Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Woatɔ Te Aʋawɔwɔ

Woatɔ Te Aʋawɔwɔ

Woatɔ Te Aʋawɔwɔ

‘Ƒe 12 viwo koe míenye. Míate ŋu awɔ naneke le dunyahenyawo kple aʋawɔwɔ ŋu o, gake míedi be míanɔ agbe! Míele mɔ kpɔm na ŋutifafa. Ðe míanɔ agbe akpɔ eteƒea?’​—Sukuvi siwo le klass atɔ̃lia

‘Míedi be míade suku, asrã mía xɔlɔ̃wo kple ƒometɔwo kpɔ eye vɔvɔ̃ megaɖo mí be woava lé mí sesẽe o. Meka ɖe edzi be dziɖuɖua atso ɖe eŋu. Míedi agbenɔnɔ si nyo wu. Míedi ŋutifafa.’​—Alhaji, si xɔ ƒe 14

NYA wɔdɔɖeamedzi siawo ɖe mɔkpɔkpɔ vevi si le sɔhɛ siwo le fu kpem ƒe geɖe le dukɔmeviʋa ta si la fia. Agbe si amesiame nɔna ko dim wole be woanɔ. Gake mele bɔbɔe be woatrɔ mɔkpɔkpɔ wòazu nu ŋutɔŋutɔ o. Ðe míanɔ agbe akpɔ xexe si me aʋawɔwɔ manɔ o teƒea?

Le ƒe ʋɛ siwo va yi me la, dukɔwo dze agbagba be yewoaƒo nya ɖe akpa eve siwo le aʋa wɔm la nu be woade asi ŋutifafanubabla te. Dukɔ aɖewo ɖo avulélawo ɖa be woakpɔ egbɔ be wowɔ ɖe nubabla mawo dzi. Gake dukɔ ʋɛ aɖewo ko sie ga le eye woadi be yewoƒe ŋku nanɔ dukɔ siwo le didiƒe tso wo gbɔ siwo me fuléle kaɖikaɖi kple makamaka ɖe ame nɔewo dzi nana wònɔa bɔbɔe be aʋa nadzɔ la ŋu. Enuenu la, ʋunyaʋunyawɔwɔ gadoa mo ɖa enumake le kwasiɖa alo ɣleti ʋɛ aɖewo le asidede ŋutifafanubabla te vɔ megbe. Stockholm Dukɔwo Dome Ŋutifafa Ŋuti Numekuha gblɔ be, “esesẽ ŋutɔ be woagbugbɔ ŋutifafa aɖo anyi ne didi kple ŋutete le aʋawɔlawo si be woayi aʋawɔwɔ dzi.”

Le ɣeyiɣi ma ke me la, aʋawɔwɔ si nu womete ŋu tsina bɔbɔe o siawo tɔgbe siwo gblẽa nu le amewo ŋu le anyigba ƒe teƒe vovovowo la ɖoa ŋku Biblia ƒe nyagblɔɖiwo dzi na Kristotɔwo. Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa ƒo nu tso ɣeyiɣi sesẽ aɖe si me kpɔɖeŋusɔdola aɖe aɖe “ŋutifafa ɖa le anyigba dzi” la ŋu. (Nyaɖeɖefia 6:4) Ɣeyiɣi sia si me aʋawɔwɔ yia edzi madzudzɔmadzudzɔe la nye dzesiƒokpli si fia be míele ɣeyiɣi si Biblia ɖɔ be “ŋkeke mamlɛawo” me la dometɔ ɖeka. * (Timoteo II, 3:1) Gake Mawu ƒe Nya la ka ɖe edzi na mí be ŋkeke mamlɛ siawoe ado ŋgɔ na ŋutifafa ƒe vava.

Biblia ɖe nu me le Psalmo 46:10 be ŋutifafa vavãtɔ bia be woatɔ te aʋawɔwɔ le anyigba blibo la katã dzi, ke menye le anyigba ƒe nuto aɖe ko me o. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, psalmo sia kee ƒo nu tẽ tso aʋawɔnu siwo nɔ anyi le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me tsɔtsrɔ̃ ŋu—dati, kple akplɔ. Ele be woaɖe aʋawɔnu siwo bɔ ɖe afisiafi egbea la ɖa nenema ke hafi amegbetɔwo nate ŋu anɔ ŋutifafa me.

