Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Akɔfafa na Fukpelawo

Akɔfafa na Fukpelawo

Akɔfafa na Fukpelawo

ESI ŋutsu kple nyɔnu nuteƒewɔla siwo nɔ anyi le blema nɔ fukpekpewo me tom la, wodo gbe ɖa vevie na Mawu be wòafia mɔ yewo. Gake woɖe afɔ vevi aɖewo hã be woatsɔ aɖe woƒe vevesesea dzi akpɔtɔ, abe sisi le ameteɖeanyila aɖe nu aɖaŋutɔe ene. Le kpɔɖeŋu me, ŋu si Dawid ɖo ɖe Yehowa ŋu tsɔ kpe ɖe eya ŋutɔ ƒe agbagbadzedze ŋu na wòte ŋu nɔ te ɖe eƒe fukpekpe nu. Ke aleke wòle le míawo hã gome egbeae?

Anɔ eme be esi nènɔ xaxa me tom la, èwɔ afɔɖeɖe aɖewo be yeatsɔ akpɔ wo gbɔe. Le kpɔɖeŋu me, ne dɔe ge le asiwò la, ɖe màdze agbagba be yeakpɔ dɔ aɖe si asɔ be yeawɔ atsɔ akpɔ ɖokuiwò kple wò ƒomea dzii oa? (Timoteo I, 5:8) Alo ne ŋutilã me dɔléle aɖee le fu ɖem na wò la, ɖe màdi dɔdamɔnu si akpe ɖe ŋuwò oa? Enye nusi doa dzidzɔ na ame be woase be Yesu, amesi Mawu na ŋusẽe be wòada dɔ ɖesiaɖe ƒomevi la, ʋu eme be ‘dɔlélawo hiã gbedala.’ (Mateo 9:12) Ke hã, menye ɣesiaɣie wò fukpekpea aɖe ɖa o; ahiã be nàyi edzi ado dzi le eme vaseɖe afi aɖe.

Ðe manyo be nàtsɔ nyaa aɖo Yehowa Mawu ŋkume le gbedodoɖa me oa? Le kpɔɖeŋu me, ne míele dɔ dim la, ŋuɖoɖo ɖe Mawu ŋu gbedodoɖatɔe akpe ɖe mía ŋu be míaƒo asa na dɔwɔɖui siwo tsi tre ɖe Biblia ƒe gomeɖosewo ŋu ƒe tetekpɔ ɖesiaɖe. Ana hã be ŋukeklẽ alo galɔlɔ̃ mana ‘míatre mɔ tso xɔse la gbɔ’ o. (Timoteo I, 6:10) Le nyateƒe me la, ne míele nyametsotso veviwo wɔm ku ɖe dɔwɔɖui alo ƒomea alo lãmesẽnyawo ŋu la, míate ŋu awɔ ɖe Dawid ƒe nuxlɔ̃amenyawo dzi be: “Tsɔ wò nyawo dro ɖe Yehowa dzi, eyae akpɔ tawò; emana ke naɖe le ame dzɔdzɔe te akpɔ gbeɖe o.”—Psalmo 55:23.

Gbedodoɖa si tso dzime hã ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míaƒe tamesusu nada asɔ ale be míaƒe fukpekpewo mawu tsɔtsɔ na mí o. Kristotɔ vavã apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Le nusianu me la mitsɔ gbedodoɖa kple kukuɖeɖe na Mawu nanya miaƒe dzimedidiwo, eye mitsɔ akpedada kpe ɖe eŋuti.” Mɔ ka nue gbe si míedo ɖa tso dzi me ate ŋu afa akɔ na míi? “Mawu ƒe ŋutifafa, si ƒo gɔmesesewo katã ta la, adzɔ miaƒe dziwo kple miaƒe tamesusuwo ŋu adzra wo ɖo le Kristo Yesu me.” (Filipitɔwo 4:6, 7) Mawu ƒe ŋutifafa “ƒo gɔmesesewo katã ta.” Eyata ate ŋu ana míanɔ te sesĩe ne nuxaxa ƒe seselelãmewo do agbogbo ɖe mía dzi. ‘Adzɔ míaƒe dziwo kple tamesusuwo ŋu,’ si awɔe be míaƒo asa na nuwɔwɔ nuŋumabumabutɔe kple numanyamanyatɔe, si ate ŋu ana be kuxia nagasẽ ŋu ɖe edzi.

