Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yehowa Ve Nunye Helé Be Nam

Yehowa Ve Nunye Helé Be Nam

Agbemeŋutinya

Yehowa Ve Nunye Helé Be Nam

ABE ALESI FAY KING GBLƆE ENE

Dzinyelawo ƒe dɔme fa, gake abe alesi ko wònɔ le ame bubu geɖe gome ene la, wometsɔ ɖeke le mawusubɔsubɔnyawo me kura o. Nya siwo nɔnye gblɔna edziedzi enye be: “Mawu anya nɔ anyi godoo, ne menye nenema o la, ekema amekae wɔ seƒoƒowo kple atiwo?” Gake afima koe eƒe mawudzixɔse wu enu ɖo.

FOFONYE ku le ƒe 1939 me esime mexɔ ƒe 11, eye nɔnye gbɔe menɔ le Stockport, si le Manchester ƒe anyiehe tututu, le England. Medina ɣesiaɣi be manya nu tso Wɔla la ŋu eye medea bubu Biblia ŋu vevie togbɔ be nyemenya naneke tso eŋu o hã. Eyata meɖoe be mayi ɖe England Sɔlemeha me akpɔ.

Woƒe mawunyagbɔgblɔ mewɔ dɔ boo aɖeke ɖe dzinye o, gake esi woxlẽ Nyanyuiawo la, Yesu ƒe nyawo na meka ɖe edzi ɖe kple ɖee be Biblia me nyawo anye nyateƒe. Ne mebu eŋu kpɔ la, ewɔa nuku nam be nyemexlẽ Biblia kpɔ le ɖokuinye si ɣemaɣi o. Emegbe esi xɔlɔ̃ aɖe si tsɔa ɖe le míaƒe ƒomea me nam “Nubabla Yeye” si gɔme woɖe wòle bɔbɔe gɔ̃ hã la, nyemenɔ anyi xlẽ o.

Le nyateƒe me la, Koreatɔwo ƒe Aʋa si dzɔ le ƒe 1950 me na mete tame bubu vevie. Ðe aʋaa akeke ta abe alesi wòdzɔ le Xexemeʋa II me enea? Ne edzɔ alea ɖe, aleke mawɔ awɔ ɖe se si Yesu de be míalɔ̃ míaƒe futɔwo la dzii? Ke hã, ɖe mate ŋu anɔ te anɔ amewo kpɔm woanɔ nye dukɔa dzi dzem eye nyemawɔ naneke atsɔ atɔ te wo oa? Ne edzɔ alea la, ekema afia be mele sisim le nye agbanɔamedziwo nu. Togbɔ be metɔtɔ hã la, meka ɖe edzi be nye biabiawo ƒe ŋuɖoɖowo katã le Biblia me, ke hã nyemenya alesi mawɔ ake ɖe wo ŋu loo alo nya afisi makpɔ wo le o.

Nyateƒea Didi le Australia

Le ƒe 1954 me la, mía kple nɔnye míetso nya me be míaʋu ayi Australia afisi daanye, Jean nɔ. Le ƒe ʋɛ aɖewo megbe la, Jean gblɔ nam be yebia tso Yehowa Ðasefowo si be woava srãm kpɔ elabena yenyae be metsɔa ɖe le Biblia me nyawo me eye medea sɔleme hã. Edi be yeanya alesi mebua woe. Eʋu eme nam be: “Nyemenya ne woƒe numeɖeɖewo sɔ alo mesɔ ya o, gake woƒe numeɖeɖewo de ŋgɔ wu sɔlemehawo tɔ ya teti.”

Bill kple Linda Schneider, siwo nye srɔ̃tɔ siwo va srãm kpɔ la nye srɔ̃tɔ nyui aɖewo. Wonɔ woƒe ƒe 60-awo me eye wonye Ðasefowo ƒe geɖe. Wowɔ dɔ le Yehowa Ðasefowo ƒe radiodɔwɔƒe si nɔ Adelaide, eye esi woxe mɔ ɖe dɔa nu le Australia le Xexemeʋa II me la, woge ɖe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa me. Togbɔ be Bill kple Linda nɔ kpekpem ɖe ŋunye geɖe hã la, meganɔ subɔsubɔha vovovowo dom kpɔ.

