Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Ʋli Xɔse ƒe Ʋiʋli Nyui la”

“Ʋli Xɔse ƒe Ʋiʋli Nyui la”

“Ʋli Xɔse ƒe Ʋiʋli Nyui la”

ÀTE ŋu akpɔ asrafo aɖe si agbe be yemawɔ ɖe mɔfiame si gbɔna dzi o le aʋawɔɣi la le susu mea: “Trɔ yi srɔ̃wò kple wò ƒomea gbɔ le aƒe”?

Israel-fia Dawid ƒe dziɖuɣie woɖe gbe na asrafo aɖe nenema. Fia la ŋutɔe ɖe gbe na Uriya Xititɔ la hede dzi ƒo nɛ be wòatrɔ yi aƒe. Gake Uriya gbe be yemayi yeƒe aƒeme o. Esi wobia Uriya be wòagblɔ nusitae wògbe be yemayi aƒeme o la, egblɔ be nubablaɖaka, si nye Mawu ƒe wo dome nɔnɔ ƒe dzesi, kple Israel-viwo ƒe aʋakɔ la le aʋagbedzi. Ebia be: “Eye nyea mayi aƒenye me, aɖu nu, ano nu ahadɔ srɔ̃nye gbɔa?” Uriya se le eɖokui me be susu manɔ afɔ ma tɔgbe ɖeɖe me le ɣeyiɣi sesẽ ma me o.—Samuel II, 11:8-11.

Alesi Uriya wɔ nui fɔ nyabiase vevi aɖe ɖe te, elabena míawo hã míele aʋawɔɣi aɖe me. Aʋa sesẽ aɖe le edzi yim si mele abe esi xexeme dukɔwo wɔ ene o. Enye aʋa aɖe si womate ŋu atsɔ asɔ kple xexemeʋa eve siwo wowɔ va yi le mɔ aɖeke nu o, eye wò hã èle gome kpɔm le eme. Afɔku gãwoe le eme, eye futɔa hã dziŋɔ. Womedaa tuwo, alo bɔmbwo le aʋa sia me o, gake aʋawɔɖaŋu tɔxɛwo hiã kokoko.

Hafi nàyi aʋagbeadzi la, ele be nànya ne esɔ be nàkpɔ gome le eme, kple taɖodzinu si tae nèle ewɔm ɖo. Ðe emetsonuwo aɖe via? Le lɛta si apostolo Paulo ŋlɔ na Timoteo me la, eɖe tameɖoɖo si le aʋa vevi sia wɔwɔ me la me eme kɔ ƒã ale: “Ʋli xɔse ƒe ʋiʋli nyui la.” Ẽ, le aʋa sia wɔwɔ me la, menye mɔ̃ sesẽ aɖe tae wòle be nàʋli o, ke boŋ ‘xɔse la’—si nye Kristotɔwo ƒe nyateƒe siwo katã le Biblia me la tae. Eme kɔ ƒã be ele be nàxɔ ‘xɔse la’ dzi ase bliboe hafi aʋli eta be nàɖu dzi.—Timoteo I, 6:12.

Aʋawɔla si ɖɔa ŋu ɖo nyuie dzea agbagba vevie be yeanya yeƒe futɔ. Le aʋa sia me la, ƒe geɖe ƒe aʋawɔɖaŋu kple nuteƒekpɔkpɔ su futɔa si, eye mɔnu kple aʋawɔnuwo sɔ gbɔ ɖe esi fũ. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, enye nuwɔwɔ si tri akɔ wu amegbetɔ. Ewɔa adã, evɔ̃ɖi, eye wònye ame gblẽku; futɔ lae nye Satana. (Petro I, 5:8) Aʋawɔnuwo kple ayedzedze kpakple nusiwo wowɔna tsɔ flua amegbetɔwo mekpɔa ŋusẽ aɖeke ɖe futɔ sia dzi o. (Korintotɔwo II, 10:4) Nukae nàte ŋu azã atsɔ awɔ aʋa siae?

