Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

‘Dɔla Nuteƒewɔla’ La To Dodokpɔ Me Dedie!

‘Dɔla Nuteƒewɔla’ La To Dodokpɔ Me Dedie!

‘Dɔla Nuteƒewɔla’ La To Dodokpɔ Me Dedie!

“Azãgbe la ɖo vɔ, bena ʋɔnudɔdrɔ̃ la nadze gɔme tso Mawu ƒe aƒe me.”​—Petro i, 4:17.

1. Nukae Yesu kpɔ esime wòyi ɖakpɔ “dɔla” la ɖa?

LE ƑE 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste dzi la, Yesu ɖo “dɔla” aɖe be wòana nuɖuɖu eƒe “aƒemetɔwo” le ɣeyiɣi nyui dzi. Woɖo Yesu Fia le ƒe 1914 me, emegbe kpuie la, ɣeyiɣi de be wòaɖakpɔ “dɔla” la ɖa. Le goawo ƒe akpa gãtɔ me la, ekpɔe be “dɔla” la nye “nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” nyateƒe. Eyata eɖoe eƒe “nuwo katã” dzi. (Mateo 24:45-47) Ke hã, dɔla vɔ̃ɖi aɖe hã li, si mewɔ nuteƒe alo dze aɖaŋu o.

“Dɔla Vɔ̃ɖi La”

2, 3. Afikae “dɔla vɔ̃ɖi la” tso, eye aleke wòwɔ va do?

2 Yesu yi edzi ƒo nu tso dɔla vɔ̃ɖi la ŋu enumake le nuƒoƒo tso “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la ŋu vɔ megbe. Egblɔ be: “Ne dɔla vɔ̃ɖi la agblɔ le eƒe dzi me bena: Nye aƒetɔ la tsi anyi, eye wòade asi eƒe hadɔtsɔlawo ƒoƒo me, eye wòaɖu nu, ano nu kple ahamulawo, dɔla ma ƒe aƒetɔ ava le ŋkeke, si dzi mele mɔ kpɔm nɛ o kple gaƒoƒo, si menya o la dzi, eye wòafe eyama ɖe eve, eye wòana eƒe gomee akpe ɖe alakpatɔwo ŋu; afima avifafa kple aɖukliɖuɖu lanɔ.” (Mateo 24:48-51) Nyagbɔgblɔ si nye ‘dɔla vɔ̃ɖi la’ he míaƒe susu yi nya si Yesu gblɔ do ŋgɔ tso dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela la ŋu dzi. Ẽ, “dɔla vɔ̃ɖi” la do tso “dɔla nuteƒewɔla” ƒe ha la me. * Le mɔ ka nu?

3 Hafi ƒe 1914 naɖo la, dɔla nuteƒewɔla ƒe ha la me tɔ geɖe nɔ mɔ kpɔm vevie be yewoaɖado go Ŋugbetɔsrɔ̃ la le ƒe ma me, gake woƒe mɔkpɔkpɔa meva eme o. Esia kple nudzɔdzɔ bubuwo na dzi ɖe le wo dometɔ geɖe ƒo eye dzi ku wo dometɔ ʋɛ aɖewo. Amesiawo dometɔ aɖewo te wo nɔvi tsãtɔwo “ƒoƒo” kple dzugbewo eye wode ha kple “ahamulawo,” siwo nye subɔsubɔha siwo le Kristodukɔa me.—Yesaya 28:1-3; 32:6.

