Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

‘Xexe Sia Me Ƒe Nɔnɔme Le Tɔtrɔm’

‘Xexe Sia Me Ƒe Nɔnɔme Le Tɔtrɔm’

‘Xexe Sia Me Ƒe Nɔnɔme Le Tɔtrɔm’

“Esia gblɔm mele, nɔviwo, bena ɣeyiɣi [si susɔ] la le kpuie.”​—KORINTOTƆWO I, 7:29.

1, 2. Tɔtrɔ kawoe va xexeame nèkpɔ le wò agbe me?

TƆTRƆ kawoe va xexeame nèkpɔ le wò agbe me? Àte ŋu agblɔ wo dometɔ aɖewoa? Le kpɔɖeŋu me, wowɔ ŋgɔyiyi le atikeŋutinunya me. Numekuku sia wɔe be amewo ƒe agbenɔƒe dzi ɖe edzi le dukɔ aɖewo me tso ƒe siwo mede 50 o dzi le ƒe alafa 20 lia ƒe gɔmedzedze va ɖo ƒe 70 kple edzivɔ egbea! Bu alesi radio, television, asitelefon, kple faksmɔ̃wo zazã nyuie ɖea vi na mí hã ŋu kpɔ. Nu vevi bubu aɖewo hãe nye ŋgɔyiyi siwo wowɔ le agbalẽsɔsrɔ̃, mɔzɔnyawo, kple amegbetɔwo ƒe gomenɔamesinyawo me, siwo katã na ame miliɔn geɖe ƒe agbe nyo ɖe edzi.

2 Nyateƒee wònye be menye tɔtrɔwo katãe na nuwo nyo ɖe edzi o. Womate ŋu aŋlɔ nu gbegblẽ siwo nuvlowɔwɔ ƒe dzidziɖedzi, agbenyuinɔnɔsewo ƒe toyiyi, atikevɔ̃ɖizazã kple srɔ̃gbegbe ƒe dzidziɖedzi kabakaba, nuwo ƒe asixɔxɔ bobobo, kple nuvlowɔhawo ƒe ŋɔdzidoname si le dzidzim ɖe edzi he vɛ la be o. Aleke kee wòɖale o, àlɔ̃ ɖe nya si apostolo Paulo ŋlɔ ɣeyiɣi didi aɖee nye esia la dzi be: ‘Xexe sia me ƒe nɔnɔme le tɔtrɔm.’—Korintotɔwo I, 7:31.

3. Nukae nɔ susu me na Paulo esime wòŋlɔ be ‘xexe sia ƒe nɔnɔme le tɔtrɔm’?

3 Esime Paulo gblɔ nya ma la, etsɔ xexeame nɔ sɔsɔm kple fefewɔƒe aɖe. Fefea wɔlawo—dunyahedziɖulawo, subɔsubɔhawo, kple ame ŋkutawo—vana tsia dzi, va wɔa woƒe akpa dzi hedzona eye ame bubuwo va xɔna ɖe wo teƒe. Esia yi edzi ɣeyiɣi didi aɖee nye esia. Tsã la, fiaƒome aɖe ate ŋu aɖu dzi ƒe gbogbowo—ƒe alafa nanewo gɔ̃ hã—eye bebli hafi tɔtrɔwo vana. Mele nenema egbea esi kplɔla xɔŋkɔ aɖe wuwu ate ŋu ana ŋutinya natrɔ kpata o! Ẽ, le ʋunyaʋunya ƒe ɣeyiɣi siawo me la, míenya nusi ava dzɔ le etsɔme o.

4. (a) Nukpɔsusu si da sɔ kae wòle be wòanɔ Kristotɔwo si le xexeamenudzɔdzɔwo ŋu? (b) Kpeɖodzi eve siwo ŋu kakaɖedzi le kawo mee míadzro fifia?

