Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nusɔsrɔ̃ tso Yesu ƒe Anyigba dzi Ƒomea Gbɔ

Nusɔsrɔ̃ tso Yesu ƒe Anyigba dzi Ƒomea Gbɔ

Nusɔsrɔ̃ tso Yesu ƒe Anyigba dzi Ƒomea Gbɔ

NUKAE nènya tso Yesu ƒe ƒometɔ kplikplikpliwo, amesiwo wònɔ anyi kpli vaseɖe eƒe nyɔnyrɔxɔɣi, le eƒe anyigbadzigbenɔnɔ ƒe ƒe 30 gbãtɔawo me ŋu? Nukae Nyanyuigbalẽawo gblɔ na mí? Nukae míate ŋu asrɔ̃ to ŋkuléle ɖe eƒe ƒomea ŋu nyuie wu me? Ŋuɖoɖoawo ate ŋu aɖe vi na wò.

Ƒome si me kesinɔnuwo nɔ mee wodzi Yesu ɖoa? Atikpalae Yosef si xɔe nyi la nye. Ema bia ŋutilãmedɔ sesẽ wɔwɔ, eye zi geɖe la ehiãna be woalã atiwo ahadze wo. Esi Yesu dzila siwo nye amegbetɔwo yi Yerusalem le edzidzi ŋkeke 40 megbe la, wona vɔsanu si Sea bia. Ðe wona alẽvi kple akpakpa alo ahɔnɛ abe alesi Sea biae enea? Ao. Edze abe ŋutete menɔ wo ŋu be woana nusiawo o ene. Ke hã, Sea wɔ ɖoɖo aɖe na ame dahewo. Le ɖoɖo ma dzi wɔwɔ me la, Yosef kple Maria na “akpakpa eve alo ahɔnɛ eve.” Lã siwo mexɔ asi o tiatia ɖee fia be wonye ƒome si dzi nuwo mede tututu o.—Luka 2:22-24; Mose III, 12:6, 8.

Àte ŋu akpɔe be ame tsɛwo, amesiwo wòle na be woawɔ dɔ sesẽ hafi akpɔ woƒe nuhiahiã veviwo domee wodzi Yesu Kristo, amesi ava nye ameƒomea katã ƒe Dziɖula le etsɔme la ɖo. Etsi va zu atikpala, abe fofoa si xɔe nyi ke ene. (Mateo 13:55; Marko 6:3) ‘Togbɔ be kesinɔtɔe [Yesu] nye,’ esime wònye gbɔgbɔmenuwɔwɔ si si ŋusẽ le le dziƒo hã la, Biblia gblɔ be ‘mía tae wòva da ahe ɖo.’ Eva zu amegbetɔ tsɛ hetsi le ame dahewo ƒe ƒome me. (Korintotɔwo II, 8:9; Filipitɔwo 2:9; Hebritɔwo 2:9) Womedzi Yesu ɖe ƒome si dzi nu de me o, eye esia anya kpe ɖe ame aɖewo ŋu be woavo le wo ɖokuiwo me le egbɔ. Amesi ƒomevi wònye alo ɖoƒe si wòle mexe mɔ na wo o. Eƒe nufiafiawo, eƒe nɔnɔme nyoameŋuwo, kple eƒe dɔwɔwɔ wɔnukuwo wɔe be wokpɔ ŋudzedze ɖe eŋu. (Mateo 7:28, 29; 9:19-33; 11:28, 29) Míate ŋu akpɔ Yehowa Mawu ƒe nunya adze sii le alesi wòna wodzi Yesu ɖe ƒome tsɛ aɖe mee la me.

Azɔ na míade ŋugble le Yesu ƒe ƒomea me tɔwo ŋu ahakpɔe ɖa be nukae míate ŋu asrɔ̃ tso wo gbɔ hã.

Yosef—Ame Dzɔdzɔe Aɖee

Esi Yosef de dzesii be yeƒe ŋugbetɔ la fɔ fu “hafi wova kpe la,” ate ɖe edzi vevie ŋutɔ elabena esesẽ nɛ be wòawɔ tiatia le lɔlɔ̃ si nɔ esi na Maria kple ŋunyɔnyɔ nusi dze abe agbegbegblẽnɔnɔ ene dome. Nɔnɔme bliboa dze abe nusi agblẽ eƒe gomenɔamesi be woazu Maria srɔ̃ ene me. Le eƒe ŋkekea me la, wobua nyɔnu si ŋutsu aɖe do ɖeɖe ŋugbe na abe ŋutsua srɔ̃e wònye xoxo ene. Le ŋugbledede vevie le nyaa ŋu megbe la, Yosef tso nya me be yeagbe Maria le adzame ale be woagaƒu kpee abe ahasiwɔla ene o.—Mateo 1:18; Mose V, 22:23, 24.