4. Aleke Yesu wɔ nu ɖe “dɔla vɔ̃ɖi” la kple amesiwo katã ɖe nɔnɔme ma ke fia ŋui?

4 Wova yɔ amesiawo siwo nye Kristotɔwo tsã la be “dɔla vɔ̃ɖi,” eye Yesu ‘fe wo ɖe eve’ alo he to na wo vevie. Le mɔ ka nu? Egbe wo, eye dziƒoyiyi ƒe mɔkpɔkpɔa bu ɖe wo. Ke hã, wometsrɔ̃ wo enumake o. Ele be woato avifafa kple aɖukliɖuɖu ƒe ɣeyiɣi aɖe me le ‘viviti me le Kristo-hamea godo’ gbã. (Mateo 8:12) Tso gɔmedzeɣi ma me va ɖo fifia la, amesiamina ʋɛ aɖewo hã ɖe nɔnɔme baɖa ma tɔgbe, si na wosɔ kple “dɔla vɔ̃ɖi” la, fia. ‘Alẽ bubuawo’ me tɔ aɖewo hã srɔ̃ woƒe nuteƒemawɔmawɔa. (Yohanes 10:16) Kristo ƒe futɔ siawo katã va tsia gbɔgbɔ me “viviti si le egodo” la ke me.

5. Aleke dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela wɔ nui wòto vovovo tso “dɔla vɔ̃ɖi” la gbɔ?

5 Ke hã, dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela la to dodokpɔ sia ke me abe “dɔla vɔ̃ɖi la” ene. Gake le esi teƒe be dzi naku wo la, wona woɖɔ wo ɖo boŋ. (Korintotɔwo II, 13:11) Wona lɔlɔ̃ si le wo si na Yehowa kple wo nɔviwo me sẽ. Esia wɔe be wova zu “nyateƒe ƒe sɔti kple gɔmeɖoɖoanyi sesĩ” le ‘ŋkeke mamlɛ’ siawo si tɔ zi me.—Timoteo I, 3:15; Timoteo II, 3:1.

Ðetugbi Aɖaŋudzelawo Kple Ðetugbi Abunetɔwo

6. (a) Aleke Yesu wɔ aɖaŋu si dɔla nuteƒewɔla ƒe ha dze la ƒe kpɔɖeŋui? (b) Gbedasi kae Kristotɔ amesiaminawo ɖe gbeƒãe do ŋgɔ na ƒe 1914?

6 Esi Yesu ƒo nu le “dɔla vɔ̃ɖi la” ŋu vɔ la, edo lo eve tsɔ fia nusita Kristotɔ amesiamina aɖewo nye dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela kple nusita bubuawo menyee o. * Le aɖaŋudzedze ƒe kpɔɖeŋua wɔwɔ me la, egblɔ be: “Dziƒofiaɖuƒe la aɖi ɖetugbi ewo, siwo do go kple woƒe akaɖiwo, bena yewoayi aɖakpe ŋugbetɔsrɔ̃. Eye wo dome ame atɔ̃ nye abunetɔwo, eye ame atɔ̃ hã nye aɖaŋudzelawo. Elabena abunetɔwo la wotsɔ woƒe akaɖiwo, ke wometsɔ ami kpe ɖe wo ŋuti o; ke aɖaŋudzelawo ya tsɔ ami de woƒe guiwo me kpe ɖe woƒe akaɖiawo ŋuti.” (Mateo 25:1-4) Ðetugbi ewoawo he míaƒe susu yi Kristotɔ amesiamina siwo nɔ anyi do ŋgɔ na ƒe 1914 me dzi. Wobu akɔnta kpɔe be ŋugbetɔsrɔ̃a, Yesu Kristo, le dodo ge kpuie. Eyata ‘wodo go bena yewoayi aɖakpee,’ henɔ gbeƒã ɖem dzideƒotɔe be “trɔ̃subɔlawo ƒe ɣeyiɣi la” awu enu le ƒe 1914 me.—Luka 21:24.

7. Ɣekaɣie Kristotɔ amesiaminawo ‘yi ɖamlɔ anyi’ le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu, eye nukatae?

