Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nya Vevi Siwo Tso Mose ƒe Agbalẽ Gbãtɔ Me—II

Nya Vevi Siwo Tso Mose ƒe Agbalẽ Gbãtɔ Me—II

Yehowa ƒe Nya la Le Agbe

Nya Vevi Siwo Tso Mose ƒe Agbalẽ Gbãtɔ Me—II

MOSE ƑE AGBALẼ GBÃTƆ ƒo nu tso ameƒomea ƒe ƒe 2,369 ƒe ŋutinya, si dze egɔme tso ame gbãtɔ, Adam wɔwɔ dzi vaseɖe Yakob ƒe vi Yosef ƒe kuɣi ŋu. Míedzro ta 10 gbãtɔawo kple ta 11 lia ƒe kpukpui 9 gbãtɔawo, siwo ƒo nu tso xexemewɔwɔ vaseɖe Babel-mɔ̃a tutu ƒe ŋutinya ŋu me le magazine sia ƒe tata si do ŋgɔ me. * Nyati sia adzro Mose ƒe Agbalẽ Gbãtɔ ƒe akpa mamlɛa si ku ɖe Mawu ƒe nuwɔwɔ kple Abraham, Isak, Yakob, kple Yosef ŋu me.

ABRAHAM ZU MAWU XƆLƆ̃

(Mose I, 11:10–23:20)

Anɔ ƒe 350 le Tsiɖɔɖɔa megbe lɔƒo la, wodzi ŋutsu aɖe si nɔ vevie ŋutɔ na Mawu le Noa ƒe vi Sem ƒe dzidzimea me. Eŋkɔe nye Abram, gake emegbe la, wova trɔe wòzu Abraham. Abram wɔ ɖe Mawu ƒe sedede dzi hedzo le Kaldeatɔwo ƒe dugã Ur me va zu avɔgbadɔmenɔla le anyigba aɖe si Yehowa do ŋugbe be yeatsɔ na eya kple eƒe dzidzimeviwo la dzi. Abraham ƒe xɔse kple toɖoɖo na wova yɔe be “Mawu xɔlɔ̃.”—Yakobo 2:23.

Yehowa tsrɔ̃ ame vɔ̃ɖi siwo nɔ Sodom kple dugã siwo te ɖe eŋu me, gake ena Lot kple vianyɔnuviawo tsi agbe. Mawu ƒe ŋugbedodo va eme esime Abraham dzi via Isak. Le ƒe aɖewo megbe la, Yehowa do Abraham ƒe xɔse kpɔ esime wògblɔ nɛ be wòatsɔ via asa vɔe na ye. Abraham nɔ klalo na esia wɔwɔ gake mawudɔla aɖe tɔ tee. Ðikekemanɔmee la, Abraham nye amesi si xɔse le, eye woka ɖe edzi nɛ be dukɔwo katã ayra wo ɖokuiwo to eƒe dzidzimevi dzi. Abraham srɔ̃ lɔlɔ̃a, Sara, ƒe ku na wòfa konyi geɖe.

Ŋɔŋlɔawo me Biabiawo Ŋuɖoɖo:

12:1-3—Ɣekaɣie nu si wobla kple Abraham la dze dɔwɔwɔ gɔme, eye hena ɣeyiɣi didi ka? Anɔ eme be nu si Yehowa bla kple Abram be ‘anyigba dzi ƒomewo katã ayra wo ɖokui to Abram dzi’ la dze dɔwɔwɔ gɔme esime Abram tso Frat-tɔsisia le eƒe Kanaan yiyi me. Ɣemaɣi anye Nisan 14, 1943 D.M.Ŋ.—si nye ƒe 430 do ŋgɔ na Israel ɖeɖe tso Egipte. (Mose II, 12:2, 6, 7, 40, 41) “Nubabla mavɔ” ye nu si wobla kple Abraham la nye. Anɔ dɔ wɔm vaseɖe esime woayra anyigba dzi ƒomewo eye woatsrɔ̃ Mawu ƒe futɔwo katã vɔ.—Mose I, 17:7; Korintotɔwo I, 15:23-26.

