Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Kpɔ Nyuie Le Amebeble ŋu

Kpɔ Nyuie Le Amebeble ŋu

Kpɔ Nyuie Le Amebeble ŋu

“Mikpɔ nyuie, bena ame aɖeke nagakplɔ mi ayi aboyo to . . . beble dzodzro me o.”​—KOLOSETƆWO 2:8.

1-3. (a) Kpɔɖeŋu kawoe ɖee fia be amebeble va ge ɖe agbenɔnɔ ƒe akpa sia akpa kloe? (b) Nukatae mele be amebeble si bɔ ɖe xexeame nawɔ nuku na mí o?

“MIA dometɔ kae amesiwo ta ʋlim mienɔ le ʋɔnu dometɔ aɖeke meda alakpa na kpɔ o?” Ƒe aɖewo nye esi va yi la, sefialagã aɖe wɔ numekuku aɖe eye wòbia nya ma. Aleke woɖo eŋui? Egblɔ be: “Le senyala gbogbo siwo mebia gbee dome la, ɖeka koe gblɔ be womeble ye kpɔ o.” Nukatae? “Senyala ma dze dɔ gɔme kple adzɔha gã aɖe teti koe nye ema eye mekpɔ ʋli dɔwɔƒea alo dɔwɔla aɖeke ta le ʋɔnu haɖe o.” Nuteƒekpɔkpɔ sia ɖe nyateƒe gbãdziname aɖe fia—alakpadada kple amebeble bɔ ɖe egbexexe sia ƒe afisiafi.

2 Ameblemɔnu vovovowo li eye eyia edzi le agbenɔnɔ ƒe akpa sia akpa kloe. Esia ƒe kpɔɖeŋuwo bɔ ɖe nyadzɔdzɔgblɔmɔnuwo me—wo dometɔ ʋɛ aɖewo nye alesi dunyahelawo daa alakpa le nusiwo wote ŋu wɔ ŋu, gadzikpɔlawo kple senyalawo ɖea ami ɖe viɖe siwo adzɔhawo kpɔna ŋu, boblodolawo flua woƒe nuƒlelawo, eye nyahelawo baa nugblẽfexeɖoɖo ƒe dɔwɔƒewo. Emegbe subɔsubɔhawo ƒe amebeble hã li. Subɔsubɔhaŋgɔnɔlawo blea amehawo fiaa aʋatsonufiafia siwo ƒe ɖewoe nye luʋɔmakumaku, dzomavɔ, kple Mawuɖekaetɔ̃ wo.—Timoteo II, 4:3, 4.

3 Ðe wòle be amebeble siawo katã nawɔ nuku na mía? Kura o. Biblia xlɔ̃ nu le “ŋkeke mamlɛawo” ŋu be: “Ame vɔ̃ɖiwo kple ameblelawo la woayi dzi vɔ̃ɖitɔe wu anɔ amewo blem, eye amewo able wo.” (Timoteo II, 3:1, 13) Ele be mí Kristotɔwo míanɔ ŋudzɔ ɖe ameflunya siwo ate ŋu ahe mí ɖa tso nyateƒea gbɔ la ŋu. Esia na biabia eve aɖewo fɔ ɖe te: Nukatae egbexexea yɔ fũ kple amebeble alea ɖo, eye aleke míawɔ be woagable mí o?

Nukatae Amebeble Bɔ Egbea Alea Ðo?

4. Aleke Biblia ɖe nusita amebeble bɔ ɖe xexeame la mee?

4 Biblia gblɔ nusita amebeble bɔ ɖe xexeame ƒe afisiafi eme kɔ nyuie. Apostolo Yohanes ŋlɔ bena: “Xexeme blibo la katã le vɔ̃ɖitɔ la me.” (Yohanes I, 5:19) “Vɔ̃ɖitɔ la” enye Satana Abosam. Yesu gblɔ ku ɖe eŋu be: “Eya la amewula wònye tso gɔmedzedzea me, eye mele tsitre ɖe nyateƒe la me o, elabena nyateƒe mele eyama me o. Ne ele aʋatso kam la, eƒoa nu tso eya ŋutɔ ɖokui me, elabena aʋatsokala kple aʋatsokafofo wònye.” Eyata ɖe wòwɔ nuku be xexe sia ɖea edziɖula ƒe gbɔgbɔ kple nɔnɔmewo fiana?—Yohanes 8:44; 14:30; Efesotɔwo 2:1-3.

