Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yehowa Naa Míaƒe Gbesiagbe Nuhiahiãwo Mí

Yehowa Naa Míaƒe Gbesiagbe Nuhiahiãwo Mí

Yehowa Naa Míaƒe Gbesiagbe Nuhiahiãwo Mí

“Miaƒe tamesusu naganyama mi o. Elabena . . . mia Fofo nyae bena, nusiawo hiã mi.”—LUKA 12:29, 30.

1. Aleke Yehowa nyia lãwoe?

ÈKPƆ atsutsurɔe alo xevi bubu aɖe wòdze abe ɖe wònɔ dɔ tɔm anyigba gbɔlo ene kpɔa? Ðewohĩ èbia ɖokuiwò nusi wòate ŋu akpɔ aɖu to dɔ tɔtɔ anyigba me. Le Yesu ƒe Todzimawunyaa me la, eɖee fia be míate ŋu asrɔ̃ nu tso alesi Yehowa nyia xewoe me. Egblɔ be: “Mikpɔ dziƒoxeviwo ɖa, womeƒãa nu o, womeŋea nu hã o, eye womeƒoa nuwo ƒu ɖe avawo me hã o, ke mia Fofo, si le dziƒo la, nyia wo. Alo ɖe mia tɔ mevena wu woawo tɔ o mahã?” (Mateo 6:26) Yehowa nyia eƒe nuwɔwɔwo katã le mɔ wɔnukuwo nu.—Psalmo 104:14, 21; 147:9.

2, 3. Gbɔgbɔmenufiame kae míate ŋu asrɔ̃ tso gbe si Yesu fia mí be míado ɖa abia míaƒe gbesiagbe nuɖuɖu me?

2 Ke nukatae Yesu bia le eƒe kpɔɖeŋugbedodoɖaa me be: “Na míaƒe nuɖuɖu, si asu mía nu egbe la mí”? (Mateo 6:11) Míate ŋu akpɔ gbɔgbɔmenufiame vevi geɖewo le nubiabia kpui sia me. Gbã la, eɖo ŋku edzi na mí be Yehowae nye Nunala Gãtɔ. (Psalmo 145:15, 16) Amegbetɔwo ate ŋu ado nuku ahalé be nɛ, gake Mawu koe ate ŋu ana nuwo natsi le gbɔgbɔ kple ŋutilã me. (Korintotɔwo I, 3:7) Nusiwo míeɖuna henona la nye nunana tso Mawu gbɔ. (Dɔwɔwɔwo 14:17) Ebiabia be wòana míaƒe gbesiagbe nuhiahiãwo mí la ɖenɛ fianɛ be míekpɔa ŋudzedze ɖe nunana mawo ŋu. Togbɔ be ele alea hã la, biabia sia meɖe agba ɖa le mía dzi be míawɔ dɔ ne ŋutete le mía ŋu na ewɔwɔ o.—Efesotɔwo 4:28; Tesalonikatɔwo II, 3:10.

3 Evelia, míaƒe biabia be woana ‘nuɖuɖu, si asu mía nu egbe mí’ ɖee fia be mele be míatsi dzi akpa ɖe etsɔme ŋu o. Yesu gagblɔ be: “Migaɖe fu na mia ɖokui agblɔ bena: Nuka míaɖu, nuka míano, alo nuka míatsɔ ata mahã o. Elabena nenem nusiawo katã tɔgbe trɔ̃subɔlawo dina; ke mia Fofo, si le dziƒo la, nyae bena, nenem nusiawo katã hiãa mi. Midi mawufiaɖuƒe la kple eƒe dzɔdzɔenyenye gbãgbiagbã, eye woatsɔ nusiawo katã akpe ɖe eŋuti na mi. Eyaŋuti migatsi dzimaɖi le etsɔ si gbɔna la, ƒe nuwo ŋuti o; elabena etsɔ si gbɔna la, adze agbagba le eya ŋutɔ ƒe nuwo ŋuti.” (Mateo 6:31-34) Gbedodoɖa abia ‘nuɖuɖu, si asu mía nu egbe’ nye kpɔɖeŋu na “mawusosroɖa kple ŋudzedzekpɔkpɔ” ƒe agbe tsɛ nɔnɔ.—Timoteo I, 6:6-8.