7 Woƒe nyaa nɔ eme. Trɔ̃subɔlawo, alo dukɔwo, ƒe ɣeyiɣia wu enu nyateƒe le ƒe 1914 me, eye Mawu ƒe Fiaɖuƒe si le Kristo Yesu si me la te dɔwɔwɔ. Gake ema dzɔ le dziƒo si ŋku mete ŋu kpɔna o. Le anyigba dzi la, ameƒomea te “baba” siwo wodo na wo la me toto. (Nyaɖeɖefia 12:10, 12) Dodokpɔɣi kplɔe ɖo. Esi nuwo me menɔ kɔkɔm na Kristotɔ amesiaminawo nyuie o la, wosusui be “ŋugbetɔsrɔ̃ la tsi anyi.” Esi wotɔtɔ eye wodo go tsitretsiɖeŋu siwo tso xexeame la, woƒe alɔ gbɔdzɔ eye woɖe asi le dutoƒogbeƒãɖeɖedɔ ƒe ɖoɖoa ŋu keŋkeŋ kloe. Abe ɖetugbi siwo le lododoa me ene la, “wodɔ akɔlɔ̃e, eye wodɔ alɔ̃” le gbɔgbɔ me, abe alesi ko amesiwo ʋua eme be Kristotɔwo yewonye gake henye nuteƒemawɔlawo la wɔe le Yesu ƒe apostolowo ƒe ku megbe ene.—Mateo 25:5; Nyaɖeɖefia 11:7, 8; 12:17.

8. Nukae na wodo ɣli be: “Ŋugbetɔsrɔ̃ la gbɔna!” eye nukae ɣeyiɣi de na Kristotɔ amesiaminawo be woawɔ?

8 Emegbe le ƒe 1919 me la, nane si womenɔ mɔ kpɔm na o la dzɔ. Míexlẽe be: “Le zãtitina la ɣli ɖi bena: Kpɔ ɖa, ŋugbetɔsrɔ̃ la gbɔna! Mido go yi ɖakpee! Tete ɖetugbi kemawo katã fɔ, eye wodzra woƒe akaɖiwo ɖo.” (Mateo 25:6, 7) Le ɣeyiɣi si tututu me wòdze abe mɔkpɔkpɔ bu keŋkeŋ ene la, yɔyɔ aɖe ɖi be woatso ɖe dɔ ŋu! Le ƒe 1918 me la, Yesu, “nubabla ƒe dɔla” la, va Yehowa ƒe gbɔgbɔmegbedoxɔa me be yeakpɔ Mawu ƒe hamea ɖa eye wòakɔ eŋu. (Maleaxi 3:1) Fifia, ele be Kristotɔ amesiaminawo nayi aɖado goe le gbedoxɔa ƒe xɔxɔnu si le anyigba dzi. Ɣeyiɣi de na wo be ‘woaklẽ.’—Yesaya 60:1; Filipitɔwo 2:14, 15.

9, 10. Le ƒe 1919 me la, nukatae Kristotɔ aɖewo nye “aɖaŋudzelawo” eye ɖewo nye “abunetɔwo”?

9 Gake lala gbɔ! Le lododoa me la, ɖetugbiawo dometɔ aɖewo ɖo xaxa me. Yesu yi edzi be: “Abunetɔwo gblɔ na aɖaŋudzelawo bena: Mina miaƒe ami la ɖe mí, elabena míaƒe akaɖiwo le tsitsim.” (Mateo 25:8) Ami manɔmee la, akaɖiawo maklẽ o. Eyata akaɖi me mia he míaƒe susu yi Mawu ƒe Nya si nye nyateƒe kple gbɔgbɔ kɔkɔe, si doa ŋusẽ tadeagula vavãwo be woanye amesiwo klẽna la, dzi. (Psalmo 119:130; Daniel 5:14) Do ŋgɔ na ƒe 1919 la, Kristotɔ amesiamina dzeaɖaŋuawo ku kutri be yewoase nusi nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu na yewo la gɔme, togbɔ be wonɔ ɣeyiɣi kpui ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ aɖe me hã. Eyata esime wose yɔyɔa be woaklẽ la, wonɔ dzadzraɖoɖi.—Timoteo II, 4:2; Hebritɔwo 10:24, 25.