5. Aleke Satana dzi eƒe amebeble ɖe edzi le nuwuɣi sia mee, eye amekawo koŋue wòtɔ ŋkui?

5 Satana dzi eƒe amebeble ɖe edzi le nuwuɣi sia me. Wonyae ɖo ɖe anyigba dzi. Enyae be vovoɣi vi aɖe koe susɔ na ye, eyata “dzi le ekum ŋutɔ.” Esi wòɖoe kplikpaa be yeatsrɔ̃ amegbetɔ gbogbo si wòate ŋui ta la, ele ‘xexeame katã blem.’ (Nyaɖeɖefia 12:9, 12) Menye ɣeaɖewoɣi koe Satana blea ame o. Ke boŋ ele eƒe agbagbadzedzea dzi ɣesiaɣi kutrikukutɔe be yeable ameƒomea. * Ewɔa ameblemɔnu ɖesiaɖe si wòate ŋui la ŋudɔ—siwo dometɔ aɖewo nye amefuflu kple alakpanuwɔwɔ—be yeatsɔ agbã ŋku na dzimaxɔsetɔwo ƒe tamesusu be woate ɖa tso Mawu gbɔ. (Korintotɔwo II, 4:4) Amesia si bi ɖe amebeble me la ɖoe koŋ be yeavuvu amesiwo le Mawu subɔm le “gbɔgbɔ kple nyateƒe me” la ami. (Yohanes 4:24; Petro I, 5:8) Nenɔ susume na wò ɣesiaɣi be Satana ƒu asi akɔ le nyateƒe me be: ‘Mate ŋu atrɔ amesiame ɖa tso Mawu gbɔ.’ (Hiob 1:9-12) Mina míalé ŋku ɖe Satana ƒe ‘ameblemɔnu’ aɖewo ŋu kpakple alesi míawɔ aƒo asa na woe.—Efesotɔwo 6:11.

Kpɔ Nyuie le Xɔsegbelawo ƒe Amebeble Ŋu

6, 7. (a) Asiƒuakɔnya kae xɔsegbelawo agblɔ? (b) Aleke Ŋɔŋlɔawo gblɔ nusi dim xɔsegbelawo le eme kɔ ƒã?

6 Satana le xɔsegbelawo zãm ɣeyiɣi didi aɖee nye esia be yeatsɔ akplɔ Mawu subɔlawo atrae. (Mateo 13:36-39) Xɔsegbelawo ate ŋu aƒu asi akɔ be yewole Yehowa subɔm eye be yewoxɔ Biblia la dzi se, gake wogbe eƒe habɔbɔ si wokpɔna kple ŋku la. Wo dometɔ aɖewo gatrɔna ɖe “Babilon gã,” si nye alakpasubɔsubɔ ƒe xexemefiaɖuƒe ƒe nufiafia siwo medea bubu Mawu ŋu o la ŋu. (Nyaɖeɖefia 17:5; Petro II, 2:19-22) Le Mawu ƒe mɔfiafia te la, Biblia-ŋlɔlawo zã nyagbe sẽŋuwo tsɔ ʋu go xɔsegbelawo ƒe tameɖoɖowo kple ayemɔwo.

