Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ŋudzedzekpɔkpɔ Ðe Mawu Ƒe Nunanawo Ŋu Lém Ðe Te

Ŋudzedzekpɔkpɔ Ðe Mawu Ƒe Nunanawo Ŋu Lém Ðe Te

Agbemeŋutinya

Ŋudzedzekpɔkpɔ Ðe Mawu Ƒe Nunanawo Ŋu Lém Ðe Te

ABE ALESI BENJAMIN IKECHUKWU OSUEKE GBLƆE ENE

Esime medze Kristotɔwo ƒe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa gɔme teti ko la, meyi ɖasrã dzinyelawo kpɔ. Esi fofonye kpɔm la, elé nye awu sesĩe hedo ɣli be, “Fiafi!” Etsɔ eƒe yi hetsɔ eƒe gbabɛƒea ƒom vevie. Dua me tɔ bubuwo se eƒe ɣlia si na wova ƒo ƒu ɖe míaƒe aƒea me. Nukae mefi? Mina maɖe eme.

WODZIM le ƒe 1930 me le kɔƒedu si nye Umuariam le Nigeria ƒe anyieheɣedzeƒe, eye menye vi adre siwo dzinyelawo dzi la ƒe gbãtɔ. Ƒe 13 koe nɔvinyenyɔnuwo ƒe tsitsitɔ xɔ hafi ku. Anglikantɔwoe dzinyelawo nye. Agbledelae Papa nye, eye Dada nye nu kpotoekpotoewo dzrala. Ezɔa afɔ yia asi siwo le nutoa me siwo didi abe kilometa 30 ene tso míaƒe kɔƒea gbɔ va dzea amidzẽ ɖe gago aɖe me eye wòtrɔna gbɔna gbemagbe ke ƒe zã me. Azɔ le ŋkeke si kplɔe ɖo ƒe ŋdi la, ezɔna yia ketekeɖoƒe aɖe si didi anɔ abe kilometa 40 ene ɖadzraa amia le afima. Ne ekpɔ viɖe aɖe ɖe edzi, si medena United States cent 15 o zi geɖe la, eƒlea nuɖuɖu na ƒomea eye wògatrɔna gbɔna gbemagbe ke. Enɔ ema wɔm abe ƒe 15 ene vaseɖe esime wòku le ƒe 1950 me.

Suku aɖe si Anglikan Sɔlemea ɖo mee medze sukudede gɔme le, gake hafi mate ŋu awu gɔmedzesuku nu la, eva hiã be manɔ sukukpo aɖe dzi, si didi tso mía gbɔ abe kilometa 35 ene. Esi ga menɔ dzinyelawo si be woana mayi sukua ayi ŋgɔ o ta la, medze dɔdidi gɔme. Gbã la, mewɔ aƒeme subɔvi ƒe dɔ na ketekemɔ ŋu dzɔla aɖe le Lagos, si le Nigeria ƒe ɣetoɖoƒe, eye emegbe na dziɖuɖudɔwɔla aɖe le Kaduna, le Nigeria ƒe dziehe. Meva wɔ agbalẽŋlɔladɔ na senyala aɖe le Benin City, le Nigeria ƒe titinaɣetoɖoƒe, eye emegbe meva wɔ dɔ le atidzeƒe aɖe. Le ƒe 1953 me la, meyi ɖanɔ nyruinye aɖe ƒe vi gbɔ le Cameroon, amesi kpe ɖe ŋunye mekpɔ dɔ aɖe le ati siwo me woɖea aŋe tsonae la doƒe. Fetu si mexɔna ɣleti ɖeka anɔ abe United States dɔlar asieke ene. Subɔvi dɔ koŋue mewɔna, ke hã, mekpɔa ŋudzedze ɖe eŋu zi alesi menya kpɔ nu ɖuna wòsunam ko.