Gbesiagbe Gbɔgbɔmenuɖuɖu

4. Nusiwo dzɔ le Yesu ƒe agbenɔnɔ kple Israel-viwo tɔ me kawoe te gbe ɖe gbɔgbɔmenuɖuɖu ƒe vevienyenye dzi?

4 Ele be míaƒe gbedodoɖa abia gbesiagbe nuɖuɖu nana míaɖo ŋku edzi hã be míehiã gbɔgbɔmenuɖuɖu gbesiagbe. Togbɔ be dɔ nɔ Yesu wum vevie ŋutɔ le nutsitsidɔ ɣeyiɣi didi aɖe megbe hã la, melɔ̃ ɖe Satana ƒe tetekpɔ be wòatrɔ kpewo woazu abolo la dzi o, egblɔ be: “Woŋlɔ ɖi bena: Menye abolo ɖeɖe ko ŋuti ame lanɔ agbe ɖo o, negbe ɖe nya sia nya, si dona tsoa Mawu ƒe nu me la ŋuti.” (Mateo 4:4) Yesu yɔ nyagblɔɖila Mose ƒe nyawo le afisia, amesi gblɔ na Israel-viwo be: “[Yehowa] bɔbɔ wò ɖe anyi hena dɔ wu wò, eye [wònyi] wò kple mana, si wò ŋutɔ kple fofowòwo mienya o, bena wòana nadze sii be, amegbetɔ mele abolo ƒe agbe ko o, ke boŋ amegbetɔ le agbe le nya, siwo katã do tso Yehowa nu la ta.” (Mose V, 8:3) Menye ŋutilãmenuɖuɖu koe Yehowa na Israel-viwo to mana la nana wo me o, ke efia nu geɖe wo le gbɔgbɔ me hã. Nufiame ɖekae nye be ele na wo be woafɔe “ɖe ŋkeke ɖeka ƒe ɖuɖu nu.” Ne wofɔe wu alesinu asu wo le ŋkekea me la, esi susɔ la dzea ʋeʋẽ gɔme hedzea nyẽ. (Mose II, 16:4, 20) Ke hã, medzɔna alea le ŋkeke adeagbe esime wòle na wo be woafɔ gbesiagbe tɔ ƒe teƒe eve be woakpɔ woƒe nuhiahiãwo gbɔ le Sabat-ŋkekea dzi ya o. (Mose II, 16:5, 23, 24) Eyata mana la ɖoa ŋku edzi na wo vevie be ele be woaɖo to eye be menye abolo dzi koe woƒe agbe nɔ te ɖo o ke boŋ ɖe “nya, siwo katã do tso Yehowa nu” la dzi.

5. Aleke Yehowa naa gbɔgbɔmenuɖuɖu míi gbesiagbe?

5 Nenema kee wòhiã be míawo hã míanɔ gbɔgbɔmenuɖuɖu si Yehowa nana to Via dzi la ɖum gbesiagbe. Esia tae Yesu ɖo “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” aɖe be wòana “nuɖuɖu” xɔsetɔwo “le ɣeyiɣi nyui dzi.” (Mateo 24:45) Menye ɖekoe dɔla ƒe ha ma naa gbɔgbɔmenuɖuɖu gbogbo aɖe to Biblia srɔ̃gbalẽwo dzi ko evɔ o, ke edea dzi ƒo na mí hã be míanɔ Biblia xlẽm gbesiagbe. (Yosua 1:8; Psalmo 1:1-3) Abe Yesu ene la, míawo hã míeɖua nu le gbɔgbɔ me to agbagbadzedze gbesiagbe be míasrɔ̃ Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu ahawɔe me.—Yohanes 4:34.

