Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Woyram Ŋutɔ Ðe Dutanyanyuigbɔgblɔ Ƒe Gbɔgbɔ Me Léle Ðe Asi Ta

Woyram Ŋutɔ Ðe Dutanyanyuigbɔgblɔ Ƒe Gbɔgbɔ Me Léle Ðe Asi Ta

Agbemeŋutinya

Woyram Ŋutɔ Ðe Dutanyanyuigbɔgblɔ Ƒe Gbɔgbɔ Me Léle Ðe Asi Ta

ABE ALESI TOM COOKE GBLƆE ENE

Tuwo ƒe ɖiɖi na tomefafa si nɔ anyi ŋdɔ ma nu tso zi ɖeka. Tukpewo nɔ ʋɔ lum to ati siwo le míaƒe abɔa me me. Nya kae nɔ dzɔdzɔm? Mexɔ ɣeyiɣi aɖeke hafi míese be womu dziɖuɖua o eye General Idi Amin zu Uganda dziɖula le ɣeyiɣi siawo me. Ƒe 1971 mee.

NUKATAE mía kple srɔ̃nye, Ann míeʋu tso England afisi ŋutifafa aɖe le va le Afrika ƒe akpa sia si afɔku le? Ewɔ nam be esi nuteƒekpɔkpɔ dzɔa dzi nam tae, gake dzinyelawo ƒe kpɔɖeŋu si woɖo le Fiaɖuƒesubɔsubɔdɔa wɔwɔ me dzonɔamemetɔe koŋue nyɔ dutanyanyuigbɔgblɔ ƒe gbɔgbɔ ɖe menye.

Meɖo ŋku August 1946 ƒe ŋkeke ma si yame xɔ dzo si Yehowa Ðasefowo do go dzinyelawo zi gbãtɔ la dzi. Wonɔ tsitre ɖe ʋɔtrua nu ɖo dze kple amedzro eveawo ɣeyiɣi didi aɖe. Amedzroawo, Fraser Bradbury kple Mamie Shreve trɔ va zi geɖe, eye le ɣleti siwo kplɔe ɖo me la, míaƒe ƒomegbenɔnɔ trɔ zi ɖeka.

Dzinyelawo ƒe Kpɔɖeŋu Dedziƒonamea

Dzinyelawo kpɔa gome le dudɔ geɖewo wɔwɔ me. Le kpɔɖeŋu me, le ɣeyiɣi si do ŋgɔ na woƒe Biblia sɔsrɔ̃ gɔmedzedze teti me la, míetsɔ Winston Churchill ƒe nɔnɔmetatawo ɖo atsyɔ̃e na míaƒe aƒea. Le dumegã tiatia ƒe wɔnawo me le aʋaa megbe la, míaƒe aƒea va nye afisi Conservative Party Committee tɔwo kpea ta le. Míaƒe ƒomea bɔa ha kple subɔsubɔhakplɔlawo kple dumegãwo. Togbɔ be ƒe asieke koe mexɔ ɣemaɣi hã la, mekpɔe be míaƒe ƒometɔwo ɖi vo esi wose be míele Yehowa Ðasefowo zum.

Luʋɔ blibo kple dzinɔameƒo ƒe kpɔɖeŋu si Dasefo siwo míedea ha kplii ɖe fia la ʋã dzinyelawo be woado vevie nu le gbeƒãɖeɖedɔa me. Eteƒe medidi o fofonye te mawunyagbɔgblɔ le nuƒomɔ̃ dzi le míaƒe kɔƒe Spondon ƒe asi gã me, eye mí ɖeviawo míetsia tre ɖe afisi woate ŋu akpɔ mí le hetsɔ Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! ɖe asi nɔa amewo fiam. Mato nyateƒe be ne nye sukuhatiwo gogom la, ewɔna nam abe mabu vĩ zi ɖeka ene.