10 Ke hã, amesiamina aɖewo menɔ dzadzraɖoɖi be yewoatsɔ nanewo asa vɔe alo aku kutri o—togbɔ be wodi vevie be yewoayi aɖakpe ŋugbetɔsrɔ̃a hã. Eyata esime ɣeyiɣia de be woabiã ŋku ɖe nyanyuia gbɔgblɔ ŋu la, womenɔ dzadzraɖoɖi o. (Mateo 24:14) Wodze agbagba gɔ̃ hã be yewoahe yewoƒe hadɔwɔla veviedonulawo ɖe megbe to wo biabia, le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu, be woana woƒe amia ƒe ɖe yewo me. Aleke ɖetugbi dzeaɖaŋuawo ɖo eŋui le Yesu ƒe lododoa me? Wogblɔ bena: “O, ɖewohĩ made mía kpli miawo nu o; miyi amesiwo le edzram la gbɔ boŋ, ne miadzee na mia ɖokui.” (Mateo 25:9) Nenema kee Kristotɔ amesiamina wɔnuteƒe siwo nɔ anyi le ƒe 1919 me la gbe be yewomawɔ naneke si aɖe yewo ŋutɔ ƒe akaɖia ƒe keklẽ dzi akpɔtɔ o. Eyata woto dodokpɔa me dedie le kpɔkpɔɖaɣia.

11. Nukae dzɔ ɖe ɖetugbi abunetɔawo dzi?

11 Yesu ƒo eta be: “Esi [abunetɔawo] yi edze ge la, ŋugbetɔsrɔ̃ la va; eye amesiwo dzra wo ɖokui ɖo la, wokpe ɖe eŋuti yi srɔ̃ɖeƒe la, eye wotu ʋɔtru la. Emegbe la, ɖetugbi mamlɛawo hã va gblɔ bena: Aƒetɔ, Aƒetɔ, ʋui na mí! Ke exɔ edzi gblɔ bena: Vavã mele egblɔm na mi bena: Nyemenya mi o.” (Mateo 25:10-12) Ẽ, ame aɖewo medzra ɖo ɖe Ŋugbetɔsrɔ̃ la ƒe vava ŋu o. Eyata wotsi eme le kpɔkpɔɖaɣia dzi eye srɔ̃ɖezã si woaɖu le dziƒo la ƒe mɔkpɔkpɔa bu ɖe wo. Nublanuinya kae nye si!

Talentoawo Ŋuti Lododoa

12. (a) Kpɔɖeŋu kae Yesu wɔ tsɔ ɖe nuteƒewɔwɔ mee? (b) Amekae nye ŋutsu si “yi nugbe” la?

12 Esi Yesu wɔ aɖaŋudzedze ŋuti kpɔɖeŋua vɔ la, eyi edzi wɔ nuteƒewɔwɔ ŋuti kpɔɖeŋu. Egblɔ be: “Ele abe ame aɖe, si yi nugbe la ene, amesi yɔ eƒe dɔlawo, eye wòtsɔ eƒe nuwo de asi na wo la. Eye wòna talento atɔ̃ ame ɖeka, eye eve ame ɖeka, ke ɖeka ame ɖeka, wo dome amesiame le eƒe ŋutete nu, eye wòyi nugbe.” (Mateo 25:14, 15) Ame, alo ŋutsu, si le lododoa mee nye Yesu ŋutɔ, si “yi nugbe” esime wòlia yi dziƒo le ƒe 33 M.Ŋ. me. Gake hafi Yesu nayi dziƒo la, “etsɔ eƒe nuwo” de asi na eƒe nusrɔ̃la nuteƒewɔlawo. Le mɔ ka nu?

13. Aleke Yesu dzra anyigba gã aɖe ɖo na dɔwɔwɔ hena ŋusẽ eƒe “dɔlawo” be woatsɔ awɔ dɔe?

13 Le Yesu ƒe anyigbadzisubɔsubɔdɔa me la, edze egɔme ɖe gbeƒã Fiaɖuƒenyanyuia le Israel-nyigba katã dzi tsɔ dzra anyigba gã aɖe ɖo hena dɔwɔwɔ. (Mateo 9:35-38) Hafi ‘wòayi nugbea’ la, etsɔ anyigba la de asi na eƒe nusrɔ̃la nuteƒewɔlawo hegblɔ be: ‘Miheyi ɖawɔ dukɔwo katã ne woanye nusrɔ̃lawo, mianyrɔ wo ɖe Fofo la kple Vi la kpakple gbɔgbɔ kɔkɔe la ƒe ŋkɔa me, miafia wo bena, woawɔ nusiwo katã meɖo na mi la.’ (Mateo 28:18-20) Yesu zã nyagbe siawo tsɔ na ŋusẽ eƒe “dɔlawo” be woatsɔ awɔ dɔe, “amesiame le eƒe ŋutete nu,” vaseɖe esime wòatrɔ agbɔ.