Enumake mawudɔla aɖe ɖe eɖokui fia Yosef le drɔ̃eƒe hegblɔ nɛ be: “Megavɔ̃ srɔ̃wò Maria kpɔkplɔ va gbɔwò o, elabena fu si ke wòfɔ la, Gbɔgbɔ kɔkɔe la mee wòtso. Adzi ŋutsuvi, eye nayɔ eƒe ŋkɔ be Yesu; elabena eyae laɖe eƒe dukɔ la tso woƒe nuvɔ̃wo me.” Esi Yosef xɔ Mawu ƒe mɔfiame sia la, ewɔ ɖe edzi hekplɔ Maria va eƒeme.—Mateo 1:20-24.

To nyametsotso sia wɔwɔ me la, ŋutsu nuteƒewɔla kple ame dzɔdzɔe sia na nya si Yehowa gblɔ to nyagblɔɖila Yesaya dzi va eme be: “Kpɔ ɖa, ɖetugbi afɔ fu, eye wòadzi ŋutsuvi ana ŋkɔe be ‘Mawu li kpli mí.’” (Yesaya 7:14) Le nyateƒe me la, Yosef nye gbɔgbɔmeme si kpɔ ŋudzedze ɖe mɔnukpɔkpɔ si su esi be wòava zu amesi axɔ Mesia anyi la ŋu, togbɔ be vi gbãtɔ si Maria adzi manye eya ŋutɔ ƒe vi o hã.

Yosef medɔ kple Maria o vaseɖe esime wòdzi viaŋutsua hafi. (Mateo 1:25) Ðeko woɖe wo nɔewo teti koe nye ma, eye asaƒoƒo na wo nɔewo gbɔ dɔdɔ anye nu sesẽ na wo, gake anɔ eme be womedi be ɖikeke aɖeke nava nɔ amesi nye ɖevia Fofoa ŋu o. Ðokuidziɖuɖu ƒe kpɔɖeŋu wɔnuku kae nye esi! Yosef tsɔ gbɔgbɔmenuwo ɖo ŋgɔ na eƒe dzɔdzɔme dzodzrowo.

Yosef xɔ mawudɔla ƒe mɔfiafia zi ene sɔŋ le alesi wòanyi vi si wòxɔ lae ŋu. Wo dometɔ etɔ̃ ku ɖe afisi wòanyi ɖevia le ŋu. Ehiã vevie be wòawɔ ɖe wo dzi kaba hena ɖevia ƒe agbetsitsi. Le go ɖesiaɖe me la, Yosef wɔ nu enumake, hekɔ ɖevi la yi Egipte gbã eye emegbe egagbugbɔe va Israel. Esia kpɔ Yesu ɖevi la ta tso Herodes ƒe ɖeviwo wuwua me. Hekpe ɖe eŋu la, Yosef ƒe toɖoɖo wɔe be nyagblɔɖi siwo ku ɖe Mesia ŋu la va eme.—Mateo 2:13-23.

Yosef fia dɔ Yesu ale be wòate ŋu akpɔ eya ŋutɔ ƒe ŋutilãmenuhiahiãwo gbɔ. Eyata menye ɖeko wonya Yesu abe ‘atikpala ƒe vi’ ene ko o, ke wonyae hã be enye “atikpala.” (Mateo 13:55; Marko 6:3) Apostolo Paulo ŋlɔ be Yesu nye “amesi wote kpɔ le nuwo katã me, abe míawo ke ene.” Eme kɔ be esia ate ŋu alɔ dɔwɔwɔ sesĩe be wòakpe ɖe ƒomea ŋu ɖe eme.—Hebritɔwo 4:15.

