Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yi Edzi Nànɔ Agbe Dzadzɛ To Wò Dzi Takpɔkpɔ me

Yi Edzi Nànɔ Agbe Dzadzɛ To Wò Dzi Takpɔkpɔ me

Yi Edzi Nànɔ Agbe Dzadzɛ To Wò Dzi Takpɔkpɔ me

“Dzɔ wò dzi ŋu wu nuwo katã, elabena eya me agbe tsona.”—LODODOWO 4:23.

1-3. (a) Aleke amewo ɖenɛ fiana zi geɖe be yewomedea asixɔxɔ yewoƒe agbedzadzɛnɔnɔ ŋui o? Ðe eme. (b) Nukatae wòle vevie be míadzro asixɔxɔ si le agbedzadzɛnɔnɔ ŋu me?

EDZE abe nutata la zu tsigãdzinu ene. Ðewohĩ megadze xɔa me o. Aleke kee wòɖale o, edze ƒã be nua tɔ kpɔe be viɖe boo aɖeke megale eŋu na ye o. Etsɔ nutata la yi nunɔamesi siwo womegadi o dzraƒe, eye asi si woka ɖe eŋu enye (United States) dɔlar 29. Gake le ƒe ʋɛ aɖewo megbe la, nutataa ƒe home va yi dzi de dɔlar miliɔn ɖeka kloe! Ẽ, wova kpɔe be aɖaŋunu xɔasi aɖe si mebɔ o ye wònye vavã. Kpɔ alesi amesi tɔ nunɔamesi ma nye tsã, gake mede asixɔxɔ eŋu o ase le eɖokui mee ɖa!

2 Nu ma tɔgbe kee dzɔna le agbedzadzɛnɔnɔ, si nye agbenyuinɔnɔ, alo kɔkɔenyenye me léle ɖe asi me zi geɖe. Ame gbogbo aɖewo megadea asixɔxɔ woawo ŋutɔ ƒe agbedzadzɛnɔnɔ ŋu egbea o. Wo dometɔ aɖewo bunɛ be enye nukpɔsusu si zu tsigãdzinu, si megasɔ na egbegbe gbenɔnɔ o. Eyata woɖea asi le eŋu ɖe viɖe sue aɖe ta. Ame aɖewo tsɔa woƒe agbedzadzɛnɔnɔ ɖɔali ɣeyiɣi kpui aɖe ƒe gbɔdɔdɔ ƒe vivisese. Bubuwo naa ta bene woade bubu geɖe wu yewo ŋu le yewo hatiwo ŋkume alo be woadze ame bubuwo ŋu.—Lododowo 13:20.

3 Etsia megbe akpa hafi ame geɖewo va dea dzesi asixɔxɔ gã si le woƒe agbedzadzɛnɔnɔ ŋu. Nusi wobu la gbãa dzi na wo zi geɖe. Biblia gblɔ be agbegblẽnɔnɔ me tsonuwo sɔ kple aɖi wuame si ‘vena wu atsa.’ (Lododowo 5:3, 4) Esi agbegbegblẽnɔnɔ ƒe nɔnɔme ƒo ɣla mí alea ɖe, aleke nàte ŋu ade asixɔxɔ wò agbedzadzɛnɔnɔ ŋu ahalé eme ɖe asii? Míalé ŋku ɖe mɔnu etɔ̃ siwo wòlɔ ɖe eme siwo ƒe afɔ míate ŋu aɖe ŋu.

Dzɔ Wò Dzi Ŋu

4. Nukae kpɔɖeŋudzia fia, eye nukatae wòle be míadzɔ eŋu?

4 Nu vevi si ana woayi edzi anɔ agbe dzadzɛ enye dzi la takpɔkpɔ. Biblia la gblɔ be: “Dzɔ wò dzi ŋu wu nuwo katã, elabena eya me agbe tsona.” (Lododowo 4:23) Nukae “wò dzi,” si woyɔ le afisia fia? Menye dzi ŋutɔŋutɔ si nye ŋutinu ŋu nya gblɔm wole o. Enye kpɔɖeŋudzi. Efia amesi nènye le ememe, si ƒe akpa aɖewoe nye wò tamebubu, wò seselelãme, kple nusiwo ʋãa wò. Biblia la gblɔ be: ‘Tsɔ wò dzi blibo kple wò luʋɔ blibo kpakple wò ŋusẽ katã lɔ̃ Yehowa, wò Mawu la.’ (Mose V, 6:5) Yesu gblɔ be sedede siae nye vevitɔ kekeake. (Marko 12:29, 30) Edze ƒã be asixɔxɔ gã aɖe le míaƒe dzi sia ŋu. Esɔ ŋutɔ be míadzɔ eŋu.

