Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Takpekpe le “Xexeame ƒe Ƒoƒoni” Nu

Takpekpe le “Xexeame ƒe Ƒoƒoni” Nu

Takpekpe le “Xexeame ƒe Ƒoƒoni” Nu

Èse nya siawo kpɔa, “Te Pito o Te Henua”? Egɔmee nye “Xexeame ƒe Ƒoƒoni,” si fia xexeame ƒe titina, le Easter Island tɔwo degbe si nye Rapa Nui me. Nukae na be takpekpe si wowɔ le afisia nɔ etɔxɛ?

ENYE ƒukpo saɖeaga, wɔnuku, si le etɔxɛ. Nya siawoe nye nya aɖewo siwo wotsɔ ɖɔa Easter Island, alo Rapa Nui, si nye ŋkɔ si edzinɔlawo yɔna nɛ. Le nyateƒe me la, eɖe ɖe aga kuraa eye wòle Anyiehe Pacific Ƒugã la dome, eye edidi kilometa 3,790 tso Santiago, Chile gbɔ. Eva zu Chile nutoa ƒe akpa aɖe le September 9, 1888.

Ƒukpo sia si ƒe nɔnɔme le dzogoe etɔ̃ me nye anyigba si do tso dzoto xoxo etɔ̃ me eye eƒe lolome xɔ teƒe gbadza si nye kilometa 166. Le nyateƒe me la, ƒukpo sia nye to gã siwo le atsiaƒu gɔme la ƒe tame ko, abe Pacific-ƒukpo bubuawo ke ene. Wogblɔ le ƒukpo bliboa ŋu be enye dzɔdzɔme ƒe nuwɔwɔ aɖe. Le nyateƒe me la, nusi koŋ wotsɔna dea dzesii enye eƒe kpe kpakpɛ wɔnukuawo siwo woyɔna be moai. *

Nusiwo gali kpe ɖe Easter Island ƒe anyigba ƒe dzedzeme dzeaniawo kple blemanuwo kpɔƒewo ŋue nye nuɖuɖu dodzidzɔname vovovoawo. Atɔtɔ, peya, nagote, aɖiba, kple kɔɖu ƒomevi vovovo asieke nye nusiwo le anyigbaa dzi. Eye woɖea tɔmelã vovovowo tso ƒua me.

Yame ƒe nɔnɔme fa nyuie le Easter Island, tsi dzana enuenu, eye anyieʋɔ hã dona nenema ke, eye wonana tsaɖilawo kpɔa ya nyui kple nu dodzidzɔnamewo hã. Fifia la, ƒukpoa dzinɔlawo anɔ ame 3,800 lɔƒo. Amesiwo le edzi fifia nye amesiwo nɔ afima gbã ƒe dzidzimeviwo, tsɔ kpe ɖe Europatɔwo, Chiletɔwo kple ame bubuwo ŋu. Modzakaɖetsaɖila gbogbo aɖewo tsoa Europa kple Asia ɖia tsa vaa ƒukpoa dzi, si wɔe be modzakaɖetsaɖiɖi nye gakpɔmɔnu vevi aɖe.

Ɣeyiɣi si me Woƒã Fiaɖuƒenuku Gbãtɔ

Ƒe 1982 Yearbook of Jehovah’s Witnesses ka nya ta be: “Le ɣeyiɣi aɖe me la, gbeƒãɖela ɖeka pɛ koe nɔ Easter Island. Dutanyanyuigblɔla aɖe si nɔ alɔdzedɔwɔƒea [le Chile] ye kpena ɖe eŋu le gbɔgbɔ me to agbalẽŋɔŋlɔ nɛ me. Togbɔ be etrɔ yi Chile emegbe hã la, nuŋlɔɖi siwo le mía si ɖee fia be Gbetakpɔxɔ ƒe nudɔdɔxɔlawo nɔ ƒukpoa dzi. Nukutɔe la, le April 1980 me la, míexɔ kaƒoƒo si tso didiƒe tso ɖetsɔlemetɔ aɖe si di be yeanya ɣeyiɣi si woaɖu Ŋkuɖodzia gbɔ. Emegbe atsu kple asi siwo tso Valparaiso ʋu yi afima, eye wonɔ Biblia-nusɔsrɔ̃ wɔm kple ɖetsɔlemetɔwo. Wowɔ Ŋkuɖodzia ƒe kpekpe le April, 1981, me le ƒukpoa dzi zi gbãtɔ, eye ame 13 ye de. Edo dzidzɔ na mí ŋutɔ be ‘nyanyuia’ le ta kekem le saɖeaga nuto sia me!”