Nye dɔwɔhati aɖe kplɔm yi mawunyagblɔla Billy Graham ƒe kpekpe aɖe me, emegbe mía dometɔ aɖewo kpe kple nunɔla la hebia nya geɖewoe. Mebia biabia ɖeka si nɔ fu ɖem nam: “Aleke Kristotɔ alɔ̃ eƒe futɔwo ne wòyi ɖawua wo le aʋagbedzi?” Zi tɔ le ƒuƒoƒoa me tɔwo katã dome—elabena edze ƒã be biabia ma nɔ fu ɖem na wo katã! Nunɔla la tɔ sẽ hegblɔ be: “Nyemate ŋu aɖo biabia ma ŋu o. Megakpɔtɔ le tame bum tso eŋu.”

Le ɣeyiɣi mawo katã me la, nye Biblia sɔsrɔ̃ kple Bill kpakple Linda yi edzi, eye mexɔ nyɔnyrɔ le September 1958 me. Meɖoe kplikpaa be masrɔ̃ nye nufialawo ƒe kpɔɖeŋu, eyata le ƒe si kplɔe ɖo ƒe August me la, mege ɖe gbesiagbe mɔɖeɖedɔ, si nye ɣeyiɣiawo katã ƒe nyanyuigbɔgblɔdɔa me. Ɣleti enyi megbe la, wokpem be mava wɔ mɔɖela vevi ƒe dɔ. Dzi dzɔm ale gbegbe esi mese be nɔvinyenyɔnu Jean hã wɔ ŋgɔyiyi le eƒe nusɔsrɔ̃a me eye wòxɔ nyɔnyrɔ!

Mɔnukpɔkpɔ aɖe Ʋu Nam

Menɔ subɔsubɔm le hame siwo le Sydney la dometɔ ɖeka me eye menɔ aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ geɖe wɔm. Gbeɖeka la medo go England Sɔlemeha ƒe nunɔla aɖe si xɔ dzudzɔ eye mebiae nusi sɔlemea fiana tso xexeame ƒe nuwuwu ŋu. Togbɔ be egblɔ nam be yefia sɔlemeha la ƒe nufiafia ƒe 50 hã la, eƒe ŋuɖoɖoa wɔ moyaa nam: “Ele be madi ɣeyiɣi awɔ numekuku tso eŋu elabena nyemanya Biblia abe Yehowa Ðasefowo ene o.”

Eteƒe medidi o, wote amesiwo alɔ̃ faa kpekpe be woava wɔ subɔsubɔdɔ le Pakistan. Mede asi agbalẽ te be mayi, ke nyemenya kura be womehiã nyɔnu trewo o, negbe ŋutsu trewo alo srɔ̃tɔwo ko. Edze ƒã be wotsɔ nye dɔbiagbalẽvi ɖo ɖe dɔwɔƒegã si le Brooklyn elabena mexɔ lɛta aɖe emegbe si me wotsɔe ɖo ŋkume nam be wohiã ame le Bombay (si woyɔna fifia be Mumbai), le India ne malɔ̃ ayi afima ko. Ƒe 1962 mee. Mewɔ ɖe yɔyɔa dzi eye menɔ Bombay ɣleti 18 hafi ʋu yi Allahabad.

Ema megbe kpuie la, meɖoe kplikpaa be masrɔ̃ Hindi. Zi geɖe la, alesi woŋlɔ Indiatɔwo ƒe gbegbɔgblɔ sia kple alesi woyɔa nyawoe sɔ, eyata gbea sese mesesẽ boo o. Ke hã dzi ɖena le ƒonye zi geɖe ne aƒemenɔlawo biam be mado Eŋlisigbe boŋ tsɔ wu be manɔ agbagba dzem be mado yewo degbea! Gake medo go nu dodzidzɔnamewo kple gbetɔame siwo dzi nye nuteƒekpɔkpɔ ɖe edzi le dukɔ yeye sia me, eye mekpɔ dzidzɔ geɖe le hadede kple hati Ðasefo siwo tso Australia me.