Gake ne míagblɔe koŋ la, fuléle kple ŋukeklẽe hea aʋawɔwɔ vɛ ke menye tukpewo kple tuwoe o. Ŋukeklẽ alo ŋubiabiã koŋue nye nu vevitɔ si nɔa megbe na aʋawɔwɔ eye enuenu la fulélee kplɔa ame dea ʋunyaʋunyawɔwɔ me. Hafi woaɖe seselelãme baɖa siawo ɖa la, ehiã be amewo natrɔ alesi wobua tamee. Ele be woafia wo alesi woanɔ anyi le ŋutifafa mee. Eyatae blema nyagblɔɖila Yesaya gblɔ tẽ be ne amewo “magasrɔ̃ aʋawɔwɔ azɔ o” ko hafi aʋawɔwɔ maganɔ anyi o.—Yesaya 2:4.

Gake fifia la, míele xexe si me ame tsitsiwo kafua aʋawɔwɔ na ɖeviwo, ke menye viɖe siwo le ŋutifafa me nɔnɔ kple amewo o. Nublanuitɔe la, wonaa amewuwu ƒe hehe ɖeviwo gɔ̃ hã.

Wosrɔ̃ Amewuwu

Esi Alhaji xɔ ƒe 14 la, edzudzɔ asrafodɔ wɔwɔ. Ƒe ewo koe wòxɔ esime asrafohawo lée sesẽe eye wona hehee be wòatsɔ AK-47 tu awɔ aʋae. Esi wozi edzi wòzu asrafo ko la, eyi ɖanɔ nutowo dzi dzem henɔ dzo tɔm aƒewo be yeatsɔ adi nuɖuɖui. Ewua amewo hesẽa woƒe ŋutilã ƒe akpa aɖewo ɖa. Egbea la, ele sesẽm na Alhaji be wòaŋlɔ nusiwo teƒe wòkpɔ le aʋawɔwɔ me la be ahatrɔ ɖe dumevi dzro ƒe agbenɔnɔ ŋu. Abraham, amesi hã nye ɖevi si zu asrafo hã medi be yeaɖe asi le yeƒe aʋawɔnuwo ŋu o. Egblɔ be: “Ne wogblɔ nam be maɖe asi le nye tu ŋu la, nyemenya dɔ si wɔge mala o, eye nyemenya alesi mawɔ aɖu nu hã o.”

Ðevisrafo siwo wu 300,000—ŋutsuvi kple nyɔnuviwo siaa—gakpɔtɔ le aʋa wɔm hele kukum le dukɔmeviʋa siwo gbe keke eye wole nu gblẽm le míaƒe anyigba ŋu la me. Aglãdzelawo ƒe tatɔ aɖe gblɔ be: “Ðeviawo wɔna ɖe gbe dzi; wometsia dzi ɖe tɔtrɔ ayi wo srɔ̃wo alo woƒe ƒomea gbɔ ŋu o; eye ŋɔ medzia wo o.” Ke hã, ɖevi siawo di agbenɔnɔ si nyo wu ema eye wodze nɛ hã.

Nɔnɔme wɔmoya si me ɖevi siwo nye asrafowo nɔna me mekɔna na amesiwo le dukɔ deŋgɔwo me o. Togbɔ be ele nenema hã la, ɖevi siwo le dukɔ deŋgɔwo me srɔ̃a alesi woawɔ aho aʋa ɖe woa ŋutɔwo ƒe aƒe siwo me wole le dziɖeɖi me la ŋu. Le mɔ ka nu?

Le kpɔɖeŋu me, bu José si tso Spain ƒe anyieheɣedzeƒe ŋu kpɔ. Enye ƒewuivi si kpɔa dzidzɔ ɖe avuwɔɖaŋuwo ŋu. Eƒe kesinɔnu vevitɔ kekeakee nye Japantɔwo ƒe yi lɔbɔɔ aɖe si fofoa ƒle nɛ abe Kristmas ƒe nunana ene. Eye ekpɔa dzidzɔ ɖe videodzifefewo ŋu, vevietɔ esiwo me wowɔa ŋutasẽnuwo le. Le April 1, 2000 dzi la, ete fefewɔla si wòkpɔna vevie ƒe ŋutasẽnu aɖe kpɔ ŋutɔŋutɔ zi gbãtɔ le eƒe agbe me. Ewu fofoa, dadaa, kple nɔvianyɔnu kple yi si tutu fofoa ƒle nɛ ŋutasesẽtɔe. Egblɔ na kpovitɔwo be “medi be nye ɖeka ko manɔ anyi; nyemedi be dzinyelawo nanɔ diyem o.”