Emegbe le January 30, 1991 dzi la, alɔdzedɔwɔƒea ɖo mɔɖela vevi siwo nye atsu kple asi, Dario kple Winny Fernandez, ɖe ƒukpoa dzi. Nɔviŋutsu Fernandez gblɔ be: “Míetsɔ gaƒoƒo atɔ̃ ɖo yameʋu va ɖi ɖe xexeame ƒe akpa sia, si ƒe kɔnuwo mele nyanya me o la dzi.” Nɔviŋutsu aɖe si nye dua me tɔ kple nɔvinyɔnu aɖe si va dua me kple via eve eteƒe medidi o la kpe asi ɖe atsu kple asi sia ŋu wowɔ ɖoɖo ɖe kpekpewo kple gbeƒãɖeɖe ŋu enumake. Togbɔ be wodo go ƒometɔwo ƒe nyaƒoɖeamenuwo, subɔsubɔha taʋiʋli ƒe nuwɔnawo, kple agbenɔnɔ ƒomevi siwo bɔ ɖe Polynesia dekɔnuwo me hã la, wokpɔe be Yehowa yra ɖe yewoƒe agbagbadzedzewo dzi. Nɔviŋutsu kple Nɔvinyɔnu Fernandez meganye mɔɖela veviwo fifia o, gake wotsi ƒukpoa dzi hele wo vi ŋutsu si wodzi le afima la dzi kpɔm. Fiaɖuƒegbeƒãɖela 32 kpɔdzidzɔwoe le afima egbea. Rapa Nui dua me tɔwo kple amesiwo va tsi ƒukpoa dzi alo ʋu va be yewoava subɔ le teƒe siwo Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo hiã le wu la le wo dome.

Dzadzraɖo Hena Nutome Sue Takpekpe

Le mɔ didi si le ƒukpoa kple anyigbagã la dome ta la, woɖea video siwo nye ŋkeke ɖeka takpekpe tɔxɛ, nutome sue takpekpe, kple nutome gã takpekpea ƒe wɔnawo fiana hamea zi etɔ̃ le ƒea me. Gake le ƒe 2000 ƒe nuwuwu lɔƒo la, Alɔdzekɔmiti si le Chile dze alesi woawɔ woa ŋutɔwo ƒe nutome sue takpekpe le afima zi gbãtɔ ŋu bubu gɔme. Mlɔeba la, wova tso nya me be woawɔ nutome sue takpekpe le November 2001 me, eye wokpe nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu ʋɛ aɖewo tso Chile ƒe akpa vovovowo be woayi wɔna tɔxɛ sia wɔƒe. Le alesi yameʋuɖoɖo ƒe ɖoɖoa le ta la, woɖoe be woawɔ takpekpea le Kwasiɖa kple Dzoɖa.

Mɔzɔzɔ ayi ƒukpoa dzi aɖakpɔ gome le nutome sue takpekpe me le saɖeaga nutoa me ŋu bubu do dzidzɔ na ame 33 siwo wokpe be woayi. Le esi nɔviawo nɔ yameʋu me to Pacific Ƒugã la dzi ɣeyiɣi didi aɖe megbe la, woƒe dzi dze eme bliboe esi afima nɔviawo nɔ wo lalam le yameʋudzeƒea be yewoado wòezɔ na wo. Wotsɔ seƒoƒowo wɔ kɔgɛwo, si nye ƒukpoa dzi tɔwo ƒe nunana tɔxɛ aɖe, hede kɔ na vavalawo tsɔ do dzaa na woe. Wokplɔ wo yi woƒe dzeƒewoe le ema megbe, eye le modzakatsaɖiɖi le ƒukpoa dzi ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, amesiwo katã si dɔ nɔ le takpekpea me la ƒo ƒu ɖe Fiaɖuƒe Akpata me.

Amesi Womekpɔ Mɔ Na O la Kaka Takpekpea Ŋu Nya

Esime nɔvi siwo woɖo ɖa dometɔ aɖewo ku ʋu yina ɖe takpekpea la, ewɔ nuku na wo be wose afima nunɔla aɖe nɔ nu ƒom tso woƒe sasrãkpɔa ŋu le radio dzi. Egblɔ be modzakatsaɖila aɖewo tso anyigbagã la dzi va eye woava wo gbɔ le aƒeme be yewoaƒo nu le xexeame ƒe nuwuwu ŋu na wo. Togbɔ be egblɔ na eƒe sɔlemetɔwo be woagaɖo to amedzroawo o hã la, eƒe gbeƒãɖeɖea wɔe be Yehowa Ðasefowo ƒe ƒuƒoƒo gã la ƒe ƒukpoa dzi vava ŋu nya kaka ŋutɔ. Esia na ƒukpoadzinɔlawo nɔ mɔ kpɔm vevie. Le ŋkeke siwo kplɔe ɖo me la, nɔvi siwo woɖo ɖa gblɔ nyanyui gbedasi dedziƒonamea na wo aɖaŋutɔe.