15:13—Ɣekaɣie ƒe 400 ƒe fukpekpe si me wogblɔ ɖi be Abram ƒe dzidzimeviwo ato la de? Fukpekpe ƒe ɣeyiɣi sia dze egɔme le ƒe 1913 D.M.Ŋ. esime wotso no na Abraham ƒe vi Isak le eƒe ƒe 5 xɔxɔ lɔƒo me eye fofoa ƒe vi, Ismael, si xɔ ƒe 19 la ‘nɔa gaflui nu wɔm’ ɖe eŋu. (Mose I, 21:8-14; Galatiatɔwo 4:29) Ewu enu esime woɖe Israel-viwo tso Egipte ƒe kluvinyenye me le ƒe 1513 D.M.Ŋ. me.

16:2—Ðe wòsɔ be Sarai tsɔ eƒe kosi Xagar na Abram wòzu srɔ̃a? Sara ƒe kosi tsɔtsɔ na sɔ ɖe dekɔnu si nɔ anyi ɣemaɣi nu—si nye be enye dzizizi na srɔ̃nyɔnu konɔ be wòadi ahiãvi na srɔ̃a ale be wòadzi domenyila nɛ. Kain ƒe dzidzimeviwoe nye ame gbãtɔ siwo ɖe srɔ̃ geɖe. Mlɔeba eva zu kɔnu eye Yehowa subɔla aɖewo hã ƒo wo ɖokui ɖe eme. (Mose I, 4:17-19; 16:1-3; 29:21-28) Ke hã, Yehowa meɖe asi le srɔ̃ɖekaɖeɖe ƒe dzidzenu si nɔ esi le gɔmedzedzea me ŋu kpɔ gbeɖe o. (Mose I, 2:21, 22) Edze ƒã be srɔ̃ ɖekaɖekae Noa kple via siwo hã wogade se na be ‘woadzi ne woasɔ gbɔ, eye woayɔ anyigba la dzi’ la ɖe. (Mose I, 7:7; 9:1; Petro II, 2:5) Eye Yesu Kristo gagbugbɔ gbe te ɖe srɔ̃ɖekaɖeɖe ƒe dzidzenu sia dzi.—Mateo 19:4-8; Timoteo I, 3:2, 12.

19:8—Ðe menye nu gbegblẽ be Lot ɖe mɔ le vianyɔnuwo ŋu na Sodomtɔwo oa? Enye Ɣedzeƒetɔwo ƒe agbenyuinɔnɔ ŋuti se be amedzroxɔla la nakpɔ amedzro siwo le eƒe aƒeme la ta, ahaʋli wo ta ɖaseɖe ku me ne ehiã. Lot dzra ɖo ɖe ema wɔwɔ ŋu. Etsɔ dzideƒo do go yi nuvlowɔha la gbɔ, do ʋɔa, eye eya ɖeɖe kpe akɔ kple wo. Hafi Lot naɖe mɔ le vianyɔnuviawo ŋu la, anɔ eme be ede dzesii be Mawu ƒe amedɔdɔwoe yeƒe amedzroawo nye, eye ɖewohĩ esusui be Mawu ate ŋu akpɔ ye vinyɔnuviawo ta abe alesi Wòkpɔ tɔgãa srɔ̃ Sara ta le Egipte ene. (Mose I, 12:17-20) Le nyateƒe me abe alesi nuwo va yii ene la, wokpɔ Lot kple viawo ta dedie.

19:30-38—Ðe Yehowa ŋe aɖaba ƒu Lot ƒe ahamumu kple alesi wòdzɔe be vianyɔnuviawo dzi vi nɛ dzia? Yehowa meda asi ɖe ƒometɔ kplikplikpli gbɔ dɔdɔ alo ahamumu dzi o. (Mose III, 18:6, 7, 29; Korintotɔwo I, 6:9, 10) Le nyateƒe me la, Sodomtɔwo ƒe “dɔwɔwɔ, siwo mele sea nu o” te ɖe Lot dzi. (Petro II, 2:6-8) Aha si Lot ƒe vinyɔnuawo na wòmu la ate ŋu afia be wokpɔe dze sii be malɔ̃ adɔ yewo gbɔ ne ele ŋute o. Gake esi wònye amedzrowoe wonye le anyigba la dzi ta la, vianyɔnuviawo se le wo ɖokui me be esia koe nye mɔ si dzi yewoato ana be Lot ƒe ƒomea ƒe ŋkɔ mabu o. Woŋlɔ nuŋlɔɖia ɖe Biblia me be wòaɖe alesi Moabitɔwo (siwo dzɔ tso Moab me) kple Amonitɔwo (siwo dzɔ tso Ben-Ami me) do ƒome kple Abraham ƒe dzidzimevi siwo nye Israel-viwo la afia.