5. Aleke dzi la ate ŋu anye nusi ŋu asixɔxɔ le eye wòaganye afɔku le ɣeyiɣi ma ke me?

5 Azɔ hã Biblia la gagblɔ be “ame ƒe dzi la, alakpatɔ wònye wu nuwo katã, nu gbegblẽ wònye.” (Yeremya 17:9) Aleke dzi ate ŋu anye alakpatɔ—anye afɔku na míi? Le kpɔɖeŋu me, ʋu nye dɔwɔnu nyui aɖe eye ate ŋu anye agbetakpɔnu gɔ̃ hã le xaxaɣi. Gake ne ʋua kula meku ʋua nyuie ɣeawokatãɣi o la, ate ŋu azu amewunu bɔbɔe. Nenema ke ne mèdzɔ wò dzi ŋu o la, wò dzimedidi kple nusiwo katã ʋãa wò ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe dziwò, eye àdze afɔku me. Mawu ƒe Nya la gblɔ be: “Amesi ɖoa dzi ɖe eya ŋutɔ ƒe gɔmesese ŋu la, bometsilae; ke amesi zɔna le nunya me la, woaɖee.” (Lododowo 28:26) Nyateƒee, àte ŋu azɔ le nunya me ahaƒo asa na afɔku ne èna Mawu ƒe Nya la fia mɔ wò abe alesi nàlé ŋku ɖe mɔ ƒe nɔnɔmetata ŋu nyuie hafi adze mɔzɔzɔ aɖe gɔme ene.—Psalmo 119:105.

6, 7. (a) Nukae nye kɔkɔenyenye, eye nukatae wòle vevie na Yehowa subɔlawo? (b) Aleke míewɔ nya be amegbetɔ madebliwo ate ŋu aɖe Yehowa ƒe kɔkɔenyenye afia?

6 Míaƒe dzi mate ŋu atrɔ ɖe agbedzadzɛnɔnɔ ŋu le eɖokui si o. Ele be míafia mɔe. Mɔ ɖeka si dzi míato awɔ esiae nye ŋugbledede le agbedzadzɛnɔnɔ ƒe asixɔxɔ ŋutɔŋutɔ ŋu. Agbedzadzɛnɔnɔ do ka kple kɔkɔenyenye, si fia dzadzɛnyenye, nusi ŋu kɔ nyuie, ame ɖokui ɖeɖe ɖa tso nuvɔ̃gbenɔnɔ me. Kɔkɔenyenye nye nɔnɔme xɔasi aɖe si nye Yehowa Mawu ƒe nɔnɔme vevi aɖe. Biblia ƒe kpukpui geɖewo tsɔ nɔnɔme sia ɖɔ Yehowae. Le nyateƒe me la, Biblia la gblɔ be “Kɔkɔe ana Yehowa.” (Mose II, 28:36) Gake aleke nɔnɔme xɔasi ma ka mí amegbetɔ madeblibowoe?

