Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Mawusubɔsubɔ Gbɔe Ameƒomea ƒe Kuxiwo Dzɔ Tsoa?

Mawusubɔsubɔ Gbɔe Ameƒomea ƒe Kuxiwo Dzɔ Tsoa?

Mawusubɔsubɔ Gbɔe Ameƒomea ƒe Kuxiwo Dzɔ Tsoa?

“NE MAWUSƆBƆSUBƆ medea dzrewɔwɔ ƒe dzi ƒo o la, ke enye atike vɔ̃ɖi si naa amewo ƒe dzitsinya kua atri eye wòwɔnɛ be susu tsɔtsɔ ɖo yeaɖi dzidzɔnyawo dzi atraɖii va xɔa woƒe susu me. . . . [Ewɔa] amegbetɔwo nuŋumabulawo, aʋatsodzixɔselawo, siwo yɔ fũ kple fuléle kpakple dzimaɖitsitsi.” Amesi ŋlɔ nya siawo, si nye Methodist mawunyadɔgbedela tsã gblɔ kpee be: “Nutsotso siawo le eteƒe. Subɔsubɔha alakpatɔ kple nyuitɔe li.”—Start Your Own Religion.

Ame aɖewo agblɔ be: ‘Ðeklemiɖeɖe sia mele eteƒe o.’ Ke hã, amekae ate ŋu agbe lɔlɔ̃ ɖe nusiwo dzɔ le ŋutinya me dzi? Mawusubɔsubɔ—si gɔme woɖe be enye “subɔsubɔ kple tadedeagu na Mawu alo ŋusẽ si gbɔ dzɔdzɔmetɔ ŋu”—ƒe ŋutinya sese naa dzidzi ƒoa ame. Ðe wòle be wòafia nu mí ahado ŋusẽ mí hafi. Gake zi geɖe la, nusi wòwɔna enye dzrehehe, mɔmaɖemaɖeɖenuŋu kple fuléle hehe vɛ. Nukatae wòle alea?

“Kekeli ƒe Dɔla” aɖe si Kplɔa Ame Trana

Biblia gblɔ be nya sia ŋuɖoɖo le bɔbɔe ŋutɔ. Satana Abosam tsɔ eɖokui wɔ “kekeli ƒe dɔla” heble ame miliɔn geɖe wodze eƒe nufiafiawo yome le esi woadze Mawu tɔ yome teƒe. (Korintotɔwo II, 11:14) Apostolo Yohanes ɖee fia be Satana ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzia nu sẽ ale gbegbe be “xexeme blibo la katã le vɔ̃ɖitɔ la me.” (Yohanes I, 5:19) Yohanes nyae be Satana nɔ ‘xexeame katã blem.’—Nyaɖeɖefia 12:9.

Nukawoe do tso esia me? Satana ɖo mawusubɔsubɔ me nuɖoanyi siwo dzena kɔkɔe le gotagome la anyi. Wotsɔa “‘mawusubɔsubɔ’ wɔa motsyɔnui” gake ku gbegblẽ siwo wotsena la ɖea woƒe nɔnɔme vavãtɔ fiana. (Timoteo II, 3:5, J. B. Phillips; Mateo 7:15-20) Le esi woakpe ɖe ameƒomea ŋu wòakpɔ eƒe kuxiwo gbɔ teƒe la, enye nyateƒe be subɔsubɔha me nɔnɔ va zu kuxia ƒe akpa aɖe.

Mègagbe nukpɔsusu sia enumake be enye nusi manɔ eme o alo be susu mele eme o. Nenɔ susu me na wò be nusi ɖe dzesi wu le amebeble ŋu enye be amesi blem wole la menyana be ye blemee wole o. Apostolo Paulo gblɔ esia ƒe kpɔɖeŋu aɖe esime wòŋlɔ be: “Nusi trɔ̃subɔlawo mèna la, gbɔgbɔ vɔ̃wo womèa wo na, eye menye Mawu o.” (Korintotɔwo I, 10:20) Anɔ eme be awɔ nuku na amesiawo be woasusui be gbɔgbɔ vɔ̃wo subɔmee yewonɔ. Wosusui be mawu nyui, alo mawu nyui ƒomevi aɖewo subɔmee yewonɔ. Ke hã, le nyateƒe me la, “vɔ̃ɖinyenye ƒe gbɔgbɔ, siwo le dziƒonutowo me,” siwo le Satana ƒe akpa dzi le eƒe agbagbadzedze be yeable ameƒomea me lae ble wo.—Efesotɔwo 6:12.

Le kpɔɖeŋu me, na míade ŋugble le alesi Satana te ŋu ble ame geɖe siwo gblɔna be Kristotɔwoe yewonye, evɔ wogbe wɔwɔ ɖe apostolo Yohanes ƒe nuxlɔ̃ame ku ɖe gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi ŋu dzi, hekplɔ wo trae la ŋu kpɔ.—Korintotɔwo I, 10:12.