Nuvɔ̃wo Tsɔtsɔ Ke

6. Fe kawo ƒe tsɔtsɔkee wòle be míabia, eye nukae wòle be míawɔ hafi Yehowa nalɔ̃ faa atutu wo ɖa?

6 Nubiabia si kplɔe ɖo le kpɔɖeŋugbedodoɖa la me enye: “Natsɔ míaƒe vodadawo [alo fewo] ake mí, sigbe alesi míawo hã míetsɔna kea amesiwo da vo ɖe mía ŋuti [alo míaƒe fetɔwo] ene!” (Mateo 6:12) Menye ga ƒe fenyinyi ŋue Yesu le nu ƒom le le afisia o. Míaƒe nuvɔ̃wo ƒe tsɔtsɔkee nɔ susu me nɛ. Le Luka ƒe nuŋlɔɖi si ku ɖe kpɔɖeŋugbedodoɖaa ŋu me la, nubiabia sia yi ale: “Tsɔ míaƒe nuvɔ̃wo ke mí; elabena mía ŋutɔwo hã míetsɔnɛ kea amesiame, si nyia fe le mía si!” (Luka 11:4) Eyata ne míewɔ nuvɔ̃ la, ɖeko wòle abe fee míenyi le Yehowa ŋu ene. Gake mía Mawu lɔlɔ̃tɔ la le klalo be ‘yeatutu,’ alo ate fli ɖe fe ma me ne míetrɔ dzime vavã, ‘gbugbɔ,’ hebia tsɔtsɔke to Kristo ƒe tafevɔsa la dzixɔxɔse me.—Dɔwɔwɔwo 3:19; 10:43; Timoteo I, 2:5, 6.

7. Nukatae wòle be míado gbe ɖa abia míaƒe nuvɔ̃wo ƒe tsɔtsɔke gbesiagbe?

7 Le go bubu me la, míewɔa nuvɔ̃ ne míete ŋu ɖo Yehowa ƒe dzidzenu dzɔdzɔewo gbɔ o. Le nuvɔ̃ si ƒe dome míenyi ta la, mí katã míedaa vo le nuƒoƒo, nuwɔna kple tamesusu me alo míete ŋu wɔa nusi wòle be míawɔ o. (Nyagblɔla 7:20; Romatɔwo 3:23; Yakobo 3:2; 4:17) Eyata míeɖanya be míewɔ nuvɔ̃ le ŋkekea me loo alo míenya o, ehiã be míabia míaƒe nuvɔ̃wo ƒe tsɔtsɔke le míaƒe gbesiagbe gbedodoɖawo me.—Psalmo 19:13; 40:13.

8. Nukae gbedodoɖa be woatsɔ míaƒe nuvɔ̃wo ake mí aʋã mí míawɔ, eye nu nyui kae ado tso eme?

8 Ne ame dzro eɖokui me anukwaretɔe, trɔ dzime, heʋu eƒe nuvɔ̃ me le Kristo ƒe vɔsaʋu la ƒe ameɖeŋusẽ dzixɔxɔse me ko hafi wòle be wòado gbe ɖa abia tsɔtsɔke. (Yohanes I, 1:7-9) Ele be míawɔ “dɔ, siwo dze dzimetɔtrɔ” atsɔ aɖe míaƒe gbedodoɖa ƒe nu vavãnyenye afia. (Dɔwɔwɔwo 26:20) Ekema míate ŋu aka ɖe alesi Yehowa le klalo be yeatsɔ nuvɔ̃wo ake la dzi. (Psalmo 86:5; 103:8-14) Nusi ado tso emee nye be míakpɔ susu ƒe akɔdzeanyi si ɖeke mesɔ kplii o si nye “Mawu ƒe ŋutifafa, si ƒo gɔmesesewo katã ta” eye ‘woadzɔ míaƒe dziwo kple míaƒe tamesusuwo ŋu adzra wo ɖo le Kristo Yesu me.’ (Filipitɔwo 4:7) Gake Yesu ƒe kpɔɖeŋugbedodoɖa la gafia nu geɖe wu mí le nusi míawɔ be míakpɔ míaƒe nuvɔ̃wo ƒe tsɔtsɔke ŋu.