Le ƒe siwo do ŋgɔ me la, mebua srɔ̃ɖeɖe ŋu, gake le nye nyɔnyrɔxɔxɔ vɔ megbe la, Yehowa ƒe subɔsubɔdɔa xɔ nye ɣeyiɣiawo katã ale gbegbe be nyemegabua eŋu fũ o. Gake fifia la, megate sese le ɖokuinye me be mehiã na kpeɖeŋutɔ le agbe me. Nyemedi be madzudzɔ nye dutadɔdasia ya o, eyata medo gbe ɖa le eŋu na Yehowa eye meɖee ɖa le susu me.

Yayra aɖe si Nyemenɔ Mɔ Kpɔm Na O

Edwin Skinner ye nɔ India ƒe alɔdzedɔwɔƒea dzi kpɔm ɣemaɣi. Eya kple nɔvi nuteƒewɔla bubuwo de Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe Gilead Biblia Sukua ƒe klass enyilia le ƒe 1946 me, amesiawo dometɔ aɖewoe nye Harold King kple Stanley Jones siwo woɖo ɖe China. * Le ƒe 1958 me la, wode Harold kple Stanley ameɖekɛgaxɔ me kple nutsotso be wole gbeƒã ɖem le Shanghai ta. Edwin ŋlɔ agbalẽ na Harold esime woɖe asi le eŋu le ƒe 1963 me. Harold hã ɖo eŋu nɛ le eƒe tɔtrɔgbɔ tso United States kple Britain va Hong Kong eye wògblɔ didi si nɔ eme be yeaɖe srɔ̃ hã nɛ. Egblɔ na Edwin be yetsɔe de gbedodoɖa me esime yenɔ gaxɔ me, eye wòbia Edwin nenye be enya nyɔnu Ðasefo aɖe si ate ŋu asɔ na ye.

Le India la, ɖe wotiaa srɔ̃ na ame le srɔ̃ɖeɖe akpa gãtɔ me, eye wobiana tso Edwin si enuenu be wòawɔ ɖoɖo ma, gake ɣesiaɣi la melɔ̃na be ye ŋutɔ yeawɔe o. Eyata etsɔ Harold ƒe lɛtaa na Ruth Mckay, amesi srɔ̃ ŋkɔe nye Homer, si nye dzikpɔla mɔzɔla. Mlɔeba la, Ruth ŋlɔ agbalẽ nam eye wògblɔ nam be dutanyanyuigblɔla aɖe si le nyateƒea me ɣeyiɣi didi la le srɔ̃ dim be yeaɖe, eye wòbiam nenye be madi be maŋlɔ agbalẽ nɛ. Megblɔ amesi ƒomevi nɔviŋutsua nye alo ka nya aɖeke ta tso eŋu nam o.

Nyateƒee wònye be ame aɖeke menya nu le gbe si medo ɖa be makpɔ kpeɖeŋutɔ ŋu o negbe Yehowa ko, eyata medi le gɔmedzedzea me be matu afɔkpo nya ma. Ke hã, zi alesi mebu eŋui la, zi nenemae nye nyametsotsoa me sẽna ɖe edzii be Yehowa meɖoa míaƒe gbedodoɖawo ŋu le mɔ si míesusu nu ɣesiaɣi o. Eyata megaŋlɔ agbalẽ na Ruth be ate ŋu agblɔ na nɔviŋutsua be wòaŋlɔ agbalẽ nam zi alesi ema mefia ŋugbedodo be míaɖe mía nɔewo kokoko o ko. Lɛta evelia si tso Harold King gbɔ la nye esi wòŋlɔ nam tẽ.

