Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Woate Ŋu Akpɔ Sɔlemehawo Taa?

Ðe Woate Ŋu Akpɔ Sɔlemehawo Taa?

Ðe Woate Ŋu Akpɔ Sɔlemehawo Taa?

UGANDATƆWO ƒe subɔsubɔhakplɔla aɖe si ŋkɔe nye Stephen Tirwomwe gblɔ be: “Britaintɔwo kpɔtɔ lé Mawu dzixɔse me ɖe asi gake womedi be yewoatsɔ yewo ɖokui ana Kristo o.” Anɔ ƒe 20 lɔƒo enye sia la, nunɔla sia tsi agbe le anyranu si wowɔ be woaɖe eƒe sɔlemehaa ɖa le Uganda me. Egbea la, etsɔa miniti ewo gblɔa mawunya le ŋutsuwo ƒe habɔbɔwo me le Leeds, England, hafi ameawo dzea loto dada wɔnawo gɔme.

Le Atlantik Ƒugã ƒe nutowo me la, Anglikantɔwo ƒe Nyanyuikakadɔwɔƒe si woɖo ɖe Amerika nyitsɔ laa hã le gbɔgbɔ me kuxi sia tɔgbe me tom. Nyanyuikakadɔwɔƒea ƒe Internet dzi Nyadzraɖoƒe gblɔ be: “Le xexeame katã la, United States ye nye dukɔ si me Eŋlisigbedola siwo mele sɔlemeha aɖeke me o kple esiwo metsɔ ɖeke le mawusubɔsubɔ aɖeke me o la sɔ gbɔ le wu fifia. Míaƒe dukɔa va le afisi wohiãa mawunyadɔgbedelawo le la zum.” Esi nyanyuikakadɔwɔƒe yeye sia do kpo nu le agbagbadzedze be yeatrɔ ha la me tɔwo me la, woɖe asi le woƒe mɔwo ŋu eye woyi ɖawɔ ɖeka kple Asia kpakple Afrika kplɔlawo ne “woakeke mawunyadɔgbededɔa ɖe enu le United States.”

Gake nukatae mawunyadɔgbedela siwo tso Afrika, Asia, kple Latin-Amerika yi ɖale ‘luʋɔwo ɖem’ le dukɔ siwo le Europa kple Dziehe Amerika siwo gblɔna be Kristotɔwoe yewonye la me?

Amekae Le Nɔvia Xɔm Ðe Agbe?

Ƒe alafa ene kple edzivɔe Europa mawunyadɔgbedela siwo doa vevie mawusubɔsubɔ tsɔ wɔ dɔ de dutanyigba siwo nɔ dzidzim ɖe edzi le Afrika, Asia, Pasifik nutowo, kple Anyiehe Amerika la dzii. Woƒe taɖodzinue nye be yewoatsɔ yewoƒe subɔsubɔ ayi na yeaɖi trɔ̃subɔla siwo le dukɔ siawo me. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Amerikatɔ siwo le dutanyigba siwo wobe yewozɔna ɖe Kristotɔwo ƒe gɔmeɖose dzi la hã kplɔ wo ɖo nenema ke hele edzi vivivi va to wo tɔ Europatɔwo ŋu le nyanyuikakadɔwɔƒewo ɖoɖo me le xexeame godoo. Nɔnɔmea trɔ bubui fifia.

Andrew Walls, amesi ɖo Suku si Wosrɔ̃a Nu tso Dukɔ Siwo Mele Ɣetoɖoƒedukɔwo Dome O ƒe Kristotɔnyenye Ŋu Le eye wònye edzikpɔla la, gblɔ be: “Afisi [yeaɖi Kristotɔnyenye] tsona hekpɔa ŋusẽ ɖe amewo dzi la trɔ.” Le ƒe 1900 me la, amesiwo gblɔ be Kristotɔwoe yewonye dometɔ 80 le alafa me nye Europatɔwo alo Dziehe Amerikatɔwo. Gake egbea la, amesiwo katã gblɔna be Kristotɔwoe yewonye la dometɔ 60 le alafa me va le Afrika, Asia, kple Latin Amerika. Nyadzɔdzɔŋlɔlawo ka nya ta nyitsɔ laa be: “Katoliko Sɔlemeha siwo le Europa nu nɔla akpa gãtɔ tso Philippines kple India,” eye “le Amerikatɔwo ƒe Katoliko hamea me la, nunɔla ɖeka le ade ɖesiaɖe me tso duta.” Afrika nyanyuigblɔla siwo le Netherlands siwo dometɔ akpa gãtɔ nye Ghanatɔwo bua wo ɖokui be “yewonye mawunyadɔgbedelawo ƒe ha le dukɔ si medoa vivi ɖe mawusubɔsubɔ ŋu o me.” Eye mawunyagblɔla siwo tso Brazil la wɔa mawunyakakawɔnawo le Britain ƒe akpa vovovowo. Agbalẽŋlɔla aɖe gblɔ be: “Amesiwo wotsɔ Kristotɔwo ƒe mawunya yi na la trɔ yi ɖale egblɔm na amesiwo gbɔ wosee tsoe.”