Ahetɔ Kolikoli aɖe Nam Kesinɔnuwo

Yehowa Ðasefoe nye dɔwɔhati Silvanus Okemiri nye. Ezãa mɔnukpɔkpɔ ɖesiaɖe tsɔ ƒoa nu nam tso Biblia me sidzedze si le esi la ŋu ne míele gbewo tsom be míatsɔ aɖo ɖe anyigba na ati siwo me woɖea aŋe tsonae be tsi mavɔ le anyigba me kaba o la. Togbɔ be meɖoa toe hã la, nyemetsɔ nusiwo mese ɣemaɣi la wɔ dɔe o. Ke hã, esi ƒonyemetɔ si gbɔ menɔ see be Ðasefowo ɖea gbeƒã nam la, edze agbagba vevie be yeaɖe dzi le ƒonye. Exlɔ̃ num be: “Benji, megaɖi tsa yi Aƒetɔ Okemiri gbɔ o. Yehowa ƒe amee wònye eye ame dahe kolikolie. Amesiwo katã le ha dem kplii la ava nɔ abe eya ke ene.”

Le ƒe 1954 ƒe gɔmedzedze, esi dɔwɔwɔ kple adzɔha ma va le sesẽm nam akpa la, metrɔ yi mía de. Dzidzenu kɔkɔwoe nɔ Anglikan Sɔlemea si ɣemaɣi. Esia wɔe be esi menɔ tsitsim la, metsri agbegbegblẽnɔnɔ vevie. Gake eteƒe medidi o, alakpanuwɔwɔ siwo nɔ edzi yim le hati sɔlemedelawo dome la va nyɔ ŋu nam. Togbɔ be woʋua eme vevie be yewonɔa agbe ɖe Biblia ƒe dzidzenuwo nu hã la, woƒe agbenɔnɔ tsi tre ɖe woƒe nyagbɔgblɔwo ŋu. (Mateo 15:8) Meʋli nya kple fofonye edziedzi eye esia gblẽ nu le nye kplii dome ƒomedodo ŋu vevie. Gbeɖeka zã me la, meʋu dzo le aƒea me.

Meʋu yi Omoba, du sue aɖe si me ketekemɔ to la me. Megava ke ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu le afima hã. Priscilla Isiocha, amesi menya le mía de la tsɔ agbalẽvi siwo nye “Fiaɖuƒeŋutinya Nyui Sia” kple After Armageddon—God’s New World nam. * Metsɔ dzitsitsi xlẽ woe elabena meka ɖe edzi be meke ɖe nyateƒea ŋu. Míesrɔ̃a Biblia le míaƒe sɔlemea me o; amegbetɔwo ƒe kɔnyinyi ŋu koe míekuna ɖo. Gake Ðasefowo ƒe agbalẽwo ya yɔa nya tsoa Biblia me zi geɖe.

Le ɣleti ɖeka kloe megbe la, mebia Nɔviŋutsu kple Nɔvinyɔnu Isiocha be ɣekaɣie woade woƒe sɔleme hã. Zi gbãtɔ si mede Yehowa Ðasefowo ƒe kpekpe la, nyemese naneke gɔme o. Gbetakpɔxɔ nyati si wosrɔ̃ gbemagbe la ku ɖe ‘Gog si tso Magog’ ƒe amedzidzedze si ŋu woƒo nu tsoe le nyagblɔɖila Xezekiel ƒe agbalẽa me ŋu. (Xezekiel 38:1, 2) Nyemese nyagbe siwo wozã la dometɔ geɖe kpɔ o, gake alesi woxɔm vividoɖeameŋutɔe la wɔ dɔ ɖe dzinye ale gbegbe be meɖoe be magayi ake le Kwasiɖagbe si kplɔe ɖo. Mese woƒo nu tso gbeƒãɖeɖe ŋu le nye kpekpea yiyi zi evelia me. Eyata mebia Priscilla be ɣekaɣie woayi gbeadzi hã. Le Kwasiɖagbe etɔ̃lia la, mekplɔ wo ɖo yi gbeadzi, eye melé Biblia sue aɖe ɖe asi. Gbeadzidekplo alo Biblia-srɔ̃gbalẽ aɖeke menɔ asinye o. Ke hã, mezu Fiaɖuƒegbeƒãɖela vɔ koe nye ema eye mebu gbeadzikɔnta le ɣleti ma ƒe nuwuwu!

