Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖua—Aleke Woaɖui?

Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖua—Aleke Woaɖui?

Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖua—Aleke Woaɖui?

ESI Kristotɔ apostolo Paulo nɔ numeɖeɖe si de to nam ku ɖe Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖua ŋu la, eŋlɔ bena: “Nye la, nusi mexɔ tso Aƒetɔ la gbɔ la, metsɔ de asi na mi bena, Aƒetɔ Yesu le zã, si me wofia eyome mɔ la, etsɔ abolo ɖe asi, eye esi wòda akpe le eta la, eŋe eme gblɔ bena: ‘Mixɔe ɖu, esiae nye nye ŋutilã, si [wona] le mia ta; miwɔ esia, ne miatsɔe aɖo ŋku dzinye.’ Nenema ke wòtsɔ kplu le nuɖuɖu la megbe hegblɔ bena: ‘Esiae nye nubabla yeye ƒe kplu le nye ʋu me; miwɔ esia, zi alesi mianoe la, ne miatsɔe aɖo ŋku dzinye.’ Elabena zi alesi mieɖua abolo sia, eye mienoa nu le kplu sia nu la, miele gbeƒã ɖem Aƒetɔ la ƒe ku, halase esime wòava va.”—Korintotɔwo I, 11:23-26.

Abe alesi Paulo gblɔe ene la, Yesu ɖo Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖua anyi ‘le zã, si me Yuda Iskariot ade Yesu asi’ na Yuda-subɔsubɔhakplɔla siwo ƒoe ɖe Romatɔwo nu be woaklã Kristo ɖe ati ŋu. Yawoɖa, March 31, ƒe 33 M.Ŋ., ƒe fiẽ mee woɖu aza la. Yesu ku le fuwɔameti ŋu le Fiɖa, April 1, ƒe ɣetrɔ me. Esi wònye be le Yudatɔwo ƒe ɣletigbalẽ nu la, ŋkekea dzea egɔme tso fiẽ hewua enu le ŋkeke si kplɔe ɖo ƒe fiẽ ta la, Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖua kple Yesu Kristo ƒe kua siaa dzɔ le ŋkeke ɖeka dzi—si nye Nisan 14, ƒe 33 M.Ŋ.

Wobia tso aboloa ɖulawo kple wein la nolawo si be ‘woanɔ esia wɔm’ atsɔ anɔ ŋku ɖom Yesu dzii. Biblia bubu aɖe ɖe Yesu ƒe nyawo gɔme ale: “Miwɔ esia atsɔ aɖo ŋku dzinyee.” (Korintotɔwo I, 11:24, The Jerusalem Bible) Wogayɔa Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖua hã be Kristo ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzi.

Nukata Woanɔ Ŋku Ðom Yesu ƒe Ku Dzii?

Míate ŋu aɖo nya sia ŋu ne míese nusi eƒe kua fia gɔme. Yesue nye amesi ʋli Yehowa ƒe dziɖulanyenye ta wu amesiame hafi ku. Eyata eto esia me ɖee fia be nya si Satana gblɔ be amegbetɔwo subɔa Mawu le woa ŋutɔwo ƒe ɖokuitɔdidi ta ko la nye alakpa. (Hiob 2:1-5; Lododowo 27:11) Esi amegbetɔ debliboe Yesu nye hafi ku ta la, ‘etsɔ eƒe agbe na ɖe ame geɖewo ƒe xɔxɔ ta hã.’ (Mateo 20:28) Esi Adam wɔ nuvɔ̃ ɖe Mawu ŋu la, ebu amegbetɔ ƒe agbe deblibo kple mɔkpɔkpɔ siwo katã kpe ɖe eŋuti la. Gake ‘Mawu lɔ̃ [amegbetɔƒomea ƒe] xexeame ale gbegbe bena, wòtsɔ ye ŋutɔ ƒe Tenuvi hena, bena amesiame, si xɔa edzi sena la, mele tsɔtsrɔ̃ ge o, ke boŋ wòakpɔ agbe mavɔ.’ (Yohanes 3:16) Le nyateƒe me la, “nuvɔ̃ la ƒe fetue nye ku; ke Mawu ƒe amenuvevenunana la enye agbe mavɔ le Kristo Yesu, mía Aƒetɔ me.”—Romatɔwo 6:23.

Eyata Yesu Kristo ƒe kua ɖe lɔlɔ̃ gãtɔ kekeake eveawo fia—siwo nye lɔlɔ̃ gã si Yehowa ɖe fia ameƒomea to Via tsɔtsɔ na me kple Yesu ƒe ɖokuitsɔtsɔsavɔ si me lɔlɔ̃ le si wòɖe fia to eƒe amegbetɔ ƒe agbe si wòtsɔ ɖo anyi faa ɖe amegbetɔƒomea ta. Yesu ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia nana be lɔlɔ̃ gã eve siawo siwo woɖe fia me kɔna na mí nyuie wu. Esi wònye míawoe woɖe lɔlɔ̃ sia fia ta la, ɖe mele be míaɖe míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ afia ɖe eŋu oa? Mɔ ɖeka si dzi míato aɖe esia afia enye be míade Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖua ɖuƒe.

Nusi Abolo Kple Wein la Le Tsitre Ði Na

Esi Yesu nɔ Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖua ɖom anyi la, ezã abolo kple wein dzĩ wonye kpɔɖeŋunuwo, alo dzesiwo. Yesu tsɔ abolo, eye “esi wòda akpe le eta la, eŋe eme gblɔ bena: ‘Mixɔe ɖu, [abolo] siae nye nye ŋutilã, si [wona] le mia ta.’” (Korintotɔwo I, 11:24) Esi tsi kple amɔwɔ si womede amɔʋãnui o ye wozã tsɔ ƒo aboloae ta la, enɔ ƒuƒui, eye ɖe wòle be woaŋee bene woamae le wo nɔewo dome hafi aɖu. Le Ŋɔŋlɔawo me la, amɔʋãnu nyea nuvɔ̃ ƒe kpɔɖeŋu. (Mateo 16:11, 12; Korintotɔwo I, 5:6, 7) