Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Aƒetɔ, Fia Gbedodoɖa Mí”

“Aƒetɔ, Fia Gbedodoɖa Mí”

“Aƒetɔ, Fia Gbedodoɖa Mí”

“Eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka gblɔ nɛ bena: Aƒetɔ, fia gbedodoɖa mí.”—LUKA 11:1.

1. Nukatae Yesu ƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka bia Yesu be wòafia gbedodoɖa yewo?

GBEÐEKA le ƒe 32 M.Ŋ. me la, Yesu ƒe nusrɔ̃la aɖe lé ŋku ɖe eŋu esime Wònɔ gbe dom ɖa. Mete ŋu se nya si gblɔm Yesu nɔ na Fofoa o, elabena anɔ eme be tamee wònɔ gbea dom ɖa le. Ke hã esi Yesu do gbea ɖa vɔ la, nusrɔ̃la la gblɔ nɛ be: “Aƒetɔ, fia gbedodoɖa mí.” (Luka 11:1) Nukae ʋãe wòbia nusia? Yudatɔwo doa gbe ɖa edziedzi le woƒe agbenɔnɔ kple mawusubɔsubɔ siaa me. Gbedodoɖa gbogbo aɖewo siwo dze le Psalmowo ƒe agbalẽa kple agbalẽ bubuwo me la le Hebri Ŋɔŋlɔawo me. Eyata menye ɖe nusrɔ̃la la nɔ biabiam be woafia ye nane si ŋu yemenya naneke le alo wɔ kpɔ o. Edze ƒã be enya nu tso Yuda-subɔsubɔ nunɔlawo ƒe gbe siwo wodona ɖa le kɔnu dzro aɖe ko nu la ŋu nyuie. Gake fifia elé ŋku ɖe Yesu ŋu esime wònɔ gbe dom ɖa, eye anɔ eme be ese le eɖokui me be vovototo gã aɖe le rabiwo ƒe gbedodoɖa siwo me wobua wo ɖokui ame dzɔdzɔewoe fũ kple alesi Yesu do gbe ɖae la dome.—Mateo 6:5-8.

2. (a) Nukae ɖee fia be menye ɖe Yesu nɔ fiafiam be ele be míagbugbɔ kpɔɖeŋugbedodoɖa la me nyawo anɔ gbɔgblɔm o? (b) Nukatae míedi be mianya alesi míado gbe ɖae?

2 Anɔ ɣleti 18 lɔƒo do ŋgɔ la, Yesu wɔ alesi eƒe nusrɔ̃lawo ado gbe ɖae ƒe kpɔɖeŋu aɖe na wo le eƒe Todzimawunya la me. (Mateo 6:9-13) Anɔ eme be nusrɔ̃la sia menɔ anyi ɣemaɣi o, eyata Yesu tsɔ tufafa gagbugbɔ nya vevi siwo le kpɔɖeŋugbedodoɖa ma me gblɔ nɛ. Enye nusi ɖe dzesi be megbugbɔ gblɔ nya mawo ke pɛpɛpɛ o, esi fia be menye gbedodoɖa si me nyawo woanɔ gbɔgblɔm le kɔnu dzro aɖe ko nu fiamee wònɔ o. (Luka 11:1-4) Abe nusrɔ̃la ma si ŋkɔ womeyɔ o ene la, míawo hã míedi be woafia gbedodoɖa mí ale be míaƒe gbedodoɖawo nana míate ɖe Yehowa ŋu wu. Eyata mina míadzro kpɔɖeŋugbedodoɖa si apostolo Mateo ŋlɔ ɖi la me nyuie wu. Nu vevi adre ye le gbedodoɖaa me, wo dometɔ etɔ̃ ku ɖe Mawu ƒe tameɖoɖo ŋu eye ene ku ɖe míaƒe ŋutilã kple gbɔgbɔ me nuhiahiãwo ŋu. Le nyati sia me la, míade ŋugble le biabia etɔ̃ gbãtɔawo ŋu.