Ame aɖeke mesrɔ̃ Biblia kplim o, gake ɣesiaɣi si menya ɖi tsa yi Isiocha-ƒomea gbɔ ko la, mesrɔ̃a nu ʋɛ aɖewo le xɔse kple dzideƒonamenya siwo le Ŋɔŋlɔawo me ŋu eye mexɔa Biblia-srɔ̃gbalẽ aɖewo. Le December 11, 1954 ƒe nutome gã takpekpe aɖe si wowɔ le Aba me la, metsɔ nyɔnyrɔxɔxɔ ɖe tsi me ɖo kpe nye adzɔgbeɖeɖe dzi na Yehowa. Nye ƒometɔ si gbɔ menɔ dɔ srɔ̃m le la meganaa nuɖuɖum alo fiaa dɔm o eye mexea fe sue aɖe teti gɔ̃ hã nam le dɔ siwo mewɔna nɛ ta hã o. Ke hã, nyemelé fui o; nusi ta ko medaa akpe ɖoe nye ƒomedodo si le nye kple Mawu dome. Esia nam akɔfafa kple susu ƒe akɔdzeanyi. Ðasefo siwo le nutoa me na kpekpeɖeŋum. Isiocha-ƒomea naa nuɖuɖum, eye ame bubuwo do ga nam metsɔ dze nu kpotoekpotoe aɖewo dzadzra gɔme. Le ƒe 1955 ƒe domedome la, meƒle gasɔ aɖe si wozã kpɔ, eye le March 1956 me la, medze gbesiagbe mɔɖeɖedɔa gɔme. Esia megbe kpuie la, mexe ŋutinye fewo katã. Ga sue aɖe koe mekpɔna tsoa nye asitsatsa me, gake esia wɔe be mete ŋu kpɔa ɖokuinye dzi. Nusiwo Yehowa nam la dze ŋunye.

Nɔvinyewo “Fifi”

Esi aƒe nya su asinye ko la, nu gbãtɔ si nɔ vevie namee nye kpekpe ɖe nɔvinyewo ŋu le mawusubɔsubɔ gome. Le Papa ƒe nazãbubu kple vɔ̃bubuɖeameŋu vevie ta la, melɔ̃ be mazu Ðasefo o. Ekema aleke mate ŋu akpe ɖe nɔvinyewo ŋui be woava srɔ̃ Biblia me nyateƒea? Megblɔ na Papa be medi be mana ŋutilãmekpekpeɖeŋu nɔvinyeŋutsu ɖevitɔ Ernest, eyata elɔ̃ be wòanɔ gbɔnye. Ernest xɔ nyateƒea kaba ŋutɔ eye wòxɔ nyɔnyrɔ le ƒe 1956 me. Eƒe tɔtrɔa na fofonye ƒe tsitretsiɖeŋua nu gasẽ ɖe edzi. Ke hã, nɔvinyenyɔnu si ɖe srɔ̃ ɣemaɣi kple srɔ̃a hã va xɔ nyateƒea. Esi mewɔ ɖoɖo be nɔvinyenyɔnu evelia si nye Felicia nava ɖu eƒe suku mɔkeke le gbɔnye la, Papa lɔ̃ togbɔ be medzɔ dzi nɛ o hã. Eteƒe medidi o, Felicia hã xɔ nyɔnyrɔ hezu Yehowa Ðasefo.

Le ƒe 1959 me la, meyi aƒe be makplɔ nɔvinyenyɔnu etɔ̃lia si nye Bernice be wòava nɔ Ernest gbɔ. Ɣemaɣie Papa dze dzinye, hetso nunye be mele ye viwo fim. Mete ŋu se egɔme be woa ŋutɔwoe wɔ nyametsotso be yewoasubɔ Yehowa o. Papa ka atam be yemaɖe mɔ Bernice nayi kplim gbeɖe o. Gake Yehowa ƒe alɔ meto ɖe eme o, elabena le ƒe si kplɔe ɖo ko me la, Bernice va ɖu eƒe suku mɔkeɣiwo le Ernest gbɔ. Eya hã va xɔ nyateƒea abe nɔvianyɔnuawo ke ene eye wòxɔ nyɔnyrɔ.

