Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Esi domenyinu aɖeke menɔ Lewi-viwo si le blema Israel o ɖe, aleke wòdzɔe be Xanameel si nye Lewi-vi te ŋu dzra anyigba na etɔgã ƒe vi Yeremya si hã nye Lewi-vi, abe alesi wòdze le Yeremya 32:7 ene?

Yehowa gblɔ le Lewi-viwo ŋu na Aron be: “Naneke manye tɔwò le woƒe anyigba dzi o, eye màkpɔ gome aɖeke le [Israel-viwo] dome o.” (Mose IV, 18:20) Ke hã, wotsɔ du 48 hekpe ɖe woƒe lãnyiƒewo ŋu na Lewi-viawo ɖe Ŋugbedodonyigbaa ƒe teƒe vovovowo. Anatot, si nye du siwo wotsɔ na “nunɔla Aron-viwo” dometɔ ɖekae nye Yeremya dedu.—Yosua 21:13-19; Mose IV, 35:1-8; Kronika I, 6:39, 45.

Le Mose III, 25:32-34 la, míede dzesii be Yehowa na mɔfiame tɔxɛ ku ɖe Lewi-viwo ƒe ‘gomenɔamesi be woagbugbɔ aƒle’ woƒe anyigba alo aƒe ŋu. Edze ƒã be gome nɔ Lewi-viwo ƒe ƒome ɖekaɖekawo si be woanyi nunɔamesi aɖewo ƒe dome, azãe, eye woate ŋu adzra nunɔamesi aɖewo koŋ. Eme kɔ ƒã be gomenɔamesi sia lɔ anyigba dzadzra alo egbugbɔ ƒle ɖe eme. * Le go geɖe me la, kesinɔnu nɔa Lewi-viwo si eye wowɔa wo ŋudɔ abe alesi ko wònɔ le Israel-viwo ƒe to bubuawo hã mee ene.

Edze ƒã be Lewi-viwo nyi anyigba siwo nɔ wo si ƒe dome tso wo dzilawo gbɔ. Gake Lewi-viwo ɖeɖe dome koe ‘gomenɔamesi be woagbugbɔ aƒle’ yia edzi le. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, esi wònye womeɖe mɔ na wo be woadzra ‘gbeɖuƒe siwo le woƒe duwo ŋu o’ elabena ‘woawo ŋutɔ tɔ wonye ɖikaa’ ta la, anye anyigba siwo le duawo me ŋu koe woɖe mɔ ɖo na wo be woadzra alo woagbugbɔ aƒle.—Mose III, 25:32, 34.

Eyata anɔ eme be ɖoɖo si nye be Lewi-vi ate ŋu agbugbɔ eƒe anyigba aƒle tso Lewi-vi bubu si, ƒe ɖoɖo nue anyigba si Yeremya ƒle le Xanameel si nɔ. Anye dua mee anyigbaa nɔ. Yehowa ŋutɔ ɖo kpe ‘anyigba’ si ŋutinya gblɔm míele la dzi be enye Xanameel tɔ eye be ‘gomenɔamesi be woagbugbɔ aƒlee’ nɔ Yeremya si. (Yeremya 32:6, 7) Yehowa zã anyigba gbugbɔƒle ƒe ɖoɖo sia le kpɔɖeŋumɔnu tsɔ ɖo kpe ŋugbe si wòdo na Israel-viwo dzi be ne woƒe aboyomenɔɣia va yi la, ke woatrɔ agbɔ ava xɔ anyigba si ƒe dome wonyi la.—Yeremya 32:13-15.

Naneke meɖee fia be ɖe Xanameel xɔ anyigba si le Anatot la madzemadzee o. Naneke hã meɖee fia be ɖe Xanameel da le Yehowa ƒe se dzi to Yeremya kpekpe be wòava ƒle anyigba sia si le Anatot la o, alo be Yeremya zã nu gbugbɔ ƒle ƒe gomenɔamesia le mɔ gbegblẽ nu le anyigba sia ƒeƒle me o.—Yeremya 32:8-15.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 4 Le ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. me la, Lewi-vi si ŋkɔe nye Barnaba dzra anyigba si nye eya ŋutɔ tɔ eye wòtsɔ ga la na be woatsɔ akpe ɖe Kristo yomedzela siwo le Yerusalem siwo hiã tu la ŋu. Anye Palestina alo Kipro ye anyigba la nɔ. Alo anɔ eme be ameɖibɔ aɖe si nɔ Yerusalem nuto me ye Barnaba ƒle.—Dɔwɔwɔwo 4:34-37.