4 Ne xexeame nye fefewɔƒe eye eƒe kplɔlawo nye fefewɔlawo la, ekema Kristotɔwo nye nukpɔlawo. * Gake esi ‘womenye xexeame ƒe akpa aɖeke o’ ta la, wometsia dzi fũ ɖe xexeame ŋgɔnɔlawo ƒe dzidzedzekpɔkpɔ alo amesiwo wonye gɔ̃ hã ŋu o. (Yohanes 17:16) Ke boŋ wokpɔa mɔ vevie na kpeɖodzi siwo aɖee fia be wɔnaa ɖo eƒe sesẽaƒe—eye wòava wu enu kpata le afɔku me—elabena wonyae be ele be nuɖoanyi sia nawu enu hafi Yehowa nahe dzɔdzɔenyenye ƒe xexe yeye si wole mɔ kpɔm na ɣeyiɣi didi aɖee nye esia la vɛ. * Eyata mina míadzro kpeɖodzi eve siwo ɖee fia be míele nuwuɣia me eye be xexe yeyea tu aƒe la me. Woawoe nye (1) Biblia ƒe ɣeyiɣikɔntabubu kple (2) xexeame ƒe nɔnɔme siwo le gbegblẽm ɖe edzi.—Mateo 24:21; Petro II, 3:13.

Nya Ɣaɣla aɖe si Gɔme Woɖe Mlɔeba!

5. Nukae nye ‘dukɔwo ƒe ɣeyiɣi ɖoɖiawo,’ eye nukatae míetsɔ ɖe le wo me?

5 Ɣeyiɣikɔntabubue nye nusɔsrɔ̃ tso ƒomedodo si le ɣeyiɣi kple nudzɔdzɔwo dome ŋu. Yesu ƒo nu tso ɣeyiɣi aɖe si xexeamekplɔlawo axɔ ŋgɔ le xexemenudzɔdzɔwo me eye Mawu ƒe Fiaɖuƒe ya mawɔ akpa aɖeke o la ŋu. Yesu yɔ ɣeyiɣi ma be “trɔ̃subɔlawo ƒe ɣeyiɣi la [alo dukɔwo ƒe ɣeyiɣi ɖoɖiwo, NW].” (Luka 21:24) Le ‘ɣeyiɣi ɖoɖi’ mawo ƒe nuwuwu la, Mawu ƒe Dziƒofiaɖuƒea ƒe Dziɖula si dze Yesu, adze dziɖuɖu gɔme. Gbã la, Yesu aɖu dzi “le [eƒe] futɔwo titina.” (Psalmo 110:2) Emegbe Daniel 2:44 gblɔ be Fiaɖuƒea “agbã” amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo katã “eye wòagblẽ wo,” eye eya anɔ anyi tegbee.

6. Ɣekaɣie ‘dukɔwo ƒe ɣeyiɣi ɖoɖiawo’ dze egɔme, ɣeyiɣi didi kae woxɔ, eye ɣekaɣie wowu nu?

6 Ɣekaɣie ‘dukɔwo ƒe ɣeyiɣi ɖoɖiawo’ awu enu eye Mawu ƒe Fiaɖuƒea ƒe dziɖuɖu nadze egɔme? Ŋuɖoɖo ma si ‘nu wotre vaseɖe nuwuɣi’ la lɔ Biblia ƒe ɣeyiɣikɔntabubu ɖe eme. (Daniel 12:9) Esi “ɣeyiɣi” ma nɔ gogom la, Yehowa ɖe ŋuɖoɖoa fia Biblia nusrɔ̃vi ɖokuibɔbɔlawo ƒe ƒuƒoƒo aɖe. Wova se egɔme to Mawu ƒe gbɔgbɔa ƒe kpekpeɖeŋu dzi be ‘dukɔwo ƒe ɣeyiɣi ɖoɖiawo’ dze egɔme esime wotsrɔ̃ Yerusalem le ƒe 607 D.M.Ŋ. me eye be “ɣeyiɣi” mawo ƒe didimee nye ƒe 2,520. Wobu akɔnta tso esia dzi hekpɔe be ƒe 1914 ye de dzesi ‘dukɔwo ƒe ɣeyiɣi ɖoɖiawo’ ƒe nuwuwu. Wova de dzesii hã be ƒe 1914 nye nuɖoanyi sia ƒe nuwuwu ƒe gɔmedzeɣi. Esi nènye Biblia-nusrɔ̃vi la, ɖe nàte ŋu azã Ŋɔŋlɔawo atsɔ aɖe alesi wobu akɔnta ke ɖe ƒe 1914 ŋu mea? *

7. Ŋɔŋlɔ kawoe kpe ɖe mía ŋu be míanya azã adre siwo ŋu woƒo nu tsoe le Daniel ƒe agbalẽa me la ƒe gɔmedzeɣi, didime, kple nuwuɣi?

