Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Le Yesu ƒe kpɔɖeŋugbedodoɖa me la, ɖe wònɔ gbɔgblɔm be wole Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔm le dziƒo togbɔ be womekpɔ nya mawudɔla vɔ̃ɖiwo ɖa ɣemaɣi o hãa?

Abe alesi woŋlɔe ɖe Mateo 6:10 ene la, Yesu gblɔ be: “Woawɔ wò lɔlɔ̃nu le anyigba dzi, sigbe alesi wowɔna le dziƒo ene!” Woate ŋu ase biabia sia gɔme le mɔ eve nu. Gbãtɔ, be enye kukuɖeɖe be woawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu le anyigba dzi abe alesi wole ewɔm xoxo le dziƒo ene loo alo, evelia, be enye biabia be woawɔe bliboe le dziƒo kple anyigba dzi siaa. * Gɔmesese si le nya si Yesu gblɔ do ŋgɔ be “wò fiaɖuƒe nava” ŋu fia be nukpɔsusu evelia la wɔ ɖeka kple Ŋɔŋlɔawo wu. Eye eɖe alesi nɔnɔmea nɔ esime Yesu nɔ anyigba dzi kple ɣeyiɣi didi si kplɔe ɖo la fia. Le mɔ ka nu?

Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa he susu yi nu ɖedzesi eve siwo dzɔ le Mawu ƒe Fiaɖuƒea ɖoɖo anyi le dziƒo me dzi. Gbãtɔ ku ɖe dziƒoa ŋutɔ ŋu eye evelia ku ɖe anyigba ŋu. Nyaɖeɖefia 12:7-9, 12 gblɔ be: “Aʋa dzɔ le dziƒo: Mixael kple eƒe dɔlawo yi aʋa wɔ ge kple ʋɔ driba la. Eye ʋɔ driba la kple eƒe dɔlawo wɔ aʋa la, eye womeɖu dzi o, eye womegakpɔ woƒe teƒe hã le dziƒo o. Eye wotsɔ ʋɔ driba gã, si nye da xoxo la, esi woyɔna be: Abosam kple Satana, amesi nye xexeame katã blela la, ƒu gbe, eye wotsɔe ƒu gbe ɖe anyigba, eye wotsɔ eƒe dɔlawo hã ƒu gbe ɖe anyi hekpe ɖe eŋuti. Eyata dzi nedzɔ mi, mi dziƒowo kple amesiwo nɔ wo me la! Baba na anyigba kple atsiaƒu; elabena Abosam ɖi va mia gbɔ, eye dzi le ekum ŋutɔ; elabena enyae be, vovoɣi vi aɖe ko yekpɔ.”

Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo nyanya le dziƒo le ƒe 1914 me megbe ɖe gbɔgbɔ dzeaglãwo katã ɖa le nuto ma me, wònye dzidzɔ geɖe na Yehowa ƒe vi mawudɔla wɔnuteƒewo, siwo nye eƒe gbɔgbɔmenuwɔwɔwo ƒe akpa gãtɔ la. (Hiob 1:6-12; 2:1-7; Nyaɖeɖefia 12:10) Aleae Yesu ƒe kpɔɖeŋugbedodoɖa me biabia si ku ɖe dziƒo ŋu la va emee. Amesiwo katã susɔ ɖe dziƒo nuto ma me la nye nuteƒewɔlawo na Yehowa eye wobɔbɔa wo ɖokuiwo ɖe eƒe dziɖulanyenye te bliboe.

Míate gbe ɖe edzi be do ŋgɔ na ema, esime mawudɔla vɔ̃ɖiwo gate ŋu yia dziƒo, gɔ̃ hã la, woɖe wo ɖa tso Mawu ƒe ƒomea me eye wonɔ mɔxeɖenu sesẽwo te. Le kpɔɖeŋu me, Yuda 6 ɖee fia be le ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. ma me gɔ̃ hã la, “wotsɔ kɔsɔkɔsɔ mavɔwo bla wo hedzra wo ɖo ɖe [gbɔgbɔ me] viviti tsiɖitsiɖi me hena ŋkeke gã la ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃.” Nenema kee Petro II, 2:4 gblɔ be: “Mawu mekpɔ mawudɔla wɔnuvɔ̃wo ƒe nublanui o, ke wòtsɔ [gbɔgbɔ me] viviti tsiɖitsiɖi ƒe kɔsɔkɔsɔwo bla wo hetu asi wo xlã ɖe dzomavɔʋe [si nye gbɔ̃ɖiame ƒe nɔnɔme aɖe] me, bena woadzra wo ɖo hena ʋɔnudɔdrɔ̃.” *

