Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Mawu Subɔlawo Le abe Atiwo Ene—Le Mɔ Kawo Nu?

Mawu Subɔlawo Le abe Atiwo Ene—Le Mɔ Kawo Nu?

Mawu Subɔlawo Le abe Atiwo Ene—Le Mɔ Kawo Nu?

HAKPALA la gblɔ le amesi kpɔa dzidzɔ ɖe Biblia ƒe gɔmeɖosewo ŋu eye wòwɔa wo dzi le eƒe agbe me ŋu be: “Eyama ɖi ati, si wodo ɖe tɔʋuwo to, si tsena le etseɣi, eye eƒe aŋgbawo melũa xe o; eye nusianu, si wòwɔna la, ewɔnɛ wua nu nyuie!” (Psalmo 1:1-3) Nukatae nuwo tsɔtsɔ sɔ kple wo nɔewo alea sɔ?

Atiwo te ŋu nɔa anyi ɣeyiɣi didi aɖe. Le kpɔɖeŋu me, wogblɔ be amiti aɖewo siwo le Mediterranea nutome xɔ tso ƒe akpe ɖeka va ɖo ƒe akpe eve. Nenema kee adidoti siwo le titina Afrika nɔa anyi ƒe gbogbo aɖewo, eye woxɔe se be ati si woyɔna be Pinus aristata le California la xɔ anɔ ƒe 4,600 sɔŋ. Avemeti tsitsiwo nyea viɖe na nuto siwo ƒo xlã wo. Le kpɔɖeŋu me, ati kɔkɔwo ɖoa vɔvɔli ɖe ati fẽwo dzi, eye aŋgba siwo gena le atiawo dzi la naa nunyiame anyigba.

Ati kɔkɔtɔ kekeake siwo le xexeame la tsina ɖekae le avewo me, eye atiawo doa alɔ wo nɔewo. Esi atiawo ƒe kewo ate ŋu age ɖe wo nɔewo me ta la, ati geɖe siwo le hatsotso me ate ŋu anɔ te ɖe ya sesẽ nu nyuie wu ati ɖeka aɖe si le sɔgbe me hetso abo ɖe afi aɖe. Ati siwo ƒe kewo sɔgbɔ la te ŋu kpɔa tsi kple nunyiame agbɔsɔsɔme si asu wo la tsoa anyigba me. Le go aɖewo me la, ati aɖewo ƒe ke te ŋu yia to wu atia ŋutɔ ƒe kɔkɔme, alo keawo te ŋu vuna yia eƒe axawo dzi wu afisi eƒe aŋgbawo ate ŋu avu ase ɖo.

Anye atie nɔ susu me na Paulo esime wòɖe eme be, ele be Kristotɔwo ‘nazɔ le eyama [Kristo] me, eye woanye amesiwo to ke, eye wotu wo ɖe eyama me, eye woli ke wo ɖe xɔse me.’ (Kolosetɔwo 2:6, 7) Le nyateƒe me la, Kristotɔwo mate ŋu anɔ te sesĩe le xɔse me o negbe ɖe woto ke le Kristo me ko hafi.—Petro I, 2:21.

Mɔ bubu kawo nue Kristotɔwo sɔ kple atiwo le? Abe alesi ko ati siwo le ave dodo me xɔa kpekpeɖeŋu tsoa ati bubu siwo ƒo xlã wo gbɔ ene la, amesiwo katã nɔa Kristo-hamea ŋu kplikplikpli la xɔa kpekpeɖeŋu tsoa haxɔsetɔwo gbɔ. (Galatiatɔwo 6:2) Kristotɔ nuteƒewɔla tsitsi, siwo si gbɔgbɔmeke siwo dea didiƒe ke le la, kpena ɖe xɔsetɔ yeyewo ŋu be woanɔ te sesĩe le xɔse me, le tsitretsiɖeŋu si le abe ahom ene gɔ̃ hã nu. (Romatɔwo 1:11, 12) Kristotɔ yeyewo ate ŋu atsi le Mawu subɔla kpɔnuteƒewo ƒe “vɔvɔli” si kpɔa ame ta te. (Romatɔwo 15:1) Eye xexeame katã ƒe Kristotɔwo ƒe hamea me tɔwo kpɔa viɖe tsoa gbɔgbɔmenuɖuɖu tuameɖo si “dzɔdzɔenyenye ƒe logotiwo,” si nye amesiamina susɔeawo, nana la me.—Yesaya 61:3.

Aleke gbegbee wòdzɔa dzi na Mawu subɔlawo enye esi be mɔkpɔkpɔ le yewo si be yewoakpɔ ŋugbedodo si le Yesaya 65:22 me vava teƒe, esi gblɔ be: “Nye dukɔ atsi, abe alesi ati tsinae ene.”

Picture Credit Line on page 28]

Godo-Foto