Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Le Tsiɖɔɖɔa megbe la, ahɔ̃ne aɖe si nu Noa ʋu nu le le aɖakaʋua me ɖo ɖe gota la trɔ gbɔ kple “amitiɖɔmee.” Afikae ahɔ̃ne la kpɔ atiɖɔmee la le?

Biblia gblɔ na mí be “tsia do agbogbo ɖe anyigba dzi ŋutɔŋutɔ heɖe to kɔkɔ, siwo katã le dziƒoa te la.” (Mose I, 7:19) Esi tsia mie va ɖo afi aɖe la, Noa ɖe asi le ahɔ̃ne aɖe ŋu ɖo ɖe gota zi etɔ̃ le kwasiɖa ɖeka ɖesiaɖe megbe. Zi evelia la, ahɔ̃ne la trɔ gbɔ ‘helé amitiɖɔmee ɖe nu, azɔ Noa dze sii bena, tsia mie le anyigba dzi.’—Mose I, 8:8-11.

Fifia la, enye nyateƒe be mɔ aɖeke meli si dzi míato anya ɣeyiɣi ƒe didime si tsiɖɔɖɔa nɔ anyigba ƒe akpa aɖe koŋ o, elabena ɖikeke mele eme o be Tsiɖɔɖɔa trɔ anyigba ƒe nɔnɔme kuraa. Gake, anɔ eme be tsia ɖɔ ɖe nyigba ƒe teƒe geɖe ɣeyiɣi didi aɖe si wɔe be ati geɖewo ku. Ke hã, anye be ɖewo meku keŋkeŋ o, si wɔe be wodze alɔ yeyewo esi tsia mie.

The New Bible Dictionary gblɔ tso amitia ŋu be: “Ne wolãe la, takpoa gbugbɔ dzena alɔ yeyewo, ete ŋu dzena alɔ atɔ̃ kura gɔ̃ hã. Zi geɖe la, amiti siwo de kuku ge hã dzea alɔ alea.” The New Schaff-Herzog Encyclopedia of Religious Knowledge gblɔ be: “Ðeko wòdze abe ɖe womate ŋu atsrɔ̃ amiti la keŋkeŋ o ene.” Amegbetɔ aɖeke meli egbea si nya dze agbɔsɔsɔ me si nɔ tsiɖɔɖɔa me kple alesi eƒe fafa alo dzoxɔxɔ nɔ tututu o. Le esia ta míate ŋu agblɔ ŋusẽ si tɔgbe tsiɖɔɖɔa kpɔ ɖe amitiwo kpakple numiemie bubuwo dzi kple kakaɖedzi o.

Gake amiti siwo miena le wo ɖokui si, abe esiwo nɔa to kɔkɔwo dzi ya mete ŋu tsia agbe le teƒe siwo yame nutowo me fa le o. Zi geɖe la, wotsina nyuie le anyigba ƒe teƒe siwo ɖi abu, abe meta 1,000 ene, si nyea teƒe si yame xɔa dzo wu Celsius 10 le zi geɖe. Agbalẽ si nye The Flood Reconsidered gblɔ be: “Susu sia tae Noa te ŋu kpɔ atiɖɔme fẽ si ahɔ̃ne la da vɛ eye wòƒo nya ta be tsia mie vɔ le baliawo me ɖo.” Kwasiɖa ɖeka va yi si ahɔ̃ne si ŋu Noa ɖe asi le ɖo ɖe gota metrɔ gbɔ o, si ɖee fia be ekpɔ numiemie geɖe siwo wòaɖu kple teƒe si wòanɔ.—Mose I, 8:12.