Dzinyelawo ƒe kpɔɖeŋua ʋã daanye, Daphne be wòdze mɔɖeɖedɔa wɔwɔ gɔme. Ede Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe Gilead Biblia Suku le ƒe 1955 me eye woɖoe ɖe Japan be wòaɖawɔ dutanyanyuigbɔgblɔdɔa. * Gake nɔvinyenyɔnu sue, Zoe dzudzɔ Yehowa subɔsubɔ.

Le ɣeyiɣi siawo me la, mewu suku si mesrɔ̃ nutata le la nu. Le ŋkeke mawo me la nu sesẽ aɖe si wobia tso sukuviwo si enye be ele be woawɔ asrafodɔ ɣeyiɣi aɖe na dukɔa ne wowu suku nu. Esi megblɔ na wo be nye dzitsinya meɖe mɔ nam be mawɔe o la, wobui fefenyae. Nya sia na mɔnukpɔkpɔm mete ŋu dzro Biblia me nya geɖe me kple sukuviawo dometɔ aɖewo. Eteƒe medidi o wohe to nam be maɖanɔ gaxɔ me ɣleti 12 le esi megbe asrafodɔ wɔwɔ ta. Sukuviawo dometɔ ɖeka si nɔ nutata ƒe kɔledzia dem si ɖe ɖetsɔleme fia ɖe Biblia me gbedasia ŋu la va zu srɔ̃nye. Gake mana Ann ŋutɔ nagblɔ alesi wòva srɔ̃ nyateƒeae na wò.

Alesi Ann Ke Ðe Nyateƒea Ŋu

“Nye ƒometɔwo menye mawusubɔlawo o, eye nyemexɔ nyɔnyrɔ le subɔsubɔha aɖeke me kpɔ o. Gake medina be manya nu tso mawusubɔsubɔ ŋu eye medea sɔleme ɖesiaɖe si xɔ̃nyewo ayi. Numedzodzro wɔdɔɖeamedzi si Tom kple Ðasefo bubu aɖe wɔ kple sukuvi bubuwo le kɔledzia mese la nyɔ ɖetsɔtsɔ le Biblia me ɖe menye. Esime wolé Tom kple Ðasefo bubu la de gaxɔ me ɖe asrafodɔ gbegbe ta la, ewɔ nuku nam ŋutɔ.

“Meyi edzi nɔ agbalẽ ŋlɔm na Tom esime wònɔ gaxɔ me wònɔ eŋu ɖom, eye nye ɖetsɔtsɔ le Biblia me dzi ɖe edzi. Esi meʋu yi London be mayi nye agbalẽsɔsrɔ̃ dzi la, meva lɔ̃ be Muriel Albrecht nasrɔ̃ Biblia kplim. Muriel wɔ dutanyanyuigbɔgblɔdɔ le Estonia, eye woa kple dadaa siaa nye amesiwo gbɔ mekpɔ dzideƒoname geɖe tsoe. Le kwasiɖa ʋɛ aɖewo me la, mete kpekpewo dede eye menɔa tsitre ɖe Victoria Station nɔa Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! nam.

“Menɔ Southwark Hamea me le London ƒe anyiehe. Gbɔgbɔ me nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo tso dukɔ vovovowo me ye nɔ eme, eye ŋutilãmenu boo aɖeke menɔ wo dometɔ geɖe si o. Togbɔ be menye amedzro hã la, wowɔ nu ɖe ŋunye abe wo nɔvi ene. Lɔlɔ̃ si nɔ hame ma me koŋue na kakaɖedzim be nyateƒeae nye esia, eye mexɔ nyɔnyrɔ le ƒe 1960 me.”