Aʋawɔnu vevitɔ si nàzãe nye ‘Gbɔgbɔ ƒe yi, si nye Mawu ƒe nya la.’ (Efesotɔwo 6:17) Apostolo Paulo ɖe alesi aʋawɔnu sia ɖea kpee me ale: “Mawu ƒe nya la le agbe, eye wòsẽa ŋu, eye wòɖana wua yi nuevee sia yi nuevee, eye wòƒona ɖe ame yina ɖe eme, halase esime wòmãa luʋɔ kple gbɔgbɔ kple ƒunukpeƒeewo kpakple ƒutomemi me, eye wònye tamesusuwo kple dzimedidiwo ƒe ʋɔnudrɔ̃la.” (Hebritɔwo 4:11, 12) Aʋawɔnu si ɖana, si sɔ ale gbegbe be wòate ŋu aƒo ɖe ame ayi ɖe eƒe tamesusuwo kple dzimedidiwo me ke la nye aʋawɔnu si wòle be woatsɔ aɖaŋu kple ŋuɖɔɖɔɖo azã godoo.

Ðewohĩ ènyae be aʋawɔnu siwo sẽ hede ŋgɔ wu ɖesiaɖe ate ŋu anɔ aʋakɔ aɖe si, gake womaɖe vi aɖeke ne asrafoawo menya alesi woazã woe o. Nenema ke wò hã nèhiã mɔfiame le alesi nàzã wò yi la nyuie me. Dzidzɔtɔe la, hehe si aʋawɔla siwo kpɔ nuteƒe wu ana la li nàxɔ. Yesu yɔ aʋawɔla nufiala siawo be “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” aɖe, si wotsɔ gbɔgbɔmenuɖuɖu, alo nufiafia Yesu yomedzelawo, ɖe game dzi ƒe agbanɔamedzi de asi na. (Mateo 24:45) Àte ŋu ade dzesi dɔla sia to ŋkuléle ɖe eƒe nufiafia tuameɖowo kple to nuxlɔ̃ame si wònana ɖe game dzi ku ɖe futɔa ƒe aɖaŋu siwo wòzãna la ŋu me. Alesi Yehowa Ðasefowo ƒe Kristo-hamea me tɔ siwo wotsɔ gbɔgbɔ si ami na le esia wɔmee la ɖo kpe edzi be woawoe nye dɔla sia.—Nyaɖeɖefia 14:1.

Menye mɔfiame koe dɔlaa ƒe ha sia nana o. Woɖe nɔnɔme si nɔ apostolo Paulo si la fia, amesi ŋlɔ lɛta na Tesalonika-hamea, be: “Míefa tu le mia dome, abe alesi vidada kpɔa ye ŋutɔ viawo dzii ene, nenema ke esi míelɔ̃a nu le mia gbɔ o ŋuti la, edze mía ŋu nyuie bena, menye Mawu ƒe nyanyuie la ɖeɖeko míetsɔ na mi o, ke mía ŋutɔwo míaƒe agbe hãe boŋ; elabena mietrɔ zu míaƒe lɔlɔ̃tɔwo.” (Tesalonikatɔwo I, 2:7, 8) Ekpo ɖe Kristotɔ asrafo ɖesiaɖe gbɔ be wòazã hehe si wonana si me lɔlɔ̃ le la nyuie.

Aʋawɔnu Blibo la Katã

Wonaa kpɔɖeŋuʋawɔnu blibo la katã wò be wòakpɔ tawò. Àte ŋu akpɔ aʋawɔnu siawo katã le Efesotɔwo 6:13-18. Asrafo ɖɔŋuɖo malɔ̃ be yeado go ne eƒe gbɔgbɔ me ʋawɔnua ƒe ɖe bu alo ne ehiã be wòadzrae ɖo o.

Kristotɔ hiã na eƒe aʋawɔnu siwo kpɔa eta la katã, gake xɔse ƒe akpoxɔnu gã la le vevie ŋutɔ. Susu ma tae Paulo ŋlɔ be: “Hekpe ɖe nusiawo katã ŋuti la milé xɔse ƒe akpoxɔnu, si miate ŋu atsɔ atsi vɔ̃ɖitɔ la ƒe atsurɔ bibiawo la me ɖe asi.”—Efesotɔwo 6:16.

Xɔse ƒe akpoxɔnu gã la, si ate ŋu atsyɔ ameti bliboa katã la le tsitre ɖi na xɔse ƒe nyonyome. Ele be nàxɔ Yehowa ƒe mɔfiafia dzi ase vevie, nàlɔ̃ ɖe wo dzi ɖimakemakee be eƒe ŋugbedodo katã ava eme pɛpɛpɛ. Ele be wòawɔ na wò abe ke ɖe ŋugbedodo mawo va eme xoxo ene. Mègake ɖi gbeɖe be eteƒe madidi o woatsrɔ̃ Satana ƒe xexemenuɖoanyia katã, be woatrɔ anyigba wòazu paradiso, eye be woana be amesiwo wɔa nuteƒe na Mawu la nade blibo o.—Yesaya 33:24; 35:1, 2; Nyaɖeɖefia 19:17-21.