Takpekpea Dze Egɔme

Le Kwasiɖa ŋdi la, nɔvi siwo nye dua me tɔwo nɔ lalam le Fiaɖuƒe Akpata ƒe agboa nu be yewoado wòezɔ na nɔvi siwo woɖo ɖa la ne wova takpekpea le ŋkeke gbãtɔa dzi. “Iorana Koe! Iorana Koe!” “Miawoe zɔ loo!” Nɔvinyɔnu aɖewo do afimatɔwo ƒe awu eye wotsɔ seƒoƒo dzeaniwo ɖo atsyɔ̃e na woƒe ɖa le Polynesiatɔwo ƒe atsyɔ̃ɖoɖo ŋutɔŋutɔ nu.

Le ha nyui aɖe ƒoƒo vɔ megbe la, amesiwo anɔ alafa ɖeka tsɔ gbe ɖeka dzi ha si nye “Minɔ Tsitre Sesĩe, Maʋamaʋãe!” la hoo eye esiae nye zi gbãtɔ si wose ameha gã aɖe ƒe gbe nenema le ƒukpoa dzi. Dua me nɔviwo fa dzidzɔvi esime zimenɔla la do dzaa na vavalawo le wo degbe, Rapa Nui, me. Le ŋdɔme ƒe ɖiɖiɖemeɣia la, Ðasefo yeye etɔ̃ tsɔ nyɔnyrɔxɔxɔ ɖe tsi me ɖo kpe woƒe adzɔgbeɖeɖe na Mawu dzi. Esi ŋkeke gbãtɔa ƒe wɔnawo wu enu la, amesiame se le eɖokui me be ye kple Yehowa dome kadodo kpakple yewo nɔviwo ƒe habɔbɔa dome kadodoa va le kplikplikpli wu.—Petro I, 5:9.

Ŋdime Ðaseɖiɖi

Le hiahiã tɔxɛ si le ƒukpoa dzi ta la, ŋkeke evelia ƒe wɔnawo dze egɔme le ŋdɔnuɖuɣi megbe. Eyata nɔvi siwo woɖo ɖa la zã mɔnukpɔkpɔ si ʋu ɖi na wo le ŋdia me tsɔ wɔ gbeadzisubɔsubɔdɔae. Nuteƒekpɔkpɔ kawoe su wo si?

Nyɔnu tsitsi aɖe si si viŋutsu kple vinyɔnu enyi le la gblɔ na Ðasefoawo be yemate ŋu aƒo nu kple wo o elabena Katolikotɔe yenye. Esi wogblɔ nɛ be ɖe yewova be yewoadzro kuxi siwo ɖea fu na amesiame, abe atikevɔ̃ɖiwo zazã kple ƒomekuxiwo ene me la, elɔ̃ be yeaɖo to.

Nyɔnu tsitsi aɖe si le nutoa me mekɔ ŋkume ɖe Ðasefo atsu kple asi siwo yi egbɔ la o. Egblɔ na wo be woayi aɖaƒo nu na amesiwo le anyigbagã la dzi siwo sẽa ŋuta vevie le ame bubuwo ŋu. Atsu kple asia gblɔ nɛ be wole “fiaɖuƒeŋutinya nyui” la gblɔm na amesiame eye tameɖoɖo si ta yewo va ƒukpoa dzie nye be yewoade takpekpe si akpe ɖe amesiame ŋu be woatu lɔlɔ̃ ɖo na Mawu. (Mateo 24:14) Wobiae nenye be adi be yeanɔ agbe didi le paradiso ƒe nɔnɔme aɖe me abe esi le ƒukpoa dzi ene, si me dɔléle kple ku manɔ o mahã. Esi wodzro ƒe agbɔsɔsɔ siwo dzotoawo ƒe do mawo siwo le ƒukpoa dzi tsɔ li me kplii la, ebu alesi agbe le kpuie ŋu hebia be: “Nukatae míaƒe agbe le kpuie alea gbegbe ɖo?” Nusi wòxlẽ le Psalmo 90:10 wɔ nuku nɛ ŋutɔ.

