Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Àte Ŋu Anɔ Te Ðe Kakaɖedzimanɔamesi Nu

Àte Ŋu Anɔ Te Ðe Kakaɖedzimanɔamesi Nu

Àte Ŋu Anɔ Te Ðe Kakaɖedzimanɔamesi Nu

“KAKAÐEDZI le eŋu!” “Adodoeae!” “Kpeɖodzi le eŋu!” Ànya se nya mawo zi geɖe. Gake kakaɖedzi mele nu geɖe ŋu le míaƒe gbesiagbegbenɔnɔ me ŋutɔŋutɔ alea o. Nuwo trɔna le agbe me ale gbegbe be ezua tamebubu nenye be nane li si dzi míate ŋu aka ɖo bliboe. Edze abe ɖikeke kple kakaɖedzimanɔamesi nye agbenɔnɔ ƒe akpa aɖe ene.

Eme kɔ ƒã be ame akpa gãtɔ dina dedienɔnɔ kple dzidzɔkpɔkpɔ na wo ɖokui kple woƒe ƒomewo. Wowɔa dɔ vevie be nusiwo woxɔ se be ana yewoanɔ dedie la nasu yewo si—si nyea ga kple ŋutilãmenunɔamesiwo zi geɖe. Gake anyigbaʋuʋu, ahom sesẽ, afɔku, alo ŋutasesẽ le ame ŋu ate ŋu ana kesinɔnu mawo natsrɔ̃ le ɣeyiɣi ɖeka ko me. Dɔléle vɔ̃ɖi, srɔ̃gbegbe, alo dɔmakpɔwɔe ate ŋu atrɔ ame ƒe agbenɔnɔ kpata. Nyateƒee wònye be nu mawo tɔgbe madzɔ ɖe dziwò ŋutɔŋutɔ ya o. Ke hã, enyanya be nu tramaa aɖe ate ŋu adzɔ ɖe ye dzi ɣesiaɣi ate ŋu ana nàtsi dzi eye nàxa nu. Gake menye kuxiawo katã koe nye ma o.

Kakaɖedzimanɔamesi sɔ kple ɖikeke, eye nyagɔmeɖegbalẽ aɖe ɖe “ɖikeke” gɔme be “enye kakaɖedzi si mele ame si ɖe dzixɔse alo nukpɔsusu aɖe ŋu o si tɔtɔa nyametsotso wɔwɔ zi geɖe.” Azɔ hã agbalẽ si nye Managing Your Mind gblɔ be: “Kakaɖedzi si menɔa ame si ɖe nu vevi aɖe ŋu o koŋue nyea nusi hea dzimaɖitsitsi kple dzitsitsi vɛ.” Ne womekpɔ ɖikekea gbɔ o la ate ŋu ahe dzimaɖitsitsi, dziɖeleameƒo, kple dziku vɛ. Ẽ, dzitsitsi ɖe nusi ate ŋu adzɔ alo madzɔ o ŋu ate ŋu agblẽ nu le míaƒe susu kple lãmesẽ ŋu.

Esia wɔnɛ be ame aɖewo hã megatsɔa ɖeke le eme kuraa o. Wowɔa nu abe ɖekakpui aɖe si tso Brazil ene, amesi gblɔ be: “Nukatae wòle be nàtsi dzi ɖe nusi gbɔna dzɔdzɔ ge ŋu? Egbe ŋu ya ke ɖe mí, ke etsɔ ya mele nyanya o.” Dzɔgbe ƒe nuɖoɖo ŋuti nukpɔsusu ma si nye, “minɛ míaɖu nu, eye míano nu” ate ŋu akplɔ ame ade mɔkpɔkpɔbuɖeame, fukpekpe, kpakple ku me mlɔeba. (Korintotɔwo I, 15:32) Enyo sasasã be míatrɔ ɖe Wɔla, Yehowa Mawu, amesi ŋu Biblia gblɔ le be ‘liɖɔɖɔ alo tɔtrɔ ƒe vɔvɔlidodo aɖeke mele egbɔ o’ la ŋu. (Yakobo 1:17) Ne míedzro Mawu ƒe Nya, Biblia me la, míakpɔ aɖaŋuɖoɖo kple mɔfiafia nyuiwo ku ɖe alesi míawɔ anɔ te ɖe kakaɖedzimanɔmesi nu le agbe me. Ate ŋu akpe ɖe mía ŋu hã be míase nusita nu manyatalenu gbogbowo li ɖo.