7 Yehowa gblɔ na mí le eƒe Nya la me be: “Minɔ kɔkɔe, elabena nye la mele kɔkɔe.” (Petro I, 1:16) Ẽ, míate ŋu asrɔ̃ Yehowa ƒe kɔkɔenyenye; míate ŋu anɔ dzadzɛ le eŋkume, ahalé míaƒe agbedzadzɛnɔnɔ me ɖe asi. Eyata ne míeƒo asa na nuwɔna makɔmakɔ siwo ƒoa ɖi ame la, ekema míele mɔnukpɔkpɔ wɔnuku aɖe minyam—si nye be míaɖe Mawu Dziƒoʋĩtɔ la ƒe nɔnɔme nyuiwo afia! (Efesotɔwo 5:1) Mele be míasusui be esia manya wɔ na mí o, elabena Yehowa nye Aƒetɔ nunyala si sea nu gɔme na ame kple Aƒetɔ si mebiaa nusi míate ŋu awɔ o la tsoa mía si o. (Psalmo 103:13, 14; Yakobo 3:17) Nyateƒee wònye be ebia agbagbadzedze be woanɔ dzadzɛ le gbɔgbɔ kple agbenyuinɔnɔ gome. Gake apostolo Paulo gblɔ be, míanye ‘nyateƒetɔwo kple dzimekɔkɔetɔwo na Kristo.’ (Korintotɔwo II, 11:3) Ðe mele be míayi edzi adze agbagba ɖesiaɖe anɔ agbe dzadzɛ le Kristo kple Fofoa ta oa? Ne èbu eŋu kpɔ la, woɖe lɔlɔ̃ geɖe wu fia mí si teƒe míate ŋu aɖo akpɔ gbeɖe o. (Yohanes 3:16; 15:13) Ekema esɔ be míaɖe ŋudzedzekpɔkpɔ afia to agbedzadzɛnɔnɔ me. Ne míaƒe nukpɔsusu le agbedzadzɛnɔnɔ ŋu le alea ko hafi míate ŋu ade asixɔxɔ eŋu ahadzɔ dzia ŋu.

8. (a) Aleke míawɔ anyi míaƒe kpɔɖeŋudzi la? (b) Nukae míaƒe dzeɖoɖowo ate ŋu aɖe fia le mía ŋu?

8 Alesi míetsɔ le mía ɖokui nyim hã afia alesi míedzɔa dzia ŋui. Ele be míatsɔ gbɔgbɔmenuwo anyi míaƒe susu kple dzi ɣesiaɣi ahana míaƒe susu nanɔ Mawu ƒe Fiaɖuƒe nyanyuia ŋu. (Kolosetɔwo 3:2) Ele be míaƒe dzeɖoɖowo gɔ̃ hã naɖe tameɖoɖo ma afia. Ne wode dzesi mí be míeƒoa nu tso ŋutilãmenuwo kple gbegblẽnyawo ŋu la, ekema míaƒe dzi ƒe nɔnɔme enye ma míele ɖeɖem fia. (Luka 6:45) Mina woanya mí boŋ be míeƒoa nu tsoa gbɔgbɔmenuwo kple nusiwo tua ame ɖo ŋu. (Efesotɔwo 5:3) Afɔku gã bubuwo li siwo wòle be míaƒo asa na be míate ŋu adzɔ míaƒe dzia ŋu. Mina míalé ŋku ɖe esiawo dometɔ eve ŋu.

Si le Matrewɔwɔ Nu

9-11. (a) Nukatae wòle bɔbɔe na amesiwo ŋea aɖaba ƒua nuxlɔ̃ame si le Korintotɔwo I, 6:18 dzi be woage ɖe agbegbegblẽnɔnɔ me? Ðe eme. (b) Ne míele sisim le matrewɔwɔ nu la, nukawoe wòle be míaƒo asa na? (d) Kpɔɖeŋu nyui kae nuteƒewɔla Hiob ɖo na mí?

9 Yehowa na apostolo Paulo ŋlɔ aɖaŋuɖoɖo siwo kpe ɖe ame geɖe ŋu wodzɔ woƒe dzi ŋu eye wolé agbedzadzɛnɔnɔ me ɖe asi la ɖi. Paulo gblɔ be: “Misi le ahasiwɔwɔ nu!” (Korintotɔwo I, 6:18) De dzesii be egblɔ nusi yi ŋgɔ wu gbɔgblɔ dzro ko be, “Mitsri ahasiwɔwɔ.” Ele be Kristotɔwo nawɔ nusi yi ŋgɔ wu ema. Ele be woasi le agbegbegblẽ nuwɔna mawo nu, abe alesi woasi le nusiwo ado afɔku woƒe agbe nui ene. Ne míeŋe aɖaba ƒu aɖaŋuɖoɖo ma dzi la, ana wòanɔ bɔbɔe na mí be míanɔ agbegbegblẽ si ana Mawu magakpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu o.