Le ɣeyiɣi sia me la, Ðasefoawo se ɣli aɖe ɖi enumake tso ʋɔtru si kplɔ esi nu wonɔ la ɖo nu. Togbɔ be womese ɣlidodoa gɔme o hã la, nyɔnua ɖe eme na wo be aƒelikawo le ame dzum tsɔ le eɖem fia be yewomele Ðasefowo dim le yewo gbɔ o. Ke hã, nyɔnu siae nye nua, alo wo katã wo daa le ƒomea me. Esi wònye fofoa ku ta la, eyae le be wòafia nusi nyo na ƒomea. Eʋli Ðasefoawo ta le nɔviawo ŋkume le wo degbe me eye wòxɔ agbalẽ si wotsɔ nɛ la lɔlɔ̃tɔe. Emegbe le Kwasiɖa ma ƒe ŋkeke bubu dzi la, esi woku ʋu va yina eye wòkpɔ Ðasefoawo la, egblɔ na nɔviaŋutsua be wòatɔ ʋua. Togbɔ be edze ƒã be mevivi na nɔvia o hã la, etɔ ʋua eye wòdo hedenyuie na nɔviawo hedi subɔsubɔdɔa ƒe dzidzedze na wo.

Togbɔ be edze abe ƒukpoa dzi nɔla aɖewo gbe gbedasi si Ðasefo siwo tso anyigbagãa dzi tsɔ vɛ na wo le gɔmedzedzea me hã la, amedzroawo va kpɔe dze sii ƒã be Rapa Nui tɔwo nye dɔmenyotɔwo kple xɔlɔ̃wɔlawo. Wo dometɔ geɖe ɖo to nyanyuia dzidzɔtɔe. Le nyateƒe me la, Ðasefo xɔnyɔnyrɔ 20 siwo le ƒukpoa dzi dometɔ 6 nye afimatɔwo. Wo dometɔ ɖeka nye amesi do ŋgɔ srɔ̃ Biblia me nyateƒea esime wònɔ xɔ aɖe si te ɖe afisi wonɔ Biblia srɔ̃m kple srɔ̃a le me nɔ to ɖom. Fifia woa kple srɔ̃a wonye Ðasefo xɔnyɔnyrɔwo, eye wònye subɔsubɔdɔwɔla le hamea me.

Gbɔgbɔ me Wɔnawo Yi Edzi

Ŋkeke evelia ƒe wɔnawo dze egɔme le ŋdɔme. Ðetsɔlemetɔ geɖewo gava wɔ ɖeka kple nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu 32 siwo nye afimatɔwo kpakple nɔvi 33 siwo woɖo ɖa. Amesiawo siwo ƒe xexlẽme de alafa ɖeka kloe la ɖo to nuƒowo, siwo dometɔ ɖekae nye dutoƒonuƒo si ƒe tanyae nye “Alesi Lɔlɔ̃ Kple Xɔse Ðu Xexeame Dzii.” Le nyateƒe me la, vavalawo nɔ lɔlɔ̃ si le Yehowa ƒe amewo dome ƒe ɖeɖefia ŋutɔŋutɔ teƒe kpɔm, aleae wòle le wo dometɔ siwo ƒe dekɔnu to vovo gɔ̃ hã dome.—Yohanes 13:35.

Le nutome sue takpekpea wɔɣi la, nutome sue kple nutome gã dzikpɔlawo kpe kple subɔla mɔɖelawo. Nɔvi siwo woɖo ɖa siwo nye gbesiagbe mɔɖelawo alo mɔɖela veviwo la va kpe ɖe gbesiagbe mɔɖela etɔ̃ siwo le ƒukpoa dzi ŋu. Wode dzi ƒo na wo katã vevie.

Le ŋufɔke la, afima nɔvi siwo kplɔa tsaɖilawo tsanae la kplɔ nɔvi siwo woɖo ɖe afima la tsae le ƒukpoa dzi. Woɖi tsa yi kpegbãƒe aɖe si wokpa moai le, kpakple dzoto aɖewo gbɔ, teƒe siwo woʋlia ho le le blema, eye woɖi tsa de Anakena ƒuta, afisi sikake nyui la le, si nye afisi afimanɔla gbãtɔwo va ɖi go le la hã. *

Mɔnukpɔkpɔ mamlɛtɔ si me woganɔ nɔvi siwo le afima gbɔ enye kpekpe kple wo le Hame ƒe Agbalẽ me Nusɔsrɔ̃ me. Le kpekpea megbe la, Ðasefo siwo le afima la tsɔ afima nuɖuɖu tɔxɛ aɖe ɖo kplɔ̃ na woƒe amedzroawo, wòwɔ nuku na wo ŋutɔ. Emegbe wodo afimatɔwo ƒe nudodowo heɖu afimatɔwo ƒe ɣe aɖewo fia wo. Nɔvi siwo woɖo ɖa kple nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo le Rapa Nui siaa ƒe dzi dze eme be agbagba siwo yewodze le ɖoɖo wɔwɔ ɖe takpekpea ŋu la ɖe vi ŋutɔ.