Be Woatsɔ Ake Mí la, Ele Be Míatsɔ Ake

9, 10. (a) Numeɖeɖe kae Yesu na tsɔ kpe ɖe kpɔɖeŋugbedodoɖa la ŋu, eye nuka dzie esia te gbe ɖo? (b) Aleke Yesu wɔ kpɔɖeŋu yi ŋgɔe le alesi wòhiã be míatsɔ ake ŋui?

9 Enye nusi ɖe dzesi be le kpɔɖeŋugbedodoɖaa me la, nubiabia si nye “natsɔ míaƒe vodadawo [alo fewo] ake mí, abe alesi míawo hã míetsɔ ke míaƒe fetɔwo ene!” la me koe Yesu ɖe. Le gbedodoɖaa ƒe nuwuwu la, egblɔ kpee be: “Elabena ne mietsɔ amewo ƒe vodadawo ke wo la, ekema mia Fofo, si le dziƒo la, atsɔe ake miawo hã. Ke ne mietsɔ ke amewo o la, mia Fofo hã matsɔ miaƒe vodadawo ake mi o.” (Mateo 6:14, 15) Eyata Yesu na eme kɔ ƒã be hafi Yehowa natsɔ míaƒe nuvɔ̃wo ake mí la, ele be míalɔ̃ faa atsɔ ake ame bubuwo.—Marko 11:25.

10 Ɣebubuɣi la, Yesu gblɔ kpɔɖeŋu aɖe si ɖee fia be ehiã be míatsɔ ake ne míele mɔ kpɔm be Yehowa natsɔ ake mí. Egblɔ fia aɖe si tsɔ fe gbogbo aɖe si kluvi aɖe nyi le eŋu la kee dɔmenyotɔe la ŋu nya. Emegbe fia la he to na ŋutsu ma ke vevie esi wògbe fe aɖe si le sue ŋutɔ la tsɔtsɔ ke ehati kluvi bubu aɖe. Yesu gblɔ tsɔ ƒo eƒe kpɔɖeŋua ta be: “Nenema ke Fofonye, si le dziƒo la, hã lawɔ mi, ne mia dome amesiame metsɔ ke nɔvia tso eƒe dzi me o.” (Mateo 18:23-35) Nufiamea dze ƒã: Nuvɔ̃ ƒe fe siwo Yehowa tsɔna kea mí la sɔ gbɔ boo wu vo ɖesiaɖe si ame aɖe ada ɖe mía ŋu. Gawu la, Yehowa tsɔna kea mí gbesiagbe. Ekema, eme kɔ ƒã be míate ŋu atsɔ agɔ siwo amewo dzena le mía dzi ɣeaɖewoɣi la ake wo.

11. Apostolo Paulo ƒe aɖaŋuɖoɖo ka dzie míawɔ ɖo ne míele mɔ kpɔm be Yehowa natsɔ ake mí, eye nu nyui kawoe dona tsoa esia me?

11 Apostolo Paulo ŋlɔ be: “Mikɔ dɔme ɖe mia nɔewo ŋu, eye miaƒe dɔme natrɔ ɖe mia nɔewo ŋu, eye mitsɔ ke mia nɔewo, abe alesi Mawu tsɔ ke mi le Kristo me la ene.” (Efesotɔwo 4:32) Vodadawo tsɔtsɔ ke ame nɔewo nana ŋutifafa nɔa Kristotɔwo dome. Paulo xlɔ̃ nu yi edzi be: “Esi mienye Mawu ƒe ame tiatiawo kple ame kɔkɔewo kpakple lɔlɔ̃viwo ŋuti la, mido dɔmetɔtrɔ kple nublanuikpɔkpɔ, dɔmekɔkɔ, ɖokuibɔbɔɖeanyi, dɔmefafa, dzigbɔgbɔ blewu, eye mihe adodo kple mia nɔewo, eye mitsɔ ke mia nɔewo, ne nya aɖe le ame aɖe si ɖe ame aɖe ŋuti la, alesi [Yehowa, NW] hã tsɔ ke mii la, miawo hã miwɔ nenema ke! Ke hekpe ɖe nusiawo katã ŋuti la mido lɔlɔ̃, si nye blibonyenye la ƒe nublanu.” (Kolosetɔwo 3:12-14) Nusiawo katãe dze le gbe si Yesu fia mí be míado ɖa me be, “Natsɔ míaƒe vodadawo [alo fewo] ake mí, sigbe alesi míawo hã míetsɔna kea amesiwo daa vo ɖe mía ŋuti [alo míaƒe fetɔwo] ene!” la me.

