Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ŋugbedodo Siwo Dzi Nàte Ŋu Aka Ðo

Ŋugbedodo Siwo Dzi Nàte Ŋu Aka Ðo

Ŋugbedodo Siwo Dzi Nàte Ŋu Aka Ðo

MAWU ƒe nyagblɔɖila Mixa nyae be zi geɖe la kakaɖedzi meva nɔa ŋugbedodowo ŋu o. Le eƒe ŋkekea me la, womate ŋu aka ɖe xɔlɔ̃ vevitɔwo kekeake gɔ̃ hã dzi be woawɔ ɖe woƒe ŋugbedodowo dzi ɣesiaɣi o. Eyata Mixa xlɔ̃ nu be: “Migaxɔ miaƒe zɔhɛ dzi se o, eye migaɖo dzi ɖe mia xɔlɔ̃ kutsimea ŋu o; kpɔ wò aɖe dzi le nyɔnu, si le akɔwònu la gbɔ.”—Mixa 7:5.

Ðe nɔnɔme wɔnublanui sia na Mixa ke ɖi ŋugbedodo ɖesiaɖea? Ao! Eka ɖe eƒe Mawu, Yehowa ƒe ŋugbedodowo dzi bliboe. Mixa ŋlɔ bena: “Ke nye la matsa ŋu na Yehowa, eye makpɔ Mawu, nye xɔnametɔ sinu.”—Mixa 7:7.

Nukatae kakaɖedzi nɔ Mixa si alea? Elabena enya be Yehowa wɔna ɖe eƒe ŋugbedodowo dzi ɣesiaɣi. Nya siwo katã ŋu Yehowa ka atam le na Mixa tɔgbuiawo la va eme. (Mixa 7:20) Yehowa ƒe nuteƒewɔwɔ le ɣeyiɣi siwo va yi me la na Mixa ka ɖe edzi vevie be awɔ ɖe Eƒe nya dzi le etsɔ si gbɔna me.

‘Nya Aɖeke Meto le Eme O’

Le kpɔɖeŋu me, Mixa nyae be Yehowa ɖe Israel-viwo tso kluvinyenye me le Egipte. (Mixa 7:15) Yosua si kpɔ ɖeɖe ma teƒe la, de dzi ƒo na etɔ Israel-viwo be woaxɔ Mawu ƒe ŋugbedodowo katã dzi ase. Ðe susu ka ta? Yosua ɖo ŋku edzi na wo be: “Miawo mienyae tso dzi blibo kple luʋɔ blibo me bena, nya aɖeke meto le nya nyui, siwo katã Yehowa, mia Mawu la, gblɔ na mi la me o, wo katã va me na mi, eye nya ku ɖeka hɔ̃ hã meto le eme o.”—Yosua 23:14.

Israel-viwo nyae nyuie be Yehowa wɔ nukunu geɖe na yewo. Ewɔ ɖe ŋugbe si wòdo na wo tɔgbui mawuvɔ̃la Abraham be yeana eƒe dzidzimeviwo nasɔ gbɔ abe ɣletiviwo ene eye yeana woaxɔ Kanaan-nyigba la dzi. Yehowa gagblɔ na Abraham be woate eƒe dzidzimeviwo ɖe anyi ƒe 400 gake woagatrɔ ava Kanaan le “dzidzime enelia” ŋɔli. Nya siawo katã va eme.—Mose I, 15:5-16; Mose II, 3:6-8.

Woxɔ Israel-viwo nyuie le Egypte le Yakob ƒe vi Yosef ŋɔli. Emegbe Egiptetɔwo zi wo dzi ŋutasesẽtɔe eye wona wowɔ kluvidɔ na wo, gake abe alesi Mawu do ŋugbee ene la, le dzidzime ene siwo kplɔ wo nɔewo ɖo tso esime woge ɖe Egipte megbe la, wova ɖe Abraham ƒe dzidzimevi siawo tso Egipte ƒe kluvinyenye me. *

Le ƒe 40 siwo kplɔe ɖo me la, Israel-viwo gakpɔ kpeɖodzi bubu si fia be Yehowa wɔna ɖe eƒe nyawo dzi. Esime Amalekitɔwo dze Israel-viwo dzi madzemadzee la, Mawu wɔ aʋa na eƒe dukɔa eye wòkpɔ wo ta. Ekpɔ woƒe ŋutilãmenuhiahiãwo katã gbɔ na wo le woƒe gbedzimɔzɔzɔ ƒe 40 la me hekplɔ wo va ɖo Ŋugbedodonyigbaa dzi mlɔeba. Esime Yosua nɔ alesi Yehowa wɔ nu ɖe Abraham ƒe dzidzimevi siawo ŋu me dzrom la, ete ŋu gblɔ kple dzideƒo be: “Nya aɖeke meto le nya nyui, siwo katã Yehowa gblɔ na Israel ƒe aƒe la me o, wo katã va eme pɛpɛpɛ.”—Yosua 21:45.