14. Nukatae womedi tso amesiame si be wòawɔ dɔ agbɔsɔsɔme ɖeka tɔgbe o?

14 Nyagbɔgblɔ ma ɖee fia be menye nɔnɔme ɖeka mee ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo katã nɔ alo ŋutete ɖeka tɔgbee nɔ wo katã si o. Wo dometɔ aɖewo, abe Paulo kple Timoteo ene, vo wɔ gbeƒãɖeɖe kple nufiafiadɔa bliboe. Nɔnɔme si me ame bubuwo nɔ ate ŋu aɖe alesi woakpɔ vovo ɖe dɔa ŋui dzi akpɔtɔ vevie. Le kpɔɖeŋu me, Kristotɔ aɖewo nye kluviwo, bubuwo nye dɔnɔwo, alo nye ame tsitsiwo, alo ƒome ƒe agbanɔamedzi nɔ wo dzi. Nyateƒee wònye be menye nusrɔ̃lawo katãe ate ŋu awɔ hamea me dɔdasi aɖewo o. Nyɔnu amesiamina kple ŋutsu amesiamina aɖewo mefia nu le hamea me o. (Korintotɔwo I, 14:34; Timoteo I, 3:1; Yakobo 3:1) Ke hã, aleke kee woa ŋutɔwo ƒe nɔnɔmea ɖale o, wode dɔ asi na Kristotɔ amesiaminawo katã—ŋutsu kple nyɔnuwo—be woawɔ, ahawɔ woƒe mɔnukpɔkpɔ kple nɔnɔmewo ŋudɔ nyuie le Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa me. Wo hati siwo li egbea hã wɔnɛ nenema.

Kpɔkpɔɖaɣia Dze Egɔme!

15, 16. (a) Ɣekaɣie ɣiyiɣi de be woabu akɔnta? (b) ‘Dɔwɔwɔ’ ƒe mɔnukpɔkpɔ yeye kae wona nuteƒewɔlawo?

15 Lododoa yi edzi be: “Le ŋkeke geɖe megbe la dɔla mawo ƒe aƒetɔ la va, eye wòbu akɔnta kple wo.” (Mateo 25:19) Le ƒe 1914 me—si nye ɣeyiɣi didi aɖe tso keke ƒe 33 M.Ŋ. me ke—la, Kristo Yesu dze eƒe anyinɔnɔ le dziɖuŋusẽ me gɔme. Ƒe etɔ̃ kple afã megbe, si nye le ƒe 1918 me la, eva Mawu ƒe gbɔgbɔmegbedoxɔa me hena Petro ƒe nyawo va eme be: “Azãgbe la ɖo vɔ, bena ʋɔnudɔdrɔ̃ la nadze gɔme tso Mawu ƒe aƒe me.” (Petro I, 4:17; Maleaxi 3:1) Ɣeyiɣi de be woabu akɔnta.

16 Nukae dɔlawo, Yesu nɔvi amesiaminawo, tsɔ Fia la ƒe ‘talentoawo’ wɔe? Tso ƒe 33 M.Ŋ. me heva ƒe 1914 me la, ame geɖe do vevie nu le Kristo ƒe ‘dɔ’ la me. (Mateo 25:16) Le xexemeʋa gbãtɔ gɔ̃ hã me la, wodi vevie be yewoawɔ dɔ na Aƒetɔ la. Fifia la, esɔ be woana mɔnukpɔkpɔ yeyewo nuteƒewɔlawo woatsɔ ‘awɔ dɔe.’ Nuɖoanyi sia ƒe nuwuwu ɖo. Ele be woaɖe gbeƒã nyanyuia le xexeame godoo. Ele be woaŋe “anyigba dzi nuwo.” (Nyaɖeɖefia 14:6, 7, 14-16) Ele be woadi lu ƒe ha me tɔ susɔeawo ahaƒo alẽ bubuwo ƒe “ameha gã” la nu ƒu.—Nyaɖeɖefia 7:9; Mateo 13:24-30.