Takpɔkpɔ ne Míele Tetekpɔ me Tom

12, 13. (a) Nukae nusi wobia do ŋgɔ na mamlɛa le kpɔɖeŋugbedodoɖaa me la mate ŋu afia o? (b) Amekae nye Tela gãtɔ la, eye nukae míaƒe gbedodoɖa be woagakplɔ mí yi ɖe tetekpɔ me o fia?

12 Yesu ƒe kpɔɖeŋugbedodoɖa la me nubiabia si do ŋgɔ na mamlɛa enye: “Megakplɔ mí yi ɖe tetekpɔ me o.” (Mateo 6:13) Ðe Yesu le fiafiam be ele be míabia Yehowa be wòagate mí akpɔ oa? Mate ŋu afia alea o, elabena gbɔgbɔ ʋã nusrɔ̃la Yakobo wòŋlɔ be: “Amesi wote kpɔ la, megagblɔ bena, Mawue te ye kpɔ o; elabena womate ŋu ate Mawu akpɔ kple nuvɔ̃ o, ke eya ŋutɔ la metea ame aɖeke kpɔna o.” (Yakobo 1:13) Gawu la, hakpala la ŋlɔ be: “Yehowa, ne èbe, yealé vodadawo ɖi la, Aƒetɔ, ameka anɔ te ma?” (Psalmo 130:3) Yehowa mekea ŋku ɖi be yeakpɔ be vo kae míagada o, eye le nyateƒe me la, metea mí kpɔ be míawɔ vodada o. Ekema nukae kpɔɖeŋugbedodoɖaa ƒe akpa sia fia?

13 Amesi tea mí kpɔ be míawɔ vodada, be wòana míadze anyi to ayemenuwɔnawo dzi, eye kura gɔ̃ hã be yeavuvu mí lae nye Satana Abosam. (Efesotɔwo 6:11) Eyae nye Tela gãtɔ la. (Tesalonikatɔwo 3:5) Ne míedo gbe ɖa bia Yehowa be megakplɔ mí yi ɖe tetekpɔ me o la, ekema míele ebiam be megaɖe mɔ míadze anyi ne míele tetekpɔ me tom o. Míele ebiam be wòakpe ɖe mía ŋu be ‘Satana nagaba mí o,’ be míagana tetekpɔwo naɖu mía dzi o. (Korintotɔwo 2:11) Míedoa gbe ɖa be míakpɔtɔ anɔ “dziƒoʋĩtɔ la ƒe bebeƒe,” be míanɔ gbɔgbɔmetakpɔkpɔ si ŋugbe wodo na amesiwo lɔ̃ ɖe Yehowa ƒe dziɖulanyenye dzi le nusiwo katã wowɔna me la te.—Psalmo 91:1-3.

14. Aleke apostolo Paulo ka ɖe edzi na míi be Yehowa magblẽ mí ɖi o ne míekpɔ Esinu le tetekpɔwo mee?

14 Míate ŋu aka ɖe edzi be ne ema nye míaƒe didi vevie, eye míeɖee fia le míaƒe gbedodoɖawo kple míaƒe nuwɔnawo me la, Yehowa magblẽ mí ɖi akpɔ gbeɖe o. Apostolo Paulo ka ɖe edzi na mí be: “Tetekpɔ aɖeke meva mia dzi kpɔ o negbe ame tɔ ɖeɖeko, gake nuteƒewɔla enye Mawu, amesi mana mɔ bena, woate mi akpɔ awu alesi miate ŋui la o; ke ana gododo le eme hã akpe ɖe tetekpɔ ŋuti, bene miate ŋu atsɔe.”—Korintotɔwo I, 10:13.