7 Nukae nye xɔsegbela mawo ƒe tameɖoɖo? Asiɖeɖe le xɔse si ɖewohĩ wobu va yi be enye nyateƒe ŋu ɖeɖe mesɔ gbɔ na wo o. Zi geɖe la, wodina be yewoakplɔ ame bubuwo akpe ɖe yewo ɖokui ŋu. Le esi xɔsegbela siawo nayi aɖadi woa ŋutɔwo ƒe nusrɔ̃lawo teƒe la, wo dometɔ geɖewo ‘hea nusrɔ̃la siwo nye Kristo ƒe nusrɔ̃lawo ɖe wo ɖokui ŋu.’ (Dɔwɔwɔwo 20:29, 30) Apostolo Paulo na nuxlɔ̃ame vevi sia ku ɖe aʋatsonufialawo ŋu be: “Mikpɔ nyuie, bena ame aɖeke nagakplɔ mi ayi aboyo . . . me o.” (Kolosetɔwo 2:8) Ðe esia meɖɔ nusi xɔsegbela geɖewo dzea agbagba be yewoawɔ oa? Abe alesi amefila tsɔa amesi mele ŋuɖɔɖo me o tsoa eƒe ƒometɔwo gbɔ dzonae dzaa ene la, nenema ke xɔsegbelawo léa hamea me tɔ siwo ka ɖe wo dzi eye woƒe susu enye be woatsɔ wo adzoe le alẽha la gbɔ.

8. Ayemɔ kawoe xɔsegbelawo zãna tsɔ ɖoa woƒe taɖodzinuwo gbɔ?

8 Ayemɔ kawoe xɔsegbelawo zãna tsɔ ɖoa woƒe taɖodzinuwo gbɔ? Zi geɖe la, wotrɔa gbo nyateƒenyawo, hegblɔa nyateƒe afã afãwo eye wokaa aʋatso ŋutɔŋutɔwo hã. Yesu nya be ‘woaka aʋatso agblɔ nya vɔ̃ bubu ƒomeviwo katã’ ɖe ye yomedzelawo ŋuti. (Mateo 5:11) Tsitretsiɖeŋula vɔ̃ɖi mawo agblɔ aʋatsonyawo kple susu be woatsɔ able amewo. Apostolo Petro xlɔ̃ nu tso xɔsegbela siwo azã “nyakpakpawo,” akaka ‘aʋatsonufiafiawo,’ ‘ahatro Ŋɔŋlɔawo’ be wòasɔ kple woƒe tameɖoɖowo la ŋu. (Petro II, 2:3, 13; 3:16) Nublanuitɔe la, xɔsegbelawo te ŋu ‘trɔ ame aɖewo ƒe xɔse.’—Timoteo II, 2:18.

9, 10. (a) Aleke míawɔ anɔ ŋudzɔ be xɔsegbelawo nagable mí o? (b) Nukatae meɖea fu na mí ne eva hiã be woawɔ ɖɔɖɔɖo le Mawu ƒe tameɖoɖo ƒe gɔmesese ŋu o?

9 Aleke míawɔ anɔ ŋudzɔ be xɔsegbelawo nagable mí o? To aɖaŋuɖoɖo si tso Mawu ƒe Nya la me sese, si gblɔ be: “Mialé ŋku ɖe amesiwo wɔa mamãwo kple nuɖiaɖiawo ɖe nufiafia, si miesrɔ̃ ŋu la ŋuti, eye mite mia ɖokui ɖa tso wo gbɔ.” (Romatɔwo 16:17) ‘Míetea mía ɖokui ɖa tso wo gbɔ’ to woƒe nya ɖesiaɖe gbegbe keŋkeŋ—eɖanye woa ŋutɔwoe míedo goe o, woƒe agbalẽwo ŋue míeke ɖo loo alo le Internet dzie wodze le gɔ̃ hã o. Nukatae míeɖea afɔ vevi ma ɖo? Gbã la, esi Mawu ƒe Nya fia mɔ mí be míawɔe nenema tae, eye míeka ɖe edzi be Yehowa tsɔa ɖe le eme na mí ɣesiaɣi.—Yesaya 48:17, 18.

10 Evelia, míelɔ̃ habɔbɔ si fiaa nyateƒe xɔasi siwo me kɔ nyuie eye wòɖe mí ɖa tso Babilon Gã la gbɔ. Azɔ hã, míede dzesii be Mawu ŋuti sidzedze si le mía si mede blibo keŋkeŋ o; wowɔ asitɔtrɔwo le alesi míese nuwo gɔmee ŋu le ƒe siwo va yi me. Edzea Kristotɔ wɔnuteƒewo ŋu be woakpɔ Yehowa sinu hena ɖɔɖɔɖo mawo katã. (Lododowo 4:18) Fifia gɔ̃ hã la, míagblẽ habɔbɔ si dzea Mawu ŋu wòle zazãm la ɖi o, elabena míekpɔ alesi wòle eƒe yayra kɔm ɖe edzii dze sii.—Dɔwɔwɔwo 6:7; Korintotɔwo I, 3:6.