10 Mina míatsɔe ale: Vidada aɖe lé tsi na viaŋutsuvi hedzrae ɖo nyuie ɖe wɔna vevi aɖe ŋu. Ðevia bia dadaa ne yeate ŋu afe vie hafi woadze mɔ, eye dadaa lɔ̃—kple susu be ne mawɔ nu ɖeka aɖe ya o ko. Dadaa gblɔ be: “Mègate ɖe ba si le gota la ŋu o. Ne ètsɔ ba ƒo ɖi ɖokuiwòe la, mahe to na wò.” Gake kaka wòakpɔ la, ɖevia tsɔ eƒe afɔbidɛwo nɔ baa me dem. Meƒo ba ya o—mekpɔ ƒo ba haɖe o. Ke hã, ele aɖaba ŋem ƒu se si wode nɛ be wòagate ɖe baa ŋu o la dzi, eye ekpɔtɔ vie ko wòadze afɔku. (Lododowo 22:15) Sɔhɛ kple ame tsitsi siwo wòle na be woanɔ ŋudzɔ wu gɔ̃ hã wɔa vodada ma tɔgbe. Aleke wòte ŋu dzɔnae?

11 Le ɣeyiɣi sia si me ame geɖe tsɔ wo ɖokui “de asi na ahɔhlɔ̃bɔbɔ yomenɔnɔ” me la, dɔwɔƒe yeye aɖe do si dzi wotona doa gbɔdɔdɔ manɔsenuwo ɖe ŋgɔ. (Romatɔwo 1:26, 27) Wokaka amamaɖeɖe ƒe nu gbegblẽa ɖe magazinewo, agbalẽwo, kple videowo me, kpakple ɖe Internet dzi. Womate ŋu agblɔ le amesiwo kpɔa nɔnɔmetata mawo ŋu be wole sisim le matrewɔwɔ nu gbeɖe o. Wole fefem kplii hele afɔ ƒom ɖe eme, hele aɖaba ŋem ƒu Biblia ƒe nuxlɔ̃ame dzi. Le esi woadzɔ dzia ŋu teƒe la, wotsɔ nɔnɔmetata siwo woɖena fiana gaglã si axɔ ƒe geɖe gɔ̃ hã hafi wòate ŋu aɖe ɖa le susua me le dzia gblẽm. (Lododowo 6:27) Mina míasrɔ̃ nu tso nuteƒewɔla Hiob gbɔ, amesi wɔ nubabla kple eƒe ŋku—be yemana wòakpɔ nusi akplɔ ye ade nugbegblẽwɔwɔ me o. (Hiob 31:1) Nusia nye kpɔɖeŋu na mí be míasrɔ̃ nyateƒe!

12. Aleke Kristotɔ siwo le srɔ̃ɖeɖe ŋu bum ate ŋu ‘asi le matrewɔwɔ nu’ le woƒe zɔzɔ do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe me?

12 Ele vevie koŋ be ‘woasi le matrewɔwɔ nu’ le zɔzɔ do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe me. Ele be ɣeyiɣi ma nanye dzidzɔɣi, si me wokpɔa mɔ na nu geɖe le, gake sɔhɛ aɖewo gblẽa eme nɔa fefem kple agbegblẽnɔnɔ. Esia na wotea srɔ̃ɖeɖe nyui ɖoɖo anyi—si nye kadodo si wotu ɖe ɖokuitɔmadimadi ƒe lɔlɔ̃, ɖokuidziɖuɖu, kple toɖoɖo Yehowa Mawu dzi—ƒe mɔnukpɔkpɔ wo nɔewo. Kristotɔ atsu kple asi aɖewo nɔ agbegbegblẽ le woƒe zɔzɔ do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe me. Le woƒe srɔ̃ɖeɖe megbe la, srɔ̃nyɔnua ʋu eme be yeƒe dzitsinya nɔ fu wɔm ye vevie, eye wòna yemekpɔ dzidzɔ le srɔ̃kpegbea kura gɔ̃ hã o. Eʋu eme be: “Mebia Yehowa ƒe tsɔtsɔke zi gbɔ zi geɖe, eye togbɔ be ƒe adre sɔŋ enye esi va yi hã la, nye dzitsinya gabua fɔm kokoko.” Ele vevie be amesiwo wɔ nuvɔ̃ mawo tɔgbe nabia kpekpeɖeŋu tso Kristotɔ hamemegãwo gbɔ. (Yakobo 5:14, 15) Gake Kristotɔ geɖe siwo le srɔ̃ɖeɖe ŋu bum la wɔ nu nunyatɔe eye woƒo asa na afɔku sia si le zɔzɔ do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe me. (Lododowo 22:3) Woɖo seɖoƒe na lɔlɔ̃ɖeɖefia wo nɔewo. Wonana ame aɖe nɔa wo ŋu eye wokpɔa egbɔ nyuie be yewomeɖe yewo ɖokui ɖe aga o.

