Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Mawusubɔsubɔ Kple Wò Lãmesẽmenɔnɔ

Mawusubɔsubɔ Kple Wò Lãmesẽmenɔnɔ

Mawusubɔsubɔ Kple Wò Lãmesẽmenɔnɔ

ÀNYA zã ɣeyiɣi geɖe ɖe wò lãmesẽ gbɔ kpɔkpɔ ŋu. Ðewohĩ èdɔa alɔ̃ gaƒoƒo enyi gbesiagbe, hezãa gaƒoƒo geɖe ɖe nuɖaɖa kple nuɖuɖu ŋu, eye èwɔa dɔ gaƒoƒo enyi alo esi wu nenema be nàkpɔ ga atsɔ axe xɔfetu ahatsɔ ɖe aƒle nuɖuɖui. Ne èdze dɔ la, anɔ eme be èzã ɣeyiɣi kple ga geɖe le ɖɔkta gbɔ yiyi me alo le asitɔtrɔ le gbetike aɖewo ŋu me. Èdzraa wò aƒeme ɖo, lea tsi, eye ɖewohĩ èdea kame edziedzi kple susu be nànɔ lãmesẽ me.

Ke hã lãmesẽmenɔnɔ lɔ nu geɖe ɖe eme wu wò ŋutilãmenuhiahiãwo ko gbɔ kpɔkpɔ. Nu bubu aɖe hã li si wɔa akpa vevi aɖe le wò lãmesẽmenɔnɔ ŋu. Atikeŋutinumekuku ɖee fia be wò gbɔgbɔmemenyenye—si nye alesi nètsɔa mawusubɔsubɔ nu vevii alo menɔa vevie na wò o—kpɔa ŋusẽ ɖe wò lãmesẽmenɔnɔ dzi.

Kadodo si Le Wo Dome Tẽ

Nufialagã Hedley G. Peach si le Melbourne Yunivɛsiti si le Australia gblɔ be: “Numekuku siwo tso numekulawo gbɔ tẽ ku ɖe nya sia ŋu ƒe akpa gãtɔ ɖee fia be kadodo le fɔléle ɖe mawusubɔsubɔ ŋu kple lãmesẽmenɔnɔ dome tẽ.” Esi The Medical Journal of Australia nɔ nu ƒom tso numekuku siawo ŋu la, egblɔ be: “Wokpɔe le amesiwo léa fɔ ɖe mawusubɔsubɔ ŋu gome be . . . ʋusɔgbɔdɔ, ʋumemi sɔgbɔ . . . kple dɔgbomedɔkagã me kansa gɔ̃ hã mete ŋu ɖea fu na wo ale o.”

Nenema ke numekuku si California Yunivɛsiti si le Berkeley wɔ le United States le ƒe 2002 me le ame 6,545 ŋu ɖee fia be “amesiwo dea sɔleme zi ɖeka le kwasiɖa me nɔa agbe didi wu amesiwo medena edziedzi o alo medena kura o.” Doug Oman, si nye numekuku sia ƒe ŋgɔnɔla kple nufiala le Dumeviwo ƒe Lãmesẽtakpɔkpɔ Suku si le California Yunivɛsiti si le Berkeley gblɔ be: “Míekpɔ vovototo sia esi míede ŋugble tso nuwo abe hadede kple nuwɔna siwo naa wonɔa lãmesẽ me, hekpe ɖe atamanono kple kamedede ene ŋu vɔ megbe gɔ̃ hã.”

Esi The Medical Journal of Australia nɔ susu hem yi viɖe bubu siwo amesiwo si mawusosroɖa ƒe nɔnɔme le kpɔna dzi la, egblɔ be: “Numekuku siwo wowɔ le Australia ɖee fia be amesiwo doa vevie mawusubɔsubɔ ƒe srɔ̃ɖeɖe lia ke wu eye womenyea ahatsunolawo alo zãa atikevɔ̃ɖiwo fũ o, ƒã hafi wo dometɔ aɖe adi be yeawu eɖokui, wometsia dzimaɖi fũ o eye womeléa blanui fũ hã o, eye ɖokuitɔdidi menɔa wo me o.” Gakpe ɖe eŋu la, BMJ (si woyɔna tsã be The British Medical Journal) ka nya ta be: “Edze abe amesiwo ʋua eme be mawusubɔsubɔ me xɔse sẽŋu le yewo si te ŋu ɖua nuxaxa dzi keŋkeŋ kaba le woƒe ƒometɔ kplikplikpli aɖe ƒe ku megbe tsɔ wu amesiwo si mawume dzixɔse aɖeke kura mele o.”

Nukpɔsusu vovovowoe le amewo si ku ɖe nusi mawusosroɖa vavãtɔ nye ŋu. Ke hã wò mawusosroɖa ƒe nɔnɔme kpɔa ŋusẽ ɖe wò dzɔdzɔme kple susume dedienɔnɔ dzi. Ðaseɖiɖi sia wɔ ɖeka kple nya aɖe si Yesu Kristo gblɔ ƒe 2,000 kloe nye esi va yi. Egblɔ be: “Dzidzɔtɔwoe nye amesiwo tsɔa ɖe le woƒe gbɔgbɔ me nuhiahiã me.” (Mateo 5:3, NW) Esi wò mawusosroɖa ƒe nɔnɔme kpɔa ŋusẽ ɖe wò lãmesẽmenɔnɔ kple dzidzɔkpɔkpɔ dzi ta la, esɔ be míabia be: ‘Afikae makpɔ mawusosroɖa ƒe mɔfiame adodoea le? Eye nukae mawusosroɖagbenɔnɔ lɔ ɖe eme?’