Nɔ Ŋudzɔ ɖe Ameɖokuibeble Ŋu

11. Nukatae ameɖokuibeble ƒe nɔnɔme le amegbetɔ madeblibowo me?

11 Nɔnɔme aɖe le amegbetɔ madeblibowo me si ŋudɔ Satana wɔna bɔbɔe—si nye ameɖokuibeble. Yeremya 17:9 gblɔ be: “Ame ƒe dzi la, alakpatɔ wònye wu nuwo katã, nu gbegblẽ wònye.” Eye Yakobo ŋlɔ be: “Ke wotea amesiame kpɔna, ne eya ŋutɔ ƒe nudzodzro henɛ, eye wòblenɛ.” (Yakobo 1:14) Ne woble míaƒe dziwo la, ate ŋu ana nuvɔ̃ nadzro mí eye wòadze abe nusi ŋu afɔku aɖeke mele o ene. Nukpɔsusu ma nye beble, elabena ameɖokui ƒoƒo ɖe nuvɔ̃ me vĩ kplɔa ame dea gbegblẽ me.—Romatɔwo 8:6.

12. Mɔ kawo nue ameɖokuibeble ƒe mɔ̃ ate ŋu aɖe mí le?

12 Ameɖokuibeble ate ŋu azu mɔ̃ aɖe mí bɔbɔe. Dzi ƒe alakpatɔnyenye ate ŋu ana míado taflatse le míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ gãwo alo nuvɔ̃ gãwo ta. (Samuel I, 15:13-15, 20, 21) Dzi gbegblẽa ate ŋu anɔ mɔnuwo hã dim be yeaɖe nɔnɔme baɖawo nu. Le kpɔɖeŋu me, bu modzakaɖeɖe ŋu kpɔ. Modzakaɖeɖe aɖewo nyo eye wodoa dzidzɔ na ame. Gake nu geɖe siwo xexe sia ɖena fiana—le sinimawo kple television dzi kpakple le Internet dzi—nye nu ɖigbɔ kple agbe gbegblẽ. Ele bɔbɔe be míaka ɖe edzi na mía ɖokuiwo be míate ŋu akpɔ modzakaɖeɖe siwo ŋu nya ku ɖo eye magblẽ naneke le mía ŋu o. Ame aɖewo gblɔna gɔ̃ hã be: “Meɖea fu na nye dzitsinya o, nukae wògblẽ?” Gake ame mawo le ‘wo ɖokuiwo blem kple nukpɔsusu totrowo.’—Yakobo 1:22.

13, 14. (a) Ŋɔŋlɔawo me kpɔɖeŋu kae ɖee fia be míaƒe dzitsinya ɖeɖe mate ŋu akplɔ mí dedie ɣesiaɣi o? (b) Aleke míawɔ aƒo asa na ameɖokuibeble?

13 Aleke míawɔ aƒo asa na ameɖokuibeble? Gbã la, ele be míaɖo ŋku edzi be womate ŋu aɖo ŋu ɖe amegbetɔ ƒe dzitsinya ŋu ɣesiaɣi o. Bu apostolo Paulo ƒe kpɔɖeŋu ŋu kpɔ. Hafi wòava zu Kristotɔ la, enɔ Kristo yomedzelawo yome tim. (Dɔwɔwɔwo 9:1, 2) Eƒe dzitsinya manya nɔ fu ɖem nɛ ɣemaɣi o. Gake edze ƒã be eda ƒu. Paulo gblɔ be, “mewɔe le numanyamanya me.” (Timoteo I, 1:13) Eyata nyateƒe si wònye be míaƒe dzitsinya magbe nya na mí le modzakaɖeɖe aɖe gome o ɖeɖe menye kpeɖodzi be afɔ si ɖem míele la nyo o. Dzitsinya gbagbe si wotsɔ Mawu ƒe Nya la na hehe nyuie koe ate ŋu afia mɔ ame dedie.

