” (Lododowo 13:4) Amesia ƒomevi adi be yeawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu, gake eƒe didia mava eme o le fɔmalémalé ɖe nu ŋu ta.

16. Aleke míate ŋu aƒo asa na dzimaɖitsitsi si azu agba na mí le míaƒe ƒomea mee?

16 Nukawoe nye agbemedzimaɖitsitsi siwo ŋu Yesu xlɔ̃ nu le? Wolɔ ame ŋutɔ ƒe nudidiwo, ƒomea dzi kpɔkpɔ, kple esiawo tɔgbe ɖe eme. Alekee nunya manɔ eme o enye si be míana nusiawo nakpe mía dzi! Yesu bia be: “Amekae le mia dome, ne ele fu ɖem na eɖokui la, wòate ŋu atsɔ abɔ ɖeka akpe ɖe eƒe agbenɔɣi ŋu mahã?” Exlɔ̃ nu eƒe nyaselawo bena: “Migaɖe fu na mia ɖokui agblɔ bena: Nuka míaɖu, nuka míano, alo nuka míatsɔ ata mahã o. Elabena nenem nusiawo katã tɔgbe trɔ̃subɔlawo dina; ke mia Fofo, si le dziƒo la, nyae bena, nenem nusiawo katã hiãa mi.” Fiaɖuƒea ƒe nuwo ɖoɖo nɔƒe gbãtɔ le míaƒe agbe me kpakple kaka ɖe edzi be Yehowa ana míaƒe nuhiahiãwo mí aɖe dzimaɖitsitsi dzi akpɔtɔ ahakpe ɖe mía ŋu míanɔ ŋudzɔ.—Mateo 6:25-34.

17. Aleke ŋutilãmenuwo yomenɔnɔ ate ŋu ahe dzimaɖitsitsi vɛ?

17 Ŋutilãmenuwo yomenɔnɔ hã ate ŋu ahe dzimaɖitsitsi vɛ. Le kpɔɖeŋu me, ame aɖewo naa woƒe agbenɔnɔ tɔtɔna ɖe edzi to agbe si gbɔ woƒe ŋutete ŋu nɔnɔ me. Wotsɔ kesinɔtɔ zuzu le zã ɖeka me ƒe ɖoɖowo kple gadede dɔ siwo me afɔku le me tsɔ ble ame aɖewoe. Le ame aɖewo gome la, sukudede be woaʋu ga ƒe mɔnukpɔkpɔ na ame zu mɔ̃ ɖe wo. Nyateƒee, sukudede aɖo afi aɖe ate ŋu akpe ɖe ame ŋu be wòakpɔ dɔ awɔ. Gake nyateƒeae nye be ame aɖewo do afɔku wo ɖokuiwo le gbɔgbɔ me le sukukɔkɔ si xɔa ɣeyiɣi didi dede me. Nɔnɔme doafɔkuame kae ma me ame naƒo eɖokui ɖo esime Yehowa ƒe ŋkekea le aƒe tum! Biblia xlɔ̃ nu be: “Amesiwo dina be, yewoazu kesinɔtɔwo la, gena ɖe tetekpɔwo kple mɔ̃tetrewo kpakple movidzɔdzɔ kple nuveviwɔame ƒe nudzodzro geɖe, siwo tsɔa amewo xlãna ɖe gbegblẽ kple tsɔtsrɔ̃ me la me.”—Timoteo I, 6:9.

18. Be míaƒo asa na mía ɖokui ƒoƒo ɖe ŋutilãmenudidi vivivo me la, ŋutete kawoe wòle be míatu ɖo?

18 Nu vevi si akpe ɖe ame ŋu be woagahee ade ŋutilãmenudidi vivivo me o enye alesi woate ŋu ade vovototo nyui kple vɔ̃ dome le nyametsotsowo wɔwɔ me. ‘Nuɖuɖu sesẽ si li na amesiwo tsi zu blibo’ la ɖuɖu edziedzi kple ‘míaƒe sidzenuwo ŋudɔwɔwɔ’ dzie míetona tua ŋutete sia ɖo. (Hebritɔwo 5:13, 14) ‘Nusiwo le vevie wu la kpɔkpɔ dze sii’ ne míele taɖodzinuwo ɖom la akpɔ mía ta tso tiatia gbegblẽwo wɔwɔ me.—Filipitɔwo 1:10.