Nusi Yesu Fia la Tso Mawu Gbɔ

Yesu Kristo gblɔ be: “Nye nufiafia la menye tɔnye o, ke boŋ amesi dɔm ɖa la tɔe.” (Yohanes 7:16) Ẽ, Mawu Ŋusẽkatãtɔ la gbɔe nusi wòfia la tso. Eyata Yesu ƒe nufiafiawo kpɔ ŋusẽ nyui ɖe eƒe nyaselawo dzi hedo ŋusẽ wo. ‘Womenaa amewo ƒe dzitsinya kua atri hena be wotsɔa susu ɖoa yeaɖi dzidzɔnyawo dzi atraɖii wòva xɔa woƒe susu me o.’ Ðe ema teƒe la, Yesu ƒe nufiafiawo na ablɔɖe amewo tso mawusubɔsubɔ me vodadawo kple amegbetɔwo ƒe xexemenunyafiafia si xexe si me tɔwo “ƒe nyasã do viviti” le esi Abosam ble wo ta, to vɛ la me.—Efesotɔwo 4:18; Mateo 15:14; Yohanes 8:31, 32.

Wonya Kristotɔ vavãwo, menye le esi wogblɔ be yewovɔ̃a Mawu dzro ko ta o, ke boŋ le xɔse, si na woɖea Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe kutsetsewo fiana le woƒe agbe me ta. (Galatiatɔwo 5:22, 23; Yakobo 1:22; 2:26) Nɔnɔme si ɖea dzesi wu le esiawo katã me—eye wònye esi dea dzesi Kristotɔnyenye vavãtɔ—enye nɔnɔme wɔdɔɖeamedzi si nye lɔlɔ̃.—Yohanes 13:34, 35.

Gake de dzesi akpa vevi sia: Yesu loo alo eƒe apostolowo mekpɔ mɔ be Kristo-hamea nayi edzi akpɔtɔ anɔ abe alesi wònɔ esime woɖo egɔme anyi ene o. Wonya be xɔsegbegbe ava eye be subɔsubɔha vavãtɔ abu hena ɣeyiɣi aɖe.

Subɔsubɔha Vavãtɔ Bu Hena Ɣeyiɣi Aɖe

Le kpɔɖeŋu aɖe si Yesu wɔ le lu kple gbe wuwluiwo ŋu me la, egblɔe ɖi be subɔsubɔha vavãtɔ nu ayi mlɔeba hena ɣeyiɣi aɖe. Wò ŋutɔ xlẽ nuŋlɔɖi si le Mateo 13:24-30, 36-43. Yesu wu lu, si nye “nuku nyui” si tsi tre ɖi na eƒe nusrɔ̃la wɔnuteƒe siwo ƒo ƒu wɔ Kristo-hame gbãtɔa, la ɖe abɔ aɖe me. Exlɔ̃ nu be ‘futɔ aɖe’ si nye Satana Abosam ava wu “gbe wuwluiwo”—amesiwo gblɔna be yewonye Yesu Kristo yomedzelawo evɔ le nyateƒe me la, wogbe eƒe nufiafiawo—ɖe lugblea me le ɣeyiɣi aɖe megbe.

Le Yesu ƒe apostoloawo ƒe ku megbe teti ko la, ame aɖewo va do, siwo ɖee fia be yewonye “gbe wuwluiwo,” amesiwo lɔ̃ ɖe amegbetɔwo ƒe nufiafia totrowo dzi ɖe “Yehowa ƒe nya” teƒe. (Yeremya 8:8, 9; Dɔwɔwɔwo 20:29, 30) Nusi do tso emee nye be Kristotɔnyenye si wotɔ tsii, si menye nyateƒetɔ o, va do le xexeame. Nusi Biblia yɔ be “sedzimawɔla”—si nye nunɔlawo ƒe ha nufitifitiwɔla siwo yɔ fũ kple “madzɔmadzɔnyenye ƒe amebeble katã”—lae kpɔ ŋusẽ ɖe edzi. (Tesalonikatɔwo II, 2:6-10) Yesu gblɔe ɖi be nɔnɔme sia atrɔ le “xexeame ƒe nuwuwu.” Woaƒo Kristotɔ siwo le abe lu ene la nu ƒu ɖekae eye mlɔeba woatsrɔ̃ “gbe wuwluiawo.”