14 Ele be míalé aɖaŋuɖoɖo nyui aɖewo ɖe susu me ne míedi be míatsri ameɖokuibeble. Tsɔ gbedodoɖa dzro ɖokuiwò mee. (Psalmo 26:2; Korintotɔwo II, 13:5) Ameɖokui me dzodzro anukwaretɔe ate ŋu ana nàde dzesi alesi wòhiã be nàwɔ asitɔtrɔ aɖewo le wò nukpɔsusu alo mɔwo ŋu. Ðo to ame bubuwo. (Yakobo 1:19) Esi ame ŋutɔ ƒe nukpɔsusuwo kpɔa ŋusẽ ɖe ameɖokui me dzodzro dzi ta la, anye nusi me nunya le be nàɖo to hati Kristotɔ tsitsi aɖe ƒe nya siwo tua ame ɖo. Ne èkpɔe be yele nyametsotso alo nanewo wɔm le mɔ aɖe nu eye mesɔ na haxɔsetɔ tsitsi kpɔnuteƒe siwo da sɔ nyuie o la, àte ŋu abia ɖokuiwò be, ‘Ðe wòanye be nyemena hehe nye dzitsinya nyuie oa, alo nye dzie le nye fluma?’ Na Biblia kple Biblia-srɔ̃gbalẽwo nado ŋusẽ wò ɣesiaɣi. (Psalmo 1:2) Esia wɔwɔ akpe ɖe ŋuwò be nàna wo tamesusu, nɔnɔmewo, kple seselelãmewo nawɔ ɖeka kple mawumegɔmeɖosewo.

Tsri Satana ƒe Alakpanyawo

15, 16. (a) Alakpanya kawoe Satana zãna be yeatsɔ able mí? (b) Aleke míawɔ be woagaflu mí kple alakpanya mawo?

15 Satana zãa alakpa ƒomevi vovovowo be yeatsɔ able mí. Edina be míaxɔe ase be ŋutilãmenuwoe hea dzidzɔkpɔkpɔ kple dzidzeme vɛ, gake nusi to vovo na emae dzɔna. (Nyagblɔla 5:10-12) Edi be míaxɔe ase be xexe vɔ̃ɖi sia anɔ anyi ɖaa, togbɔ be kpeɖodziwo ɖee fia wòdze ƒã be míele “ŋkeke mamlɛawo” me hã. (Timoteo II, 3:1-5) Satana dea nukpɔsusu si nye be naneke megblẽ le agbegblẽnɔnɔ ŋu o ƒe dzi ƒo, togbɔ be vivisese yometilawo kpɔa emetsonu vɔ̃ɖiwo hã. (Galatiatɔwo 6:7) Aleke míawɔ be woagable mí kple alakpanya mawo o?

16 Na kpɔɖeŋu siwo le Biblia me naɖe vi na wò. Nuxlɔ̃amenyawo ku ɖe ame vovovo siwo Satana tsɔ eƒe alakpanyawo flu ƒe kpɔɖeŋuwo le Biblia me. Wolɔ̃ ŋutilãmenuwo, woŋlɔ ɣeyiɣi si me wonɔ la be, alo woƒo wo ɖokui ɖe agbegbegblẽnɔnɔ me—nu gbegblẽwo koe do tso wo katã me na wo. (Mateo 19:16-22; 24:36-42; Luka 16:14; Korintotɔwo I, 10:8-11) Srɔ̃ nu tso egbegbekpɔɖeŋuwo me. Nublanuitɔe la, ɣeaɖewoɣi Kristotɔ aɖewo meganɔa ŋudzɔ o eye wova susuna be Mawu subɔsubɔ na nu vevi aɖewo le yewo ŋu tom. Woate ŋu ado le nyateƒea me kple susu be yewoadi agbenɔnɔ si wogblɔna be eya mee vivisese le. Gake ame siawo le “ɖiɖiƒe,” elabena wova kpɔa woƒe mawumavɔ̃mavɔ̃gbenɔnɔ me tsonuwo godoo. (Psalmo 73:18, 19) Enye nusi me nunya le be míasrɔ̃ nu tso ame bubuwo ƒe vodadawo me.—Lododowo 22:3.