‘Nu Ɣaɣla la Sɔsrɔ̃’

Le September 1957 me la, medze mɔɖela vevi dɔa gɔme, eye mezãa gaƒoƒo 150 lɔƒo ɣleti sia ɣleti tsɔ ɖea gbeƒãe. Mía kple hatidɔwɔla Sunday Irogbelachi míesubɔ le anyigbamama gã si le Akpu-na-abuo, Etche me. Ame 13 tso míaƒe ƒuƒoƒoa me xɔ nyɔnyrɔ le nutome sue takpekpe gbãtɔ si míede esi míenɔ afima me. Aleke gbegbee dzi le mía dzɔm egbea enye si be hame 20 ye le nuto ma me fifia!

Le ƒe 1958 me la, medo go Christiana Azuike si nye gbesiagbe mɔɖela le Aba East Hamea me. Eƒe dzonɔameme lé dzi nam, eye le ƒe ma ƒe December me la, míeɖe mía nɔewo. Le ƒe 1959 ƒe gɔmedzedze la, woɖom dzikpɔla mɔzɔla, eye mesrãa hamewo kpɔ hedea dzi ƒo na míaƒe gbɔgbɔmenɔviwo. Tso ɣemaɣi vaseɖe ƒe 1972 la, mía kple srɔ̃nye míesrã Yehowa ƒe amewo ƒe hame siwo le Nigeria ƒe ɣedzeƒe kple titinaɣetoɖoƒe katã kloe kpɔ.

Hameawo dome didi tso wo nɔewo gbɔ ŋutɔ, evɔ gasɔ koŋue míezãna le míaƒe mɔzɔzɔawo me. Ne míeyi ɖasrã hame siwo le dugãwo me kpɔ la, mía nɔviwo daa taksi be wòatsɔ mí ayi hame si míasrã akplɔ wo tɔ ɖo gbɔe. Ɣeaɖewoɣi la, anyixɔ siwo me womesrã o mee míenɔna. Abati siwo wotsɔ alafɔ wɔ dzie míedɔna. Wotsɔa beli si wotsɔ gbewo wɔe la dana ɖe abatia dzi heɖoa aba ɖe edzi ɣeaɖewoɣi; beli aɖeke kura menɔa ɖewo ya dzi o. Nuɖuɖu si woɖa na mí ƒe agbɔsɔsɔ alo eƒe nyonyome meɖea fu na mí kura o. Esi míesrɔ̃e xoxo be ele be míakpɔ ŋudzedze ɖe nu vevitɔwo ko ŋu ta la, míekpɔa dzidzɔ ɖe nuɖuɖu ɖesiaɖe si wona mí la ŋu, eye amesiwo gbɔ míedze la kpɔa dzidzɔ ɖe míaƒe nɔnɔmea ŋu. Elektrikkaɖi aɖeke menɔ dugã aɖewo me ɣemaɣi o, eyata míetsɔa míaƒe gomekaɖi ɖe asi ɣesiaɣi. Togbɔ be míedo go nɔnɔme sesẽwo hã la, míese vivi le dzidzɔɣeyiɣi geɖe me kple hameawo.

Le ƒe mawo me la, míeva kpɔ apostolo Paulo ƒe nuxlɔ̃ame sia ƒe vevienyenye dze sii be: “Ne nunyiame kple avɔtata le mía si la, mina nusiawo nasɔ gbɔ na mí.” (Timoteo I, 6:8) Paulo to nɔnɔme sesẽwo me srɔ̃ nu ɣaɣla aɖe si kpe ɖe eŋu wòkpɔ ŋudzedze ɖe nusiwo nɔ esi ŋu. Nukae? Eɖe eme be: “Menya alesi mabɔbɔ ɖokuinye ɖe anyi, eye meganya alesi makpɔ nu geɖe hã; le nusianu kple nuwo katã me la mesrɔ̃ nu ɣaɣla sia bena, maɖi ƒo, eye dɔ nawum hã; makpɔ nu geɖe, eye hiã natum hã.” Míawo hã míesrɔ̃ nu ɣaɣla ma ke. Paulo gblɔ hã be: “Metea ŋu wɔa nuwo katã le [Mawu], amesi doa ŋusẽm la me.” (Filipitɔwo 4:12, 13) Aleke gbegbee nya siawo nye nyateƒe le mía gomee nye si! Míekpɔ ŋudzedze ɖe nusiwo le mía si ŋu, míekpɔ gome bliboe le dɔwɔna siwo tua Kristotɔwo ɖo me, eye míekpɔ susu ƒe akɔdzeanyi.