Togbɔ be mawudɔla vɔ̃ɖi siawo nye amesiwo woɖe le hame esime wogakpɔtɔ nɔ dziƒo hã la, wokpɔ ŋusẽ gã aɖe ɖe anyigba dzi. Le nyateƒe me la, Mawu ƒe Nya yɔ Satana be “xexe sia me fia,” eye wòyɔ gbɔgbɔ vɔ̃awo be ‘viviti sia ƒe xexea dziɖulawo.’ (Yohanes 12:31; Efesotɔwo 6:11, 12; Yohanes I, 5:19) Le ŋusẽ si le Abosam si ta la, ete ŋu tsɔ “xexeame fiaɖuƒewo katã kple woƒe ŋutikɔkɔe” ɖo Yesu ŋkume be yeatsɔe nɛ ne ede ta agu na ye zi ɖeka pɛ ko. (Mateo 4:8, 9) Ekema eme kɔ ƒã be, ne Mawu ƒe Fiaɖuƒea ‘va’ hena nuwo ɖɔɖɔɖo le anyigba dzi la, ahe tɔtrɔ ɖedzesiwo vɛ.

Le anyigba dzi afisia la, Mawu Fiaɖuƒea ƒe ‘vava’ ahe nuɖoanyi yeye kura vɛ. Fiaɖuƒea agbã dziɖuɖu siwo katã amegbetɔwo ɖo anyi la eye wòava zu dziɖuɖu ɖeka kolia si aɖu anyigba dzi. Le ɣeyiɣi ma ke me la, amegbetɔ mawuvɔ̃la siwo dzi wòaɖu la anye “anyigba yeye.” (Petro II, 3:13; Daniel 2:44) Fiaɖuƒea aɖe nuvɔ̃ hã ɖa keŋkeŋ le amegbetɔƒome toɖolawo ŋu eye le ɣeyiɣi aɖe megbe la, wòawɔ anyigba bliboa wòazu paradiso, si awɔe be woaɖe Satana ƒe dziɖuɖu ƒe ke ɖesiaɖe ɖa.—Romatɔwo 8:20, 21; Nyaɖeɖefia 19:17-21.

Le Ƒe Akpe Ðeka la ƒe nuwuwu, ne Mesia Fiaɖuƒea wɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu si wobia tso esi de goe la, “Vi la ŋutɔ hã atsɔ eɖokui ade amesi tsɔ nuwo katã de ete la te, bene Mawu nanye wo katã le wo katã me.” (Korintotɔwo I, 15:28) Ekema dodokpɔ mamlɛa ava, esi megbe woaɖe Satana, eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo, kple amegbetɔ dzeaglã siwo wokplɔ trae la ɖa keŋkeŋ le “ku evelia” la me. (Nyaɖeɖefia 20:7-15) Le ema megbe la, nuwɔwɔ siwo katã si nunya le, le dziƒo kple anyigba dzi, atsɔ dzidzɔ abɔbɔ wo ɖokui ɖe Yehowa ƒe dziɖulanyenye si me lɔlɔ̃ le la te tegbee. Ema anye Yesu ƒe kpɔɖeŋugbedodoɖa me nyawo ƒe emevava blibo le goawo katã me.—Yohanes I, 4:8.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 3 The Bible—An American Translation, ɖe Yesu ƒe kpɔɖeŋugbedodoɖa ƒe akpa sia gɔme be, “Wò fiaɖuƒe nava! Woawɔ wò lɔlɔ̃nu le anyigba dzi kple dziƒo siaa!”—Mateo 6:10.

^ mm. 6 Apostolo Petro tsɔ amenyanya le gbɔgbɔ me sia sɔ kple “gaxɔ” me nɔnɔ. Gake menye “aʋli” si me woava tsɔ gbɔgbɔ vɔ̃ mawo aƒu gbe ɖo hena ƒe akpe ɖeka lae wòwɔnɛ o.—Petro I, 3:19, 20; Luka 8:30, 31; Nyaɖeɖefia 20:1-3.