17. Nukatae Satana kakaa aʋatsonya si nye be Yehowa melɔ̃a mí alo dea asixɔxɔ mía ŋu o?

17 Alakpa bubu aɖe hã li si ŋudɔ Satana wɔna dzidzedzetɔe—si nye aʋatsonya si nye be Yehowa melɔ̃a mí alo dea asixɔxɔ mía ŋu o. Satana tsɔ ƒe akpe nane srɔ̃ nu le amegbetɔ madeblibowo ŋu. Enyae nyuie be dziɖeleameƒo ate ŋu ana míagbɔdzɔ le mawusubɔsubɔ me. (Lododowo 24:10) Eyatae wòkakaa alakpanukpɔsusu si nye be míexɔ asi le Mawu ŋkume o ɖo. Ne “woxlã mí ɖe anyi” eye wòwɔ na mí be Yehowa metsɔa ɖeke le eme na mí o la, ekema awɔ na mí be míana ta. (Korintotɔwo II, 4:9) Esia tututu dim Ameblela gãtɔ ma le! Ekema aleke míawɔ be Satana ƒe alakpanya mawo nagaflu mí o?

18. Aleke Biblia ka ɖe edzi na mí be Yehowa lɔ̃ míi?

18 De ŋugble le nusi Biblia gblɔ tso lɔlɔ̃ si le Mawu si na mí ŋu. Mawu ƒe Nya la zãa nya wɔdɔɖeamedziwo tsɔ naa kakaɖedzi mí be Yehowa tsɔa ɖe le eme na mí eye wòlɔ̃a mía dometɔ ɖesiaɖe. Etsɔa wò aɖatsiwo ‘dea goe me,’ si fia be ekpɔa aɖatsi siwo nèfana le agbagbadzedze be yeakpɔtɔ alé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi me heɖoa ŋku wo dzi. (Psalmo 56:9) Enyaa ɣeyiɣi siwo me wò “dzi gbã gudugudu” eye wònɔa gbɔwò le ɣeyiɣi mawo me. (Psalmo 34:19) Enya nusianu ku ɖe ŋuwò, ‘wò taɖawo’ ƒe xexlẽme hã le nyanya me nɛ. (Mateo 10:29-31) Vevietɔ wu la, Mawu ‘tsɔ ye ŋutɔ ƒe Tenuvi na’ ɖe tawò. (Yohanes 3:16; Galatiatɔwo 2:20) Ɣeaɖewoɣi la, asesẽ na wò be nàxɔe ase be ŋɔŋlɔ mawo ku ɖe wò ŋutɔ ŋuwò. Gake ele be míaxɔ Yehowa ƒe nyawo dzi ase. Edi be míaxɔe ase be menye ɖeko yelɔ̃ mí abe ƒuƒoƒo ene ko o ke elɔ̃a mía dometɔ ɖeka ɖesiaɖe hã.

19, 20. (a) Nukatae wòle vevie be míade dzesi Satana ƒe alakpa si nye be Yehowa melɔ̃a mí o eye míagbe nya mawo? (b) Aleke dzikpɔla mɔzɔla aɖe kpe ɖe amesiwo ƒo dzi ɖe le la ŋui?

19 De dzesi alakpanya la eye nàgbee. Ne ènya be ame aɖe le alakpa dam la, àte ŋu anɔ ŋudzɔ be wòagable wò o. Nenema ke enyanya be Satana dina be nàxɔ alakpa si nye be Yehowa melɔ̃a wò o dzi ase ɖeɖe nye kpekpeɖeŋu sẽŋu aɖe. Kristotɔ aɖe ŋlɔ tso Gbetakpɔxɔ ƒe nyati aɖe si xlɔ̃ nu ku ɖe Satana ƒe ayemɔwo ŋu be: “Nyemenya gbeɖe be Satana dzea agbagba be yeatsɔ nye seselelãme aɖe dzi le ƒonye o. Esia nyanya do ŋusẽm be maɖu seselelãme mawo dzi.”