Hamewo Sasrãkpɔ Esi Míenye Ƒome

Le ƒe 1959 ƒe nuwuwu lɔƒo la, míedzi mía vi gbãtɔ, Joel, eye le ƒe 1962 me la, míedzi ŋutsuvi evelia si ŋkɔe nye Samuel. Mía kple Christiana míegakpɔtɔ yi mɔzɔzɔdɔa dzi, eye mía viŋutsuvi eveawo nɔa mía ŋu le hamewo sasrãkpɔ me. Le ƒe 1967 me la, dukɔmeviʋa dzɔ zi ɖeka kpoyi le Nigeria. Wotu sukuwo le aʋawɔyameʋu siwo nɔa tuwo dam ɖe yame madzudzɔmadzudzɔe ta. Esi nufialae srɔ̃nye nye hafi va dze mɔzɔzɔdɔa wɔwɔ gɔme kplim ta la, efia nu ɖeviawo le aƒeme le aʋawɔɣia me. Kaka Samuel naxɔ ƒe ade la, enya nuxexlẽ kple nuŋɔŋlɔ. Esi wòdze sukudede gɔme le aʋaa megbe la, nufialawo na wòyi ŋgɔ klass eve wu ehatiwo.

Le ɣemaɣi la, míede dzesi vinyinyi me kuxiwo bliboe esime míekpɔtɔ nɔ mɔzɔzɔdɔa me o. Gake dɔdasi si wona mí be míava nye mɔɖela veviwo le ƒe 1972 me ɖe vi na mí. Esia ɖe mɔ na mí be míanɔ teƒe ɖeka ale be míalé ŋku ɖe míaƒe ƒomea ƒe gbɔgbɔmemenyenye ŋu nyuie wu. Tso esime mía viwo nye ɖevi suewo ko la, míefia asixɔxɔ si le ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe nusiwo Mawu na mí ŋu la wo. Le ƒe 1973 me la, Samuel xɔ nyɔnyrɔ, eye Joel dze gbesiagbe mɔɖeɖedɔa wɔwɔ gɔme le ƒe ma ke me. Mía viŋutsu eveawo katã ɖe nyɔnu Kristotɔ nyuiwo eye fifia wole amesiwo le woƒe ƒomewo me nyim le nyateƒea me.

Dukɔmeviʋa Wɔnublanui La

Menye nutome sue dzikpɔla nɔ hame aɖe subɔm le Onitsha kple srɔ̃nye kpakple vinyewo esime dukɔmeviʋa dzɔ kpata. Ema na míegakpɔ alesi gbegbe kɔlili ŋutilãmenuwo alo ŋuɖoɖo ɖe wo ŋu nye toflokoe la dze sii nyuie wu. Mekpɔ ame geɖe wonɔ sisim be woaɖe woƒe agbe—eye wogblẽ woƒe kesinɔnuwo ɖi ɖe ablɔwo dzi.