Tu Kaka Ðe Mawu ƒe Ŋugbedodowo Dzi Ðo

Aleke nàte ŋu atu Yehowa ƒe ŋugbedodowo dzixɔse ɖoe abe alesi Mixa kple Yosua wɔe ene? Enyo, aleke nèwɔ va ka ɖe ame bubuwo dzi? Èdzea agbagba nyaa nu geɖe tso wo ŋu alesi nàte ŋui. Le kpɔɖeŋu me, àva nya alesi nàte ŋu aka ɖe wo dzii to ŋkuléle ɖe alesi wodzea agbagba be yewoawɔ ɖe yewoƒe nyawo dzi nuteƒewɔwɔtɔe me. Ne èva le amesiawo nyam ɖe edzi la èva nɔa kakam ɖe wo dzi vivivi. Àte ŋu awɔe alea ke ne èle Mawu ƒe ŋugbedodowo dzixɔse tum ɖo.

Mɔ ɖeka si dzi nàte ŋu ato awɔ esia enye ŋugbledede le nuwɔwɔwo kple se siwo le wo kplɔm ŋu. Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo ka ɖe se siawo dzi, siwo ƒe ɖe enye esi fiaa mɔ alesi lãmenugbagbevi ɖeka ama adzi ɖe edzi ava zu lãmenugbagbevi triliɔn gbogbo si va zua amegbetɔ la. Le nyateƒe me la, Sewɔla si dzi woate ŋu aka ɖo bliboe koe anya wɔ se siwo fia mɔ nuwo kple ŋusẽwo ƒe dɔwɔwɔ le xexe bliboa me. Ðikekemanɔmee la àte ŋu aka ɖe eƒe ŋugbedodowo dzi abe alesi nèkana ɖe se siwo kplɔa eƒe nuwɔwɔwo dzii ene.—Psalmo 139:14-16; Yesaya 40:26; Hebritɔwo 3:4.

To nyagblɔɖila Yesaya si nye Mixa ŋɔlimetɔ dzi la, Yehowa zã alesi azãgbewo nu metsina o kple alesi tsidzadza wɔ nukui la tsɔ wɔ kakaɖedzi si le eƒe nyaa ŋu ƒe kpɔɖeŋui. Ƒe sia ƒe la tsi dzana. Tsi ɖoa anyigba eye wòwɔnɛ be amewo te ŋu ƒãa nukuwo heŋea wo. Yehowa gblɔ le go sia me be: “Alesi tsidzadza kple sno dzana tso dziƒo, eye megagbugbɔna yina o, ke boŋ wòdea tsi anyigba wònana wòmiea nu heʋãa nu, eye wònaa nuku nuƒãla kple abolo, ne woaɖu la, nenema ke nye nya, si do tso nye nu me la anɔ: Magbugbɔ va gbɔnye ƒuƒlu o, negbe ɖeko wòawɔ nye lɔlɔ̃nu, eye wòawɔ nusi gbe meɖoe ɖo la hafi.”—Yesaya 55:10, 11.

Paradiso ƒe Ŋugbedodo Siwo ŋu Kakaɖedzi Le

Ŋkuléle ɖe nuwɔwɔwo ŋu ate ŋu ana nàka ɖe Wɔla la dzi, gake nu bubu aɖe gahiã ne èdi be yeanya nu tso ŋugbedodo siwo nye “nya, si do tso [eƒe] nu me” ƒe akpa aɖe ŋu. Be nàte ŋu anya nu ku ɖe ŋugbedodo siawo ŋu ahaka ɖe wo dzi la, ele na wò be nàdzro Ŋɔŋlɔawo me nuŋlɔɖi siwo ku ɖe Mawu ƒe tameɖoɖo le anyigba kple eƒe nuwɔwɔ ɖe ameƒomea ŋu si tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me la me.—Timoteo II, 3:14-17.

Nyagblɔɖila Mixa ka ɖe Yehowa ƒe ŋugbedodowo dzi. Wò asi ate ŋu asu Mawu ƒe nya si tso gbɔgbɔ me geɖe dzi wu Mixa gɔ̃ hã. Ne èle Biblia xlẽm hele ŋugble dem tso eŋu la, wò hã àte ŋu atu Mawu ƒe ŋugbedodo ƒe emevava ŋuti dzixɔse ɖo. Ŋugbedodo siawo melɔ Abraham ƒe dzidzimeviwo ko ɖe eme o ke elɔ ameƒomea katã hã ɖe eme. Yehowa do ŋugbe na blemafofo mawuvɔ̃la sia be: ‘To wò dzidzimevi me woayra anyigba dzi dukɔwo katã le, elabena èɖo to nye gbe.’ (Mose I, 22:18) Abraham ƒe ‘dzidzimevia’ koŋ enye Yesu Kristo Mesia la.—Galatiatɔwo 3:16.