Esi Dave Grossman, amesi nye agbalẽŋlɔla kple asrafomegã aɖe nɔ nu ƒom tso modzakaɖeɖe siwo me ŋutasesẽnuwo nɔna ŋu la, egblɔ be: “Míele ɣeyiɣi si me amewo ƒe dzi ku atri eye wokpɔa dzidzɔ ne wole ŋutasesẽ kple funyafunya wɔm amewo abe modzakaɖenu ene me: wosea vivi esi wotsɔe be yewoƒe amewoe le nua wɔm le esi woanyɔ ŋui teƒe. Míeva le amewuwu srɔ̃m, eye míeva le alesi míalɔ̃e hã srɔ̃m.”

Alhaji kple José siaa srɔ̃ amewuwu. Menye woƒe didie wònye be woawu ame o, gake hehe ƒomevi aɖewo siwo woxɔe va trɔ alesi wobua tamee. Hehe ma—eɖanye ame tsitsi alo ɖeviwo tɔe o—ƒãa ŋutasẽnuwɔwɔ kple aʋawɔwɔ ɖe wo me.

Ŋutifafa Sɔsrɔ̃ ɖe Aʋawɔwɔ Teƒe

Manya wɔ gbeɖe be woaɖo ŋutifafa mavɔ anyi esime amewo le amewuwu srɔ̃m o. Ƒe alafa geɖe enye si va yi la, nyagblɔɖila Yesaya ŋlɔ be: “Ðe wònye ɖe nèɖo to [Mawu ƒe] seawo la, anye ne wò ŋutifafa anɔ abe tɔsisi ene, eye wò dzɔdzɔenyenye anɔ abe ƒutsotsoewo ene.” (Yesaya 48:17, 18) Ne Mawu ƒe Nya ŋuti sidzedze vavãtɔ su amewo si eye wosrɔ̃ alesi woalɔ̃ Mawu ƒe sewo la, ekema woléa fu ŋutasesẽ kple aʋawɔwɔ. Fifi laa gɔ̃ hã la, dzilawo ate ŋu akpɔ egbɔ be fefe siwo wo viwo fena medea ŋutasesẽ ƒe dzi ƒo o. Ame tsitsiwo hã ate ŋu asrɔ̃ alesi woaɖu fuléle kple ŋukeklẽ dzii. Yehowa Ðasefowo de dzesii zi geɖe be ŋusẽ le Mawu ƒe Nya la ŋu be wòatrɔ amenyenye vovovowo.—Hebritɔwo 4:12.

Bu Hortêncio ƒe kpɔɖeŋu ŋu kpɔ. Ðekakpui dzaa ko wònye esi wozi edzi be wòazu asrafo. Egblɔ be wotrɔ asi le asrafowo ƒe hehe ŋu be “wòade amewuwu ƒe didi mía me eye be amewuwu nagadzi ŋɔ na mí o.” Ewɔ aʋa le dukɔmeviʋa aɖe si meke kaba o me le Afrika. Elɔ̃ ɖe edzi be “aʋaa gblẽ nu le nye amenyenye ŋu. Megaɖoa ŋku nusianu si mewɔ dzi va ɖo egbea. Mesea veve ɖe nusi wozi dzinye mewɔ la ta.”