Fofo Lɔ̃ame

3, 4. Nukae Yehowa yɔyɔ be “mía Fofo” fia?

3 Le gbedodoɖaa ƒe gɔmedzedze la, Yesu ɖee fia be ele be míaƒe gbedodoɖawo naɖe ƒomedodo kplikplikpli si me bubu le si le mía kple Yehowa dome la fia. Esi Yesu nɔ nu ƒom tẽ na eƒe nusrɔ̃la siwo ƒo ƒu ɖe egbɔ be wòaɖe vi na wo ta la, egblɔ na wo be woayɔ Yehowa be “mía Fofo si le dziƒowo.” (Mateo 6:9) Agbalẽnyala aɖe gblɔ be eɖanye Hebrigbe si ame geɖe dona loo alo Aramgbe mee Yesu ƒo nu le o, nyagbe si wòzã na “Fofo” la do ƒome kplikplikpli kple ‘nya si ɖevi gblɔna’ tsɔ yɔa fofoa. Yehowa yɔyɔ be “mía Fofo” fia ƒomedodo si me vividoɖeameŋu kple ŋuɖoɖoɖeameŋu le.

4 Ne míegblɔ be “mía Fofo” la, ekema míele lɔlɔ̃m ɖe edzi hã be míenye ŋutsu kple nyɔnu siwo lɔ̃ ɖe edzi be Yehowae nye Agbenala la ƒe ƒome gã aɖe me tɔwo. (Yesaya 64:7; Dɔwɔwɔwo 17:24, 28) Kristotɔ siwo wotsɔ gbɔgbɔ dzi la nye “mawuviwo,” eye woate ŋu ‘ado ɣli ayɔe be “Aba, Fofo!”’ (Romatɔwo 8:14, 15) Ame miliɔn geɖe va zu wo hati nuteƒewɔlawo. Amesiawo tsɔ woƒe agbe ɖe adzɔgbe na Yehowa hetsɔ nyɔnyrɔxɔxɔɖetsime ɖo kpe woƒe adzɔgbeɖeɖea dzi. “Alẽ bubu” siawo hã ate ŋu ate ɖe Yehowa ŋu le Yesu ƒe ŋkɔ me ahayɔ Eyama be “mía Fofo.” (Yohanes 10:16; 14:6) Míate ŋu ayi mía Fofo si le dziƒo la gbɔ edziedzi le gbedodoɖa me akafui, ada akpe nɛ ɖe nu nyui siwo katã wòwɔ na mí la ta, ahagblɔ míaƒe dzimaɖitsitsiwo nɛ esi míeka ɖe edzi be etsɔa ɖe le eme na mí.—Filipitɔwo 4:6, 7; Petro I, 5:6, 7.

Yehowa ƒe Ŋkɔa Lɔlɔ̃

5. Nukae nye nu vevi gbãtɔ si wobia le kpɔɖeŋugbedodoɖa la me, eye nukatae esia sɔ?

5 Nusiwo le vevie wue wotsɔ ɖo nɔƒe gbãtɔ le gbedodoɖaa gɔmedzedze. Egblɔ be “Wò ŋkɔ ŋuti nakɔ!” (Mateo 6:9) Ẽ, ele be Yehowa ƒe ŋkɔ ŋuti kɔkɔ nanye nu vevitɔ na mí elabena míelɔ̃e eye míetsri alesi gbegbe wodo vlo eƒe ŋkɔ lae. Satana ƒe aglãdzedze kple atsu kple asi gbãtɔawo beble be woagbe toɖoɖo Yehowa Mawu gblẽ Eƒe ŋkɔ eye wòna ɖikeke va le mɔ si nu Mawu wɔa eƒe xexeame katã ƒe dziɖulanyenye ŋudɔ le ŋu. (Mose I, 3:1-6) Gawu la, le ƒe alafa geɖe siwo kplɔe ɖo me la, amesiwo gblɔna be Yehowa teƒee yewole la tsɔ ŋukpenanuwo kple nufiafiawo do vlo eƒe ŋkɔ la.