Susu Siwo Ta Kakaɖedzi Menɔa Nuwo Ŋu O

Ŋɔŋlɔawo ƒo nu tso agbenɔnɔ ŋuti nukpɔsusu si da sɔ ŋu eye wòkpena ɖe mía ŋu be míada sɔ le kakaɖedzimanɔamesi ƒe nɔnɔmewo me kple ne nuwo trɔ me. Togbɔ be ƒomekadodowo, ɖoƒe si anɔ ame si le hadome, agbalẽnyanya, lãmesẽ nyui me nɔnɔ, kple bubuawo ate ŋu ana ame nase le eɖokui me be yele dedie vaseɖe afi aɖe hã la, Biblia ɖee fia be míate ŋu aɖo ŋu ɖe nu mawo ŋu ɖaa alo anɔ agbe le dziɖeɖi me o. Nunyala Fia Salomo gblɔ be: “Duƒuƒu mele afɔ ɖablae me o, aʋawɔwɔ mele kalẽ me o, nuɖuɖukpɔkpɔ mele nunya me o, kesinɔnu mele ayedzedze me o, eye ŋudzedzekpɔkpɔ mele nugɔmesese me o.” Nukatae wòle nenema ɖo? “[Elabena] azãgbe kple nuɖiɖeame li na wo katã.” Eyata Salomo xlɔ̃ nu be: “Amegbetɔ menya eƒe azãgbe o, ke boŋ abe alesi wotsɔa ɖɔ vɔ̃ɖi ɖea tɔmelãwo, eye wotsɔa mɔ̃ ɖea xewoe la, nenema woɖea amegbetɔviwo abe woawo ene le dzɔgbevɔ̃eɣi, ne eƒo ɖe wo dzi kpoyi.”—Nyagblɔla 9:11, 12.

Yesu Kristo hã ƒo nu tso ɣeyiɣi si me nuxaxa geɖe kple nu manyatalenuwo adzɔ ɖe amegbetɔwo ƒe dzidzime blibo aɖe dzi ŋu. Eƒo nu tso eŋu eme kɔ nyuie be: “Dzesiwo lado ɖe ɣe kple ɣleti kple ɣletiviwo me, eye le anyigba dzi la vɔvɔ̃ laɖo dukɔwo, eye woawɔ dzodzodzoe le atsiaƒu ƒe gbeɖeɖe kple eƒe agbodzedze la ŋuti; eye amewo ƒe gbɔgbɔ nu latsi le vɔvɔ̃ kple mɔkpɔkpɔ na nusiwo le anyigba blibo la katã dzi vam la ŋuti; elabena woaʋuʋu dziƒowo ƒe ŋusẽwo.” Ke hã Yesu gblɔ nya fakɔname aɖe na dzianukwaretɔ siwo li egbea be: “Ne miekpɔ nusiawo le eme vam la, midze sii bena, mawufiaɖuƒe la gogo.” (Luka 21:25, 26, 31) Nenema ke le esi míanɔ vɔvɔ̃m ɖe kakaɖedzi si manɔ mía si ɖe etsɔme ŋuti o teƒe la, míaƒe Mawu dzixɔxɔse kpena ɖe mía ŋu míekpɔa mɔ na etsɔme nyui si me dedienɔnɔ le ƒe vava esime nɔnɔme siwo ŋu kakaɖedzi mele o nu va yi.

“Mɔkpɔkpɔ ƒe Kakaɖedzi Blibo”

Togbɔ be míate ŋu aka ɖe nusianu si míesena, xlẽna, alo kpɔna dzi o hã la, susu nyuiwo li si ta wòle be míaka ɖe Wɔla la dzi bliboe. Menye Nuwokatãtaƒola koe wònye o ke boŋ enye Fofo lɔ̃ame si tsɔa ɖe ele eme na via siwo le anyigba dzi. Mawu gblɔ tso eya ŋutɔ ƒe nya ŋu be: “Magbugbɔ va gbɔnye ƒuƒlu o, negbe ɖeko wòawɔ nye lɔlɔ̃nu, eye wòawɔ nusi gbe meɖoe ɖo la hafi.”—Yesaya 55:11.

Yesu Kristo fia nyateƒe si tso Mawu gbɔ amewo, eye ame geɖe siwo ɖo toe la xɔe kple kakaɖedzi blibo. Le kpɔɖeŋu me, Samariatɔ dzianukwaretɔwo ƒe ƒuƒoƒo aɖe gblɔ na nyɔnu si Yesu ƒo nu na do ŋgɔ be: “Azɔ menye le wò nuƒoƒo ŋuti míexɔe se ɖo o; elabena mía ŋutɔwo míese, eye míenya bena, ame sia nye xexeame xɔla vavã.” (Yohanes 4:42) Nenema ke togbɔ be míele dediemanɔmanɔ ƒe ɣeyiɣi me egbea hã la, mele be míatɔtɔ le nusiwo dzi wòle be míaxɔ ase gome o.