Kuxiawo Le Agbɔ Sɔm Ðe Edzi

Woanya hiã na mawunyadɔgbedelawo le Europatɔ kple Dziehe Amerika ƒe anyigbagã siwo vivimadomado ɖe mawusubɔsubɔ ŋu le dzidzim ɖe edzi le ŋutɔ la dzi vevie. Nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe ka nya ta be: “Le Scotland la, Kristotɔ siwo dea sɔleme edziedzi ƒe xexlẽme mede 10 le alafa me o.” Xexlẽmea mede nenema gɔ̃ hã le France kple Germany o. Nyadzɔdzɔŋlɔla bubuwo hã ƒe numekuku ɖee fia be, “Amerikatɔ 40 le alafa me kple Canadatɔ 20 le alafa me koe gblɔ be yewodea sɔleme edziedzi.” To vovo na esia la, woka nya ta be ame 70 le alafa me sɔŋ ye dea sɔleme edziedzi le Philippines eye ele nenema le dukɔ madeŋgɔ bubuwo hã me.

Nusi gaɖe dzesi wue enye be, sɔlemedela siwo le Xexeame ƒe Anyigbe gome léa nuwɔnawo me ɖe asi wu esiwo le Xexeame ƒe Dzigbe gome. Le kpɔɖeŋu me, esi wobia gbe Katolikotɔ siwo le United States kple Europa la, nya ɖeka si dze le wo katã ƒe nya me ɖee fia be ame geɖe megava le kakam ɖe nunɔlawo dzi kura o, amewo le ʋiʋlim be woana hameviwo nakpɔ mɔnu geɖe wu le wɔnawo me eye woana nyɔnuwo nanɔ tasɔsɔ me kple ŋutsuwo. Gake Katolikotɔ siwo le Xexeame ƒe Anyigbe gome lɔ̃ ɖe sɔlemeha la ƒe mɔwo dzi le nya siawo me wòwɔ nuku. Esi ame geɖewo le gegem ɖe sɔlemehaa me le Xexeame ƒe Anyigbe gome wu Xexeame ƒe Dzigbe gome ta la, nusi ahe masɔmasɔ vɛ le etsɔmee nye ma le mo dom ɖa xoxo. Philip Jenkins, si srɔ̃ nu tso blemaŋutinya kple subɔsubɔhawo ŋu, gblɔ be: “Ele bɔbɔe ŋutɔ be le ƒe 10 alo ƒe 20 me la, xexeame katã ƒe Kristotɔwo ƒe habɔbɔ sia ƒe akpa eveawo abu wo nɔewo be womenye Kristotɔwo alo Kristotɔ akuakuawo o.”

Le alesi nɔnɔmeawo le yiyimee ŋububu me la, Walls gblɔ be nya vevi si le to mee nye “alesi Kristotɔ siwo tso Afrika, Asia, Latin Amerika, Dziehe Amerika kple Europa ate ŋu anɔ anyi ɖekae le sɔlemeha ɖeka me, ahanɔ xɔse vavã ɖeka me ʋum.” Nukae nèsusu? Ðe sɔlemehawo ate ŋu ali ke le xexe si me ma mea? Nuka dzie wotu Kristotɔ vavãtɔwo ƒe ɖekawɔwɔ ɖo? Nyati si kplɔe ɖo ana Ŋɔŋlɔawo me ŋuɖoɖo kple kpeɖodzi siwo me kɔ ƒã la wò be Kristotɔwo ƒe ha wɔɖeka aɖe li hele dzidzedze kpɔm le xexeame godoo.

[Nɔnɔmetata si le axa 4]

Xɔ sia si nye sɔlemexɔ tsã la zu nuɖuɖudzraƒe si woƒoa ha le

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 4]

AP Photo/Nancy Palmieri