Taɖodzinu Ðeka—Nɔnɔme Vovovowo

Mía kple Ann míeɖe mía nɔewo emegbe le ƒe 1960 me, eye míeɖoe be míaƒo mía ɖokui ɖe dutanyanyuigbɔgblɔdɔa me. Gake nɔnɔmeawo va trɔ na mí esi míeva kpɔe be vi aɖo mía si kpuie. Esime míedzi mía vinyɔnu Sara megbe la, mía kple Ann míedi kokoko be míasubɔ le afisi Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo hiã le wu. Menɔ dɔ dim le dukɔ vovovowo me, eye mlɔeba, le May 1966 me la, mexɔ agbalẽ aɖe tso Sukunyawo Dzikpɔƒe gbɔ le Uganda be wokpɔ dɔ nam. Gake le ɣeyiɣi sia me la, mía vi evelia ƒe fu nɔ Ann ƒo. Ame aɖewo megaka ɖe edzi be nunya anɔ eme be míaʋu ayi gɔ̃ hã o. Míegblɔe na míaƒe ɖɔkta, eye wògblɔ be: “Ne miayi la, mele be fua naxɔ ɣleti adre hafi miaɖo yameʋu o.” Eyata míedze Uganda mɔ enumake. Esia wɔe be mía dzilawo mekpɔ mía vi evelia, Rachel o vaseɖe esime wòxɔ ƒe eve. Fifia si mía ŋutɔwo míeva zu tɔgbui kple mama yɔviwo xɔlawo la, míekpɔ ŋudzedze ɖe alesi gbegbe mía dzila lɔlɔ̃awo tsɔ wo ɖokui sa vɔe ɖe mía ta ŋu ŋutɔ.

Uganda ɖoɖo le ƒe 1966 me do dzidzɔ na mí eye wòdo ŋɔdzi hã na mí. Alesi nuwo ƒe amadede nya kpɔe esime míedo tso yameʋua me la wɔ dɔ ɖe mía dzi enumake. Wonya kpɔ ŋutɔ. Míaƒe aƒe gbãtɔa te ɖe du sue aɖe si woyɔna be Iganga ŋu, eye Iganga hã didi kilometa 50 tso Jinja, si nye du aɖe si le Nil-tɔsisia ƒe dzɔƒe la gbɔ. Ðasefo siwo te ɖe mía ŋu nye ƒuƒoƒo aɖe si sa ɖe aga le Jinja. Dutanyanyuigblɔla Gilbert kple Joan Walters kpakple Stephen kple Barbara Hardy nye amesiwo kpɔa ƒuƒoƒoa dzi. Meŋlɔ agbalẽ bia be woaɖem ayi Jinja mayi nye dɔwɔɖui dzi le afima ale be mate ŋu akpe ɖe ƒuƒoƒo sia me tɔwo ŋu nyuie wu. Le Rachel dzidzi megbe kpuie la, míeʋu yi Jinja. Dzi dzɔ mí le afima be míekpe ɖe Ðasefo wɔnuteƒewo ƒe ƒuƒoƒo sue la ŋu wòtsi va zu hame evelia le Uganda.

Subɔsubɔ abe Ƒome ene le Dutanyigba Dzi

Mía kple Ann míese le mía ɖokui me be nuto nyuitɔ kekeakee nye ma míetia na mía viwo nyinyi. Enye dzidzɔ na mí be míewɔ dɔ kple dutanyanyuigblɔla siwo tso dukɔ vovovowo me eye be míete ŋu kpe ɖe hame yeyea ŋu wòtsi. Míelɔ̃ hadede kple nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu Ugandatɔ siwo va srãa mí kpɔna le aƒeme edziedzi la. Stanley kple Esinala Makumba ƒe nuwɔnawo koŋue de dzi ƒo na mí.

Gake menye nɔviawo koe va srãa mí kpɔna o elabena gbemelã klitsuwo hã ƒo xlã mí. Tɔmenyiwo dona tsoa Nil-tɔsisia me le zã me vaa míaƒe aƒe gbɔ tututu. Meɖo ŋku ɣeaɖeɣi si me ʋɔ aɖe si didi meta ade va míaƒe agble me la dzi nyuie. Ɣeaɖewoɣi la, míezɔa mɔ yia gbemelãwo kpɔƒe, afisi dzatawo kple gbemelã bubuwo tsana le ablɔɖe me le.