Nusɔsrɔ̃ Siwo Le Eme na Mí:

13:8, 9. Kpɔɖeŋu nyui ka gbegbee nye si Abraham ɖo ɖi le masɔmasɔwo gbɔ kpɔkpɔ me! Migana míaɖe mɔ gbeɖe be nusi ga ate ŋu awɔ, ame ŋutɔ ƒe nudidiwo, alo dada nagblẽ ŋutifafa ƒomedodo siwo le mía dome me o.

15:5, 6. Esime Abraham nɔ tsitsim evɔ viŋutsuvi aɖeke menɔ esi o la, eƒo nu tso nya la ŋu na Mawu. Yehowa hã na kakaɖedzii. Nukae do tso eme? Abraham “xɔ Yehowa dzi se.” Ne míeɖe míaƒe dzimenyawo fia Yehowa le gbedodoɖa me, hexɔ eƒe kakaɖedzinamenya siwo le Biblia me, heɖo toe la, míaƒe xɔse asẽ ŋu ɖe edzi.

15:16. Yehowa he eƒe ʋɔnu dɔdrɔ̃ Amoritɔwo (alo Kanaantɔwo) ɖe megbe vaseɖe esime dzidzime ene sɔŋ nu va yi. Nukatae? Esi wònye dzigbɔɖi Mawu tae. Elala vaseɖe esime mɔkpɔkpɔ aɖeke meganɔ anyi be woawɔ tɔtrɔ o. Ehiã be míawo hã míagbɔ dzi ɖi abe Yehowa ene.

18:23-33. Yehowa metsrɔ̃a amesiame dzro ko o. Ekpɔa ame dzɔdzɔewo ta.

Mose I, 19:16. Lot nɔ ‘megbelele hem,’ eye wònɔ na mawudɔlaawo be woalé eya kple eƒe ƒomea ƒe alɔnu akplɔ wo ado goe le Sodom dua me. Nunya anɔ eme be míagabu nuwɔwɔ kpata ƒe vevienyenye esime míele xexe vɔ̃ɖia ƒe nuwuwu lalam o.

19:26. Aleke gbegbee wòanye bometsitsii enye si be nusiwo gbɔ míedzo le le xexea me la nahe míaƒe susu alo míanɔ didim be míagatrɔ ɖe wo ŋu ake!

VI 12 LE YAKOB SI

(Mose I, 24:1-36:43)

Abraham wɔ ɖoɖo be Isak naɖe Rebeka, nyɔnu si xɔ Yehowa dzi se. Edzi venɔvi siwo nye Esau kple Yakob. Esau ɖi gbɔ eƒe ŋgɔgbevinyenye ƒe gomenɔamesi hetsɔe dzra na Yakob, amesi va xɔ fofoa ƒe yayrawo emegbe. Yakob si yi Paddan-aram, afisi wòɖe Lea kple Raxel le hekplɔ wo fofo ƒe lãhawo abe ƒe 20 ene hafi kplɔ eƒe ƒomea dzoe. Lea, Raxel, kple woƒe kosiwo dzi ŋutsuvi 12 kpakple nyɔnuviwo na Yakob. Yakob te kame kple mawudɔla aɖe hexɔ yayra, eye wotrɔ eƒe ŋkɔ wòzu Israel.

Ŋɔŋlɔawo me Biabiawo Ŋuɖoɖo:

28:12, 13—Gɔmesese kae le drɔ̃e si Yakob ku si me wòkpɔ ‘aŋutsrɔe’ le la ŋu? ‘Aŋutsrɔe’ sia, si ƒe nɔnɔme anya nɔ abe atrakpui si wotsɔ kpe wɔ ene la ɖee fia be kadodomɔnu le anyigba kple dziƒo dome. Mawudɔlawo ƒe elialia kple ɖiɖi ɖee fia be mawudɔlawo subɔna le mɔ vevi ŋutɔ aɖe nu le Yehowa kple amegbetɔ siwo ŋu wòkpɔa ŋudzedze ɖo la dome.—Yohanes 1:51.