6. Ne míedoa gbe ɖa be Yehowa ƒe ŋkɔa ŋuti nakɔ la, ke nukae míawɔ o?

6 Míaƒe gbedodoɖa be Yehowa ƒe ŋkɔ ŋuti nakɔ la ɖea akpa si dzi míele le xexeame katã ƒe dziɖulanyenye ƒe nya la me fiana—míedea gome si le Yehowa si be wòaɖu xexeame katã dzi la dzi bliboe. Yehowa di be nuwɔwɔ nyanuwo nanɔ xexeame, amesiwo atsɔ dzidzɔ alɔ̃ faa abɔbɔ ɖe eƒe dziɖulanyenye dzɔdzɔea te le esi wolɔ̃e eye wolɔ̃ nusi eƒe ŋkɔa fia la ta. (Kronika I, 29:10-13; Psalmo 8:2; 148:13) Lɔlɔ̃ si míeɖo na Yehowa ƒe ŋkɔ akpe ɖe mía ŋu be míatsri nusianu si ahe vlododo ava ŋkɔ kɔkɔe ma dzi la wɔwɔ. (Xezekiel 36:20, 21; Romatɔwo 2:21-24) Esi wònye xexeame katã kple emenɔlawo ƒe ŋutifafa nɔ te ɖe Yehowa ƒe ŋkɔ ŋuti kɔkɔ kple ɖokuibɔbɔ lɔlɔ̃tɔe ɖe eƒe dziɖulanyenye te dzi ta la, míaƒe gbedodoɖa be “wò ŋkɔ ŋuti nakɔ” la nye míaƒe kaka ɖe edzi be Yehowa ƒe tameɖoɖo ava eme hena eƒe kafukafu la ɖeɖe fia.—Xezekiel 38:23.

Fiaɖuƒe si Míedoa Gbe Ða Biana

7, 8. (a) Nukae nye Fiaɖuƒe si Yesu fia mí be míado gbe ɖa abia? (b) Nukae Daniel kple Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽawo gblɔ na mí tso Fiaɖuƒe sia ŋu?

7 Nubiabia evelia si le kpɔɖeŋugbedodoɖaa mee nye: “Wò fiaɖuƒe nava!” (Mateo 6:10) Biabia sia do ƒome kplikplikpli kple esi do ŋgɔ nɛ. Mesia Fiaɖuƒe, si nye Yehowa ƒe dziƒodziɖuɖu si dzi wotsɔ Via, Yesu Kristo ɖo wònye Fia si dze lae wòazã atsɔ akɔ eƒe ŋkɔ kɔkɔea ŋu. (Psalmo 2:1-9) Daniel ƒe nyagblɔɖia ɖɔ Mesia Fiaɖuƒea abe “kpe aɖe” si ge tso “to” aɖe dzi ene. (Daniel 2:34, 35, 44, 45) To la tsi tre ɖi na Yehowa ƒe xexeame katã ƒe dziɖulanyenye, eyata Fiaɖuƒe si kpea tsi tre ɖi na la nye Yehowa ƒe xexeame katã ƒe dziɖulanyenye ɖeɖe fia le mɔ yeye nu. Le nyagblɔɖia me la, kpea va “zu to gã aɖe hexɔ anyigba blibo la dzi,” eye esia fia be Mesia Fiaɖuƒe la atsi tre ɖi na Mawu ƒe dziɖulanyenye si ƒo ɖesiaɖe ta le anyigba dzi ɖuɖu me.