Esi hati asrafo aɖe ƒo nu tso Biblia ŋu na Hortêncio la, nyaa ɖo eƒe dzi gbɔ. Ŋugbe si Mawu do le Psalmo 46:10 be woaɖe aʋawɔwɔwo ɖa la wɔ dɔ ɖe edzi. Zi alesi wòyi Biblia sɔsrɔ̃ dzii la, zi nenemae megadina be yeawɔ aʋa o. Eteƒe medidi o, wonya eya kple eƒe zɔhɛ eve le asrafodɔa me, eye wotsɔ woƒe agbe ɖe adzɔgbee na Yehowa Mawu. Hortêncio gblɔ be: “Biblia me nyateƒea kpe ɖe ŋunye be malɔ̃ nye futɔwo. Meva de dzesii be nuvɔ̃ ŋutɔŋutɔ wònye wɔm menɔ ɖe Yehowa ŋu le aʋagbedzi, elabena Mawu gblɔ be míagawu mía haviwo o. Be maɖe lɔlɔ̃ sia afia amewo la, ele nam be matrɔ alesi mebua tamee eye magabu amewo nye futɔwoe o.”

Agbe me nuteƒekpɔkpɔ ŋutɔŋutɔ mawo ɖee fia be Biblia fiafiadɔ hea ŋutifafa vɛ nyateƒe. Esia mewɔ nuku o. Nyagblɔɖila Yesaya gblɔ be Mawu ƒe nufiafia do ka tẽ kple ŋutifafa. Egblɔe ɖi be: ‘Viwòwo katã anye amesiwo Yehowa fia nui, eye viwòwo ƒe ŋutifafa asɔ gbɔ.’ (Yesaya 54:13) Nyagblɔɖila ma kee kpɔ ɣeyiɣi si me amesiwo tso dukɔ vovovowo me ava ƒo zi ɖe Yehowa Mawu ƒe tadedeagu vavã ŋu be woasrɔ̃ eƒe mɔwo. Nukae ado tso eme? ‘Woatsɔ woƒe yiwo atu kodziwoe, eye woatsɔ woƒe akplɔwo atu hɛ gobɛwoe; dukɔ magatsɔ yi ɖe dukɔ ŋu azɔ o, eye womagasrɔ̃ aʋawɔwɔ hã azɔ o.’—Yesaya 2:2-4.

Le ɖekawɔwɔ me kple nyagblɔɖia la, Yehowa Ðasefowo le xexeame katã ƒe nufiafiadɔ aɖe wɔm si trɔ ame miliɔn nanewo xoxo be woaɖu fuléle si nye nusi koŋ hea aʋawɔwɔ vɛ la dzi.

Kpeɖodzi si Li be Xexeame ƒe Ŋutifafa Ava

Tsɔ kpe ɖe hehe si Mawu nana ŋu la, eɖo dziɖuɖu alo “fiaɖuƒe” aɖe anyi si ate ŋu ahe ŋutifafa ava anyigba blibo la katã dzi. Enye nusi ɖedzesi be Biblia ɖɔ Dziɖula, Yesu Kristo si Mawu tia la be enye “ŋutifafafia.” Egana kakaɖedzi mí be ‘eƒe dziɖuɖu akeke ta, eye seɖoƒe manɔe na ŋutifafa le eƒe dziɖuɖua me o.’—Yesaya 9:5, 6.

Kpeɖodzi kawoe le mía si si ɖee fia be Kristo aɖe aʋawɔwɔ ƒomevi ɖesiaɖe ɖa keŋkeŋ? Nyagblɔɖila Yesaya gagblɔ kpee be: “Yehowa Zebaot ƒe ŋuʋaʋã awɔ esia ade goe.” (Yesaya 9:6) Edzroa Mawu be wòahe ŋutifafa mavɔ vɛ eye ŋutete hã le esi be wòawɔ esia. Yesu ka ɖe ŋugbedodo sia dzi bliboe. Eyata wòfia eyomedzelawo be woado gbe ɖa abia Mawu ƒe Fiaɖuƒea be wòava eye be woawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu le anyigba dzi. (Mateo 6:9, 10) Ne woɖo gbedodoɖa ma si tso dzi blibo me ŋu mlɔeba la, ekema aʋawɔwɔ maganye kplamatsedonu le anyigba dzi akpɔ o tegbee.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 6 Ne èle kpeɖodzi siwo ɖee fia be ŋkeke mamlɛwo mee míele dim la, ekema kpɔ agbalẽ si nye Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me ƒe ta 11, si Yehowa Ðasefowo ta.

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Biblia fiafiadɔ hea ŋutifafa vavã vɛ