30:14, 15—Nukatae Raxel ɖe asi le mɔnukpɔkpɔ si su esi be wòadɔ kple srɔ̃a ŋu le agbitsa ƒomevi aɖe ta? Le blemaɣeyiɣiwo me la, wozãa agbitsa le atikewɔwɔ me abe vevesesenutsitike ene kple le mɔxexe ɖe lãmekawo ƒe lialia nu alo le edada me. Woxɔe se hã be atikutsetse sia te ŋu nyɔa gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro ɖe ame me hedzia ŋutete si le ame ŋu be wòadzi vi la ɖe edzi alo kpena ɖe ame ŋu wofɔa fu. (Hawo ƒe Ha 7:13) Togbɔ be Biblia megblɔ susu si ta Raxel ɖe asi le gbɔdɔdɔ ŋu ɖe agbitsa ta o hã la, anya bui be agbitsa la akpe ɖe ye ŋu yeafɔ fu ahatsi ŋukpe si yeƒe kotsitsi nye na ye nu. Gake ƒe aɖewo megbe hafi Yehowa ‘ʋu eƒe vidzidɔ nu.’—Mose I, 30:22-24.

Nusɔsrɔ̃ Siwo Le Eme na Mí:

25:23. Ŋutete le Yehowa si be wòanya amesi womedzi haɖe o la ƒe wɔwɔme ahazã eƒe nunyanya do ŋgɔ ŋutetea atia amesi wòdi hena eƒe tameɖoɖo dzi wɔwɔ do ŋgɔ. Ke hã, meɖoa nusi amewo ava nye le etsɔme la ɖi doa ŋgɔ o.—Hosea 12:3; Romatɔwo 9:10-12.

25:32, 33; 32:24-29. Yakob ƒe ɖetsɔtsɔ le ŋgɔgbevinyenye ƒe gomenɔamesi xɔxɔ me kple eƒe kametete kple mawudɔla aɖe zã bliboa katã be yeaxɔ yayra la ɖee fia be ede asixɔxɔ nu kɔkɔewo ŋu vavã. Yehowa tsɔ nu kɔkɔe geɖe, abe míaƒe ƒomedodo kple eyama kpakple eƒe habɔbɔa, tafea, Biblia, kple míaƒe Fiaɖuƒemɔkpɔkpɔa ene de asi na mí. Mina míanɔ abe Yakob ene le asixɔxɔ dede wo ŋu me.

Mose I, 34:1, 30. Xaxa si ‘he dzɔgbevɔ̃e’ va Yakob dzi la dze egɔme le esi Dina dze xɔlɔ̃ amesiwo melɔ̃a Yehowa o ta. Ele be míatia amesiwo míedea ha kplii la nunyatɔe.

YEHOWA YRA YOSEF LE EGIPTE

(Mose I, 37:1–50:26)

Ŋuʋaʋã na Yakob viŋutsuwo dzra wo nɔvi Yosef kluvii. Wode Yosef gaxɔ me le Egipte elabena etsɔ dzideƒo ku ɖe Mawu ƒe agbenyuinɔnɔ dzidzenuwo ŋu nuteƒewɔwɔtɔe. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, woɖee le gaxɔa me be wòva ɖe Farao ƒe drɔ̃e, siwo gblɔ ƒe adre ƒe nuɖuɖubɔɣi si yome ƒe adre ƒe dɔwuame ava ɖo ɖi, la gɔme. Emegbe woɖo Yosef Egiptetɔwo ƒe nuɖuɖu dzikpɔla. Dɔwuamea wɔe be nɔviawo va nuɖuɖu di ge le Egipte. Ƒomea gawɔ ɖeka henɔ Gosen-nyigba wɔnu la dzi. Esi Yakob nɔ eƒe kuba dzi la, eyra viaŋutsuawo hegblɔ nyagblɔɖi aɖe si na mɔkpɔkpɔ si ŋu kakaɖedzi le be yayra gãwo ava le ƒe alafa siwo ava va me. Wotsɔ Yakob ƒe kukua yi Kanaan heɖii le afima. Esi Yosef xɔ ƒe 110 heku la, wosi atike na eƒe kukua, ale be woava tsɔe yi Ŋugbedodonyigbaa dzi emegbe.—Mose II, 13:19.

Ŋɔŋlɔawo me Biabiawo Ŋuɖoɖo:

43:32—Nukatae wònye ŋunyɔ na Egiptetɔwo be woaɖu nu kple Hebritɔwo? Esia ƒe akpa gãtɔ anya tso mawusubɔsubɔ me nazãbubu alo ameƒomevinyenye ƒe dada gbɔ. Hekpe ɖe eŋu la, Egiptetɔwo nyɔa ŋu alẽkplɔlawo. (Mose I, 46:34) Nukatae? Ate ŋu anye ko be bubu boo aɖeke menɔ alẽkplɔlawo ŋu le Egiptetɔwo dome o. Alo ate ŋu anye be esi agbledenyigba mesɔ gbɔ o ta la, Egiptetɔwo ɖia gbɔ amesiwo va dia gbe na woƒe lãhawo.