8 Ame 144,000 bubu siwo “woƒle tso anyigba dzi” aɖu dzi kpe ɖe Kristo ŋu le Fiaɖuƒe dziɖuɖu sia me anye fiawo kple nunɔlawo. (Nyaɖeɖefia 5:9, 10; 14:1-4; 20:6) Daniel yɔ amesiawo be “dziƒoʋĩtɔ la ƒe ame kɔkɔewo,” amesiawo kple Kristo si nye woƒe Tatɔ siaae woatsɔ ‘fiaɖuƒe la, dziɖuɖu kple fiaɖuƒewo ƒe ŋusẽ le dziƒo blibo la te ana. Woƒe fiaɖuƒe anye fiaɖuƒe mavɔ, eye dziɖulawo katã asubɔ wo ahaɖo to wo.’ (Daniel 7:13, 14, 18, 27) Esiae nye dziƒodziɖuɖu si Kristo fia eyomedzelawo be woado gbe ɖa abia.

Nukatae Míaganɔ Gbe Dom Ða Kokoko be Fiaɖuƒea Nava?

9. Nukatae wòsɔ be míado gbe ɖa be Mawu ƒe Fiaɖuƒea nava?

9 Le Kristo ƒe kpɔɖeŋugbedodoɖaa me la, efia mí be míado gbe ɖa hena Mawu ƒe Fiaɖuƒea ƒe vava. Biblia ƒe nyagblɔɖiwo me vava ɖee fia be woɖo Mesia Fiaɖuƒea anyi le dziƒo le ƒe 1914 me. * Eyata, ɖe wògasɔ kokoko be míado gbe ɖa be Fiaɖuƒe ma “nava”? Ẽ, esɔ. Elabena le Daniel ƒe nyagblɔɖia me la, avuwɔwɔ tẽ aɖe le Mesia Fiaɖuƒe, si kpe aɖe le tsitre ɖi na, kple amegbetɔwo ƒe dunyahedziɖuɖuwo, si wotsɔ legba gã aɖe wɔ kpɔɖeŋu na la dome. Ke hã kpea aho ɖe legba la ŋu eye wòagbãe gudugudu wòazu wɔ. Daniel ƒe nyagblɔɖia gblɔ be: “Fiaɖuƒe [la] mayi ɖe dukɔ bubu aɖeke si me o; agbã fiaɖuƒe mawo katã, eye wòagblẽ wo, ke eya ŋutɔ anɔ anyi tegbee.”—Daniel 2:44.

10. Nukatae míele mɔ kpɔm vevie na Mawu ƒe Fiaɖuƒea ƒe vava?

10 Míele mɔ kpɔm vevie be Mawu ƒe Fiaɖuƒea naho ɖe Satana ƒe nuɖoanyi vɔ̃ɖia ŋu elabena esiae anye Yehowa ƒe ŋkɔ kɔkɔe la ŋuti kɔkɔ kple amesiwo katã tsia tre ɖe Mawu ƒe dziɖulanyenye ŋu la ɖeɖe ɖa. Míedoa gbe ɖa vevie be: “Wò fiaɖuƒe nava!” eye míewɔa ɖeka kple apostolo Yohanes gblɔna be: “Amen, Aƒetɔ Yesu va!” (Nyaɖeɖefia 22:20) Ẽ, Yesu neva kɔ Yehowa ƒe ŋkɔa ŋuti ne wòaʋli Eƒe dziɖulanyenye ta, ale be hakpala la ƒe nyawo nava eme be: “Ne woadze sii be, ŋkɔwòe nye Yehowa, eye wò ɖeɖe koe ɖo kpo ɖe anyigba blibo la dzi!”—Psalmo 83:19.

“Woawɔ Wò Lɔlɔ̃nu”

11, 12. (a) Ne míedo gbe ɖa be “woawɔ” Mawu ƒe “lɔlɔ̃nu le anyigba dzi, sigbe alesi wowɔna le dziƒo ene” la, nuka biamee míele? (b) Nuka hãe míaƒe gbedodoɖa be woawɔ Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu fia?

