Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Aʋawɔwɔ ƒe Nɔnɔme Trɔ

Aʋawɔwɔ ƒe Nɔnɔme Trɔ

Aʋawɔwɔ ƒe Nɔnɔme Trɔ

AƲAWƆWƆ nye ŋutasẽnuwɔna tso ɣeaɖeɣi ke. Enana asrafowo kuna eye dumevi dzrowo kpea fu ɣesiaɣi. Gake le ƒe siawo me la, aʋawɔwɔ ƒe nɔnɔme trɔ. Le mɔ ka nu?

Aʋa siwo wowɔna egbea ƒe akpa gãtɔ nyea dukɔmeviʋawo—aʋa siwo yia edzi le dukɔ ɖeka me tɔ siwo lé fu wo nɔewo dome. Eye zi geɖe la dukɔmeviʋawo nɔa anyi ɣeyiɣi didi, wonana ŋɔdzi léa dukɔmeviwo, eye wotsrɔ̃a dukɔwo gbidii wu dukɔwo dome ʋawo. Spaintɔ ŋutinyaŋlɔla Julián Casanova gblɔ be: “Dukɔmeviʋawo nye ŋutasesẽ kple ʋukɔkɔɖi nuwɔna siwo me wowua ame akpe nanewo, dɔa nyɔnuwo gbɔ sesẽe, nyaa amewo dea gbe akpasesẽtɔe le, eye le esiwo vɔ̃ɖi wu me la, wotsrɔ̃ ameƒomevi aɖewo ɖa kura.” Nyateƒee, ne amesiwo le teƒe ɖeka wɔ ŋutasẽnuwo ɖe wo nɔewo ŋu la, ate ŋu axɔ ƒe alafa geɖe hafi woaŋlɔe be.

Tso esime wowu Dukɔwo Dome Nyaʋiʋlia nu la, dukɔwo dome ʋa ʋɛ aɖewo koe asrafowo wɔ. Stockholm Dukɔwo Dome Ŋutifafa Ŋuti Numekuha ka nya ta be: “Le aʋa gã siwo katã ŋu wowɔ nuŋlɔɖi le tso ƒe 1990 va ɖo ƒe 2000 me la, wo dometɔ etɔ̃ pɛ koe nye esi wowɔ le dukɔ kple dukɔ dome.”

Ele eme baa be aʋa siwo yia edzi le dukɔmeviwo dome adze abe esi ŋu ŋɔdzi mele tututu o eye ɖewohĩ dukɔwo dome nyadzɔdzɔgblɔmɔnuwo aŋe aɖaba aƒu wo dzi hã la, vevesese kple nusiwo aʋa mawo hena vɛ la teƒe mekɔna. Ame miliɔn nanewoe ku le dukɔmeviʋawo me. Le nyateƒe me la, le ƒe blave siwo va yi me la, ame siwo de miliɔn atɔ̃ kloe ku le dukɔ etɔ̃ pɛ siwo me wowɔ aʋa le la me—Afghanistan, Democratic Republic of Congo, kple Sudan. Le Balkan-nutowo me la, aʋa dziŋɔ siwo yi edzi le gbe vovovo dolawo dome na amesiwo ade 250,000 kloe ku, eye vivimeʋa si wowɔ ɣeyiɣi didi le Colombia na ame 100,000 ku.

Aʋawɔwɔ ƒe ŋutasẽnuwɔnawo gblẽa nu le ɖeviwo koŋ ŋu wu ɖesiaɖe. Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Amedɔdɔ si Kpɔa Sitsoƒedilawo ƒe Nya Gbɔ gblɔ be le ƒe ewo siwo va yi me la, ɖevi siwo sɔ gbɔ wu miliɔn evee ku le dukɔmeviʋawo me. Wode abi miliɔn ade bubuwo ŋu. Wona ɖevi gbogbo aɖewo va le asrafowo zum. Ðevisrafo aɖe gblɔ be: “Wona hehem. Wode tu asi nam. Mezã atikevɔ̃ɖiwo. Mewu dukɔmeviwo. Mewu geɖe ŋutɔ. Aʋa koe wònye . . . Gbeɖeɖe dzie mewɔ ɖo. Menya be menyo o. Menye nye didie wònye o.”

Le dukɔ siwo me dukɔmeviʋawo va zu gbesiagbe nu le la ɖevi geɖe siwo le wo me tsina eye womenyaa ŋutifafa aɖeke o. Wova le xexe si me wogbãa sukuwo eye amewo trɔa tuwo ɖe wo nɔewo ŋu ɖe nyalélekpɔ teƒe la me. Dunja si xɔ ƒe 14 gblɔ be: “Wowu ame gbogbowo . . . Xewo ƒe hadzidzi megaɖina o, ɖe eteƒe la ɖevi siwo le wo dadawo, wo fofowo, kple wo nɔvi kukuwo fam ƒe gbeɖiɖi koe nàse.”

Nukawoe Henɛ Vɛ?

