Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nukawoe na Yuda dɔ nyɔnu aɖe si wòsusu be enye gbolo la gbɔ, abe alesi wogblɔe ɖe Mose I, 38:15, 16 ene?

Togbɔ be Yuda dɔ kple nyɔnu aɖe si wòsusu be enye gbolo hã la, le nyateƒe me la, menye gboloe wònye o. Mose I, ta 38 gblɔ be nusi dzɔ enye si.

Hafi Yuda ƒe ŋgɔgbevi srɔ̃, Tamar nava dzi ŋutsuviwo nɛ la, Yehowa wui elabena ‘enye ame vɔ̃ɖi le eƒe ŋku me.’ (Mose I, 38:7) Ɣemaɣi la, woɖea ame srɔ̃ nɔviŋutsu. Esia bia be ne ŋutsu aɖe ku evɔ vi si anyi dome nɛ aɖeke mele esi o la, enye agbanɔamedzi na nɔviaŋutsu be wòaɖe ahosia ahadɔ kplii ale be wòadzi domenyila aɖe. Gake Yuda ƒe vi evelia, Onan gbe agbanɔamedzi si le edzi la tsɔtsɔ. Eyata Mawu tso kufia nɛ. Azɔ Yuda gblɔ na toyɔvia Tamar be wòayi aɖanɔ fofoa ƒeme vaseɖe esime Yuda ƒe vi etɔ̃lia, Sela natsi ale be wòaɖee. Gake esime ɣeyiɣiawo va nɔ yiyim la, Yuda metsɔ Sela na Tamar wòɖe o. Eyata esi Yuda srɔ̃ ku la, Tamar to ayemɔ aɖe dzi be yeadzi domenyila to Yuda, Israeltɔ si nye toa la dzi. Ale wòwɔ eɖokui abe gbedoxɔ me gbolo aɖe ene heva bɔbɔ nɔ mɔ si dzi wònya be anɔ eme be Yuda nato la to.

Esi Yuda mekpɔ Tamar dze si o ta la, edɔ egbɔ. Tamar tsɔ aɖaŋudzedze xɔ awɔbanuwo tso esi, le esi wòɖe mɔ nɛ wòdɔ egbɔ ta, eye wòtsɔ nu mawo ɖi ɖase emegbe be eyae do fu ye. Esi nyateƒea va dze la, Yuda mebu fɔe o ke boŋ egblɔ ɖokuibɔbɔtɔe be: “Etɔ dzɔ wu tɔnye, elabena nyemetsɔe na vinye Sela wòɖe o.” Eye esɔ nyuie be “megade asi eŋu kpɔ o.”—Mose I, 38:26.

Yuda wɔ nu gbegblẽ le esi metsɔ Tamar na via Sela abe alesi wòdo ŋugbee ene o ta. Egadɔ nyɔnu si wòsusu be enye gbedoxɔ me gbolo gbɔ hã. Esia tsi tre ɖe Mawu ƒe tameɖoɖo si nye be ame nadɔ kple srɔ̃a ko ŋu. (Mose I, 2:24) Gake le nyateƒe me la, Yuda medɔ kple gbolo o. Ke boŋ ɖe wòxɔ ɖe via Sela teƒe le ame srɔ̃ nɔviŋutsu ɖeɖe ƒe ɖoɖoa nu le manyamanya me heto esia dzi va zu dzidzimevi si wodzi le se nu la fofo.

Le Tamar gome la, menɔ agbegbegblẽ le dɔdɔ kple Yuda me o. Womebu venɔvi siwo wòdzi la ahasiviwoe o. Esime Boas si tso Betlexem ɖe Moabitɔ Rut le ame srɔ̃ nɔviŋutsu ɖeɖe ƒe ɖoɖoa nu la, Betlexem metsitsiwo ƒo nu nyui tso Tamar vi Perez ŋu hegblɔ na Boas be: “Vi, si Yehowa ana ɖetugbi sia nadzi na wò la, nana wò aƒe nanɔ abe Perez, amesi Tamar dzi na Yuda la ƒe aƒe ene!” (Rut 4:12) Woyɔ Perez hã ŋkɔ le Yesu Kristo tɔgbuiwo dome.—Mateo 1:1-3; Luka 3:23-33.