11 Emegbe Yesu fia eƒe nusrɔ̃lawo be woado gbe ɖa be: “Woawɔ wò lɔlɔ̃nu le anyigba dzi, sigbe alesi wowɔna le dziƒo ene.” (Mateo 6:10) Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu tae xexeame va dzɔ ɖo. Nuwɔwɔ sẽŋu siwo le dziƒo dzi ha be: “Mía Aƒetɔ kple mía Mawu, wòe dze be, naxɔ ŋutikɔkɔe kple bubu kple ŋusẽ; elabena wòe wɔ nuwo katã, eye wò lɔlɔ̃nu ta woli, eye wowɔ wo ɖo.” (Nyaɖeɖefia 4:11) Tameɖoɖo le Yehowa si na “nusiwo le dziƒo kple nusiwo le anyigba dzi.” (Efesotɔwo 1:8-10) Ne míele gbe dom ɖa be woawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, ekema míele biabiam ŋutɔŋutɔ be Yehowa nawɔ eƒe tameɖoɖowo ade goe. Gawu la, míetoa esia dzi ɖenɛ fiana be míele mɔ kpɔm vevie na ɣeyiɣi si me woawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu le xexeame katã.

12 Míetoa gbedodoɖa sia dzi ɖea míaƒe lɔlɔ̃ faa be míanɔ agbe si wɔ ɖeka kple Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu fiana. Yesu gblɔ be: “Nye nuɖuɖu enye bena, mawɔ amesi dɔm ɖa la ƒe lɔlɔ̃nu, eye mawu eƒe dɔ la nu.” (Yohanes 4:34) Abe Yesu ene la, mí Kristotɔ ɖeadzɔgbewo míekpɔa dzidzɔ le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ me. Lɔlɔ̃ si le mía si na Yehowa kple Via ʋãa mí be ‘míenɔa agbe na amewo ƒe nudzodzrowo o, ke boŋ hena Mawu ƒe lɔlɔ̃nu.’ (Petro I, 4:1, 2; Korintotɔwo II, 5:14, 15) Míedzea agbagba be míatsri nusiwo míenya be wotsi tre ɖe Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu ŋu la wɔwɔ. (Tesalonikatɔwo I, 4:3-5) Ne míedi ɣeyiɣi na Biblia xexlẽ kple esɔsrɔ̃ la, ke míele ‘si dzem nusi nye Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu,’ si ƒe akpa aɖee nye míaƒe gomekpɔkpɔ le gbeƒãɖeɖe “fiaɖuƒeŋutinya nyui sia” me veviedodotɔe.—Efesotɔwo 5:15-17; Mateo 24:14.

Yehowa ƒe Lɔlɔ̃nu le Dziƒo

13. Aleke wonɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔm ɣeyiɣi didi aɖe hafi Satana va dze aglã?

13 Wole Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu wɔm le dziƒo ɣeyiɣi didi aɖe hafi eƒe gbɔgbɔmeviwo dometɔ ɖeka va dze aglã heva zu Satana. Lododowo ƒe agbalẽa ƒo nu tso Mawu ƒe Ŋgɔgbevi ŋu abe nunya si woɖɔ abe ame ene. Esia fia be Mawu ƒe Tenuvi la ‘kpɔ dzidzɔ le eŋkume ɣeawokatãɣi,’ hekpɔ dzidzɔ ɖe Fofoa ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ ŋu ɣeyiɣi gbogbo manyaxlẽ aɖe. Mlɔeba la, eva zu Yehowa ƒe “dɔnunɔla” le “nusiwo le dziƒowo kple nusiwo le anyigba dzi; nusiwo wokpɔna kple nusiwo womekpɔna o” la wɔwɔ me. (Lododowo 8:22-31; Kolosetɔwo 1:15-17) Yehowa zã Yesu abe eƒe Nya, alo Nyanuɖela ene.—Yohanes 1:1-3.

14. Nukae míate ŋu asrɔ̃ tso Psalmo 103 me le alesi mawudɔlawo wɔa Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu le dziƒo ŋu?