13. Nukatae mele be Kristotɔ naɖo gbe ɖi kple amesi mesubɔa Yehowa o?

13 Kristotɔ siwo ɖoa gbe ɖi kple amesiwo mesubɔna Yehowa o la doa go kuxi geɖe godoo. Le kpɔɖeŋu me, aleke nàte ŋu awɔ ɖeka kple amesi melɔ̃a Yehowa Mawu o? Ele vevie be Kristotɔwo nanɔ kɔkuti ɖeka te kple amesiwo lɔ̃a Yehowa eye wodea bubu eƒe dzidzenu siwo ku ɖe agbedzadzɛnɔnɔ ŋu ko. Mawu ƒe Nya la gblɔ na mí be: “Migazu amesiwo atsɔ kɔkuti tutɔ na dzimaxɔsetɔwo ti o! Elabena hadede kae le dzɔdzɔenyenye kple sedzimawɔmawɔ dome? Alo ƒomedodo kae le kekeli kple viviti dome?”—Korintotɔwo II, 6:14.

14, 15. (a) Nukpɔsusu totro kae le ame aɖewo si ku ɖe “matrewɔwɔ” ŋu? (b) Nuwɔna kawoe “matrewɔwɔ” lɔ ɖe eme, eye aleke Kristotɔ ate ŋu ‘asi le matrewɔwɔ’ nui?

14 Sidzedze hã le vevie? Míate ŋu asi le matrewɔwɔ nu bliboe ne míenya nusi wònye ŋutɔŋutɔ o. “Matrewɔwɔ” ŋuti nukpɔsusu totro va su amewo si le egbexexea me. Ame aɖewo buna be yewoate ŋu aɖi kɔ na yewoƒe gbɔdɔdɔ ƒe dzodzrowo srɔ̃maɖemaɖee, ne yewomenya dɔ yewo nɔewo gbɔ ŋutɔŋutɔ o ko. Lãmesẽdɔwɔƒe xɔŋkɔ aɖewo siwo dina be yewoaɖe ƒewuiviwo ƒe fufɔfɔ dzi akpɔtɔ gɔ̃ hã de dzi ƒo na sɔhɛwo be woakpɔ gome le agbegbegblẽ nuwɔna si mahe fu vɛ o me. Nublanuitɔe la, aɖaŋuɖoɖo mawo kplɔa ame tranae. Mɔxexe ɖe gbɔmeyafufɔfɔ nu mesɔ kple agbedzadzɛnɔnɔ me léle ɖe asi o, eye gɔmesese ŋutɔŋutɔ si le “matrewɔwɔ” ŋu keke ta.

15 Helagbe me nya por·neiʹa, si gɔme woɖe be “matrewɔwɔ,” ƒe gɔmesese keke ta ale gbegbe. Edo ƒome kple amesiwo meɖe wo nɔewo o ƒe gomekpɔkpɔ le gbɔdɔdɔ me eye woku ɖe vidzinuwo ŋudɔwɔwɔ le mɔ gbegblẽ nu ŋu. Vidzinuwo ƒoƒo ɖe nume kple meƒime, kpakple fefe kple ame bubu ƒe vidzinuwo—si nye nuwɔna siwo yia edzi le gbolowɔƒewo—katã nye por·neiʹa nuwɔnawo. Amesiwo susuna be nuwɔna mawo menye “matrewɔwɔ” o la le wo ɖokui flum eye Satana ƒe mɔ̃ mawo ɖe wo xoxo. (Timoteo II, 2:26) Gawu la, agbedzadzɛnɔnɔ me lelé ɖe asi yi ŋgɔ boo wu asaƒoƒo na nuwɔna siwo nye matrewɔwɔ ƒe akpa aɖe. Be ‘míasi le matrewɔwɔ nu’ la, ele be míatsri gbɔdɔdɔ ƒe makɔmakɔnyenye kple hadzegbenɔnɔ ɖesiaɖe si ate ŋu akplɔ ame ade nuvɔ̃ gã si nye por·neiʹa me. (Efesotɔwo 4:19) Esia wɔwɔ ana míalé agbedzadzɛnɔnɔ me ɖe asi.