7 Nane si akpe ɖe mía ŋu míaɖe eme la dze le Daniel ƒe agbalẽa me. Esi wònye Yehowa zã Babilon Fia Nebukadnezar le ‘ɣeyiɣi ɖoɖiawo’ ƒe gɔmedzeɣi le ƒe 607 D.M.Ŋ. be wòatsrɔ̃ Yerusalem ta la, Eɖee fia to dziɖula ma dzi be dukɔwo ayi woƒe dziɖuɖu dzi Mawu ƒe asi manɔmee hena kpɔɖeŋu ƒe azã adre. (Xezekiel 21:31, 32; Daniel 4:13, 20-22) Ɣeyiɣi didi kae azã adreawo axɔ? Nyaɖeɖefia 11:2, 3, kple 12:6, 14 gblɔ be azã etɔ̃ kple afã ƒe didimee nye ŋkeke 1,260. Ekema ele be azã adre nanye ɣeyiɣi ma ƒe didime teƒe eve, alo ŋkeke 2,520. Akɔntabubua katã koe nye maa? Ao, elabena Yehowa na dzidzenu aɖe Daniel ŋɔlimetɔ, nyagblɔɖila Xezekiel le alesi woase kpɔɖeŋuɣeyiɣi sia gɔmee be: “Mebu ŋkeke ɖeka na wò ƒe ɖekae.” (Xezekiel 4:6) Eyata azã adre la ƒe didime ŋutɔŋutɔe nye ƒe 2,520. Ne míebu ƒe 607 D.M.Ŋ. be eyae nye ƒe si me ɣeyiɣi ɖoɖiawo dze egɔme, eye be ɣeyiɣi ɖoɖiawo ƒe didimee nye ƒe 2,520 la, míate ŋu aƒo nya ta be ele be wòawu nu le ƒe 1914 me.

Woɖo Kpe “Nuwuɣi” la Dzi

8. Kpeɖodzi si li be xexeame ƒe nɔnɔmewo gblẽ ɖe edzi tso ƒe 1914 me kae nàte ŋu afia asii?

8 Xexeame ƒe nudzɔdzɔ siwo le eme vam tso ƒe 1914 ɖo kpe edzi be nya si míegblɔ do ŋgɔ ƒe gɔmesese si wotu ɖe Biblia ƒe ɣeyiɣikɔntabubu dzi la sɔ. Yesu ŋutɔ gblɔ be aʋawɔwɔwo, dɔwuame, kple dɔvɔ̃woe ade dzesi “xexeame ƒe nuwuwu.” (Mateo 24:3-8; Nyaɖeɖefia 6:2-8) Nenema tututue nuwo le edzi yime tso ƒe 1914 dzi. Apostolo Paulo gagblɔ nya geɖe kpee be vovototo gã aɖe anɔ nɔnɔme si anɔ amewo si ɖe wo nɔewo ŋu la dome. Alesi wòƒo nu tso tɔtrɔ siwo katã teƒe kpɔm míele ŋu la sɔ pɛpɛpɛ.—Timoteo II, 3:1-5.

9. Nya ka gblɔm numeɖelawo le tso alesi xexeame ƒe nɔnɔmewo le tso ƒe 1914 me ŋu?

9 Ðe “xexe sia ƒe nɔnɔme” trɔ vavã tso ƒe 1914 mea? Nufialagã Robert Wohl gblɔ le agbalẽ si nye The Generation of 1914 (Ƒe 1914 ƒe Dzidzime La) me be: “Amesiwo nɔ agbe to aʋa la me mete ŋu ɖe dzixɔse si nye be xexeme ɖeka wu enu eye bubu dze egɔme le August 1914 me la ɖa le susu me o.” Esime Ðk. Jorge A. Costa e Silva, si nye tagbɔdɔléle ŋuti nunyalawo ƒe amegã si wɔa dɔ kple Xexeame ƒe Lãmesẽ Habɔbɔa, nɔ kpe ɖom esia dzi la, eŋlɔ be: “Míele ɣeyiɣi aɖe si me nuwo le tɔtrɔm kabakaba ŋutɔ me, si na dzimaɖitsitsi kple nuteɖeamedzi siwo gbegbe teƒe ameƒomea mekpɔ kpɔ o la le edzi vam.” Wò hã èkpɔe alea?