Kristotɔnyenye sia si wotɔ tsii la dzie “ƒe alafa gbogbo siwo yɔ kple ŋutasẽnuwɔwɔ sɔŋ” kple gbɔgbɔmeviviti si tsyɔ Kristodukɔa dzi le ƒe alafa siwo kplɔe ɖo me ƒe agba la le. Esi apostolo Petro kpɔ nusia kple ŋutasẽnuwɔna gblẽku siwo wowɔ le mawusubɔsubɔ ƒe ŋkɔ me tso esime Kristotɔnyenye si wotɔ tsii va do do ŋgɔ ta la, egblɔe ɖi wòsɔ nyuie be ‘le amesiawo [yeaɖi Kristotɔwo] ta woagblɔ busunya ɖe nyateƒemɔ la ŋuti.’—Petro II, 2:1, 2.

“Dɔmedzoe Kple Fuléle ƒe Mawuŋunufiafia”

Le nyateƒe me la, mesɔ kura be Kristodukɔa wɔ ŋkɔ gbegblẽ na mawusubɔsubɔ o. Le kpɔɖeŋu me, bu blemakɔnumeléɖeasilawo ƒe nukpɔsusu le nyagbe “mawuvɔ̃la akuakuawo” si ŋu Karen Armstrong, si nye nyɔnu saɖagaxɔmenɔla tsã, gblɔ le be ele “subɔsubɔha gã ɖesiaɖe ƒe kɔnuwo” me la ŋu kpɔ. Armstrong gblɔ be nu vevi aɖe si me wodoa subɔsubɔha ɖesiaɖe kpɔna lee nye be ele be wòana “dɔmetɔtrɔ akuakua ɖe ame ŋu” nadze le emenɔlawo ŋu. Nuŋlɔɖi kae li ku ɖe blemakɔnumeléɖeasilawo ƒe subɔsubɔha ŋu le nya sia me? Eŋlɔ be: “Blemakɔnumeléɖeasilawo ƒe dzixɔsewo, eɖanye Yudatɔwo, Kristotɔwo, alo Moslemtɔwo tɔ o, dometɔ ɖesiaɖe doa kpo nu le dodokpɔ vevi sia me ne woƒe dzixɔsewo va zu dɔmedzoe kple fuléle ƒe mawuŋunufiafia.” (The Battle for God—Fundamentalism in Judaism, Christianity and Islam) Gake “blemakɔnumeléɖeasilawo” ƒe subɔsubɔha koe do kpo nu le dodokpɔ sia me si na woƒe dzixɔsewo va zu “dɔmedzoe kple fuléle ƒe mawuŋunufiafia”? Menye nusiae ŋutinya ɖe fia o.

Le nyateƒe me la, Satana ɖo alakpasubɔsubɔ ƒe xexemefiaɖuƒe aɖe anyi, si ƒe dzesidenu vevitɔwoe nye dɔmedzoe, fuléle, kple ʋukɔkɔɖi atraɖii. Biblia yɔ fiaɖuƒe sia be “Babilon gã la, . . . anyigba dzi ŋunyɔnuwo ƒe dada,” eye wotsɔe sɔ kple gbolo aɖe si bɔbɔ nɔ dunyahenuɖoanyi aɖe si le abe lã ene la dzi. Enye nusi ɖe dzesi be eya sie wobia “amesiwo katã wowu le anyigba dzi la, ƒe ʋu” ƒe akɔnta tsoe.—Nyaɖeɖefia 17:4-6; 18:24.

Menye Amesiamee Woble O

Ke hã, ŋutinya ɖo kpe edzi be menye amesiamee woble o. Melvyn Bragg de dzesii be le amegbetɔ ƒe ŋutinya ƒe ɣeyiɣi dziŋɔ kekeake gɔ̃ hã me la, “ame geɖe siwo dze na kafukafu la wɔ nu nyui evɔ amesiwo ƒo xlã wo ya nɔ nu gbegblẽwo wɔm.” Kristotɔ akuakuawo yi edzi le ‘ta dem agu na Mawu le gbɔgbɔ kple nyateƒe me.’ (Yohanes 4:21-24) Woɖe wo ɖokuiwo ɖa le xexeame katã ƒe mawusubɔsubɔ nuɖoanyi si wɔ eɖokui gboloe le esi wònye “asrafoŋusẽ dzidela” ta ŋu. Wogbe dɔ ɖesiaɖe si do ƒome kple Sɔlemeha la kpakple Dukɔa wɔwɔ, elabena ŋutinya ɖee fia be enye “nubabla si Satana le megbe na ke menye Yesu Nazaretetɔ aɖekee o.”—Two Thousand Years—The Second Millennium: From Medieval Christendom to Global Christianity.

