Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Mawusubɔsubɔ—Ŋusẽ si Ʋãa Ame na Nyuiwɔwɔe loo alo na Vɔ̃wɔwɔ?

Mawusubɔsubɔ—Ŋusẽ si Ʋãa Ame na Nyuiwɔwɔe loo alo na Vɔ̃wɔwɔ?

Mawusubɔsubɔ—Ŋusẽ si Ʋãa Ame na Nyuiwɔwɔe loo alo na Vɔ̃wɔwɔ?

“ELE BE mada akpe na Kristotɔnyenye le nusiwo wòwɔ nam la ta, eye mesusu be nenema kee wòle be xexe si me míenɔ le ƒe 2000 siwo va yi me hã nase le eɖokui me.”—Two Thousand Years—The First Millennium: The Birth of Christianity to the Crusades ƒe ŋgɔdonya.

Melvyn Bragg, amesi nye Englandtɔ agbalẽŋlɔla kple nyadzɔdzɔgblɔlae ɖe ŋudzedzekpɔkpɔ fia ɖe “Kristotɔnyenye” ŋu le dutoƒo alea. Eƒe nyawo wɔ ɖeka kple anyigbadzitɔ miliɔn geɖe, siwo hã sena le wo ɖokui me nenema ke be ele be yewoaɖe yewoƒe ŋudzedzekpɔkpɔ afia subɔsubɔha aɖe ahaku ɖe eŋu la tɔ. Woxɔe se vevie be mawusubɔsubɔ kpɔ ŋusẽ nyui ŋutɔ aɖe ɖe yewoƒe agbe dzi. Le kpɔɖeŋu me, nuŋlɔla aɖe gblɔ be Islam-subɔsubɔ “to ŋkuʋuʋu gã aɖe . . . [si] ɖe vi na xexe bliboa katã la vɛ.”

Subɔsubɔha ƒe Wɔƒe—Enyo loo alo Egblẽ?

Gake nya siwo Bragg gblɔ kplɔe ɖo la na nyabiabia vevi aɖe fɔ ɖe te ne mawusubɔsubɔ nye nyuiwɔwɔ ƒe ŋusẽ vavã. Egblɔ kpee be: “Ele be Kristotɔnyenye hã naɖe nane me nam.” Nuka ƒe numeɖeɖe dim wòle? Egblɔ be: “Mɔmaɖemaɖeɖenuŋu, vɔ̃ɖinyenye, ŋutasesẽ, kple eɖoɖo koŋ agbe susuŋudɔwɔwɔ siwo nye nɔnɔme siwo ɖe dzesi le eŋuti le eƒe ‘ŋutinya’ la me.”

Ame geɖe agblɔ be mɔmaɖemaɖeɖenuŋu, vɔ̃ɖinyenye, ŋutasesẽ, kple eɖoɖo koŋ agbe susuŋudɔwɔwɔ ɖe dzesi le xexeame subɔsubɔha akpa gãtɔ ŋu le ŋutinya katã me. Woƒe nukpɔsusu enye be ɖeko mawusubɔsubɔ dzena abe nyuiwɔla na ameƒomea ene—be nusi le megbe na nusi dze abe nyuiwɔwɔ kple kɔkɔenyenye ene ŋutɔŋutɔe nye alakpanuwɔwɔ kple alakpadada. (Mateo. 23:27, 28) A Rationalist Encyclopædia gblɔ be: “Nya si wogblɔna wu le míaƒe agbalẽwo mee nye be mawusubɔsubɔ wɔ akpa tɔxɛ aɖe le ŋkuʋuʋu toto vɛ me.” Eyi edzi be: “Ke hã, ŋutinya me nudzɔdzɔwo ɖee fia kɔte be nya ma menye nyateƒe o.”

Wò ya da ŋku ɖe nyadzɔdzɔgbalẽ ɖesiaɖe me kpɔ egbea ko, eye àkpɔ subɔsubɔhakplɔla gbogbo aɖewo siwo ɖea gbeƒã lɔlɔ̃, ŋutifafa, kple nublanuikpɔkpɔ evɔ wodea fuléle ƒe dzi ƒo henɔa te ɖe Mawu ƒe ŋkɔa dzi naa woƒe ŋutasẽʋawo dzena abe esiwo le dzɔdzɔe ene. Mewɔ nuku o be ame geɖe sena le wo ɖokui me be zi geɖe la, nugblẽŋusẽe mawusubɔsubɔ nye le agbe me.

Ðe Xexeame Anyo Wu ne Ðe Subɔsubɔhawo Meli Oa?

Ame aɖewo ƒo nya ta kura gɔ̃ hã, abe Eŋlisiawo ƒe xexemenunyala Bertrand Russell ene, be anyo wu ne “mawusubɔsubɔ me dzixɔsewo katã nu yi keŋkeŋ.” Wosusui be mawusubɔsubɔ ɖeɖe ɖa koe nye mɔ ɖeka kolia si dzi woato akpɔ ameƒomea ƒe kuxiwo gbɔ keŋkeŋ. Gake ɖewohĩ woadi be yewoaŋe aɖaba aƒu nyateƒe si wònye be amesiwo melɔ̃a mawusubɔsubɔnyawo o ate ŋu ahe fuléle kple mɔmaɖemaɖeɖenuŋu vɛ abe amesiwo wòdzɔa dzi na la ke ene la dzi. Mawusubɔsubɔ ŋuti nuŋlɔla Karen Armstrong ɖo ŋku edzi na mí be: “Ametsɔtsrɔ̃ Gã la ya teti ɖee fia be nukpɔsusu si le amesiwo melɔ̃a mawusubɔsubɔ o si ate ŋu agblẽ nu le ame ŋu vevie abe mawusubɔsubɔ me atitsogaʋa ɖesiaɖe ke ene.”—The Battle for God—Fundamentalism in Judaism, Christianity and Islam.

Eyata ɖe mawusubɔsubɔ nye ŋusẽ si ʋãa ame na nyuiwɔwɔ ŋutɔŋutɔa, alo le nyateƒe me la, eya gbɔ koŋue ameƒomea ƒe kuxiwo dzɔ tso? Subɔsubɔhawo katã ɖeɖe ɖae akpɔ kuxi siawo gbɔa? De ŋugble le nusi Biblia gblɔ le nya sia ŋu le nyati si gbɔna me la ŋu. Ðewohĩ ŋuɖoɖoa awɔ nuku na wò.