10. Aleke Biblia na numekɔkɔ mí le amesi gbɔ xexeame ƒe nɔnɔmewo ƒe gbegblẽ tso tso ƒe 1914 me ŋui?

10 Amekae nye futɔ vɔ̃ɖi si le megbe na xexeame ƒe nɔnɔmewo ƒe gbegblẽ ɖe edzi? Nyaɖeɖefia 12:7-9 ɖe amesi futɔ vɔ̃ɖia nye fia: “Aʋa dzɔ le dziƒo: Mixael [Yesu Kristo] kple eƒe dɔlawo yi aʋa wɔ ge kple ʋɔ driba la [Satana Abosam]. Eye ʋɔ driba la kple eƒe dɔlawo wɔ aʋa la, eye womeɖu dzi o, eye womegakpɔ woƒe teƒe hã le dziƒo o. Eye wotsɔ ʋɔ driba gã, . . . amesi nye xexeame katã blela la, ƒu gbe.” Eyata Satana Abosam ye nye fɔɖila si he xaxawo vɛ, eye enyanya tso dziƒo le ƒe 1914 me na wodo “baba na anyigba kple atsiaƒu; elabena Abosam ɖi va mia gbɔ, eye dzi le ekum ŋutɔ; elabena enyae be, vovoɣi vi aɖe ko yekpɔ.”—Nyaɖeɖefia 12:10, 12.

Alesi Woaɖe Wɔna Mamlɛtɔa Afiae

11. (a) Mɔ kawo dzie Satana tona blea “xexeame katã”? (b) Satana ƒe agbagbadzedze tɔxɛ ka dzie apostolo Paulo he susu yii?

11 Esi Satana nya be yeƒe tsɔtsrɔ̃ɣi le gogom ta la, ele agbagba geɖe dzem tso ƒe 1914 me ke be yeable “xexeame katã.” Esi Satana nye amesi bi le amebeble me ɣesiaɣi ta la, eya ŋutɔ nɔa vivime eye wònana xexeame ƒe ŋgɔnɔlawo kple nutovɛlawo xɔa ŋgɔ le xexeame ƒe nudzɔdzɔwo me. (Timoteo II, 3:13; Yohanes I, 5:19) Eƒe taɖodzinuwo dometɔ ɖeka enye be yeable ameƒomea ale be woasusui be mɔ si nu yeɖua dzi le la ate ŋu ahe ŋutifafa vavãtɔ vɛ na wo. Ne míagblɔe gbadzaa la, eƒe ameflunya la kpɔ dzidzedze, elabena amewo gale mɔ kpɔm kokoko be nuwo anyo togbɔ be ɖaseɖiɖi gbogbowo le eɖem fia be nɔnɔmeawo le gbegblẽm ɖe edzi gɔ̃ hã. Apostolo Paulo gblɔe ɖi be do ŋgɔ teti na nuɖoanyi sia ƒe nuwuwu la, Satana awɔ eƒe amefuflu ŋudɔ le mɔ ɖedzesi aɖe nu. Eŋlɔ be: “Ne wole gbɔgblɔm be, ŋutifafa kple anyinɔnɔ dedie li la, tete gbegblẽ ava lili wo, abe alesi fuɖuame va lilia funɔ ene.”—Tesalonikatɔwo I, 5:3; Nyaɖeɖefia 16:13.

12. Agbagba kawoe wodze be woahe ŋutifafa vɛ le míaƒe ɣeyiɣia me?

12 Le ƒe siwo va yi nyitsɔ laa me la, dunyahelawo zãa nyagbe “ŋutifafa kple dedienɔnɔ” tsɔ ƒo nu tso amegbetɔwo ƒe ɖoɖo vovovowo ŋu. Woyɔ ƒe 1986 be Dukɔwo Dome Ŋutifafaƒe kura gɔ̃ hã, togbɔ be dukɔwo dome ŋutifafa aɖeke meva le ƒe ma me o hã. Ðe xexeame ƒe ŋgɔnɔlawo ƒe agbagbadzedze siawo nye Tesalonikatɔwo I, 5:3 me vava bliboea, alo nudzɔdzɔ tɔxɛ aɖe si awɔ dɔ ɖe ame dzi ale gbegbe be xexeame katã ade dzesii ŋu nya gblɔm Paulo nɔa?