Esime aʋaa nɔ eƒe sesẽaƒe ɖom la, wozi ŋutsu sesẽwo katã dzi de asrafodɔ me. Wowɔ fu nɔviŋutsu geɖe siwo gbe be yewomazu asrafowo o la vevie. Menɔ bɔbɔe na mí be míawɔ nuwo le mía ɖokuiwo si o. Nuɖuɖu ƒe veve he tɔtɔ geɖe va dukɔa me. Agbeli kilogram afã si wodzrana cent 7 tsã va zu United States ƒe dɔlar 14 eye dze kplu ɖeka si wodzrana United States ƒe dɔlar 8 va zu dɔlar 42. Notsi, notsi kpeke, kple sukli megali woakpɔ aƒle o. Be míatsi agbe la, míetua aɖiba maɖimaɖiwo tsɔ tsakana kple agbeliwɔ sue aɖe heɖuna. Míeɖua ʋetsuviwo, agbelitsro, seƒoƒo aɖe si woyɔna be hibiscus, aɖa—kpakple gbe ɖesiaɖe si míate ŋu akpɔ ko. Ʋulã xɔ asi ale gbegbe, eyata meléa adoglowo ɖana na ɖeviawo be woaɖu. Ke hã, eɖanye nɔnɔme madeamedzi ka mee míeɖale totom o, Yehowa naa nusiwo hiã mí zi geɖe.

Gake nusi me afɔku nɔ na mí wue nye gbɔgbɔmenuɖuɖu si meganɔ anyi o le aʋaa ta. Nɔvi geɖe si le aʋawɔnutoawo me yi ave alo kɔƒe bubuwo me, eye esi wonɔ sisim la, wobu woƒe Biblia srɔ̃gbalẽwo katã kloe. Hekpe ɖe eŋu la, dziɖuɖua ƒe asrafowo ƒe mɔwo xexe wɔe be Biblia srɔ̃gbalẽ yeye aɖeke magate ŋu ava Biafra nutoa me o. Togbɔ be hame geɖe dze agbagba wɔa kpekpewo hã la, nu gblẽ le nɔvi geɖe ƒe gbɔgbɔmemenyenye ŋu elabena mɔfiame aɖeke megatsoa alɔdzedɔwɔƒea gbɔ vana na wo o.

Tenɔnɔ Ðe Gbɔgbɔmedɔwuame Nu

Dzikpɔla mɔzɔlawo wɔ woƒe ŋutete ɖesiaɖe be woasrã hame ɖesiaɖe kpɔ kokoko. Esi nɔvi geɖe si le dugãwo me ta la, medi wo le afisiafi si mate ŋu ake ɖe wo ŋu le. Ɣeaɖeɣi la, megblẽ srɔ̃nye kple vinyewo ɖe teƒe aɖe si le dedie eye mezɔ mɔ kwasiɖa ade ɖasrãa kɔƒe kple ave vovovowo me kpɔna henɔa nɔviwo dim.

Esime menɔ hame aɖe subɔm le Ogbunka la, mese be Ðasefowo ƒe ƒuƒoƒo gã aɖe le Isuochi nutoa me le nuto gã si nye Okigwe me. Eyata medɔ ame aɖe ɖa be wòagblɔ na wo be woaƒo ƒu ɖe atsiãgble aɖe si le Umuaku kɔƒe me la me. Mía kple nɔviŋutsu tsitsi aɖe míedo gasɔ abe kilometa 15 ene yi agblea me, afisi Ðasefo siwo ade 200 siwo dome nyɔnuwo kple ɖeviwo nɔ ƒo ƒu ɖo. Nɔvinyɔnu mɔɖela aɖe kpe ɖe ŋunye mete ŋu ke ɖe Ðasefo ƒe ƒuƒoƒo bubu aɖe si me nɔvi abe alafa ɖeka nɔ siwo be ɖe Lomara avekɔe me ŋu.

Nɔviŋutsu siwo ƒo dzi nɔ siwo yi edzi nɔ Owerri dugã si ŋu aʋawɔwɔa gblẽ nu le me la dometɔ ɖekae nye Lawrence Ugwuegbu. Egblɔ nam be Ðasefo gbogbo aɖewo le Ohaji nutoa me. Mele bɔbɔe na wo be woado go o elabena asrafowo xɔ teƒea katã. Mí ame evea míedo gasɔ yi afima le zã me eye míekpe kple Ðasefo siwo ade 120 le nɔviŋutsu aɖe ƒeme. Míewɔ mɔnukpɔkpɔa ŋudɔ tsɔ srã Ðasefo bubuwo hã kpɔ le teƒe siwo wobe ɖo.