Gake le aʋa tɔxɛ sia si wɔm míele fifia me la, èhiã na nu bubu aɖe hã—eyae nye xɔlɔ̃ aɖe. Le aʋawɔɣiwo me la, havilɔlɔ̃ nɔa aʋawɔlawo dome si nana be wodea dzi ƒo na wo nɔewo hekpɔa wo nɔewo ta vevie, wokpɔa wo nɔewo ta tso ku me ɣeaɖewoɣi gɔ̃ hã. Togbɔ be zɔhɛwo hiã vevie hã la, le aʋa sia me la, èhiã xɔlɔ̃ vevi aɖe si nye Yehowa be nàɖu dzi. Susu ma tae Paulo gblɔ nya siawo tsɔ ƒo nusiwo ƒoa ƒu wɔa aʋawɔnua tae ale: “Mitsɔ gbedodoɖa kple kukuɖeɖewo katã do gbe ɖa le ɣeawokatãɣi me le Gbɔgbɔ me.”—Efesotɔwo 6:18.

Dzi dzɔa mí ale gbegbe ne míele míaƒe xɔlɔ̃ kplikplikpli aɖe gbɔ. Míedina be míanɔ egbɔ zi geɖe. Ne míedoa gbe ɖa na Yehowa edziedzi la, eva zua ame ŋutɔŋutɔ na mí, xɔlɔ̃ si dzi míaka ɖo bliboe. Nusrɔ̃la Yakobo de dzi ƒo na mí be: “Mite ɖe Mawu ŋu, eye wòate ɖe mia ŋu.”—Yakobo 4:8.

Futɔa ƒe Ayemɔwo

Ɣeaɖewoɣi la, kametete kple xexeame ate ŋu anɔ abe zɔzɔ le anyigba si me woɖi tomebɔmbwo ɖo dzi ene. Amedzidzedzea ate ŋu ava to mɔ geɖe nu, eye futɔa dzea agbagba be yeadze dziwò le manyamanya me. Gake ka ɖe edzi bliboe be, Yehowa na nusiwo katã yehiã la ye.—Korintotɔwo I, 10:13.

Futɔ la ate ŋu aɖoe be yeagblẽ Biblia me nyateƒe vevi siwo lé wò xɔse ɖe te la dome. Xɔsegbelawo ate ŋu azã numevivinyawo, ameflunyawo, kple nukpɔsusu totrowo be woatsɔ aɖu dziwòe. Gake menye nyui dimee xɔsegbelawo le na wò o. Lododowo 11:9 gblɔ be: “Yakamewo [xɔsegbelawo] ƒe nuƒoƒo tsrɔ̃a wo haviwo; ke nunya wotsɔna ɖea ame dzɔdzɔewoe.”

Anye vodada ne èbui be ehiã be yeaɖo to xɔsegbelawo alo axlẽ woƒe agbalẽwo ale be yeate ŋu aƒo nu atsi tre ɖe woƒe nyawo ŋu. Woƒe nukpɔsusu totro si me aɖi le ate ŋu agblẽ nu le wò gbɔgbɔmemenyenye ŋu eye wòana wò xɔse navo abe abivɔ̃ si le kekem ɖe edzi kabakaba ene. (Timoteo II, 2:16, 17) Ðe ema teƒe la, bu xɔsegbelawo abe alesi Mawu bua woe ene. Hiob gblɔ tso Yehowa ŋu be: “Ame vlo [xɔsegbela] aɖeke medona ɖe eŋku me o.”—Hiob 13:16.

Futɔ la ate ŋu azã ameblenu bubu, si na wòte ŋu kpɔ ŋusẽ ɖe ame aɖewo dzi. Ne woate ŋu able asrafo siwo le aʋakɔ aɖe me be woagazɔ ɖe ɖoɖo si dzi zɔm wole nu o, ne woayi ava wɔ nu tovowo, anɔ agbe gbegblẽ la, nɔnɔme siawo ɖeɖe fia ate ŋu ade tɔtɔ wo dome.