Le gbea dzi la, míezu nukpɔkpɔ na afimatɔ siwo mekpɔ vidzĩkeke kpɔ o. Ne míetso le aƒeme yina aƒe bubu me zi geɖe la, ɖeviwo kplɔa mí ɖo. Amewo léa ŋku ɖe mía ŋu bubutɔe hekaa asi yevuvi la ŋu. Ðaseɖiɖi vivina ŋutɔ elabena ameawo bua ame ŋu ŋutɔ. Míesusu be wo katã gbɔna nyateƒea xɔ ge, elabena Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔmedzedze kpli wo nɔa bɔbɔe ŋutɔ. Ke hã, esesẽ na wo dometɔ geɖe be woaɖe asi le kɔnu siwo mewɔ ɖeka kple Ŋɔŋlɔawo o ŋu. Gake wo dometɔ geɖe ŋutɔ wɔ ɖe Biblia ƒe agbenɔnɔ ƒe dzidzenu kɔkɔawo dzi, eye hame la dzi ɖe edzi. Míaƒe nutome sue takpekpe gbãtɔ si míewɔ le Jinja le ƒe 1968 me ɖe dzesi ŋutɔ. Míeɖoa ŋku amesiwo míesrɔ̃ Biblia kplii woxɔ nyɔnyrɔ le Nil-tɔsisia me dzi kple dzidzɔ. Gake eteƒe madidi o míaƒe ŋutifafa me agblẽ.

Mɔxeɖenua​—Xɔse ƒe Dodokpɔ Kple Aɖaŋudzedze

Le ƒe 1971 me la, General Idi Amin mu dziɖuɖu si nɔ anyi la. Zitɔtɔ gã aɖe ɖo Jinja, eye míenɔ ti nom le míaƒe abɔa me esime nya si megblɔ le gɔmedzedzea la dzɔ. Le ƒe si kplɔe ɖo me la, wonya Asiatɔ gbogbo siwo nɔ afima. Amedzro geɖewo tiae be yewoadzo, eye amewo kpe fu vevie le sukudede kple dɔnɔkɔdzi nyawo me ŋutɔ. Emegbe woɖe gbeƒã kã be woxe mɔ ɖe Yehowa Ðasefowo nu. Esi Sukudede Dzikpɔƒea tsi dzi ɖe míaƒe dedienɔnɔ ŋu ta la, woɖe mí yi fiadua si nye Kampala me. Ʋuʋu sia ɖe vi na mí le mɔ eve nu. Womenya mí tututu le Kampala o eyata míete ŋu yina gbɔna le ablɔɖe me. Dɔ geɖe hã nɔ anyi woawɔ le hamea me kple le gbeadzi siaa.

Mía kple Brian kple Marion Wallace kpakple wo vi eveawo nɔ nɔnɔme ɖeka tɔgbe me, eye woawo hã tiae be yewoanɔ Uganda. Míekpɔ dzidzɔ le anyinɔnɔ kpli wo me esime míesubɔ ɖekae le Kampala Hamea me le ɣeyiɣi sesẽ siawo me. Nudzɔdzɔ siwo míexlẽ tso mía nɔvi siwo le subɔsubɔm le mɔxeɖenu te le du bubuwo me ŋu la va zu dzideƒo tɔxɛ na mí. Míekpena le ƒuƒoƒo suewo me, eye zi ɖeka le ɣletia me la, míeƒoa ƒu le agbɔsɔsɔ gã me le Entebbe Botanical Gardens, abe kplɔ̃ɖoɖo aɖe mee míele gome kpɔm le ene. Mía viwo kpɔe be enye susu nyui aɖe ŋutɔ.

