Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

‘Yehowa ƒe Atiwo Ðia Ƒo’

‘Yehowa ƒe Atiwo Ðia Ƒo’

Yehowa Ƒe Nuwɔwɔwo Ƒe Atsyɔ̃

‘Yehowa ƒe Atiwo Ðia Ƒo’

ÐE NÈKPƆ ɣe wòklẽ to ati kɔkɔwo dome le ave me kpɔa? Ðe nète ŋu se alesi aŋgbawo nɔ ɖiɖim esime ya nɔ ƒoƒom to wo dome blewu laa?—Yesaya 7:2.

Le anyigbaa ƒe akpa aɖewo le ƒea ƒe ɣeyiɣi aɖewo me la, ati vovovowo ƒe aŋgba siwo ƒe amadede nye dzẽ, aŋutiɖiɖi, yelo, kple bubuwo ɖia dzo ƒe aɖewo. Le nyateƒe me la, ɖeko wònɔa abe dzoe le bibim le avea me ene! Aleke gbegbee esia sɔ ɖe seselelãme sia nu enye si be: “Mi towo, avewo kple wo me nuwo katã, mitso aseye hoo.”—Yesaya 44:23. *

Ave xɔ Anyigba ƒe teƒe siwo tsi mexɔ o la ƒe akpa etɔ̃lia kloe. Ave kple nu gbogbo siwo le eme la kafua Aɖaŋuwɔla kple Wɔla, Yehowa Mawu le mɔ wɔdɔɖeamedzi aɖe nu. Hakpala si gbɔgbɔ ʋã dzi ha be: “Mikafu Yehowa, . . . mi ati tsekuwo kple sedertiwo katã.”—Psalmo 148:7-9.

Agbalẽ si nye The Trees Around Us (Ati Siwo Ƒo Xlã Mí) gblɔ be: “Atiwo kpɔa ŋutilãmenuhiahiãwo kple atsyɔ̃ɖonuwo gbɔ na amegbetɔwo.” Avewo kpɔa tsi si ameƒomea zãna la ta, lénɛ ɖe te henana wònyona ɖe edzi. Atiwo naa ya siwo míegbɔna la nɔa dzadzɛ. To mɔ wɔnuku si dzi numiemiewo tona wɔa woƒe nuɖuɖu dzi la, aŋgbawo ƒe nugbagbeviwo trɔa carbon dioxide, tsi, tomenuwo, kple ɣe ƒe keklẽ wòzua nunyiame kple ɔksidzin.

Ave nye aɖaŋudɔwɔwɔ tɔxɛ si dzeani ŋutɔ. Ati gãwo koŋue nye nusiwo wɔa dɔ ɖe ame dzi le ave me. Adru, kawo, ati suewo kple gbe ƒomevi vovovo gbogbo aɖewo tsina le wo dome. Numiemie siawo kpɔa nu geɖe tsoa atiawo gbɔ, wotsina le woƒe vɔvɔli te hewɔa afu si avemetiawo nana ŋudɔ.

Le ave aɖewo siwo me atiwo lua xe le la, aŋgba siwo ade miliɔn ewo sɔŋ ate ŋu age le agbleka ɖeka dzi le ave me le ƒea ƒe nuwuwu lɔƒo. Nukae dzɔna ɖe aŋgba siawo dzi? Nudzodzoewo, hlo ƒomeviwo, ŋɔwo, kple nu gbagbe bubuwo trɔa nunyiame siawo katã wozua aɖu si nana anyigba wɔa nuku nyuie. Ẽ, naneke dome megblẽna ne dɔwɔla suesue siawo le anyigba dzram ɖo na nuwo ƒe tsitsi ake o.

Nu gbagbe gbogbo aɖewo ŋutɔ le aŋgba kukuawo gɔme. Agbalẽ si nye The Forest gblɔ be “woate ŋu akpɔ nugbagbevi siwo ade 1,350 . . . le teƒe si lolo sentimeta 30 le dzogoe ene si yi to sentimeta 2.5 me, evɔ womexlẽ nugbagbevi wIuwluwlui biliɔn gbogbo siwo le anyigbaa ƒe ke asiʋlo ɖesiaɖe me ya kpe ɖe eŋu o.” Hekpe ɖe eŋu la, nutatawo, xewo, nudzodzoewo, kple lã siwo naa no wo viwo, gbogbo aɖewo le avea me. Amekae wòle be woakafu ɖe nyonyo kple nu vovovo siawo ta? Wɔla la gblɔe wòsɔ be: “Tɔnyee nye avemelãwo katã kple lã akpe nane, siwo le towo dzi.”—Psalmo 50:10.