Amesiwo katã woɖo ɖa la ƒe dzi ku ɖe wo nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo le saɖeaga nutoa me, siwo woa kple wo ɖu kwasiɖa vivi la ɖekae la ŋu. Dzodzo le ƒukpoa dzi te ɖe wo dzi. Xɔlɔ̃ yeye siwo wodze la kple gbɔgbɔ me dzidedeƒo na ame nɔewo atsi susu me wo ɖaa. Le yameʋudzeƒea la, dua me nɔviwo tsɔ fɔligoe suewo wɔ kɔgɛ siwo nya kpɔ de kɔme na nɔvi siwo woɖo ɖa.

Esi nɔvi siwo woɖo ɖa dzo yina la, wodo ŋugbe be: “Iorana! Iau he hoki mai e Rapa Nui ee,” si gɔmee nye: “Minɔ anyi sesĩe!, míagatrɔ ava, Rapa Nui.” Ẽ, edzro wo be yewoagatrɔ ayi yewo xɔlɔ̃ yeyeawo kple gbɔgbɔ me ƒometɔ siwo le Easter Island, ƒukpo tɔxɛ, saɖeaga, wɔnuku, si me tɔwo doa vivi ɖe ame ŋu la gbɔ!

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 4 Kpɔ June 22, 2000 ƒe Eŋlisigbe me Nyɔ!, Yehowa Ðasefowoe tae.

^ mm. 27 Woɖe nɔnɔmetata aɖewo ɖe Rano Raraku dzoto ƒe nutowo me. Afisiae amesiwo di be yewoaɖu ƒukpoa dzi la dzea woƒe hoʋiʋlia gɔme tsonae. Ebia be woaɖi abu ayi toa gɔme, aƒu tsi ayi ƒukpo sueawo dometɔ ɖeka dzi, adi xe siwo le afima ƒe azi aɖe ɖe asi, agbugbɔ tsia aƒu ava ƒukpoa ŋutɔ dzi ahalia toa kple azia be magbã o.

[Aɖaka si le axa 24]

Gbeƒãɖeɖe le Easter Island

Anɔ ƒe eve lɔƒo do ŋgɔ na takpekpe sia la, nutome sue dzikpɔla aɖe kple srɔ̃a ɖi tsa yi ƒukpoa dzi eye wokpɔ nuteƒekpɔkpɔ dodzidzɔname geɖe. Le kpɔɖeŋu me, kpɔ alesi woƒe nu kui ɖa esime nɔvinyɔnu si kplɔ wo yi woƒe dzeƒe ɖo ŋku edzi na wo be wosrɔ̃ Biblia kple ye le Chile ƒe anyiehe esime yenye ƒewuivi si anye ƒe 16 lɔƒo va yi. Nusi woƒã la tse ku emegbe le Rapa Nui.

Woƒe nuteƒekpɔkpɔ dodzidzɔname bubu enye si: Fiasetɔ aɖe si dzraa ŋkuɖodzinuwo xɔ New World Translation of the Holy Scriptures kple Biblia-srɔ̃gbalẽ si nye Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me, siwo Yehowa Ðasefowo ta. Esi wotrɔ yi egbɔ la, egblɔ na wo be yemete ŋu xlẽ Biblia la o. Fransegbe me Bibliae wogblẽ ɖe egbɔ, menye Spaingbe me tɔe o! Wokpɔ kuxia gbɔ enumake, eye Ðasefo siwo le afima, to Biblia si le woa ŋutɔwo degbe me dzi, kpe ɖe eŋu wòkpɔe dze sii be Biblia gɔmesese mesesẽ nenema gbegbe hafi o.

[Anyigbatata si le axa 22]

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

EASTER ISLAND

CHILE

[Nɔnɔmetata siwo le axa 23]

Amesiwo xɔ nyɔnyrɔ le nutome sue takpekpea me dometɔ eve

[Nɔnɔmetata siwo le axa 25]

Alesi Rano Raraku dzoto ɖi abui; emetɔ: Atikutsetse si nye guayaba si miena le ƒukpoa dzi