Ƒo Asa Na Ŋutsu alo Nyɔnu Hadede Kplikplikpli ƒe Afɔku La

16. Ɣekaɣie lɔlɔ̃ɖeɖefia nuwɔna sɔ abe alesi Ŋɔŋlɔawo me kpɔɖeŋu ɖo kpe edzi ene?

16 Afɔku bubu si wòle be míaƒo asa na nenye be míalé agbedzadzɛnɔnɔ me ɖe asie nye be míanɔ ŋudzɔ ɖe hadede kplikplikpli kple ŋutsu alo nyɔnu si menye mía srɔ̃ o ŋu. Ame aɖewo ate ŋu ate tɔ ɖe edzi be hadede kple ŋutsu alo nyɔnu kplikplikpli nye vividodoɖeameŋu si ŋu naneke megblẽ le o. Nyateƒee wònye be ɣeyiɣi kple kadodowo li si me woaɖe lɔlɔ̃ afia le. Wokpɔ Isak kple srɔ̃a Rebeka ‘wonɔ fefem’ ɖekae, eye wòdze ƒã na eteƒekpɔlawo be menye nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu dzro koe wonye o. (Mose I, 26:7-9) Ke hã, srɔ̃tɔwoe wonye. Lɔlɔ̃ɖeɖefia nuwɔna si yi edzi le wo dome la sɔ. Gake ŋutsu kple nyɔnu siwo menye srɔ̃tɔwo o ƒe hadede kplikplikpli ya to vovo sasasã.

17. Nukae ŋutsu kple nyɔnu siwo menye srɔ̃tɔwo ƒe hadede kplikplikpli nye, eye aleke woate ŋu akpɔ kuxia gbɔe?

17 Woate ŋu aɖe ŋutsu kple nyɔnu siwo menye srɔ̃tɔwo ƒe hadede kplikplikpli gɔme be: enye ahiãmoɖoɖo na ŋutsu alo nyɔnu evɔ menye kple susu be yeaɖee o. Amegbetɔwo nye nuwɔwɔ deŋgɔwo, eyata mewɔ nuku o be ahiãmoɖoɖo na ame ƒe mɔnu vovovowo li, eye wo dometɔ aɖewo menya kpɔna dzea sii bɔbɔe. (Lododowo 30:18, 19) Eyata se sesẽ kpaɖii aɖeke mate ŋu akpɔ kuxia gbɔ o. Ke boŋ ebia nu bubu aɖe si yi ŋgɔ wu—ameɖokui me dzodzro anukwareɖiɖitɔe kple Biblia ƒe gɔmeɖosewo tsɔtsɔ kplɔ míaƒe dzitsinya.

18. Nukae nana ame aɖewo dea ŋutsu alo nyɔnu ha kplikplikpli, eye nukatae wònye nusi me afɔku le?

18 Ne míato nyateƒe na mía ɖokuiwo la, ekema mía dometɔ geɖe anya lɔ̃ ɖe edzi be ne míekpɔ be míaƒe nu lé dzi na ŋutsu alo nyɔnu aɖe vevie la, míaƒe ta tena. Ema sɔ le dzɔdzɔme nu. Gake ɖe wòle be míade ha kplikplikpli alea be míatsɔ anyɔ dzodzro ma—kple susu be míado kɔkɔ mía ɖokui dzro ko alo be míatsɔ anyɔ dzodzro ɖe ame kemɛa mea? Ne nenemae nyaa le la, ɖe míebu nuxaxa si wòate ŋu ahe va edzi la ŋua? Le kpɔɖeŋu me, Lododowo 13:12 gblɔ be: “Lala vivivo ɖe wòdoa veve na dzi.” Ne míeɖonɛ ɖoa ahiãmo na ame aɖe la, anɔ eme be míenya alesi gbegbe wòkpɔa ŋusẽ ɖe ame ma dzi o. Ame ma ate ŋu anɔ mɔ kpɔm na zɔzɔ do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe kple srɔ̃ɖeɖe si akplɔe ɖo emegbe gɔ̃ hã. Mɔkpɔkpɔbuɖeame ate ŋu ahe nuxaxa geɖe vɛ. (Lododowo 18:14) Eɖoɖo kplikpaa anɔ fefem kple ame bubuwo ƒe seselelãme nye ŋutasesẽ le ame ŋu.