Nɔviŋutsu Isaac Nwagwu de eƒe agbe afɔku me hekpe ɖe ŋunye meke ɖe nɔviŋutsu bubu siwo wonya de gbe ŋu. Ekum le akro me to Otamiri-tɔsisia dzi be mate ŋu akpe kple Ðasefo siwo wu 150 siwo ƒo ƒu ɖe Egbu-Etche. Nɔviŋutsu aɖe si nɔ afima do ɣli be: “Esiae nye ŋkeke nyuitɔ kekeake le nye agbe me! Nyemebui kpɔ be maganɔ agbe akpɔ nutome sue dzikpɔla aɖe ake o. Ne meku fifia le aʋaa ƒe sesẽaƒe sia me hã la, nye dzi ya dze eme.”

Afɔku geɖe nɔ anyi be woalém ade asrafodɔ me akpasesẽ, gake Yehowa kpɔ tanye edziedzi. Ɣetrɔ aɖe esi metrɔ gbɔna afisi medze le kpekpe kple nɔvi siwo ade 250 megbe la, asrafoha aɖe tɔ tem le de aɖe dzi. Wobiam be: “Nukatae menye asrafo o?” Meɖe eme na wo be dutanyanyuigblɔlae menye le gbeƒã ɖem Mawu ƒe Fiaɖuƒea. Mekpɔe dze sii be woɖoe kplikpaa be yewoalém. Esi medo gbe kpui aɖe ɖa le tame vɔ la, megblɔ na woƒe amegã be, “Taflatse, ɖe asi le ŋunye.” Nukutɔe la, eɖo eŋu nam be, “Ðe nèle gbɔgblɔm be míaɖe asi le ye ŋu yeadzoa?” Meɖo eŋu nɛ be “Ẽ, ɖe asi le ŋunye.” Egblɔ be, “Míeɖe asi le ŋuwò, dzo yi.” Asrafoawo dometɔ aɖeke megagblɔ nya bubu aɖeke o.—Psalmo 65:2, 3.

Ŋudzedzekpɔkpɔ He Yayra Bubuwo Vɛ

Esime aʋaa ke le ƒe 1970 me la, megayi nutome sue dzikpɔkpɔdɔa dzi. Mɔnukpɔkpɔe wònye nam be makpe asi ɖe hameawo gbugbɔgaɖoanyi ŋu. Emegbe mía kple Christiana míenye mɔɖela veviwo vaseɖe ƒe 1976, esime wogaɖom ake be mazu nutome sue dzikpɔla. Le ƒe ma ƒe domedome la, wode dɔ asi nam be mazu nutome gã dzikpɔla. Le ƒe adre megbe la, wokpe mía kple srɔ̃nye be míava subɔ le Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Nigeria, afisi míele fifia. Enyea dzidzɔ nam ɣesiaɣi le alɔdzedɔwɔƒe afisia be magakpɔ nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo míedo goe le dukɔmeviʋaa wɔɣi kple le ɣeyiɣi bubuwo be wogale Yehowa subɔm nuteƒewɔwɔtɔe kokoko.

Le ƒe siawo katã me la, Christiana nye kpeɖeŋutɔ nyui ŋutɔ kple zɔhɛ wɔnuteƒe aɖe nam. Nukpɔsusu nyui si le esi kple eƒe tameɖoɖo kplikpaa, togbɔ be lãmegbegblẽ nɔ fu ɖem nɛ edziedzi tso ƒe 1978 me ke hã la, ekpe ɖe ŋunye be mete ŋu yi edzi le nye agbanɔamedziawo tsɔm. Míekpɔ hakpala la ƒe nya siawo ƒe nyateƒenyenye be: “Yehowa akpe ɖe eŋu le dɔ ba dzi.”—Psalmo 41:4.