14 Hakpala la ɖee fia be Yehowa ƒe dziɖulanyenye ƒo nuwɔwɔwo katã ta eye be mawudɔla akpe nanewo ɖoa to eƒe nufiamenyawo kple eƒe sededewo. Míexlẽ be: “Yehowa li eƒe fiazikpui ɖe dziƒo, eye eƒe fiaɖuƒe ɖua nuwo katã dzi. Mikafu Yehowa, mi eƒe dɔlawo, mi kalẽtɔ sesẽ, siwo wɔa eƒe nya dzi hesea eƒe nya ƒe gbe! Mikafu Yehowa, mi eƒe aʋakɔwo katã, mi eƒe subɔla, siwo wɔa nusi dzea eŋu! Mikafu Yehowa, mi eƒe nuwɔwɔwo katã le eƒe dziɖuƒewo [dziɖulanyenye te] katã me!”—Psalmo 103:19-22.

15. Aleke Yesu ƒe Fiaɖuƒe ŋusẽ xɔxɔ kpɔ ŋusẽ ɖe Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ le dziƒo dzii?

15 Hiob ƒe agbalẽa ɖee fia be le Satana ƒe aglãdzedzea vɔ megbe gɔ̃ hã la, egayia dziƒo kokoko. (Hiob 1:6-12; 2:1-7) Gake Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa gblɔe ɖi be ɣeyiɣi aɖe ava esime woanya Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃awo tso dziƒo. Edze ƒã be ɣeyiɣi ma ɖo esime Yesu Kristo xɔ Fiaɖuƒe ŋusẽ le ƒe 1914 megbe kpuie. Tso ɣemaɣi la, teƒe aɖeke megale dziƒo na aglãdzela mawo o. Woxe mɔ ɖe wo nu wova le anyigba ƒe nutowo me. (Nyaɖeɖefia 12:7-12) Ame aɖeke magaʋli nya le Yehowa ƒe dziɖulanyenye ŋu le dziƒo azɔ o, gbe siwo awɔ ɖeka le “Alẽvi,” Kristo Yesu kafukafu kple Yehowa kafukafu ɖokuibɔbɔtɔe me koe woase. (Nyaɖeɖefia 4:9-11) Wole Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu wɔm le dziƒo vavã.

Yehowa ƒe Lɔlɔ̃nu na Anyigba

16. Aleke kpɔɖeŋugbedodoɖa la tsi tre ɖe Kristodukɔa ƒe nufiafia si ku ɖe ameƒomea ƒe mɔkpɔkpɔ ŋu la ŋutii?

16 Kristodukɔa ƒe sɔlemehawo ɖe anyigba ɖa le Mawu ƒe tameɖoɖowo me, hegblɔna be ame nyuiwo katã ayi dziƒo. Gake Yesu fia mí be míado gbe ɖa be: “Wò fiaɖuƒe nava! Woawɔ wò lɔlɔ̃nu le anyigba dzi, sigbe alesi wowɔna le dziƒo ene!” (Mateo 6:10) Ðe wònye nyateƒe ŋutɔŋutɔ be wole Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu wɔm le anyigba si dzi yɔ fũ kple ŋutasesẽ, madzɔmadzɔnyenye, dɔléle, kple ku egbea la dzia? Kura o! Eyata ele be míado gbe ɖa be woawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu le anyigba dzi, le ɖekawɔwɔ me kple ŋugbedodo si apostolo Petro ŋlɔ ɖi la be: “Míele dziƒo yeye [Mesia Fiaɖuƒe si dzi ɖum Kristo le] kple anyigba yeye [amegbetɔwo ƒe nuɖoanyi dzɔdzɔe], siwo me dzɔdzɔenyenye anɔ la, lalam le eƒe ŋugbedodo la nu.”—Petro II, 3:13.