Yehowa ato Yesu Kristo dzi akpɔ egbɔ be woyra ameƒomea me tɔ toɖolawo. Eye nuka ƒe ŋugbee Mawu do be yeawɔ le míaƒe ŋkekea me? Mixa 4:1, 2 ɖo eŋu le nyagblɔɖinya siawo me be: “Eye wòava me le ŋkeke mlɔeawo me be, Yehowa ƒe aƒe ƒe to la akɔ ta agbɔ towo ŋu, eye wòaƒo togbɛwo ta, eye anyigba dzi dukɔwo aƒo zi ɖe eŋu. Eye dukɔ geɖewo atso agblɔ bena: ‘Mina míayi Yehowa ƒe to la kple Yakob ƒe Mawu la ƒe aƒe la gbɔ, ne wòafia nu mí, eye míazɔ eƒe toƒewo!’”

Amesiwo srɔ̃ nu tso Yehowa ƒe mɔwo ŋu ‘tsɔ woƒe yiwo tu agblenuwoe, eye wotsɔ woƒe akplɔwo tu hɛ gobɛwoe.’ Aʋawɔwɔ ƒe tameɖoɖo ɖesiaɖe nu yi. Madidi o ame dzɔdzɔewo axɔ anyigba la dzi, eye ame aɖeke mado ŋɔdzi na wo o. (Mixa 4:3, 4) Ẽ, Mawu ƒe Nya la do ŋugbe be le Fiaɖuƒe dziɖuɖu si le Yesu Kristo si me te la, Yehowa aɖe ameteɖeanyilawo katã ɖa le anyigba dzi.—Yesaya 11:6-9; Daniel 2:44; Nyaɖeɖefia 11:18.

Mawu afɔ amesiwo kpe fu heku le amegbetɔ ƒe aglãdzedze ɖe Mawu ŋu ta gɔ̃ hã ɖe tsitre kple mɔkpɔkpɔ be woava nɔ agbe tegbee le anyigba dzi. (Yohanes 5:28, 29) Woaɖe Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo, siwo le megbe na nu vɔ̃ɖi wɔwɔwo ɖa, eye woaɖe nu gbegblẽ si Adam ƒe nuvɔ̃ he vɛ la ɖa to Yesu ƒe tafevɔsa dzi. (Mateo 20:28; Romatɔwo 3:23, 24; 5:12; 6:23; Nyaɖeɖefia 20:1-3) Eye aleke woanɔ na amegbetɔ toɖolawo? Woayra wo kple agbe mavɔ nɔnɔ le blibodede kple lãmesẽ me le paradisonyigba dzi!—Psalmo 37:10, 11; Luka 23:43; Nyaɖeɖefia 21:3-5.

Ŋugbedodo wɔnuku kawoe nye esi! Gake ɖe nàte ŋu axɔ wo dzi asea? Àte ŋu axɔ wo dzi ase godoo. Esiawo menye amegbetɔ siwo si tameɖoɖo nyuiwo le gake ŋusẽ mele wo si be woawɔe ade goe ƒe nyawo o. Wonye Mawu Ŋusẽkatãtɔ, amesi mate ŋu aka aʋatso o eye ‘mewɔa blewu le eƒe ŋugbedodowo dziwɔwɔ me o’ ƒe ŋugbedodowo. (Petro II, 3:9; Hebritɔwo 6:13-18) Àte ŋu aka ɖe ŋugbedodo siwo katã le Biblia me la dzi bliboe, elabena Wotso ‘Yehowa, Mawu nuteƒetɔ’ la gbɔ.—Psalmo 31:6.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 8 Kpɔ Insight on the Scriptures, babla 1, axa 911-12, si Yehowa Ðasefowo ta.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 6]

“Nya aɖeke meto le nya nyui, siwo katã Yehowa, mia Mawu la, gblɔ na mi la me o.”​—YOSUA 23:14

[Nɔnɔmetata siwo le axa 4, 5]

Yehowa wɔ ɖe eƒe ŋugbe si wòdo na Israel-viwo le Ƒudzĩa to kple le gbeadzi la dzi

[Nɔnɔmetata siwo le axa 7]

Yehowa wɔ ɖe ŋugbe si wòdo na Abraham dzi. Eƒe Dzidzimevi, Yesu Kristo ahe yayrawo vɛ na ameƒomea