Ne metrɔ kpɔ ƒe siawo siwo me mewɔ teokrasidɔ geɖe le la, medaa akpe na Yehowa ɖe eƒe yayra wɔnukuawo ta. Esi mekpɔ ŋudzedze ɖe nusiwo wònam ŋu ta la, mate ŋu agblɔ ŋutɔŋutɔ be mekpɔ dzidzɔ gã aɖe. Dzidzɔ si wònyena nam be makpɔ nɔvinyewo, vinyewo, kple woƒe ƒomewo katã be wole Yehowa subɔm la wu gbɔgblɔ. Yehowa tsɔ agbe si me yayra kple gɔmesese le la ɖi ƒo nam. Ena nye didiwo katã va eme nam.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 10 Yehowa Ðasefowoe tawo. Womegale wo tam fifia o.

[Aɖaka si le axa 27]

Ðoɖo si Sɔ Ðe Ɣeyiɣia Dzi Kpe Ðe Mía Ŋu Míedo Ŋusẽ Nɔviwo ƒe Habɔbɔ La

Le ƒe 1960-awo ƒe domedome la, fuléle si nɔ gbevovodolawo ƒe ƒuƒoƒo siwo nɔ dziehe kple ɣedzeƒe Nigeria la he tɔtɔ, aglãdzedze, sedzimawɔmawɔ, kple gbevovovodolawo dome ʋunyaʋunyawɔwɔ vɛ. Nusiawo kpɔ ŋusẽ ɖe Yehowa Ðasefo siwo ɖoe kplikpaa be yewomade akpa aɖeke dzi kura le aʋaa me o la dzi vevie. Wowu Ðasefoawo dometɔ siwo ade 20. Wo dometɔ geɖe bu woƒe nunɔamesiwo katã.

Le May 30, 1967, dzi la, Nigeria ƒe ɣedzeƒenutowo ɖe wo ɖokui ɖa le dukɔa ŋu eye woɖo Biafra Dukɔnɔɖokuisi. Esia na dukɔa ƒe asrafowo ho ɖe wo ŋu, eye woxe mɔ ɖe Biafra ƒe Ɣedzeƒekpa ƒe asitsatsa kple kadodomɔnuwo nu. Esia he dukɔmeviʋa si me wokɔ ʋu gbogbo aɖe ɖe anyi hewɔ ŋutasẽnu geɖe le la vɛ.

Yehowa Ðasefo siwo le Biafra nutoa me ƒe akpaɖekedzimademade na wotɔ ŋku wo vevie. Nyadzɔdzɔgbalẽwo ŋlɔa nya siwo ƒlɔa dzo ɖe dukɔa me tɔwo te be woatsi tre ɖe wo ŋu. Gake Yehowa kpɔ egbɔ be ye subɔlawo xɔ gbɔgbɔmenuɖuɖu. Le mɔ ka nu?

Le ƒe 1968 ƒe gɔmedzedze la, wode dɔ asi na dziɖuɖudɔwɔla aɖe le posudɔwɔƒe aɖe le Europa, eye wode dɔ asi na bubu aɖe le Biafra yameʋudzeƒe suea. Ðasefowoe ame evea siaa nye. Wole kadodo ɖeka hɔ̃ si le Biafra kple teƒe bubuwo dome la ƒe akpa evea siaa. Ðasefo eve siawo lɔ̃ faa wɔ nusi me afɔku le be woatsɔ anɔ gbɔgbɔmenuɖuɖu ɖom ɖe nɔvi siwo nɔ Biafra. Wokpe ɖe mía nɔvi siwo nɔ fu kpem la ŋu to kpekpeɖeŋunuwo ɖoɖo ɖe wo me. Nɔviŋutsu siawo nɔ ɖoɖo vevi sia ŋudɔ wɔm le aʋawɔɣia katã me, vaseɖe esime wòwu enu le ƒe 1970 me. Wo dometɔ ɖeka gblɔ emegbe be, “Ðoɖo sia nyo sasasã wu ɖesiaɖe si amegbetɔwo ate kpɔ be yewoawɔ.”

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Le ƒe 1956 me

[Nɔnɔmetata si le axa 25]

Mía kple mía viŋutsu Joel kple Samuel le ƒe 1965 me

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Yayra ka gbegbee nye si be nye ƒomea le Yehowa subɔm!

[Nɔnɔmetata si le axa 27]

Mía kple Christiana míele subɔsubɔm le Nigeria ƒe alɔdzedɔwɔƒea fifia