17. Aleke Kristotɔ amesiamina nuteƒewɔlawo ‘yi ɖe woƒe aƒetɔ ƒe dzidzɔ la mee’?

17 Nuŋeɣiwo nyea dzidzɔɣiwo. (Psalmo 126:6) Eyata esɔ ŋutɔ be esime Yesu tsɔ agbanɔamedzi geɖe de asi na nɔvia amesiamina wɔnuteƒewo le ƒe 1919 me la, egblɔ na wo be: ‘Èwɔ nuteƒe le nu ʋɛwo me, matsɔ wò aɖo nu geɖewo nu; yi ɖe wò aƒetɔ ƒe dzidzɔ la me!’ (Mateo 25:21, 23) Gawu la, míate ŋu abu dzidzɔ si gbegbe wòanye na Aƒetɔ la esi woɖoe Mawu Fiaɖuƒea ƒe Fiae ŋu le susu me wòade edeƒe o. (Psalmo 45:1, 2, 6, 7) Dɔla nuteƒewɔla ƒe ha la toa Fia la teƒenɔnɔ kple eƒe nuwo dzidziɖedzi le anyigba dzi me kpɔa dzidzɔ ma kplii. (Korintotɔwo II, 5:20) Woƒe dzidzɔ la dze le nyagblɔɖinya siwo le Yesaya 61:10 me be: “Mele dzidzɔ kpɔm ɖe Yehowa ŋu, nye luʋɔ le aseye tsom ɖe nye Mawu ŋu; elabena eta xɔname ƒe avɔ nam.”

18. Nukatae ame aɖewo mete ŋu dze le kpɔkpɔɖaɣia o, eye nukae do tso eme na wo?

18 Nublanuitɔe la, wo dometɔ aɖewo mete ŋu to dodokpɔa me le kpɔkpɔɖaɣia o. Míexlẽe be: “Amesi xɔ talento ɖeka la hã va gblɔ bena: Aƒetɔ, menya wò bena, ame sesẽ nènye, èŋea nu le afisi mèƒã nu ɖo o, eye nèƒoa nu ƒu le afisi mèwu nu ɖo o, eye esi mele vɔvɔ̃m la, medzo yi ɖaɖi wò talento la ɖe do me; kpɔ ɖa, xɔ wò nu.” (Mateo 25:24, 25) Nenema kee Kristotɔ amesiamina aɖewo meƒo wo ɖokui ɖe ‘dɔwɔwɔ’ me o. Wometsɔ dzonɔameme gblɔ woƒe mɔkpɔkpɔ na ame bubuwo do ŋgɔ na ƒe 1914 o, eye womedi be yewoadze ewɔwɔ gɔme le ƒe 1919 me hã o. Alekee Yesu wɔ nu ɖe woƒe amemabumabu la ŋui? Exɔ woƒe mɔnukpɔkpɔwo katã le wo si. Wotsɔ wo ‘ƒu gbe ɖe viviti me afisi avifafa kple aɖukliɖuɖu le.’—Mateo 25:28, 30.