44:5—Ðe Yosef kpɔa nu dzea sii le kplu me ŋutɔŋutɔa? Edze ƒã be klosalo kplu la kple nusi wogblɔ tso eŋu la nye amefuflu alo ayemenuwɔwɔ aɖe. Yosef nye Yehowa subɔla wɔnuteƒe. Mekpɔa nu le kplua me ŋutɔŋutɔ o abe alesi ko wònye nyateƒe be Benyamin hã mefii ŋutɔŋutɔ o ene.

49:10—Nukae “atamkayi” kple “fiatikplɔ” la fia? Atamkayi nye ati aɖe si dziɖula tsɔna ɖe asi wònyea dziɖuŋusẽ ƒe dzesi. Fiatikplɔ nye atikplɔ didi aɖe si tsi tre ɖi na ŋusẽ si le esi be ekpɔ mɔ ade se. Yakob ƒe nusiawo yɔyɔ ɖee fia be dziɖulanyenye kple ŋusẽ ɖedzesi aɖe anɔ Yuda-toa me vaseɖe esime Silo nava. Yuda ƒe dzidzimevi siae nye Yesu Kristo, amesi Yehowa tsɔ dziƒo dziɖulanyenye de asi na. Fianyenye ƒe ŋusẽ le Kristo si eye ekpɔ mɔ ade se.—Psalmo 2:8, 9; Yesaya 55:4; Daniel 7:13, 14.

Nusɔsrɔ̃ Siwo Le Eme na Mí:

38:26. Yuda mewɔ nu ɖe toyɔvia Tamar si nye ahosi la ŋu nyuie o. Gake esime wogblɔe na Yuda be eyae do fua la, elɔ̃ ɖe eƒe vodadaa dzi ɖokuibɔbɔtɔe. Ele na míawo hã be míalɔ̃ ɖe míaƒe vodadawo dzi kaba.

39:9. Yosef ƒe nyaŋuɖoɖo na Potifar srɔ̃ ɖee fia be eƒe nukpɔsusu wɔ ɖeka kple Mawu tɔ le agbenyuinɔnɔ ŋu eye be mawume gɔmeɖosewoe fia mɔ eƒe dzitsinya. Ðe mele be míawo hã míaʋli be míawɔ nenema ke esi míele tsitsim le nyateƒea ŋuti sidzedze vavãtɔ me oa?

41:14-16, 39, 40. Yehowa ate ŋu ana nɔnɔmewo natrɔ na amesiwo vɔ̃nɛ. Ne fukpekpewo le mía dzi vam la, anyo be míaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu ahayi edzi awɔ nuteƒe nɛ.

Xɔse si Nɔa Anyi Ðaa ye Nɔ Wo Si

Abraham, Isak, Yakob, kple Yosef nye mawuvɔ̃la siwo si xɔse nɔ vavã. Woƒe agbe me nuŋlɔɖi, siwo le Mose ƒe Agbalẽ Gbãtɔa me la, doa ŋusẽ míaƒe xɔse hefiaa nu xɔasi geɖewo mí vavã.

Nuŋlɔɖi sia ate ŋu aɖe vi na wò ne èyi edzi le wò kwasiɖa sia kwasiɖa ƒe Biblia xexlẽ dɔdasi hena Teokrasi Subɔsubɔ Sukua wɔm. Ŋugbledede le nya siwo wogblɔ do ŋgɔ le nyati sia me ŋu akpe ɖe ŋuwò agbe nagaɖo nuŋlɔɖia me na wò.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 1 Kpɔ nyati si nye “Yehowa ƒe Nya la Le Agbe—Nya Vevi Siwo Tso Mose ƒe Agbalẽ Gbãtɔ Me—I” si dze le Gbetakpɔxɔ, January 1, 2004, ƒe tataa me.

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Yehowa yra Yosef

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Abraham nye xɔsetɔ

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Wokpɔ nuteƒewɔla Lot kple vianyɔnuviawo ta

[Nɔnɔmetata si le axa 29]

Yakob de asixɔxɔ nu kɔkɔewo ŋu. Wò hã èdenɛa?