Xexeame ƒe modzakaɖeɖewo, abe sinima kple television dzi wɔna siwo me woɖea agbegbegblẽnɔnɔ fiana le kple haƒoƒo dzakaɖawo ate ŋu anye mɔ sẽŋu si wòazã. Ame aɖewo gblɔ be yewoate ŋu akpɔ agbegbegblẽnɔnɔ ƒe sinimawo alo axlẽ woƒe agbalẽwo eye womakpɔ ŋusẽ aɖeke ɖe yewo dzi o. Gake ame aɖe si kpɔ agbegbegblẽnɔnɔ ƒe sinimawo edziedzi la lɔ̃ ɖe edzi anukwareɖiɖitɔe be: “Màŋlɔ nusiwo nèkpɔ la be gbeɖe o, zi alesi nèbua eŋui la, zi nenemae nànɔ esem le ɖokuiwò me be yeawɔ nusi yekpɔ . . . Sinima la ana nàbui be nu vevi aɖe le ye ŋu tom.” Ðe nàlɔ̃ be mɔ̃ sia si menya kpɔna dzea si kaba o naɖe yea?

Aʋawɔnu bubu si gale futɔa si wòzãnae nye amebeble de ŋutilãmenudidi vivivo me. Afɔku sia kpɔkpɔ dze sii ate ŋu asesẽ elabena mí katã míehiã na ŋutilãmenuwo. Míehiã na aƒe, nuɖuɖu kple nutata, eye menye nu gbegblẽe wònye be nu nyuiwo nanɔ ame si o ɖe. Nukpɔsusu si anɔ ame si ɖe eŋu mee afɔkua le. Gadidi ava nɔ vevie wu gbɔgbɔmenuwo. Míate ŋu ava zu galɔ̃lawo. Enyo be seɖoƒe si li na kesinɔnuwo nanɔ susu me na mí. Menɔa anyi didina o, ke gbɔgbɔmekesinɔnuwo ya nɔa anyi tegbee.—Mateo 6:19, 20.

Ne dzi mele aʋakɔa ƒo o la, ekema mɔkpɔkpɔ gobi aɖeke meli be woaɖu aʋa dzi o. “Ne ègbɔdzɔ le xaxaɣi la, ekema ŋusẽ boo mele ŋuwò o.” (Lododowo 24:10) Dziɖeleameƒo nye aʋawɔnu si Satana zãna vevie. “Xɔxɔ ƒe mɔkpɔkpɔ ƒe gakuku” la ɖɔɖɔ akpe ɖe ŋuwò be nànɔ te ɖe dziɖeleameƒo nu. (Tesalonikatɔwo I, 5:8) Dze agbagba nàna be wò mɔkpɔkpɔa me nàsẽ abe Abraham tɔ ene. Esi wobia tso esi be wòatsɔ eƒe tenuvi ɖeka kolia Isak asa vɔe la, Abraham mehe ɖe megbe o. Exɔe se be Mawu ana Eƒe ŋugbedodo be yeato yeƒe dzidzimevi dzi ayra dukɔwo katã la nava eme, eye be Mawu ate ŋu afɔ Isak tso ame kukuwo dome ne ehiã, be wòana ŋugbedodo ma nava eme.—Hebritɔwo 11:17-19.

Ðeɖi Megate Ŋuwò le Aʋa la Wɔwɔ Me O

Ate ŋu adzɔ be ɖeɖi nate amesiwo wɔ aʋa kalẽtɔe ɣeyiɣi didi aɖee nye esia ŋu si awɔe be womaganɔ aʋa la wɔm kple ŋudzɔnɔnɔ ma ke fifia o. Uriya ƒe kpɔɖeŋu si míegblɔ le nyatia ƒe gɔmedzedze ate ŋu akpe ɖe mí katã ŋu be míayi edzi awɔ aʋa la kple nukpɔsusu si da sɔ. Eva hiã be mía hati Kristotɔ aʋawɔlawo nado dzi le agbemenuhiahiãwo ƒe amesimanɔmanɔ, afɔkudzɔɖeamedziwo, alo le vuvɔwɔame kple dɔwuame ƒe fuwɔame ta. Abe Uriya ene la, míedi be míanɔ akɔfafa siwo katã ate ŋu asu mía si fifia ŋu bum alo míadi be míanɔ agbe si me dzidzeme le ɣesiaɣi o. Míedi be míayi edzi anɔ Yehowa ƒe xexeame katã ƒe aʋakɔ si me aʋawɔla wɔnuteƒewo le me eye míayi edzi anɔ aʋa wɔm kalẽtɔe vaseɖe esime míase vivi le yayra wɔnuku siwo wodzra ɖo ɖi na mí la me.—Hebritɔwo 10:32-34.