20 Bu dzikpɔla mɔzɔla aɖe si le Anyiehe Amerika dukɔ aɖe me ƒe nuteƒekpɔkpɔ ŋu kpɔ. Zi geɖe la, ebiana eƒe haxɔsetɔ siwo ƒe dzi gbã siwo wòsrãna le eƒe alẽwo sasrãkpɔ me be, ‘Ðe nèxɔ Mawuɖekaetɔ̃ dzi sea?’ Zi geɖe la, amesi ƒo dzi ɖe le la ɖoa eŋu be, ‘Ao ɖe,’ le esi wònya be esia nye Satana ƒe alakpanyawo ta. Emegbe dzikpɔla mɔzɔla la gabiana be, ‘Ðe nèxɔ dzomavɔ dzi sea?’ Ŋuɖoɖoa gavana be, ‘Ao!’ Dzikpɔla mɔzɔla la gblɔna na wo emegbe be Satana ƒe alakpa bubu aɖe li si medzena wokpɔna bɔbɔe o. Ehea woƒe susu yia agbalẽ si nye Te Ðe Yehowa Ŋu, * ƒe axa 249 ƒe memama 21 dzi, afisi wona wòdze ƒã be alakpae wònye be Yehowa melɔ̃a mí abe ame ɖekaɖekawo ene o. Dzikpɔla mɔzɔla la ƒe nyatakakawo ɖee fia be viɖe geɖe do tso eme esi yeto mɔ sia dzi na kpekpeɖeŋu amesiwo ƒo dzi ɖe le la be woade dzesi Satana ƒe alakpanyawo ahagbe wo.

Kpɔ Nyuie le Amebeble Ŋu

21, 22. Nukatae míele viviti me le Satana ƒe ayemɔwo gome o, eye nukae wòle be wòanye míaƒe tameɖoɖo kplikpaa?

21 Le ŋkeke mamlɛa ƒe nuwuɣi sia me la, enye nusi míakpɔ mɔ na be Satana ayi edzi akaka aʋatsonya kple amebeble gbogbo aɖewo. Dzidzɔtɔe la, Yehowa megblẽ mí ɖe viviti me le Satana ƒe ayemɔwo gome o. Biblia kple “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” ƒe Biblia-srɔ̃gbalẽwo ʋu go Abosam ƒe ayemɔwo katã wòdze ƒã. (Mateo 24:45) Dzra aʋa ɖi aʋa mesi nɛ o.—Korintotɔwo II, 2:11.

22 Ekema mina míanɔ ŋudzɔ ɖe xɔsegbelawo ƒe nyawo ŋu. Mina míaɖoe kplikpaa be míatsri ameɖokuibeble ƒe mɔ̃ la. Eye mina míade dzesi Satana ƒe alakpanyawo ahagbe wo. Ne míewɔe alea la, míakpɔ mía kple “Mawu nyateƒetɔ,” amesi nyɔa ŋu amebeble, dome ƒomedodo nyui la ta.—Psalmo 31:6; Lododowo 3:32.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 5 Numekugbalẽ aɖe gblɔ be dɔwɔnya si ƒomevi wozã le Nyaɖeɖefia 12:9 be ‘ble xexeame’ la “fia nuwɔna si yia edzi va zua ame ƒe nɔnɔme vevi aɖe.”

^ mm. 20 Yehowa Ðasefowoe tae.

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

• Nukatae beble yɔ egbexexea me fũ alea gbegbe ɖo?

• Aleke míawɔ anɔ ŋudzɔ be xɔsegbelawo nagable mí o?

• Aleke míawɔ anɔ ŋudzɔ ɖe ameɖokuibeble ƒe nɔnɔme ɖesiaɖe ŋu?

• Aleke míawɔ be Satana ƒe alakpanyawo nagable mí o?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 17]

Megable ɖokuiwò le modzakaɖenyawo me o

[Nɔnɔmetata siwo le axa 18]

Be nànɔ ŋudzɔ ɖe ameɖokuibeble ŋu la, tsɔ gbedodoɖa dzro ɖokuiwò mee, ɖo to ame bubuwo, eye nàna Mawu ƒe Nya nado ŋusẽ wò ɣesiaɣi