19. Aleke hadede kplikplikpli kple ŋutsu alo nyɔnu si menye mía srɔ̃ o ate ŋu ade Kristotɔwo ƒe srɔ̃ɖeɖe afɔku mee?

19 Ele vevie be woakpɔ nyuie le hadede kplikplikpli kple ame aɖe srɔ̃ ŋu. Ahiãmoɖoɖo na srɔ̃tɔ aɖe—alo be srɔ̃tɔ nado vivi ɖe ame bubu si menye srɔ̃a o ŋu—alea nye nu gbegblẽ. Nublanuitɔe la, Kristotɔ aɖewo xɔe se vodadatɔe be naneke megblẽ le ahiãmoɖoɖo na ame bubu le srɔ̃a megbe ŋu o. Ame aɖewo gblɔa woƒe dzimenyawo na “xɔlɔ̃” ma tsɔ kpe ɖe nya tɔxɛ siwo womegblɔna na wo srɔ̃wo ŋutɔ gɔ̃ hã o gbɔgblɔ ŋu. Esia va nana kadodo kplikplikpli me va sẽna va zua nusi me wokpɔa akɔfafa le tsoa wo nɔewo gbɔ, si ate ŋu agbɔdzɔ srɔ̃ɖeɖea alo agblẽe gɔ̃ hã. Ele be srɔ̃tɔ Kristotɔwo naɖo ŋku Yesu ƒe nuxlɔ̃ame nyui si wòna ku ɖe ahasiwɔwɔ ŋu dzi—dzimee wòdzea egɔme tsonɛ. (Mateo 5:28) Ekema mina míadzɔ dzi la ŋu be míaƒo asa na nɔnɔme siwo ate ŋu ahe afɔku gblẽnu mawo vɛ.

20. Tameɖoɖo kplikpaa kae wòle be wòanɔ mía si ɖe agbedzadzɛnɔnɔ ŋu?

20 Nyateƒee wònye be mele bɔbɔe be woalé agbedzadzɛnɔnɔ me ɖe asi le egbexexe si me agbegbegblẽnɔnɔ bɔ ɖo la me o. Ðo ŋku edzi be ele bɔbɔe sasasã be woalé agbedzadzɛnɔnɔ me ɖe asi tsɔ wu be woadi be wòagasu amesi ake ne ege le amesi. Nyateƒee wònye be Yehowa ‘tsɔa nuvɔ̃ kena geɖe’ eye wòte ŋu tutua amesiwo trɔ dzime le anukwareɖiɖi me ƒe nuvɔ̃wo ɖa ya. (Yesaya 55:7) Gake Yehowa mekpɔa amesiwo nɔ agbegbegblẽ ta tso emetsonuwo si me o. Emetsonuawo ate ŋu anɔ anyi ƒe geɖe alo ame ƒe agbemeŋkekewo katã gɔ̃ hã. (Samuel II, 12:9-12) Eyata ehiã be nàlé wò agbedzadzɛnɔnɔ me ɖe asi eye nàdzɔ wò dzi ŋu. Na tenɔnɔ dzadzɛ si le asiwò le Yehowa Mawu ŋkume naxɔ asi na wò—eye megana wòage le asiwò gbeɖe o!

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

• Nukae nye agbedzadzɛnɔnɔ, eye nukatae wòle vevie alea gbegbe ɖo?

• Aleke míawɔ adzɔ míaƒe dzi ŋu?

• Nukae wòfia be woasi le matrewɔwɔ nu?

• Nukatae wòle be míatsri ŋutsu alo nyɔnu hadede kplikplikpli?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 11]

Ʋu ate ŋu ahe afɔku vɛ ne womekui nyuie o

[Nɔnɔmetata siwo le axa 12]

Nukae ate ŋu adzɔ ne míeŋe aɖaba ƒu nuxlɔ̃amewo dzi?

[Nɔnɔmetata si le axa 13]

Zɔzɔ do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe si le dzadzɛ nana wokpɔa dzidzɔ eye wòhea bubu vɛ na Mawu