Mlɔeba la, Yosef ƒe tadedeagu vavãtɔ me léle ɖe asi dze ƒã le Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo me nuŋlɔɖi mamlɛtɔ si me woƒo nu tso eŋu la me. Yosef kplɔ eƒe ƒomea yi Yerusalem hena Ŋutitotoŋkekenyuia ɖuɖu. Ŋutsuwo si koe wobia tso be woayi, gake enye numame na Yosef be wòakplɔ eƒe ƒomea ayi Yerusalem “ƒe sia ƒe.” Etsɔ nu geɖe sa vɔe, elabena ele na wo be woazɔ afɔ abe kilometa 100 ene tso Nazaret ayi Yerusalem. Le nudzɔdzɔ si ŋu woƒo nu tsoe le Ŋɔŋlɔawo me me la, Yesu menɔ ƒuƒoƒoa me o. Wokpɔe le gbedoxɔa me, wònɔ to ɖom henɔ nya biam Sea fialawo. Togbɔ be ƒe 12 koe Yesu xɔ hã la, eɖe Mawu ƒe Nya la me nunya kple sidzedze deŋgɔ fia. Míekpɔe le nudzɔdzɔ sia me be Yesu dzilawo anya fia nui nyuie, henyii wòva zu ɖevi si tsɔ ɖe le gbɔgbɔmenuwo me vevie. (Luka 2:41-50) Edze abe Yosef ku le esia megbe kpuie ene, elabena womegaƒo nu tso eŋu emegbe le Ŋɔŋlɔawo me nuŋlɔɖiwo me o.

Ẽ, Yosef nye ame dzɔdzɔe si kpɔ eƒe ƒomea dzi nyuie, le gbɔgbɔ kple ŋutilã me siaa. Abe Yosef ene la, ɖe nètsɔa gbɔgbɔmenuwo ɖoa nɔƒe gbãtɔ le wò agbe me ne ède dzesi nusi nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu na mí egbea? (Timoteo I, 2:4, 5) Ðe nèwɔna ɖe Mawu ƒe numenya siwo woŋlɔ ɖe Mawu ƒe Nya la me dzi faa, heɖenɛ fiana to esia wɔwɔ me be yebɔbɔa ye ɖokui abe Yosef enea? Ðe nèfiaa nu viwòwo ale be woate ŋu aɖo dze siwo ku ɖe gbɔgbɔmenuwo ŋu kple ame bubuwoa?

Maria—Mawu Subɔla Ðokuitɔmadila Aɖee

Maria, Yesu dada, nye Mawu subɔla nyui ŋutɔ aɖe. Esi mawudɔla Gabriel gblɔ nɛ be adzi vi la, ewɔ nuku nɛ. Esi ɖetugbi nɔaƒee wònye ta la, ‘menya ŋutsu o.’ Esi wogblɔ nɛ be gbɔgbɔ kɔkɔe lae ana wòadzi via la, exɔ gbedasia ɖokuibɔbɔtɔe, hegblɔ be: “Kpɔ ɖa, Aƒetɔ la ƒe dɔlanyɔnu menye, ava me nam le wò nya la nu. (Luka 1:30-38) Ede asixɔxɔ gbɔgbɔ me mɔnukpɔkpɔa ŋu ale gbegbe be elɔ̃ faa be yeado dzi le dodokpɔ ɖesiaɖe si eƒe nyametsotsoa ahe va edzi me.

Le nyateƒe me la, dɔdasia xɔxɔ trɔ eƒe agbenɔnɔ abe nyɔnu ene bliboe. Esi wòyi Yerusalem hena ŋutikɔklɔ la, ŋutsu tsitsi aɖe si nye mawumeme, si ŋkɔe nye Simeon gblɔ nɛ be: “Yi ato wò ŋutɔ wò luʋɔ me.” (Luka 2:25-35) Edze ƒã be alesi Maria ase le eɖokui me ne ekpɔ alesi ame geɖe agbe Yesu eye woaklãe ɖe fuwɔameti ŋuti mlɔeba ŋue wònɔ nu ƒom tsoe.