13. Esime Paulo nɔ ‘Ŋutifafa kple dedienɔnɔ!’ ƒe boblo si woado gblɔm ɖi la, nukae wòtsɔ tsɔtsrɔ̃ si akplɔe ɖo la sɔ kplii, eye nukae míate ŋu asrɔ̃ tso esia me?

13 Enuenu la, esi wònye be ne Biblia ƒe nyagblɔɖiwo va eme keŋkeŋ vɔ megbe alo ne wote emevava ko hafi wo gɔme nya sena bliboe ta la, ele be míalala akpɔ nusi ava dzɔ. Ke hã, enyo be míade dzesii be Paulo tsɔ tsɔtsrɔ̃ kpata si akplɔ ‘Ŋutifafa kple dedienɔnɔ!’ ƒe boblododoa ɖo la sɔ kple alesi fu ɖua funɔ si le ku lém. Le ɣleti asieke dome la, funɔ va nɔa vi si le tsitsim le eƒe ƒodo me ʋɛʋɛʋɛ ƒe ŋkɔ sem. Ate ŋu ase alesi via ƒe dzi le tsotsomee, alo alesi wòle ʋaʋãm le eƒe vidzidɔme. Ate ŋu atu afɔkpoe gɔ̃ hã. Dzesiawo nɔa dzedzem ɖe edzi geɖe wu vaseɖe esime gbeɖeka wòalé ku, si anye fuɖuame, si aɖee fia be nusi wònɔ mɔ kpɔm na—ɖevia dzidzi—la ɖo vɔ. Le esia ta, aleke kee woaɖado ‘Ŋutifafa kple dedienɔnɔ!’ ƒe boblo si ŋu nya wogblɔ ɖi o, anye nusi adzɔ kpoyi, si ana woase veve, gake wòahe yayra vɛ mlɔeba—si nye vɔ̃ɖinyenye ɖeɖe ɖa kura kple nuɖoanyi yeye aɖe ƒe gɔmedzeɣi.

14. Mɔ ka nue nudzɔdzɔ siwo ava le etsɔme la adzɔ le, eye nukae ado tso eme?

14 Tsɔtsrɔ̃ si gbɔna la adzi ŋɔ na Kristotɔ nuteƒewɔla siwo anye eteƒekpɔlawo. Gbã la, anyigba dzi fiawo (Satana ƒe habɔbɔ ƒe akpa si nye dunyahenuɖoanyia) adze Babilon Gã la dzidelawo (subɔsubɔhawo) dzi ahatsrɔ̃ wo. (Nyaɖeɖefia 17:1, 15-18) Eyata le nudzɔdzɔ kpata aɖe si me Satana ƒe fiaɖuƒea ama ɖe ye ŋutɔ ɖokui ŋuti, eye akpa ɖeka atsi tre ɖe evelia ŋu me la, ŋusẽ manɔ Satana si be wòaxe mɔ na esia ƒe dzɔdzɔ o. (Mateo 12:25, 26) Yehowa adee anyigba dzi fiawo ƒe dzime be ‘woawɔ eƒe tameɖoɖo’ si nye be wòaɖe amesiwo nye futɔ na esubɔlawo la ɖa le anyigba dzi. Ne wotsrɔ̃ alakpasubɔsubɔ vɔ la, Yesu Kristo anɔ ŋgɔ na eƒe dziƒoʋakɔwo le Satana ƒe habɔbɔa ƒe akpa si susɔsi nye asitsatsa kple dunyahehe nuɖoanyiwo ɖeɖe ɖa keŋkeŋ me. Mlɔeba la, woaxɔ ŋusẽ le Satana ŋutɔ si keŋkeŋ. Esia ahe xexeame nudzɔdzɔ siwo nɔ edzi yim ɣeyiɣi didi aɖee nye esia la ava nuwuwui mlɔeba.—Nyaɖeɖefia 16:14-16; 19:11-21; 20:1-3.