“Ðe Mí tso Vɔ̃ɖitɔ la si Me”

15. Nukatae wòhiã vevie wu ɣeyiɣi ɖesiaɖe be míado gbe ɖa be woaɖe mí tso vɔ̃ɖitɔ la si me?

15 Le Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo ƒe asinuŋɔŋlɔgbalẽ akpa gãtɔ siwo dzi woate ŋu aka ɖo ƒe nya nu la, Yesu ƒe kpɔɖeŋugbedodoɖa la wu enu kple nya siawo be: “Ðe mí tso vɔ̃ɖitɔ la si me.” * (Mateo 6:13) Takpɔkpɔ tso Abosam si me hiã vevie le nuwuɣi sia me wu. Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo le aʋa wɔm kple amesiamina susɔeawo, “amesiwo léa Mawu ƒe seawo me ɖe asi, eye Yesu ƒe ɖaseɖiɖi le wo si la,” kpakple woƒe zɔhɛ “ameha gã” la me tɔwo. (Nyaɖeɖefia 7:9; 12:9, 17) Apostolo Petro xlɔ̃ nu Kristotɔwo be: “Minɔ mo xexi, minɔ ŋudzɔ; elabena miaƒe adikãtɔ, Abosam, le tsatsam abe dzata, si le gbe ɖem hele ame dim, be yeavuvu ami ene; minɔ tsitre sesĩe ɖe eyama ŋuti le xɔse me.” (Petro I, 5:8, 9) Satana adi be yeana míaƒe ɖaseɖiɖidɔa natɔ te, eye edzea agbagba toa eƒe dɔtsɔla siwo le anyigba dzi—eɖanye subɔsubɔha, asitsaha, alo dunyahehe o—la dzi be yeado vɔvɔ̃ na mí. Gake ne míele tsitre sesĩe la, Yehowa aɖe mí. Nusrɔ̃la Yakobo ŋlɔ be: “Eyaŋuti mibɔbɔ mia ɖokui ɖe Mawu te; ke mitsi tre ɖe Abosam ŋu, eye wòasi le mia gbɔ.”—Yakobo 4:7.

16. Mɔ kawo dzie Yehowa tona kpena ɖe esubɔla siwo le tetekpɔ me la ŋu?

16 Yehowa ɖe mɔ wote Via kpɔ. Gake esi Yesu zã Mawu ƒe Nya la abe takpɔnu ene tsɔ tsi tre ɖe Abosam ŋu vɔ la, Yehowa dɔ mawudɔlawo ɖa be woado ŋusẽe. (Mateo 4:1-11) Nenema kee Yehowa zãa eƒe dɔlawo tsɔ kpena ɖe mía ŋu ne míedo gbe ɖa le xɔse me hetsɔe wɔ míaƒe sitsoƒee. (Psalmo 34:8; 91:9-11) Apostolo Petro ŋlɔ be: “Ale [Yehowa] nya alesi wòaɖe mawumemewo atso tetekpɔwo me, eye wòadzra ame madzɔmadzɔwo ɖo hena ʋɔnudrɔ̃gbe, bene woatu fe vɔ̃ na wo.”—Petro II, 2:9.

Ðeɖekpɔkpɔ Bliboe Gogo

17. Aleke Yesu tsɔ nuwo ɖo wo nɔƒe alesi dze le kpɔɖeŋugbedodoɖa la fiafia mí me?

17 Le kpɔɖeŋugbedodoɖaa me la, Yesu tsɔ nuwo ɖo wo nɔƒe alesi dze. Ele be Yehowa ƒe ŋkɔ gã kɔkɔe la ŋu kɔkɔ nanye nusi me míetsɔ ɖe le vevie wu. Esi wònye Mesia Fiaɖuƒea dzie woato awɔ esia ta la, míedoa gbe ɖa be Fiaɖuƒea nava atsrɔ̃ amegbetɔ madeblibowo ƒe fiaɖuƒewo alo dziɖuɖuwo katã, eye wòakpɔ egbɔ be woawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu bliboe le dziƒo kple anyigba dzi. Míaƒe agbe mavɔ nɔnɔ le paradisonyigba dzi nɔ te ɖe Yehowa ƒe ŋkɔ ŋuti kɔkɔ kple lɔlɔ̃ ɖe eƒe dziɖulanyenye dzi le xexeame katã dzi. Ne míedo gbe ɖa le nusiawo siwo hiã vevie wu ŋu vɔ la, míate ŋu ado gbe ɖa abia míaƒe gbesiagbe nuhiahiãwo, míaƒe nuvɔ̃wo ƒe tsɔtsɔke, kple mía ɖeɖe tso vɔ̃ɖitɔ Satana Abosam ƒe tetekpɔwo kple ayemɔwo me.