Afɔku anɔ eme ne míeɖe ŋu ɖi, ɖewohĩ hesusui be amedzidzedze mlɔetɔa le ŋgɔgbe ʋĩ. Fia Dawid ƒe kpɔɖeŋua ɖo kpe afɔku si le nuwɔwɔ nenema me dzi na mí. Le susu aɖe ta la, menɔ aʋagbedzi kple eƒe aʋakɔa o. Nusi do tso emee nye be, Dawid wɔ nuvɔ̃ gã aɖe si he nuxaxa kple fukpekpe geɖe va edzi le eƒe agbeme ŋkeke mamlɛawo me.—Samuel II, 12:10-14.

Ðe viɖe le eme be míakpɔ gome le aʋa sia wɔwɔ me, anɔ te ɖe gbetɔame sesẽ siwo le eme nu ahado dzi le fewuɖuɖu me, eye míaɖe asi le xexeame ƒe yeaɖi dzidzɔdonuwo ŋua? Amesiwo yi edzi le aʋa sia wɔm dzidzedzetɔe lɔ̃ ɖe edzi be nusiwo le xexeame ate ŋu adze nu nyui lédziname aɖe abe nusi le dzo dam ene, gake ne èbu eŋu nyuie la, àkpɔe be viɖe aɖeke mele wo ŋu o. (Filipitɔwo 3:8) Gawu la, vevesese kple mɔkpɔkpɔbuɖeamee doa go tsoa dzidzɔkpɔkpɔ mawo me zi geɖe.

Kristotɔ si kpɔa gome le gbɔgbɔmeʋa sia me sea vivi le ƒomedodo kplikplikpli kple xɔlɔ̃ vavãwo me, eye dzitsinya dzadzɛ kple mɔkpɔkpɔ wɔnuku nɔa esi. Kristotɔ siwo wotsɔ gbɔgbɔ si ami na le mɔ kpɔm na makumakugbenɔnɔ kple Kristo Yesu le dziƒo. (Korintotɔwo I, 15:54) Kristotɔ aʋawɔla geɖewo le mɔ kpɔm na agbe deblibo nɔnɔ le paradiso me le anyigba dzi. Nyateƒee wònye be teƒeɖoɖo mawo xɔ asi wu bubu ɖesiaɖe. To vovo na aʋa siwo wowɔna le xexeame la, ɖikeke mele eme o be míaɖu aʋa si wɔm míele la dzi godoo ne míenya wɔ nuteƒe vaseɖe nuwuwu ko. (Hebritɔwo 11:1) Gake nusi adzɔ ɖe nuɖoanyi sia si le Satana ƒe kpɔkplɔ te dzie nye tsɔtsrɔ̃ gbidii.—Petro II, 3:10.

Esi nèle aʋa sia wɔwɔ dzi la, na Yesu ƒe nya siawo nanɔ susu me na wò be: “Miaƒe dzi nedze eme; nye la meɖu xexeame dzi.” (Yohanes 16:33) Ŋudzɔnɔnɔ kple nuteƒewɔwɔ le tetekpɔ me dzie wòto ɖu xexeame dzi. Míawo hã míate ŋu awɔe nenema.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 27]

Womedaa tuwo, alo bɔmbwo le aʋa sia me o, gake aʋawɔɖaŋu tɔxɛwo hiã kokoko

[Nya si ɖe dzesi si le axa 30]

Míaɖu aʋa si wɔm míele la dzi godoo ne míenya wɔ nuteƒe vaseɖe nuwuwu ko

[Captions on page 26]

Xɔxɔ ƒe mɔkpɔkpɔ ƒe gakuku la akpe ɖe mía ŋu be míanɔ te ɖe dziɖeleameƒo nu

Na xɔse ƒe akpoxɔnu gã la nakpe ɖe ŋuwò nàtsi Satana ƒe “atsurɔ bibiawo” nu

[Nɔnɔmetata si le axa 28]

“Mite ɖe Mawu ŋu, eye wòate ɖe mia ŋu”

[Nɔnɔmetata si le axa 29]

Ele be xɔse nanɔ mía si ɖe Mawu ƒe ŋugbedodowo me vava ŋu