Nukpɔsusu si le ame geɖewo si ku ɖe subɔsubɔdzixɔsewo ŋu enye be woaxɔ nyawo dzi ase ko wu be woanɔ agbagba dzem be woase wo gɔme. Gake Biblia ŋlɔla Luka meda asi ɖe nukpɔsusu ma dzi o. Ewɔ numekuku eye wòna nyatakaka si de pɛpɛpɛ be ame bubuwo ‘nadze si nyateƒe bliboa ku ɖe nusiwo’ wòŋlɔ ɖi la ŋu. (Luka 1:4) Esi ƒometɔ kple xɔlɔ̃ siwo ƒe dzixɔse mesɔ kple mía tɔ o avɔ̃ ɖe mía nu be woava flu mí eye mɔkpɔkpɔ nabu ɖe mí la, ele vevie be ŋutete nanɔ mía si be míate ŋu aʋli míaƒe xɔse ta. (Petro I, 3:15) Nusita míexɔ nane dzi se nyanya nyuie koe ate ŋu ana míakpe ɖe ame bubuwo ŋu be woaka ɖe Mawu dzi. Biblia la ɖɔ Yehowa be: “Agakpe wònye, eƒe nuwɔwɔ de blibo; elabena eƒe mɔwo katã dzɔ. Mawu nyateƒetɔ wònye, eye alakpa mele eme o, nuteƒewɔla kple dzɔdzɔetɔ wònye.”—Mose V, 32:4.

Bu nyagbe mamlɛtɔ ŋu kpɔ, be: “Nuteƒewɔla kple dzɔdzɔetɔ wònye.” Kpeɖodzi kae li si tae míaka ɖe nya sia dzi? Apostolo Petro ka ɖe nya sia dzi bliboe. Egblɔ na Roma-megã aɖe kple eƒe aƒemetɔwo be: “Medze sii le nyateƒe me be, Mawu mekpɔa ame ŋku me o, hafi boŋ le dukɔ sia dukɔ me, amesi ke vɔ̃nɛ, eye wòwɔa nu dzɔdzɔe la, eya dzea eŋu.” (Dɔwɔwɔwo 10:34, 35) Petro gblɔ nya siawo elabena eya ŋutɔ kpɔ alesi Mawu ŋutɔ trɔ asi le nɔnɔmewo ŋu ale be Wòxɔ Trɔ̃subɔdukɔmetɔwo ƒe ƒome, si wobuna tsã be wo ŋu mekɔ o eye be womedze hã o. Abe Petro ene la, míawo hã míate ŋu aka ɖe Mawu ƒe ameŋkumemakpɔmakpɔ kple eƒe dzɔdzɔenyenye dzi ne míawo ŋutɔ míekpɔ amewo ƒe “ameha gã”—siwo wu miliɔn ade—siwo tso dukɔ 230 kple edzivɔ me le xexeame godoo siwo ɖe asi le woƒe tsãgbenɔnɔ ŋu eye wole zɔzɔm le dzɔdzɔenyenye me.—Nyaɖeɖefia 7:9; Yesaya 2:2-4.

Esi míenye Kristotɔwo ta la, míedi be míazu zazɛ̃nyahelawo alo amesiwo ƒe nya dzi sẽ kpaɖi o, ke boŋ be míanye ɖokuibɔbɔlawo kple ame fatuwo. Ke hã míetɔtɔ le míaƒe dzixɔse alo míaƒe etsɔmekpɔkpɔ me o. Apostolo Paulo ŋlɔ ɖo ɖe ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo be: “Ke míele didim vevie bena, mia dome amesiame naɖe veviedodo ma ke afia le mɔkpɔkpɔ ƒe kakaɖedzi blibo vaseɖe nuwuwu la ŋuti.” (Hebritɔwo 6:11) Nenema ke nyanyui si tso Biblia me naa “mɔkpɔkpɔ ƒe kakaɖedzi blibo” mí. Paulo ɖe eme be mɔkpɔkpɔ ma si wotu ɖe Mawu ƒe Nya dzi bliboe la “menana ŋu kpea ame o.”—Romatɔwo 5:5.