18, 19. Aleke Yesu ƒe kpɔɖeŋugbedodoɖa la kpe ɖe mía ŋu be míanɔ ŋudzɔ ahalé míaƒe mɔkpɔkpɔ me ɖe asi “sesĩe halase nuwuwu”?

18 Míaƒe ɖeɖekpɔkpɔ bliboe tso vɔ̃ɖitɔ la kple eƒe nuɖoanyi gbegblẽ sia me le aƒe tum. Satana nyae nyuie be “vovoɣi vi aɖe” koe susɔ na ye be yeaɖe yeƒe ‘dziku gã’ la ɖe anyigba ŋu, vevietɔ ɖe Yehowa subɔla nuteƒewɔlawo ŋu. (Nyaɖeɖefia 12:12, 17) Le “xexeame ƒe nuwuwu” ƒe dzesi ƒokplia me la, Yesu gblɔe ɖi be nudzɔdzɔ ʋãdzinamewo ava, eye wo dometɔ aɖewo gale ŋgɔ gbɔna. (Mateo 24:3, 29-31) Ne míekpɔ nusiawo le eme vam la, míaƒe ɖeɖe ƒe mɔkpɔkpɔ la me agakɔ ɖe edzi. Yesu gblɔ be: “Ne nusiawo de asi emevava me la, ekema miwu mo dzi, eye mikɔ miaƒe tawo ɖe dzi, elabena miaƒe ɖeɖe la gogo.”—Luka 21:25-28.

19 Kpɔɖeŋugbedodoɖa kpui si Yesu fia eƒe nusrɔ̃lawo la nye mɔfiafia si sɔ na mí le nusiwo ŋuti míado gbe ɖa le ŋu esi nuwuwua le aƒe tum. Mina míaka ɖe edzi be Yehowa ayi edzi ana míaƒe gbesiagbe nuhiahiãwo mí le gbɔgbɔ kple ŋutilã me siaa vaseɖe nuwuwu. Míaƒe ŋudzɔnɔnɔ le gbedodoɖa me akpe ɖe mía ŋu be “míalé dzideƒo ƒe gɔmedzedze me ɖe asi sesĩe halase nuwuwu.”—Hebritɔwo 3:14; Petro I, 4:7.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 15 Biblia aɖewo siwo gɔme woɖe ɣeyiɣi didi aɖee nye esia, abe King James Version ene, tsɔ nya sia si woyɔna be Mawu kafukafunya la wu Aƒetɔ ƒe Gbedodoɖa la nui: “Elabena tɔwòe nye fiaɖuƒe kple ŋusẽ kple ŋutikɔkɔe yi ɖe mavɔmavɔ me. Amen.” The Jerome Biblical Commentary gblɔ be: “Mawu kafukafunya la . . . medze le [asinuŋɔŋlɔgbalẽ] siwo dzi woka ɖo wu la me o.”

Numetoto

• Gɔmesese kae le biabia be woana mí ‘egbe ƒe nuɖuɖu’ ŋu?

• Ðe biabia si nye “natsɔ míaƒe vodadawo [alo fewo] ake mí, sigbe alesi míawo hã míetsɔna kea amesiwo da vo ɖe mía ŋuti [alo míaƒe fetɔwo] ene!” la me.

• Nukae míaƒe biabia be Yehowa nagakplɔ mí yi ɖe tetekpɔ me o fia?

• Nukatae wòhiã be míado gbe ɖa be Yehowa ‘naɖe mí tso vɔ̃ɖitɔ la si me’?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata siwo le axa 15]

Ele be míatsɔ ake amewo ne míedi be woatsɔ ake mí

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 13]

Lydekker