Kpɔkpɔɖa la Yi Edzi

19. Mɔ ka nue kpɔkpɔɖa la le edzi yim le, eye nukae Kristotɔ amesiaminawo katã ɖo kplikpaa be yewoawɔ?

19 Le nyateƒe me la, amesiwo ava zu Kristo ƒe dɔla amesiaminawo le nuwuɣia me ƒe akpa gãtɔ mekpɔ nɔ Yehowa subɔm esime Yesu dze kpɔkpɔɖa la gɔme le ƒe 1918 me o. Ðe kpɔkpɔɖa la to wo ŋua? Kura o. Ðeko kpɔkpɔɖa la dze egɔme tso 1918/19 esime wokpɔ be dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela abe ha ene dze le dodokpɔɣia. Kristotɔ amesiamina ɖekaɖekawo kpɔtɔ le kpɔkpɔɖaɣi sia me tom vaseɖe esime wotre wo nu keŋkeŋ. (Nyaɖeɖefia 7:1-3) Esi esia le nyanya me na Kristo nɔvi amesiaminawo ta la, woɖoe kplikpaa be yewoayi ‘dɔ’ dzi nuteƒewɔwɔtɔe. Woɖoe kplikpaa be yewoanɔ aɖaŋudzedze dzi, ahana ami sɔgbɔ nanɔ yewo si ale be woƒe akaɖia nanɔ keklẽm nyuie. Wonya be ne yewo dometɔ ɖesiaɖe wu eƒe agbenɔnɔ nu nuteƒewɔwɔtɔe la, Yesu axɔe ɖe enɔƒe le dziƒo.—Mateo 24:13; Yohanes 14:2-4; Korintotɔwo I, 15:50, 51.

20. (a) Nukae alẽ bubuawo siwo li egbea la ɖoe kplikpaa be yewoawɔ? (b) Nukae le nyanya me na Kristotɔ amesiaminawo?

20 Alẽ bubuawo ƒe ameha gã la srɔ̃ wo nɔvi amesiaminawo. Wonya nyuie be Mawu ƒe tameɖoɖo ŋuti sidzedze si le yewo si wɔe be agba gã aɖe le yewo dzi. (Xezekiel 3:17-21) Eyata woawo hã wonana Yehowa ƒe Nya kple gbɔgbɔ kɔkɔea kpena ɖe wo ŋu ale be ami sɔgbɔ nɔa wo si to nusɔsrɔ̃ kple kpekpewo dede me. Eye wonana woƒe akaɖia klẽna, to gomekpɔkpɔ le gbeƒãɖeɖe kple nufiafiadɔa me ale be ‘wowɔa dɔ’ kple wo nɔvi amesiaminawo. Ke hã ele nyanya me na Kristotɔ amesiaminawo nyuie be yewo simee wotsɔ talento la dee. Ele na wo be woabu akɔnta le alesi wowɔa Aƒetɔ la ƒe nuwo ŋudɔe le anyigba dzi ŋu. Togbɔ be womesɔ gbɔ o hã la, womate ŋu agblẽ woƒe agbanɔamedzia ɖi na ameha gã la o. Esi esia le susu me na dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela la ta la, eyi edzi le ŋgɔ xɔm le Fia la ƒe dɔa gbɔ kpɔkpɔ me, hekpɔa ŋudzedze ɖe kpekpeɖeŋu si ameha gã la me tɔ siwo tsɔ wo ɖokui ke la nana wo ŋu. Ameha gã la kpɔa agbanɔamedzi si le wo nɔvi amesiaminawo dzi dzea sii eye wobui mɔnukpɔkpɔe be yewole dɔ wɔm le woƒe dzikpɔkpɔ te.

21. Nuxlɔ̃amenya kae ku ɖe Kristotɔwo katã ŋu tso ɣeyiɣi si do ŋgɔ na 1919 va de asi na míaƒe ŋkekea me?

21 Eyata, togbɔ be lododo eve siawo na numekɔkɔ le nusiwo yi edzi le ƒe 1919 me alo ɣemaɣi lɔƒo hã la, gɔmeɖoseawo ku ɖe Kristotɔ vavãwo katã ŋu le ŋkeke mamlɛa katã me. Ele alea be, togbɔ be nuxlɔ̃amenya si Yesu na le ɖetugbi ewoawo ƒe lododoa ƒe nuwuwu ŋu ku ɖe Kristotɔ amesiamina siwo nɔ anyi do ŋgɔ na ƒe 1919 me koŋ ŋu hã la, eƒe gɔmeɖosewo ku ɖe Kristotɔ ɖesiaɖe ŋu. Ekema mina mí katã míawɔ ɖe nya siwo Yesu gblɔ dzi be: “Eyaŋuti minɔ ŋudzɔ, elabena mienya ŋkeke la alo gaƒoƒo la o.”—Mateo 25:13.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 2 Nenema kee le apostoloawo ƒe ku megbe la, “amegãxi nyanyrawo” do tso Kristotɔ amesiaminawo ƒe hamemegãwo me.—Dɔwɔwɔwo 20:29, 30.