Gawu la, míeka ɖe edzi bliboe be nyanyuia fiafia ame bubuwo tso Biblia me ate ŋu ana woanɔ dedie eye kakaɖedzi nasu wo si le woa kple Mawu dome ƒomedodo me, kpakple le seselelãme kple ŋutilã me gɔ̃ hã gome. Míate ŋu awɔ ɖeka kple Paulo agblɔ be: “Míaƒe nyanyui la meva mia gbɔ le nya me ɖeɖeko o, ke boŋ le ŋusẽ kple Gbɔgbɔ kɔkɔe kpakple kakaɖedzikpɔkpɔ geɖe me hã.”—Tesalonikatɔwo I, 1:5.

Egbegbe Yayra Siwo Le Gbɔgbɔmededienɔnɔ Me

Togbɔ be míate ŋu akpɔ mɔ be míanɔ dedie keŋkeŋ le agbe me egbea o hã la, nanewo li siwo míate ŋu awɔ si akpe ɖe mía ŋu be míaƒe susu nadze akɔ anyi ahanɔ dedie vaseɖe afi aɖe ya teti. Le kpɔɖeŋu me, hadede edziedzi kple Kristotɔwo le kpekpewo me nana míaƒe susu dzea akɔ anyi elabena afimae wofiaa gɔmeɖose nyuiwo kple agbenyuinɔnɔ ƒe dzidzenuwo mí le. Paulo ŋlɔ be: “De se na xexe sia me kesinɔtɔwo bena, woagado wo ɖokui ɖe dzi glodzo o, eye womagatsɔ woƒe mɔkpɔkpɔ aɖo kesinɔnuwo ƒe dediemanɔmanɔ dzi o; ke boŋ ɖe Mawu gbagbe, si tsɔ nuwo katã na mí fũ be, míawɔ wo ŋuti dɔ la dzi.” (Timoteo I, 6:17) Esi ame geɖewo srɔ̃ alesi woaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu ke menye ŋutilãmenu siwo menɔa anyi didina o loo alo vivisese ŋu o ta la, woƒo asa na dzimaɖitsitsi kple dziɖeleameƒo si nye agba ɖe wo dzi tsã.—Mateo 6:19-21.

Le hamea me la, nɔviwo ƒe habɔbɔ le mía si si me tɔwo naa kpekpeɖeŋu ame le mɔ vovovowo nu. Ɣeaɖeɣi le apostolo Paulo kple eƒe mɔzɔhatiwo ƒe subɔsubɔdɔa me la, wose le wo ɖokui me be ‘wowɔ fu wo geɖe ŋutɔ’ eye ‘womeganya be woatsi agbe gɔ̃ hã o.’ Afikae Paulo kpɔ kpekpeɖeŋu kple gbɔdzɔe tsoe? Nyateƒee wònye be eƒe kaka ɖe Mawu dzi meʋuʋu o. Ke hã ekpɔ dzideƒo kple akɔfafa tso ehati Kristotɔ siwo va na kpekpeɖeŋui la gbɔ. (Korintotɔwo II, 1:8, 9; 7:5-7) Ne dzɔdzɔmefɔkuwo alo afɔku bubuwo dzɔ egbea la, enuenu la, mía nɔvi Kristotɔwoe nyea ame gbãtɔ siwo va naa ŋutilã me kple gbɔgbɔ me kpekpeɖeŋu hati Kristotɔwo kpakple ame bubu siwo hiã tu.

Mɔ bubu si dzi woate ŋu ato anɔ te ɖe agbe me nudzɔdzɔ siwo ŋu kakaɖedzi mele o nu enye gbedodoɖa. Míate ŋu atrɔ ɖe mía Fofo si le dziƒo ŋu ɣesiaɣi ne míele nɔnɔme sesẽ siwo míekpɔ mɔ na o me tom. “Yehowa enye mɔ̃ sesẽ na hiãtɔwo, enye mɔ̃ sesẽ le xaxaɣiwo me.” (Psalmo 9:10) Dzilawo ate ŋu ado kpo wo viwo takpɔkpɔ. Gake Mawu ya le klalo be yeakpe ɖe mía ŋu míanɔ te ɖe nusiwo dzia ŋɔ na mí kple ɖikeke ƒe seselelãmewo nu. Ne míetsɔ míaƒe dzimaɖitsitsiwo ɖo Yehowa ŋkume le gbedodoɖa me la, míate ŋu aka ɖe edzi be ate ŋu ‘awɔ geɖe wu nusiwo katã míebiana alo vaa susu me na mí la.’—Efesotɔwo 3:20.