Ele na mí be míaɖɔ ŋu ɖo le alesi míele gbeƒãɖeɖedɔa wɔmee ŋu. Ŋku ate ŋu anɔ yevu siwo yiaa Ugandatɔwo ƒe aƒewo me ŋu bɔbɔe. Eyata fiasewo, aƒe gãwo, kple hehenaƒe aɖewo va zu míaƒe anyigbamamawo. Mɔnu ɖeka si mezãna le fiasewo me enye be mabia nane si menya be megali o la ta, abe sukli alo mɔli ene. Ne fiasetɔa fa konyi le nusi le dzɔdzɔm le dukɔa me ta la, ke meƒoa nu tso Fiaɖuƒegbedasia ŋu nɛ. Mɔnu sia ɖe vi ŋutɔ. Ɣeaɖewoɣi ne megatrɔ yi fiasea me va yi dzeɖoɖoa dzi megbe la, mekpɔa nuhiãhiã siwo nɔ vevem la ƒlena tsɔ dzonae.

Le esia katã me la, ʋunyaʋunya nɔ edzi yim le afisiafi. Esi ƒomedodo si nɔ Uganda kple Britain dome gagblẽ ɖe edzi ta la, dziɖuɖumegãwo megawɔ nye dɔwɔɖoɖoa yeyee nam o. Eyata le Uganda nɔnɔ ƒe enyi megbe, le 1974 me la, ɣeyiɣia de na míawo hã azɔ be mía nɔviawo natsɔ blanuiléle ado hedenyuie na mí. Gake dutanyanyuigbɔgblɔ ƒe dzo si le mía me nu metsi o.

Míeʋu Yi New Guinea

Le January 1975 me la, míezã mɔnukpɔkpɔ si ʋu ɖi na mí la yi ɖawɔ dɔ le Papua New Guinea. Aleae míaƒe subɔsubɔdɔ si míewɔ le Pacific nuto sia me dzidzɔtɔe ƒe enyi la dze egɔmee. Nu nyui kple viɖe geɖe do tso anyinɔnɔ kple nɔviawo kpakple dɔwɔwɔ kpli wo le subɔsubɔdɔa me la me.

Míaƒe ƒomea ɖoa ŋku míaƒe anyinɔnɔ le Papua New Guinea dzi le dramawo koŋ ta—Biblia me dramawoe mewɔnɛ. Ƒe sia ƒe la míekpea asi ɖe dzadzraɖo ɖe nutome gã takpekpe me dramawo ŋu, eye enye dzidzɔɣi ale gbegbe! Dzi dzɔ mí le anyinɔnɔ kple ƒome geɖe siwo tsɔ ɖe le gbɔgbɔmenuwo me me, eye esia kpɔ ŋusẽ nyui ɖe mía vinyɔnuviawo dzi. Mía vinyɔnu tsitsitɔ, Sara ɖe mɔɖela vevi si ŋkɔe nye Ray Smith, eye woa kpli siaa subɔ abe mɔɖela veviwo ene le afisi te ɖe Irian Jaya (si nye Papua fifia, le Indonesia nuto me) ƒe liƒo ŋu. Wonɔ bexɔ aɖe me le kɔƒea me, eye Sara gblɔ be ɣeyiɣi si yezã le dɔ sia wɔwɔ me nye hehexɔɣi nyui aɖe na ye.

Tɔtrɔ ɖe Nɔnɔme Siwo Nɔ Tɔtrɔm Ŋu

Le ɣeyiɣi siawo me la, dzinyelawo hiã na dzikpɔkpɔ geɖe wu. Be dzinyelawo nana míatrɔ yi England teƒe la, wolɔ̃ be yewoava nɔ mía gbɔ boŋ, eye mí katã míeʋu yi Australia le ƒe 1983 me. Wonɔ nɔvinyenyɔnu Daphne, si kpɔtɔ nɔ Japan hã gbɔ ɣeyiɣi aɖe. Esi dzinyelawo va ku emegbe la, mía kple Ann míeɖoe be míaƒo mía ɖokui ɖe gbesiagbe mɔɖeɖedɔa me, eye esia na mɔnukpɔkpɔ si mevɔ̃na na vie la su asinye.