^ mm. 6 Ne èdi Yesu ƒe lododoa me dzodzro bubuwo la, kpɔ Worldwide Security Under the “Prince of Peace,” si Yehowa Ðasefowo ta, ƒe ta 5 kple 6.

Àte Ŋu Aɖe Wo Mea?

• Ɣekaɣie Yesu yi ɖakpɔ eyomedzelawo ɖa, eye nukae wòkpɔ?

• Nukatae “dɔla vɔ̃ɖi” la ƒe nɔnɔme va ɖo Kristotɔ amesiamina aɖewo si?

• Mɔ ka nue míate ŋu aɖee afia le be míenye aɖaŋudzelawo le gbɔgbɔ me?

• Yesu nɔviwo sɔsrɔ̃ le mɔ ka nue ana míayi ‘dɔwɔwɔ’ dzi?

[Biabiawo]

[Aɖaka si le axa 16]

ƔEKAƔIE YESU VA?

Le Mateo ta 24 kple 25 me la, woƒo nu le Yesu ƒe “vava” ŋu le gɔmesese vovovo nu. Mehiã be wòatso le enɔƒe hafi “ava” o. Ke boŋ ‘eva’ le gɔmesesea nu be etrɔa eƒe susu ɖe ameƒomea alo eyomedzela ŋu, hena ʋɔnudɔdrɔ̃ zi geɖe. Eyata ‘eva’ le ƒe 1914 me be wòadze anyinɔnɔ gɔme abe Fia si woɖo zi dzi ene. (Mateo 16:28; 17:1; Dɔwɔwɔwo 1:11) ‘Eva’ le ƒe 1918 me abe nubabla ƒe dɔla ene eye wòte ʋɔnudɔdrɔ̃ amesiwo gblɔna be yewole Yehowa subɔm. (Maleaxi 3:1-3; Petro I, 4:17) Le Harmagedon me la, “ava” drɔ̃ toheʋɔnu Yehowa ƒe futɔwo.—Nyaɖeɖefia 19:11-16.

Vava (alo, tɔtrɔgbɔ) si woyɔ le Mateo 24:29-44 kple 25:31-46 la ava eme le “xaxa gã la” me. (Nyaɖeɖefia 7:14) Gake vava si ŋu woƒo nu tsoe zi geɖe le Mateo 24:45 vaseɖe 25:30 ya ku ɖe eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ amesiwo gblɔ, tso ƒe 1918 me dzi yi, be yewonye eƒe nusrɔ̃lawo la ŋu. Le kpɔɖeŋu me, nunya manɔ eme o be woagblɔ be eteƒeɖoɖo na dɔla nuteƒewɔla la, ʋɔnudɔdrɔ̃ ɖetugbi abunetɔawo, kple ʋɔnudɔdrɔ̃ dɔla kuviatɔ, si ɣla eƒe Aƒetɔ ƒe talento la, katã ayi edzi ne Yesu ‘va’ le xaxa gã la me o. Ema afia be woakpɔ amesiaminawo dometɔ geɖe nuteƒemawɔlawo ɣemaɣi eye wòahiã be woaɖɔ li wo. Gake Nyaɖeɖefia 7:3 ɖee fia be kaka ɣemaɣi naɖo la, ‘woatre’ Kristo ƒe dɔlawo katã nu keŋkeŋ.

[Nɔnɔmetata si le axa 14]

“Dɔla vɔ̃ɖi” la mexɔ yayra aɖeke le ƒe 1919 me o

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Ðetugbi aɖaŋudzelawo nɔ dzadzraɖoɖi esime ŋugbetɔsrɔ̃ la va do

[Nɔnɔmetata si le axa 17]

Dɔla nuteƒewɔlawo ƒo eɖokui ɖe ‘dɔwɔwɔ’ me

Dɔla kuviatɔ ya mewɔe o

[Nɔnɔmetata siwo le axa 18]

Amesiaminawo kple “ameha gã” la yi edzi na woƒe akaɖi le keklẽm