17. Nukae nye Yehowa ƒe tameɖoɖo na anyigba la?

17 Tameɖoɖo aɖe tae Yehowa wɔ anyigba la ɖo. Eƒe gbɔgbɔ ʋã nyagblɔɖila Yesaya wòŋlɔ ɖi be: “Elabena ale Yehowa, dziƒowɔla, eya amesi nye Mawu, eya amesi mè anyigba, eye wòwɔe; eya amesi ɖoe anyi, menye ɖe wòwɔe, be wòatsi ƒuƒlu o, ke boŋ ɖe wòmèe, be woanɔ edzi la, gblɔ esi: Nyee nye Mawu, ɖeke mekpe ɖe ŋunye o.” (Yesaya 45:18) Mawu da atsu kple asi gbãtɔ ɖe paradiso-bɔ aɖe me, hede se na wo be: “Midzi, ne miasɔ gbɔ, eye miayɔ anyigba la dzi, eye mianye agbo ɖe edzi.” (Mose I, 1:27, 28; 2:15) Eme kɔ ƒã be Wɔla la ƒe tameɖoɖo enye be ameƒome deblibo dzɔdzɔe aɖe si me tɔwo bɔbɔna ɖe Yehowa ƒe dziɖulanyenye te la nanɔ anyigbaa dzi tegbee le Paradiso si ƒe ŋugbe Kristo do la me.—Psalmo 37:11, 29; Luka 23:43.

18, 19. (a) Nukae wòle be woawɔ hafi woate ŋu awɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu le anyigba dzi bliboe? (b) Yesu ƒe kpɔɖeŋugbedodoɖaa ƒe akpa kawo mee míadzro le nyati si kplɔe ɖo me?

18 Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu na anyigba la mate ŋu ava eme bliboe esime ŋutsu kple nyɔnu siwo tsia tre ɖe eƒe dziɖulanyenye ŋu gakpɔtɔ le anyigbaa dzi o. Mawu azã eƒe gbɔgbɔmeʋakɔ siwo le Kristo ƒe kpɔkplɔ te la atsrɔ̃ “amesiwo gblẽa anyigba la.” Woaɖe Satana ƒe nuɖoanyi vɔ̃ɖi bliboa, kple eƒe alakpasubɔsubɔ, dunyahehe me nufitifitiwɔwɔwo, asitsatsa si me ŋukeklẽ kple anukwaremaɖimaɖi le, kpakple asrafoha ametsrɔ̃lawo ɖa tegbee. (Nyaɖeɖefia 11:18; 18:21; 19:1, 2, 11-18) Woaʋli Yehowa ƒe dziɖulanyenye ta ahakɔ eƒe ŋkɔ ŋuti. Nusiawo katãe míedoa gbe ɖa biana ne míegblɔ be: “Mía Fofo, si le dziƒowo! Wò ŋkɔ ŋuti nakɔ! Wò fiaɖuƒe nava! Woawɔ wò lɔlɔ̃nu le anyigba dzi, sigbe alesi wowɔna le dziƒo ene!”—Mateo 6:9, 10.

19 Gake le kpɔɖeŋugbedodoɖaa me la, Yesu ɖee fia be míate ŋu ado gbe ɖa ɖe mía ŋutɔwo ƒe nyawo hã ta. Míadzro mɔfiame siwo wòna ku ɖe gbedodoɖa ƒe akpa siawo ŋu me le nyati si kplɔe ɖo me.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 9 Kpɔ agbalẽ si nye Ðo To Daniel ƒe Nyagblɔɖi La! si Yehowa Ðasefowo ta ƒe ta 6 lia.

Numetoto

• Nukatae wòsɔ be míayɔ Yehowa be “mía Fofo”?

• Nukatae gbedodoɖa be woakɔ Yehowa ƒe ŋkɔ ŋuti nye nu vevitɔ kekeake na mí?

• Nukatae míedoa gbe ɖa be Mawu ƒe Fiaɖuƒea nava?

• Nukae wòfia ne míedo gbe ɖa be woawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu le anyigba dzi abe alesi wole ewɔm le dziƒo ene?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 9]

Yesu ƒe gbedodoɖawo to vovo sasasã tso Farisitɔwo ƒe gbe siwo wodona ɖa le kɔnu dzro aɖe ko nu la gbɔ

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Kristotɔwo doa gbe ɖa be Mawu ƒe Fiaɖuƒea nava, be woakɔ eƒe ŋkɔ ŋuti, eye be woawɔ eƒe lɔlɔ̃nu