19. Ne míede dzesii be ɣeyiɣi ʋɛ aɖe ŋutɔ koe míekpɔna na gbɔgbɔmenuwo la, nukae wòle be míawɔ?

19 Ŋutilãmenudidi vivivo ate ŋu agbã ŋku na mí, si awɔe be ɣeyiɣi ʋɛ aɖe koe míakpɔ ɖe gbɔgbɔmenuwo ŋu loo alo be míakpɔ ɖeke kura ɖe eŋu o. Aleke míate ŋu adzro mía ɖokuiwo me ahaƒo asa na agbenɔnɔ sia ƒe mɔ̃ be wòagaɖe mí o? Ahiã be míatsɔ gbedodoɖa ade ŋugble le alesi míawɔ míaƒe agbenɔnɔ nanɔ bɔbɔe wu kple afisi míate ŋu awɔe see ŋu. Blema Israel fia Salomo gblɔ be: “Dɔwɔla ɖaɖu nu ʋee o, eɖaɖu nu geɖe o, alɔ̃ vivina nɛ; ke kesinɔtɔ ƒe nu gbogboawo menana wòdɔa alɔ̃ o.” (Nyagblɔla 5:11) Ðe ŋutilãmenunɔamesi siwo mehiã hafi o la gbɔ kpɔkpɔ xɔa ɣeyiɣi kple ŋusẽ gbogbo aɖe le mía sia? Alesi nuwo sɔ gbɔ ɖe mía sii la, nenemae wòabia be míakpɔ nu gbogbowo gbɔ, alé be na wo, ahakpɔ wo ta. Ðe manyo be míaɖe nunɔamesi aɖewo dzi akpɔtɔ be agbe nanɔ bɔbɔe na mí oa?

Do Vevie Nànɔ Dzadzraɖoɖi

20, 21. (a) Kakaɖedzi kae apostolo Petro na ku ɖe Yehowa ƒe ŋkekea ŋu? (b) Nukawoe wòle be míayi edzi anɔ wɔwɔm atsɔ anɔ eɖem fia be míele dzadzraɖoɖi na Yehowa ƒe ŋkekea?

20 Ɣeyiɣi vɔ na xexe si nɔ anyi le Noa ƒe ŋkekea me, eye avɔ na fifi nuɖoanyia hã. Apostolo Petro ka ɖe edzi na mí be: “Aƒetɔ la ƒe ŋkeke le vava ge abe fiafitɔ ene, le esime dziƒowo ava yi kple gbeɖeɖe; ke gɔmedzenuwo labi, eye woalólo le dzo me, eye anyigba kple eme dɔwɔwɔwo lafiã keŋ.” Kpɔɖeŋudziƒo—dziɖuɖu vɔ̃ɖiwo—alo kpɔɖeŋunyigba—amegbetɔƒomea si ɖe ɖa le Mawu ŋu—matsi agbe le Mawu ƒe dɔmedzoea me o. Esi Petro nɔ nu ƒom tso alesi míate ŋu anɔ dzadzraɖoɖi na ŋkeke ma ŋu la, egblɔ be: “Esi woalólo nusiawo katã la, ameka ƒomeviwo wòle na mi be, mianye le anyinɔnɔ kɔkɔe kple mawusosroɖa me, eye mialala, eye miadi Mawu ƒe ŋkeke la ƒe vava vevie!”—Petro II, 3:10-12.

21 Kristotɔwo ƒe kpekpe siwo míanɔ dedem ahanɔ gome kpɔm le gbeƒãɖeɖe nyanyuia me edziedzi la nye anyinɔnɔ kɔkɔe kple mawusosroɖa ƒe nuwɔnawo ƒe akpa aɖe. Mina míatsɔ mawusosroɖa si tso dzime awɔ woe esime míele Yehowa ƒe ŋkeke gã la lalam dzigbɔɖitɔe. Mina be ‘míawɔ mía tɔ sinua be Mawu nakpɔ mí ɖimaƒomaƒo kple mokaka manɔŋui kpakple le ŋutifafa me.’—Petro II, 3:14.

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

• Nukatae wòle be míanɔ dzadzraɖoɖi na Yehowa ƒe ŋkekea?

• Ne gbesiagbedɔwɔnawo va zu nusiwo nana míevona kuraa o la, nukae wòle be míawɔ?

• Nukae akpe ɖe mía ŋu be míadɔ gbɔgbɔmekɔlɔ̃e o?

• Agbenɔnɔ doafɔkuame kawoe wòle be míaƒo asa na, eye aleke míawɔe?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata siwo le axa 20, 21]

Noa ƒe ŋkekea me tɔwo mekpɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ si gbɔna la dze sii o​—wò ya ɖe?

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Ðe nàte ŋu ana wò agbenɔnɔ nanɔ bɔbɔe wu be nàkpɔ ɣeyiɣi na gbɔgbɔmenuwoa?