15, 16. Ŋusẽ kae wòle be ŋkuɖodzinya si nye be ‘ɣeyiɣi si susɔ la le kpuie’ la nakpɔ ɖe míaƒe agbe dzi?

15 Ɣekaɣie nusiawo katã adzɔ? Míenya ŋkekea alo gaƒoƒoa o. (Mateo 24:36) Gake míenya be ‘ɣeyiɣi si susɔ la le kpuie.’ (Korintotɔwo I, 7:29) Ekema ele vevie be míawɔ ɣeyiɣi si susɔ la ŋudɔ le nunya me. Aleke míawɔe? Abe alesi apostolo Paulo gblɔe ene la, ele be ‘míaƒle ɣeyiɣi’ na nusiwo le vevie wu, aɖe asi le nusiwo mele vevie o ŋu ahawɔ ŋkeke ɖesiaɖe ŋudɔ nyuie. Nukatae wòle be míawɔ esia ɖo? “Elabena ŋkekeawo nye vɔ̃.” Eye ‘sidzedze nusi nye Aƒetɔ la ƒe lɔlɔ̃nu’ ana míawɔ ɣeyiɣi vevi ʋɛ si susɔ la ŋudɔ le mɔ gbegblẽ nu o.—Efesotɔwo 5:15-17; Petro I, 4:1-4.

16 Esi míenyae be woaɖe xexeme ƒe nuɖoanyi bliboa katã ɖa kpuie ta la, ŋusẽ kae wòle be esia nakpɔ ɖe mía dometɔ ɖesiaɖe dzi? Apostolo Petro ŋlɔ nya siwo aɖe vi na mí be: “Azɔ esi woalólo nusiawo katã la, ameka ƒomeviwo wòle na mi be, mianye le anyinɔnɔ kɔkɔe kple mawusosroɖa me.” (Petro II, 3:11) Amesiawo ƒomeviwoe wòle na mí be míanye vavã! Le ɖekawɔwɔ me kple Petro ƒe aɖaŋuɖoɖo si me nunya le la, ehiã be (1) míayi edzi anɔ ŋku lém ɖe míaƒe agbenɔnɔ ŋu nyuie ale be míaka ɖe edzi be ele kɔkɔe eye (2) míaka ɖe edzi be lɔlɔ̃ deto si le mía si na Yehowa la dzena le dɔ siwo míewɔna dzonɔamemetɔe le eƒe subɔsubɔdɔa me la me ɣesiaɣi.

17. Satana ƒe mɔ̃ kawo ŋue wòle be Kristotɔ wɔnuteƒewo nanɔ ŋudzɔ ɖo?

17 Lɔlɔ̃ na Mawu akpe ɖe mía ŋu be míava wɔ ɖeka kple xexe sia le eƒe nudzodzrowo ta o. Le nusi ava dzɔ ɖe fifi nuɖoanyia dzi ta la, anye nusi me afɔku le be míana xexeame ƒe vivisese kple dzidzɔdonamenuwo nalé dzi na mí. Togbɔ be míele xexeame hewɔa dɔ le eme hã la, ele be míaɖo to nuxlɔ̃ame si me nunya le be míagawɔ xexeame ŋudɔ bliboe o. (Korintotɔwo I, 7:31) Le nyateƒe me la, ele be míawɔ míaƒe ŋutete ɖesiaɖe be míanɔ ŋudzɔ be xexeame nagatsɔ eƒe ameflunyawo able míi o. Xexe sia makpɔ dzidzedze le eƒe kuxiwo gbɔ kpɔkpɔ me o. Mate ŋu ayi edzi alé eɖokui ɖe te ɖaa o. Nukatae míate ŋu aka ɖe edzi bliboe alea ɖo? Esi Mawu ƒe Nya si tso gbɔgbɔ me gblɔe tae: “Xexeame va yina kple eƒe nudzodzrowo; ke amesi wɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, nɔa anyi yi ɖe mavɔmavɔ me.”—Yohanes I, 2:17.

Nu Nyuitɔwo Kekeake Le Ŋgɔ Gbɔna!

18, 19. Tɔtrɔ siwo ava xexe yeyea me kawoe nèle mɔ kpɔm na vevie, eye nukatae wòanyo be nàlala?