Gbedodoɖa ate ŋu ana be nɔnɔmea natrɔ bubui gɔ̃ hã. Esi apostolo Paulo va zu gamenɔla le Roma la, etsɔ ɖokuibɔbɔ bia tso hati Kristotɔwo si be woado gbe ɖa ɖe ye ta. Nukatae Paulo bia nusia ɖo? Eŋlɔ bena: “Mele nu xlɔ̃m mi geɖe wu bena, miawɔ esia, bene woagatsɔm ana mi kaba.” (Hebritɔwo 13:19) Ne míagblɔe le mɔ bubu nu la, Paulo nya be ne Yehowa le haxɔsetɔwo ƒe gbe siwo wole dodom ɖa madzudzɔmadzudzɔe sem la, ate ŋu ana ɣeyiɣi si me woaɖe asi le ye ŋu natrɔ.—Filemon 22.

Ðe gbedodoɖa ate ŋu atrɔ alesi nuwo ava yii le míaƒe fukpekpe mea? Ate ŋui. Ke hã, ele be míanyae be ate ŋu adzɔ be Yehowa Mawu maɖo míaƒe gbedodoɖa ŋu abe alesi míadii ene o. Paulo do gbe ɖa zi geɖe ku ɖe ‘ŋù si wode eƒe ŋutilã me’ la ŋu, ɖewohĩ anye ŋutilã me dɔléle aɖee. Le fukpekpea ɖeɖe ɖa teƒe la, Mawu gblɔ na Paulo be: “Nye amenuveve sɔ gbɔ na wò; elabena nye ŋusẽ zu blibo le gbɔdzɔgbɔdzɔ me.”—Korintotɔwo II, 12:7-9.

Eyata ate ŋu adzɔ be míaƒe fukpekpea nu mayi enumake o. Ke hã, mɔnukpɔkpɔ asu mía si be míaɖee afia be míeɖoa ŋu ɖe mía Fofo si le dziƒo ŋu. (Yakobo 1:2-4) Dzideƒo nenɔ asiwò be, ne Yehowa Mawu meɖe fukpekpea ɖa gɔ̃ hã o la, ate ŋu ana “gododo le eme hã akpe ɖe tetekpɔ ŋuti, bene [míate] ŋu atsɔe.” (Korintotɔwo I, 10:13) Ele be míade dzesii be woyɔ Yehowa be “akɔfafawo katã ƒe Mawu la, amesi fa akɔ na mí le míaƒe xaxa blibo la katã me.” (Korintotɔwo II, 1:3, 4) Mawu ate ŋu ana nusi akpe ɖe mía ŋu be míado dzi la mí, eye agbe mavɔ ƒe mɔkpɔkpɔ la hã le mía si.

Mawu ƒe Nya, Biblia do ŋugbe be Yehowa “latutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋku me, eye ku maganɔ anyi akpɔ o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple veve aɖeke maganɔ anyi o.” (Nyaɖeɖefia 21:3, 4) Ðe xexe si me fukpekpe maganɔ o la ɖi numevivinya aɖe na wòa? Ate ŋu ava eme ŋutɔŋutɔ na wò ne ɣeyiɣi didi aɖee nye esia si nèle fu kpem gɔ̃ hã. Kakaɖedzitɔe la, ŋugbe si Mawu do enye be yeaɖe mí tso vɔvɔ̃ kple dzɔgbevɔ̃e me eye eƒe tameɖoɖoa ava eme godoo.—Yesaya 55:10, 11.

[Nɔnɔmetata si le axa 9]

Tso dziɖeleameƒo me yi gbɔdzɔekpɔkpɔ me