Nukawoe nana dukɔmeviʋa dziŋɔ mawo dzɔna? Gbevovodolawo dome fulélewo, subɔsubɔhawo dome nyaʋiʋliwo, madzɔmadzɔnyenye, kple dunyahehe ƒe zitɔtɔwoe nye nusiwo henɛ vɛ koŋ ƒe ɖewo. Nu bubu si koŋ gahenɛ vɛ enye ŋukeklẽ—ŋukeklẽ ɖe ŋusẽ kple ga ŋu. Enuenu la, dunyahela ŋuklẽlawoe ƒãa fuléle ɖe amewo me si dea dzo wo me ɖe aʋawɔwɔ ŋu. Nyatakaka si Stockholm Dukɔwo Dome Ŋutifafa Ŋuti Numekuha ta la gblɔ be “ɖokuitɔdidie ʋãa” ame geɖe siwo kpɔa gome le asrafoʋawo me. Nyatakakaa gagblɔ be: “Ŋukeklẽ dzena le mɔ vovovowo nu tso lotamekpesitsatsa gã si me asrafowo kple dunyahelawo kpɔa gome le dzi va ɖo sɔhɛwo ƒe kɔƒeduwo dzi dzedze kple tu dzi.”

Aʋawɔnu vɔ̃ɖi maxɔasiwo ƒe bɔbɔ ɖe afisiafi hã nana wowua ame gbogbowo. Wogblɔ be ame 500,000 lɔƒo siwo kuna ƒe sia ƒe—nyɔnuwo kple ɖeviwo koŋ—la tsoa tu suewo ƒe bɔbɔ gbɔ. Le Afrika dukɔ aɖe me la, woate ŋu atsɔ koklo ƒlega aƒle tu si woyɔna be AK-47. Ewɔ nublanui ŋutɔ be le teƒe aɖewo la tu siawo va le bɔbɔm ɖe afisiafi kloe abe aƒemelã siawo ene. Wobu akɔnta be tu miliɔn 500 ye le xexeame godoo fifia—tu 1 na ame 12 siwo le agbe.

Ðe dukɔmeviʋa vɔ̃ɖiwo ava zu nu ɖedzesi aɖe na ƒe alafa 21 lia sia? Ðe woate ŋu alé dukɔmeviʋawo nua? Ðe amewo ava dzudzɔ amewuwua? Nyati si kplɔe ɖo adzro biabia siawo me.

[Aɖaka si le axa 4]

Dukɔmeviʋa Me Tsonu Vɔ̃ɖiwo

Le dukɔmeviʋa siwo me womezã aʋawɔnu vɔ̃ɖiwo le o gake wodzia ŋɔ me la, amesiwo kuna dometɔ 90 le alafa me nyea dukɔmeviwo ke menye asrafowo o. Graça Machel, amesi nye Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe dɔdzikpɔlagã

ƒe Amedɔdɔ si Kpɔa Nusi Gblẽm Aʋawɔwɔ Le le Ðeviwo Ŋu Gbɔ, gblɔ be: “Edze ƒã be enuenu la, ɖe asrafowo ɖonɛ gblẽa nu le ɖeviwo ŋu ke menye nudogoɖenunu dzro aɖe koe o.”

Nyɔnuwo gbɔdɔdɔ sesẽ zu aʋawɔmɔnu si asrafowo zãna. Le nuto siwo me aʋawɔwɔ gblẽ nu le me la, aglãdzelawo dɔa nyɔnuvi ƒewuivi ɖesiaɖe kloe si woakpɔ le kɔƒedu ɖesiaɖe si dzi wodze la gbɔ. Taɖodzinu si nɔa ame mawo siwo dɔa ame gbɔ sesẽ sie nye be woana dzidzi naƒo amesiwo dzi wodze alo be woagblẽ ƒomekadodo me.

Dɔwuame kple dɔlélee kplɔa aʋawɔwɔ ɖo. Dukɔmeviʋawo nana womete ŋu ƒãa nu heŋea nuku boo aɖeke o, lãmesẽnyawo gbɔ kpɔƒe ʋɛ aɖewo koe wɔa dɔ ne ɖe li enye ema, eye kpekpeɖeŋu sue aɖe koe tsoa dutadukɔwo gbɔ vana na amesiwo hiãnɛ. Numekuku aɖe si wowɔ le dukɔmeviʋa aɖe si wowɔ le Afrika ŋuti ɖee fia be dɔlélee wu ame 20 le alafa me eye ame 78 le alafa me ku le dɔwuame ta. Ame 2 le alafa me koe ku tẽ le aʋawɔwɔa me.

Le mama dedie nu la, afɔ ɖoɖo tomebɔmb dzi lãa abɔ alo afɔ na amewo le miniti 22 ɖesiaɖe me. Wobu akɔnta be woɖi tomebɔmb miliɔn 60 va ɖo miliɔn 70 lɔƒo ɖe teƒeteƒewo le dukɔ siwo wu 60 me.

Wonana wòzua dzizizi na amewo be woasi le wo de. Ame miliɔn 50 ye nye sitsoƒedilawo kple amesiwo wonya de gbe le xexeame godoo fifia—amesiawo ƒe afã nye ɖeviwo.

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 2]

COVER: Boy: Photo by Chris Hondros/Getty Images

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 3]

Photo by Chris Hondros/Getty Images