Wonya Yehowa Ðasefowo le egbeŋkekeawo me be wonye amesiwo doa ŋusẽ ame na nyuiwɔwɔ. Be woaɖe wo ɖokuiwo ɖa keŋkeŋ tso alakpasubɔsubɔ ƒe ɖiƒoƒo ɖesiaɖe gbɔ ta la, wotu woƒe dzixɔsewo kple nuwɔnawo ɖe Mawu ƒe Nya si tso gbɔgbɔ me, si nye Biblia la dzi koŋ. (Timoteo II, 3:16, 17) Eye abe ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo ene la, wowɔ ɖe Yesu ƒe se be woaganye ‘xexeame ƒe akpa aɖeke o’ la dzi. (Yohanes 15:17-19; 17:14-16) Le kpɔɖeŋu me, le Nazi Germany la, wogbe tanana le woƒe Kristotɔwo ƒe gɔmeɖosewo dzi wɔwɔ me eye le esia ta womewɔ ɖeka kple Nazitɔwo ƒe nukpɔsusuwo o. Hitler lé fu wo le woƒe tenɔnɔ sia ta. Suku-gbalẽ aɖe gblɔ be: “Yehowa Ðasefowo . . . wɔ ɖe Biblia ƒe nufiafia be woagazã aʋawɔnuwo le go aɖeke me o la dzi. Eyata wogbe be yewomanye asrafo alo akpe asi ɖe Nazitɔwo ŋu le go aɖeke me o. Le woƒe tenɔnɔ sia ta la, SS-srafowo de Yehowa Ðasefowo ƒe ƒome blibowo gaxɔ me. Wowu Yehowa Ðasefowo [siwo nɔ Germany] katã dometɔ ɖeka kloe le ame etɔ̃ ɖesiaɖe me le fuwɔamegaxɔwo me.”—Germany—1918-45.

Ele eme baa be subɔsubɔha bubu geɖe me tɔ aɖewo siwo ƒo dzi nɔ la kpe fu le woƒe dzixɔsewo ta. Gake Yehowa Ðasefowo wɔ esia abe subɔsubɔ habɔbɔ wɔɖeka ene. Le nyateƒe me la, wo dometɔ akpa gãtɔ wɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo me gɔmeɖose vevi si nye be: ‘Wobua Mawu wu amewo’ la dzi vevie.—Dɔwɔwɔwo 5:29; Marko 12:17.

Nusi Gbɔ Koŋ Kuxia Tso

Eyata menye mawusubɔsubɔe he ameƒomea ƒe kuxiwo katã vɛ o. Alakpasubɔsubɔ gbɔe wòtso. Gake Mawu ɖoe fifia be yeaɖe alakpasubɔsubɔhawo katã ɖa kpuie. (Nyaɖeɖefia 17:16, 17; 18:21) Se si wòde na amesiwo katã lɔ̃a dzɔdzɔenyenye kple nudzɔdzɔewɔwɔ enye: “Mi amesiwo nye nye dukɔ la, mido go tso [Babilon gã la, si nye alakpasubɔsubɔ ƒe xexemefiaɖuƒea] me, bene miagade ha kplii le eƒe nuvɔ̃wo me o, eye bena miagaxɔ eƒe fuwɔame ƒe ɖeke o; elabena eƒe nuvɔ̃wo kɔ yi ɖatɔ dziƒo, eye Mawu ɖo ŋku eƒe nu madzɔmadzɔ wɔwɔwo dzi.” (Nyaɖeɖefia 18:4, 5) Ẽ, Mawu kpɔa dziku ɖe subɔsubɔha siwo ‘dea dzrewɔwɔ dzi, naa amewo ƒe dzitsinya kua atri, siwo wɔnɛ be susu tsɔtsɔ ɖo yeaɖi dzidzɔnyawo dzi atraɖii va xɔa ame ƒe susu me, wɔa amegbetɔwo nuŋumabulawo, aʋatsodzixɔselawo, siwo yɔ fũ kple fuléle kpakple dzimaɖitsitsi’ la ŋu!

Fifia la, Mawu le amesiwo lɔ̃a nyateƒe la nu ƒom ƒu ɖe subɔsubɔha dzadzɛtɔ me. Eyae nye subɔsubɔha si kuna ɖe Wɔla lɔlɔ̃tɔ, si le dzɔdzɔe, eye wòkpɔa nublanui na ame la ƒe gɔmeɖosewo kple nufiafiawo ŋu. (Mixa 4:1, 2; Zefanya 3:8, 9; Mateo 13:30) Àte ŋu anye subɔsubɔha sia me tɔ. Ne èdi nyatakaka bubuwo le alesi nàwɔ ade dzesi subɔsubɔha vavãtɔ ŋu la, àte ŋu aŋlɔ lɛta na magazine sia talawo, alo abia Yehowa Ðasefo ɖesiaɖe faa hena kpekpeɖeŋu.

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Ameƒomevi vovovowo le dzidzɔ kpɔm le subɔsubɔha dzadzɛtɔ me