Míedze mɔɖeɖedɔa wɔwɔ gɔme eteƒe medidi o ko woyɔ mí be míava wɔ nutome sue dzikpɔkpɔdɔ. Tso keke nye ɖevime ke la, mebua nutome sue dzikpɔla ƒe sasrãkpɔ ɣeyiɣi tɔxɛe. Fifia mezu nutome sue dzikpɔla. Enye dɔ sesẽtɔ kekeake míewɔ kpɔ le míaƒe agbe me, gake enuenu la, Yehowa kpena ɖe mía ŋu le mɔ aɖewo siwo teƒe míekpɔ kpɔ o nu.

Esi Nɔviŋutsu Theodore Jaracz va srã Australia alɔdzedɔwɔƒea kpɔ le ƒe 1990 me la, míebiae ne wòagblɔ eƒe susu na mí nenye be ekpɔ be míetsi akpa asubɔ abe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔlawo ene le duta. Ebia be: “Aleke miekpɔ le Solomon Islands yiyi ŋu?” Eyata mlɔeba la esi mía kple Ann míenɔ míaƒe ƒe 50-awo me la, míeɖo ta afisi míava wɔ míaƒe dutanyanyuigbɔgblɔdɔ gbãtɔ si wode asi na mí le le ɖoɖoa nu.

Subɔsubɔ le “Ƒukpo Dodzidzɔnameawo Dzi”

Wonya Solomon Islands be wonye Ƒukpo Dodzidzɔnamewo, eye míaƒe subɔsubɔ le afisia ƒe ewo kple edzivɔ nye dzidzɔɣi nyateƒe. Mía kple Ann míeva kpɔ alesi nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo le Solomon Islands nyoa dɔmee esi menɔ nutome gã dzikpɔkpɔdɔa wɔm. Amedzro si wowɔ na mí la wɔ dɔ ɖe mía dzi ŋutɔ, eye amesiame gbɔa dzi ɖi ne mele agbagba dzem be maɖe nu me na wo le afima ƒe gbe si nye Solomon Islands tɔwo ƒe Pidgingbe—si nye xexeame ƒe gbegbɔgblɔ si si nyagbewo mele fũ o la dometɔ ɖeka—si mesusuna be menɔ dodom kpem la me.

Esi míenya ɖo Solomon Islands megbe kpuie la, tsitretsiɖeŋulawo dze agbagba be yewoaxe mɔ ɖe míaƒe Takpexɔ zazã nu. Anglikan sɔlemeha tsɔ nya ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu be míaƒe Takpexɔ yeye si wotu le Honiara ge ɖe yewoƒe anyigba me. Esi dziɖuɖua de wo dzi ta la, míegbugbɔ tsɔ nyaa yi Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ. Nyagbugbɔgadrɔ̃a me tsonue afia ne wòahiã be míakaka míaƒe Takpexɔ yeye si me ame 1,200 ate ŋu anɔ la.

Wohe nyaa le ʋɔnudrɔ̃ƒea kwasiɖa blibo. Dada gbɔgbɔ aɖe ɖo woƒe senyalaa me esime wòte nya si wotsɔ ɖe mía ŋu la gbɔgblɔ. Emegbe míaƒe senyala, Nɔviŋutsu Warren Cathcart si tso New Zealand, tsɔ numeɖeɖe siwo ɖea kpe vevie ɖe nyateƒea ɖe go tsɔ te fli ɖe tsitretsiɖeŋulawo ƒe nyawo me. Kaka Fiɖa naɖo la, ʋɔnudrɔ̃nya dodzidzɔnamea kaka de didiƒe, eye sɔlememegãwo, dziɖuɖumegãwo, kple mía nɔvi Kristotɔwo va ɖi anyi ɖe ʋɔnudrɔ̃ƒea. Meɖo ŋku vodada si ʋɔnudrɔ̃lawo wɔ le agbalẽ dzi la dzi. Exlẽ be: “Solomon Islands Dziɖuɖua kpakple Melanesia Sɔlemeha la kpe kple Yehowa.” Míeɖu dzi.