Harold ƒe ŋutinya kple fotowo dze le nyadzɔdzɔgbalẽwo kple magazine vovovowo me esi woɖee le gaxɔ me le China vɔ megbe. Va ɖo ɣemaɣi la, wonyae nyuie le xexeame godoo, gake eƒe nuteƒewɔwɔ le teokrasi subɔsubɔdɔ me ŋu nyawoe wɔ dɔ ɖe dzinye. Eyata míeŋlɔa agbalẽ na mía nɔewo hena ɣleti atɔ̃, emegbe meyi ɖe Hong Kong. Míeɖe mía nɔewo le October 5, 1965.

Mí ame evea siaa míedi be míaɖe mía nɔewo ahayi ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa dzi, eye esi míenɔ tsitsim la, míesee le mía ɖokui me be míehiã mía nɔewo vevie. Meva lɔ̃ Harold vevie, eye esi mekpɔ alesi wòwɔa nu ɖe amewo ŋu hekpɔa kuxi siwo do mo ɖa le subɔsubɔdɔa me gbɔ le dɔmefafa kple ameŋububu me la na mebunɛ vevie. Míese vivi na ƒomegbenɔnɔ si me dzidzɔkpɔkpɔ blibo le ƒe 27 sɔŋ eye Yehowa yra mí geɖe.

Chinatɔwo nye dɔsesẽwɔlawo, eyata melɔ̃a wo vevie. Gbe si wodona le Hong Kong enye Cantonese, si nye Chinagbe aɖe si si gbeɖiɖi vovovowo le wu Mandarin eye esia na esɔsrɔ̃ sesẽna vie. Mía kple Harold míedze míaƒe srɔ̃ɖegbenɔnɔ gɔme le dutanyanyuigblɔlawo ƒe aƒe si le Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒea me eye míesubɔ le dukɔa ƒe akpa vovovowo. Ẽ, Míekpɔa dzidzɔ ŋutɔ, gake le ƒe 1976 me la, nye lãme gblẽ vevie.

Tenɔnɔ Ðe Lãmesẽkuxiwo Nu

Ʋusisidɔ ɖe fu nam ɣleti ʋɛ aɖewo eye esia wɔe be nye ʋumenugbagbevi ƒe agbɔsɔsɔ dzi ɖe kpɔtɔ ale gbegbe. Ele be woawɔ dɔ nam, gake ɖɔkta siwo nɔ kɔadzi gblɔ nam be yewomate ŋu awɔ dɔ nam ʋumazãmazãe o kple susu be nu ava te ŋunye si ate ŋu ana maku. Gbeɖeka esi ɖɔktawo nɔ nu ƒom tso nye nɔnɔmea ŋu la, dɔnɔdzikpɔlawo dze agbagba be yewoana matrɔ susu eye wogblɔ be mele be maku dzodzro nenema o. Wowɔ ɖoɖo be woako ame 12, si me woaɖe fu na ame 10 le le ŋkeke ma dzi, gake mede dzesii be womena nuxɔxlɔ̃ aɖeke funɔ siwo nɔ didim be woaɖe woƒe viwo aƒu gbe la o.

Mlɔeba la, Harold ŋlɔ lɛta ɖo ɖe kɔadzi heɖe wo le nya me be womalé wo ɖe eta ne ɖewohĩ meku tsi eme le esi wowɔ dɔ nam ʋumazãmazãe ta o. Wotsɔm yi amekoxɔa me be woadem alɔ̃ me. Gake mlɔeba la, amedealɔ̃mela la gbe be yemadem alɔ̃ me o eyata woɖe asi le ŋunye le kɔadzi.