Ðe nètena ɖe Mawu ŋu edziedzi le gbedodoɖa mea? Ðe nèkana ɖe edzi be Mawu sea wò gbedodoɖawoa? Nyɔnuvi sue aɖe si tso São Paulo gblɔ be: “Dadanye gblɔ nam be mado gbe ɖa na Mawu. Gake mebia ɖokuinye be: ‘Nukatae wòle be maƒo nu na amesi nyemenya kura o?’ Gake Lododowo 18:10 kpe ɖe ŋunye mese egɔme be míehiã Mawu ƒe kpekpeɖeŋu eye ele be míaƒo nu nɛ le gbedodoɖa me.” Mawunyakpukpui ma gblɔ be: “Yehowa ƒe ŋkɔ enye mɔ̃ sesẽ; afima ame dzɔdzɔe la sina yina, eye wònɔa dedie.” Le nyateƒe me la, aleke míayi dzi aka ɖe Yehowa dzi ahaɖo ŋu ɖe eŋu ne míena nuƒoƒo nɛ zu numame na mí o? Be gbɔgbɔmededienɔnɔ ƒe yayra nasu mía si la, ele be míana gbedodoɖa si tso dzime nazu numame na mí. Yesu gblɔ be: “Minɔ ŋudzɔ le ɣeawo katã ɣi me kple gbedodoɖa, bena miate ŋu asi le nusiawo katã, siwo le eme va ge la nu, eye be miatsi tre ɖe Amegbetɔvi la ŋku me.”—Luka 21:36.

Nu bubu si dzi míate ŋu aka ɖoe nye mɔkpɔkpɔ si le mía si ɖe Mawu ƒe Fiaɖuƒea ŋu. De dzesi nya siwo le Daniel 2:44: “Dziƒo ƒe Mawu la aɖo fiaɖuƒe aɖe anyi, si matsrɔ̃ gbeɖegbeɖe o, eye eƒe fiaɖuƒe mayi ɖe dukɔ bubu aɖeke si me o; agbã fiaɖuƒe mawo katã, eye wòagblẽ wo, ke eya ŋutɔ anɔ anyi tegbee.” Mɔkpɔkpɔ ma nye nu vavã eye enye nusi dzi míate ŋu aka ɖo bliboe. Amegbetɔwo dana ƒuna le woƒe ŋugbedodo dzi wɔwɔ me zi geɖe, gake míate ŋu aka ɖe Yehowa ƒe nya dzi ɣesiaɣi. Mawu menye amesi dzi womate ŋu aka ɖo o, ɖe eteƒe la, ele abe agakpe nyadri aɖe si ŋu míate ŋu aziɔ ɖo ene. Míate ŋu ase le mía ɖokui me abe Dawid ene be: “Mawu enye nye [agakpe,] amesi gbɔ mebè ɖo, nye akpoxɔnu kple nye xɔxɔ ƒe lãdzo, nye mɔ̃ sesẽ kple nye sitsoƒe kpakple nye xɔla, amesi ɖem tso ŋutasẽlawo si me.”—Samuel II, 22:3.

Agbalẽ si nye Managing Your Mind si míeyɔ va yi gagblɔ kpee be: “Zi alesi ame yia edzi bua nugbegblẽ si ate ŋu adzɔ ŋu la, zi nenemae wòzua nu ŋutɔŋutɔ le eƒe susu mee, eye zi nenema wòsesẽna be woakpɔ alesi woawɔ anɔ te ɖe wo nui.” Ekema nukatae wòle be míaɖe mɔ xexe sia ƒe dzimaɖitsitsi kple ɖikekewo nazu agba ɖe mía dzi? Ðe eteƒe la, tsɔ Mawu ƒe ŋugbedodowo ɖo xexe sia ƒe nu siwo ŋu kakaɖedzi mele o teƒe. Ne míelé Yehowa ƒe ŋugbedodo siwo medana ƒuna o me ɖe asi sesĩe la, kakaɖedzi sia le mía si tso egbɔ be: “Amesiame, si xɔa edzi sena la, womado ŋukpee o.”—Romatɔwo 10:11.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 29]

Mawu ƒe Nya ka ɖe edzi na mí be etsɔme si me yayra anɔ na ameƒomea ava

[Nya si ɖe dzesi si le axa 30]

“Amesiame, si xɔa edzi sena la, womado ŋukpee o”

[Nɔnɔmetata si le axa 31]

Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia naa dedienɔnɔ amewo