Esi Yesu nɔ tsitsim la, Maria nɔ ŋku ɖom nusiwo dzɔ le eƒe agbe me dzi, hetsɔ “nya siawo katã dzra ɖo ɖe eƒe dzi me.” (Luka 2:19, 51) Enye gbɔgbɔmeme abe Yosef ene, eye wòde asixɔxɔ nudzɔdzɔ kple nya siwo na nyagblɔɖiwo va eme la ŋu. Nya si mawudɔla Gabriel gblɔ nɛ la anya tsi susu me nɛ be: “Eya la anye gã, eye woayɔe be dziƒoʋĩtɔ la ƒe Vi, eye Aƒetɔ Mawu la atsɔ fofoa Dawid ƒe fiazikpui la anae; eye wòaɖu fia le Yakob ƒe aƒe dzi tegbetegbe, eye nuwuwu manɔe na eƒe fiaɖuƒe la o.” (Luka 1:32, 33) Ẽ, ebui be mɔnukpɔkpɔ gãe wònye na ye be yeanye Mesia la dada.

Maria ƒe gbɔgbɔmemenyenye gadze ƒã ake esime wòdo go Elisabet, eƒe ƒometɔ si hã fɔ fu nukutɔe. Esi Maria kpɔe la, ekafu Yehowa heɖe alesi wòlɔ̃ Mawu ƒe Nya lae fia. Egblɔ nya aɖewo tso Xana ƒe gbedodoɖa si woŋlɔ ɖe Samuel I, ta 2 me hegblɔ nya aɖewo tso Hebri Ŋɔŋlɔawo ƒe agbalẽ bubuwo me tsɔ kpee. Alesi wònya Ŋɔŋlɔawoe ɖee fia be edze azu vidada nuteƒewɔla si vɔ̃a Mawu. Ewɔ nu kple Yosef aduadu le via hehe le gbɔgbɔ me gome me.—Mose I, 30:13; Samuel I, 2:1-10; Maleaxi 3:12; Luka 1:46-55.

Maria xɔe se vevie be ye vi lae nye Mesia la, eye eƒe xɔse sia me megbɔdzɔ o le Yesu ƒe ku megbe gɔ̃ hã. Le eƒe tsitretsitsi megbe kpuie la, enɔ nusrɔ̃la wɔnuteƒe siwo ƒo ƒu hedo gbe ɖa kple apostoloawo dome. (Dɔwɔwɔwo 1:13, 14) Elé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi, togbɔ be ele nɛ be wòado dzi le veve heliheli si wòse le via lɔlɔ̃a kpɔkpɔ wòaku le fuwɔameti ŋuti gɔ̃ hã me.

Aleke nusɔsrɔ̃ tso Maria ƒe agbe ŋu ate ŋu aɖe vi na wòe? Ðe nèkpɔa ŋudzedze ɖe mɔnukpɔkpɔ si su asiwò be nàsubɔ Mawu eɖanye nuka kee wòahiã be natsɔ asa vɔe o ŋua? Ðe nèkpɔ alesi mɔnukpɔkpɔ ma le etɔxɛ egbea dze sia? Ðe nèsusua nusi Yesu gblɔ ɖi ŋu hetsɔnɛ sɔna kple nusiwo le dzɔdzɔm egbea, ‘heƒoa nya ta tso wo ŋu le wò dzimea’? (Mateo ta 24 kple 25; Marko, ta 13; Luka ta 21) Ðe nèsrɔ̃a Maria le Mawu ƒe Nya la nyanya nyuie kple ezazã edzidzi le wò dzeɖoɖo me mea? Ðe nàlé wò Yesu ŋuti dzixɔsea me ɖe asi togbɔ be xaxawo ate ŋu ana wòadzɔ be màvo le susu me o le esi nènye eyomedzela taa?

Yesu Nɔviŋutsuwo—Tɔtrɔ Anya Wɔ

Edze abe le Yesu ƒe ku megbe hafi nɔviaŋutsuwo va xɔ edzi se ene. Anɔ eme be susu sia tae womenɔ eteƒe esime wòku le fuwɔametia ŋu o eye esia wɔe be wòtsɔ dadaa de apostolo Yohanes ƒe dzikpɔkpɔ te. Yesu ƒe ƒometɔwo ƒe nuwɔnawo ɖee fia be womede bubu eŋu o, wogblɔ ɣeaɖeɣi kura gɔ hã be Yesu ƒe “tame da.” (Marko 3:21) Esi wònye ƒometɔ siwo nye dzimaxɔsetɔwo nɔ Yesu si ta la, kakaɖedzi ate ŋu anɔ amesiwo le aƒe ɖeka me kple dzimaxɔsetɔwo si be Yesu sea alesi wosena le wo ɖokui me ne ƒometɔwo ɖu fewu le wo ŋu le woƒe xɔse ta la gɔme.