Ke hã, tomefafa si nɔ Ƒukpo Dodzidzɔnamea dzi la menɔ anyi didi o. Mía kple Ann míegakpɔ mía ɖokuiwo le asrafo dziɖuɖumulawo ƒe ʋunyaʋunya kple ŋutasẽnu wɔwɔ me ake. Gbevovodolawo dome masɔmasɔ he dukɔmeviʋa vɛ. Le June 5, 2000 dzi la, womu dziɖuɖua ƒu anyi eye avuwɔha siwo lé lãnuwo ɖe asi la xɔ dugã la. Míaƒe Takpexɔa va nye afisi amesiwo wonya de gbe la va nɔ kwasiɖa aɖewo. Ewɔ nuku na dziɖuɖumegãwo be mía nɔvi Kristotɔ siwo tso gbevovodola akpa evea siaa me nɔ Takpexɔa me le ŋutifafa me. Ðaseɖiɖi nyui ŋutɔ aɖee wònye!

Avuwɔha la gɔ̃ hã de bubu Yehowa Ðasefowo ƒe akpaɖekedzimademade ŋu. Esia na be míete ŋu ɖe kuku na asrafomegã ɖeka be wòaɖe mɔ woatsɔ agbatsɔʋu si me agbalẽ kple nuhiahiã bubuwo le la ayi na nɔvi siwo xaxa ɖe asrafo akpa kemɛ tɔwo gbɔ. Esi míeke ɖe ƒome siwo klã ɖa tso mía gbɔ ɣleti aɖewo ŋu la, aɖatsi yɔ amesiame ƒe ŋku dzi.

Nu Geɖewo Li si Ta Míada Akpe Ðo

Ne míebu alesi míaƒe agbenɔnɔ yii le Yehowa subɔsubɔ me ŋu la, nu geɖe li si ta míada akpe ɖo. Abe dzilawo ene la, míekpɔ dzidzɔ be mía vinyɔnuwo kple wo srɔ̃wo, Ray kple John yi edzi le Yehowa subɔm nuteƒewɔwɔtɔe. Wokpe ɖe mía ŋu ŋutɔ le míaƒe dutanyanyuigbɔgblɔdɔa me.

Ƒe 12 enye esia si mɔnukpɔkpɔ su mía kple Ann si míele subɔsubɔm le Solomon Islands ƒe alɔdzedɔwɔƒea, eye le ɣeyiɣi siawo me la, míekpɔ Fiaɖuƒegbeƒãɖela siwo le Solomon Islands dzi ɖe edzi zi gbɔ zi eve, ɖo ame 1,800 kple edzivɔwo. Mɔnukpɔkpɔ bubu gasu asinye nyitsɔ laa be mede Alɔdzekɔmitimetɔwo ƒe Suku le Patterson, New York. Nyateƒee, míekpɔ viɖe kple yayra geɖe le agbe me le dutanyanyuigbɔgblɔ ƒe dzo si nɔ mía me léle ɖe asi ta.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 10 Kpɔ nyati si nye “We Did Not Procrastinate” (Míehe Megbelele O) si dze le Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ, January 15, 1977 me.

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Le míaƒe Srɔ̃kpegbe dzi, 1960

[Nɔnɔmetata si le axa 24]

Le Uganda, Stanley kple Esinala Makumba nye amesiwo gbɔ míekpɔ dzideƒo geɖe tsoe

[Nɔnɔmetata si le axa 24]

Sara yina ɖe aƒelika aɖe ƒe agbadɔ me

[Nɔnɔmetata si le axa 25]

Metaa nu be wòakpe ɖe ŋunye mate ŋu afia nu Solomon Islands tɔwo

[Nɔnɔmetata si le axa 25]

Kpekpewo dede le saɖeaga hame aɖe si le Solomon Islands me

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Míaƒe ƒomea egbea