Wowɔ lã aɖewo kple ŋutete tɔxɛ be wonɔa teƒe ɖeka kpoo le vuvɔŋɔli nɔa alɔ̃ dɔm, eye wotoa vuvɔŋɔli sesẽ kple dɔtoɣi didiwo me. Gake menye lãwo katãe nɔa teƒe ɖeka kpoo nɔa alɔ̃ dɔm le vuvɔŋɔli o. Le vuvɔŋɔli ƒe domedome gɔ̃ hã la, àte ŋu akpɔ sãdewo ƒe ƒuƒoƒo aɖe woanɔ kpo tim le gbedzi le afi aɖe. Sãdeawo menɔa anyi kpoo le vuvɔŋɔli alo ƒoa nuɖuɖu nu ƒu o, gake wodia nuɖuɖu henɔa atilɔ suewo kple gbe fẽwo ɖum, abe alesi nàte ŋu akpɔe le foto sia si woɖe le Germany me ene.

Woƒo nu tso numiemiewo ŋu zi geɖe le Ŋɔŋlɔawo me. Akɔntabubu aɖe ɖee fia be Biblia yɔ numiemie vovovo siwo anɔ abe 130 ene ŋkɔ, siwo dome ati ƒomeviwo abe 30 ene le. Esime numiemieŋutinunyala Michael Zohary nɔ nu me ɖem tso alesi numiemie siwo Biblia yɔ ɖe dzesii ŋu la, egblɔ be: “Womate ŋu akpɔ numiemie gbogboawo kple mɔ vovovo siwo nu wolɔ míaƒe agbe ɖe emee le xexeame ƒe agbalẽ siwo menye numekugbalẽwo o gɔ̃ hã dometɔ aɖeke me abe alesi wòdze le Biblia me ene o.”

Nunana veviwoe atiwo kple avewo nye tso Wɔla lɔ̃ame gbɔ. Ne èɖi tsa le ave me ɣeaɖeɣi kpɔ la, ke kakaɖedzitɔe la, àlɔ̃ ɖe hakpala la ƒe nyawo dzi be: “Mawu ƒe atiwo ɖia ƒo, Libanon ƒe sederti, siwo wòdo. Afima xewo wɔa atɔ ɖo.”—Psalmo 104:16, 17.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 4 Kpɔ 2004 Calendar of Jehovah’s Witnesses, January/February.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata siwo le axa 9]

Ati tseku siwo ɖe dzesi wu le Titina Ɣedzeƒe dometɔ ɖekae nye yevuziti. Le ƒea ƒe gɔmedzedze teti—do ŋgɔ na ati akpa gãtɔ la—enyɔna tsoa vuvɔŋɔli ƒe alɔ̃dɔdɔ me. Blema Hebritɔwo yɔa yevuziti be nyɔnyɔla la, be woatsɔ ahe susu yi eƒe seƒoƒo kaba dzii. Atia nyɔna ne eƒe ɖɔmea, si le falɛfalɛ hebiãna vie alo nɔna ɣie, ƒo se.—Nyagblɔla 12:5.

Le xe ƒomevi 9,000 siwo wonya dome la, wobua 5,000 kloe ɖe xe siwo dzia ha dome. Woƒe hadzidzia gblẽa ɖoɖoezizi si nɔa ave gãwo me la me. (Psalmo 104:12) Le kpɔɖeŋu me, atsutsurɔe dzia ha viviwo. Aɖitsi, abe esi ƒe foto le afisia ene, la nye hadzila sue siwo ŋu amadede vovovo siwo nye flukpẽtɔ, aŋutiɖiɖitɔ, kple gbemumutɔ siwo nya kpɔna ŋutɔ le.—Psalmo 148:1, 10.

[Nɔnɔmetata si le axa 9]

Ave si le Normandy, France