Ke hã, le Yesu ƒe tsitretsitsi megbe la, edze abe nɔviawo va te edzixɔxɔ se ene. Wonɔ ameha si ƒo ƒu ɖe Yerusalem do ŋgɔ na ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekostea henɔ gbe dom ɖa vevie kple apostoloawo dome. (Dɔwɔwɔwo 1:14) Edze ƒã be wo nɔvi la ƒe tsitretsitsia ʋã wo wotrɔ le woƒe dziwo me, ale be wova zu eƒe nusrɔ̃lawo. Mele be mɔkpɔkpɔ nabu ɖe mí gbeɖe be ƒometɔ siwo ƒe dzixɔsewo mesɔ kple mía tɔ o mate ŋu atrɔ o.

Ŋɔŋlɔawo ƒo nu tso Yakobo, Yesu dadaviŋutsu si Wòɖe eɖokui fia etɔxɛe, ŋu be ewɔ akpa vevi aɖe le Kristo-hamea me. Eŋlɔ lɛta aɖe si tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me ɖo ɖe ehati Kristotɔwo, hexlɔ̃ nu wo be woalé woƒe xɔse me ɖe asi. (Dɔwɔwɔwo 15:6-29; Korintotɔwo I, 15:7; Galatiatɔwo 1:18, 19; 2:9; Yakobo 1:1) Yuda, Yesu dadavi bubu, ŋlɔ lɛta aɖe si tso gbɔgbɔ me tsɔ xlɔ̃ nu ehati Kristotɔwo be woaʋli xɔse la ta sesĩe. (Yuda 1) Enye nusi ɖe dzesi be Yakobo alo Yuda metsɔ woƒe Yesu ƒe ŋutilã me nɔvi nyenye tsɔ ƒo adegbee le woƒe lɛta si woŋlɔ na hati Kristotɔwo me be yewoatsɔ able wo nu ne woawɔ ɖe nya siwo yewogblɔ dzi o. Ðokuibɔbɔ ŋuti nusɔsrɔ̃ nyui ka gbegbee nye esi míate ŋu asrɔ̃ tso wo gbɔ!

Ekema, nukawoe nye nusiwo míate ŋu asrɔ̃ tso Yesu ƒe ƒomea gbɔ? Le nyateƒe me la, nuteƒewɔwɔ ŋuti nusɔsrɔ̃ siwo ŋudɔ míate ŋu awɔ le mɔwo abe esiawo ene nu: (1) Bɔbɔ ɖokuiwò nuteƒewɔwɔtɔe ɖe nusi nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu te eye nàkpe akɔ kple dodokpɔ siwo katã ado tso esia wɔwɔ me. (2) Tsɔ gbɔgbɔmenuwo ɖo nɔƒe gbãtɔ, ne ema wɔwɔ abia be nàtsɔ nanewo asa vɔe gɔ̃ hã. (3) Na hehe si sɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo nu la viwòwo. (4) Mègana mɔkpɔkpɔ nabu ɖe wò o le ƒometɔ siwo ƒe dzixɔsewo mesɔ kple tɔwò ŋu o. (5) Ne ame ŋkuta aɖe si le Kristo-hamea me nye wò ƒometɔ la, mègatsɔe ƒo adegbee o. Ẽ, nusɔsrɔ̃ tso ƒome si me Yesu nɔ le anyigba dzi ŋu tea mí ɖe eyama ŋu wu hedzia míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe alesi Yehowa tia ƒome tsɛ aɖe be wòahe Yesu le eƒe ɖevimenɔɣi la ɖe edzi.

[Nɔnɔmetata si le axa 4]

Yosef ɖe Maria wòzu srɔ̃a si na wokpɔ gome le Mesia ŋuti nyagblɔɖiwo me vava me

[Nɔnɔmetata si le axa 6]

Yosef kple Maria fia gbɔgbɔmegɔmeɖosewo kple akpa si dɔwɔɖui wɔna wo viwo

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Togbɔ be aƒe si me wotsɔ gbɔgbɔmenuwo ɖo nɔƒe gbãtɔ le mee wonyi Yesu le hã la, eƒe ku megbe ko hafi nɔviawo va xɔ edzi se

[Nɔnɔmetata si le axa 8]

Yesu dadavi Yakobo kple Yuda de dzi ƒo na hati Kristotɔwo