18 Eteƒe madidi o, Yehowa aɖe Satana kple edzidelawo ɖa keŋkeŋ kpuie. Le esia megbe la, Mawu ƒe yayra anɔ ame wɔnuteƒe siwo tsi agbe le nuɖoanyi sia ƒe nuwuwu dzi woadze ‘agbenɔnɔ yeye’ aɖe si anɔ anyi ɖaa la gɔme. Aʋawɔwɔ magagblẽ nu le xexeame ŋu azɔ o; Mawu ‘atsi aʋawɔwɔwo nu vaseɖe anyigba ƒe mlɔenu ke.’ (Psalmo 46:10) Le dɔwuame teƒe la, “bli ado kpekpekpe le anyigba dzi.” (Psalmo 72:16) Gaxɔwo, kpovitɔwo ƒe dɔwɔƒewo, nulɔdɔwo, atikevɔ̃ɖisitsala gãwo, srɔ̃gbegbe ʋɔnudrɔ̃ƒewo, agbaɖuɖu, kple nuvlowɔlawo ƒe ŋɔdzidoname nu ayi.—Psalmo 37:29; Yesaya 33:24; Nyaɖeɖefia 21:3-5.

19 Yɔdowo atsi ƒuƒlu, eye ame biliɔn gbogbo siwo wofɔ ɖe tsitre—ẽ, amesiwo anye agbe gomekpɔla geɖewo—anɔ anyigba la dzi. Dzidzɔ ka gbegbee nye si wòanye ne dzidzimewo gawɔ ɖeka ake eye lɔlɔ̃tɔ siwo klã tso wo nɔewo gbɔ ɣeyiɣi didi aɖee nye esia la wɔ atuu na wo nɔewo dzidzɔtɔe hekpla asi kɔ na wo nɔewo tso dzime! Mlɔeba la, amesiwo katã le agbe la asubɔ Yehowa. (Nyaɖeɖefia 5:13) Ne nuwo trɔ keŋkeŋ la, woagadze agbenɔnɔ yeye aɖe gɔme le anyigba si zu paradiso la dzi. Aleke nàse le ɖokuiwò me ne èkpɔ nɔnɔmea teƒe? Godoo la, wò dzi aʋã wò nàgblɔ be, ‘Ɣeyiɣi didi aɖee nye esia menɔ nusia lalam, gake enyo be melala!’

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 4 Le nudzɔdzɔ bubu me la, Paulo ƒo nu tso Kristotɔ amesiaminawo ŋu be wonye “nukpɔkpɔ na xexeame kple mawudɔlawo kple amewo siaa.”—Korintotɔwo I, 4:9.

^ mm. 4 Le kpɔɖeŋu me, hena dzesidede amesi “dziehefia” si ŋu woƒo nu tsoe le Daniel 11:40, 44, 45 nye la, kpɔ agbalẽ si nye Ðo To Daniel ƒe Nyagblɔɖi La! ƒe axa 280-1.

^ mm. 6 Biblia ŋutɔ ɖee fia be wotsrɔ̃ Yerusalem ƒe 70 do ŋgɔ na Yudatɔ aboyomeawo ƒe tɔtrɔgbɔ le ƒe 537 D.M.Ŋ. me. (Yeremya 25:11, 12; Daniel 9:1-3) Hena numedzodzro tsitotsito le ‘dukɔwo ƒe ɣeyiɣi ɖoɖiawo’ ŋu la, kpɔ Reasoning From the Scriptures, si Yehowa Ðasefowo ta ƒe axa 95-7.

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

• Alekee apostolo Paulo ƒe nya siwo nye ‘xexe sia me ƒe nɔnɔme le tɔtrɔm’ la nye nyateƒe le míaƒe ɣeyiɣia mee?

• Aleke Biblia ƒe ɣeyiɣikɔntabubu na míenya ɣeyiɣi si me ‘dukɔwo ƒe ɣeyiɣi ɖoɖiawo’ wu enu?

• Aleke xexeame ƒe nɔnɔmewo ƒe tɔtrɔ ɖo kpe edzi be “nuwuɣi” la dze egɔme le ƒe 1914 me?

• Ŋusẽ kae wòle be nyanya be ‘ɣeyiɣi si susɔ la le kpuie’ la nakpɔ ɖe mía dzi?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 20]

Azɔ ko​—woɖe nya ɣaɣla la gɔme!