Emegbe míeva kpɔ nyɔnuwo ƒe dɔléle ŋuti nunyala bubu aɖe. Esi wòde dzesi alesi gbegbe nye lãme gblẽe la, elɔ̃ be yeawɔ dɔ nam le asi bɔbɔe aɖe dzi—zi alesi míeyɔ asia na ame aɖeke o ko. Ewɔ dɔa nam dzidzedzetɔe—eye mezã ʋu aɖeke kuraa o. Yehowa ƒe amenuveve kple belélename dze ƒã na mía kple Harold le ɣeyiɣi sia me ale gbegbe.

Le ƒe 1992 me la, Harold dze dɔ vevie. Míeʋu yi alɔdzedɔwɔƒea eye wolé be na mí lɔlɔ̃tɔe le afima. Srɔ̃nye lɔlɔ̃a wu eƒe anyigbadzigbenɔnɔa nu le ƒe 1993 me esime wòxɔ ƒe 81.

Tɔtrɔ Yi England

Dzi dzɔam be menye Hong Kong Betel-ƒomea me tɔ, gake eva nɔ sesẽm nam be manɔ te ɖe dzoxɔxɔa kple fifia si nɔ afima la nu. Ɣemaɣie lɛta aɖe si me nyawo wɔ nuku la tso xexeame ƒe dɔwɔƒegã le Brooklyn va nam be le nye lãmegbegblẽa ta la, matia alɔdzedɔwɔƒe si me lãmesẽ gbɔ kpɔnu geɖe wu le. Eyata megagbugbɔ ʋu yi England le ƒe 2000 me ɖawɔ ɖeka kple Betel-ƒome si le London. Ðoɖo si me lɔlɔ̃ le kae nye esi! Woxɔm lɔlɔ̃tɔe, eye mekpɔa dzidzɔ ɖe nye dɔdasi vovovoawo, siwo dometɔ ɖekae nye Betel-ƒomea ƒe agbalẽdzraɖoƒe si me agbalẽ babla 2,000 le gbɔ kpɔkpɔ ŋu ale gbegbe.

Medea ha kple Chinagbe me hame si kpena le London hã, gake le afisia la, nuwo trɔ. Fifia amewo megatsoa Hong Kong vaa afisia tututu o, wotsoa China ŋutɔŋutɔ boŋ. Mandaringbee wodona, eye esia nye gbetɔame yeye aɖe nam le gbeƒãɖeɖedɔa me. Nyatakaka siwo tso dukɔa me godoo ɖee fia be wole Biblia-nusɔsrɔ̃ geɖe wɔm kple yunivɛsiti nuwula siwo tso China. Wonye veviedonulawo eye wokpɔa ŋudzedze ɖe Biblia me nyateƒe si srɔ̃m wole ŋu. Dzidzɔe wònye be míakpe ɖe amesiawo ŋu.

Le nye aƒe yeyea si toɣliɖeɖe mele o me la, mebua dzidzɔgbe si nɔm mele fifia ŋu ɣesiaɣi eye mekpɔa alesi gbegbe Yehowa ƒe amenuveve sɔ gbɔe. Edze le nusiwo katã ku ɖe eƒe tameɖoɖowo ŋu me, eye eƒe beléle na esubɔlawo ɖekaɖekae ɖe dzesi ale gbegbe. Susu geɖewo le asinye si tae wòle be mada akpe ɖe lɔlɔ̃ ƒe belélename si wònam la ta.—Petro I, 5:6, 7.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 19 Dutanyanyuigblɔla eve siawo ƒe agbemeŋutinya dze le Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ, July 15, 1963, axa 437-42 kple December 15, 1965, axa 756-67 me.

[Nɔnɔmetata si le axa 24]

Subɔsubɔ le India

[Nɔnɔmetata siwo le axa 25]

Harold King le ƒe 1963 me kple esime wònɔ subɔsubɔm le China le ƒe 1950-awo me

[Nɔnɔmetata siwo le axa 26]

Míaƒe srɔ̃kpekpe le Hong Kong, le October 5, 1965 dzi

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Mía kple Hong Kong Bethel ƒomea me tɔwo, Liang kple srɔ̃a le titina, Gannaway kple srɔ̃a le ɖusime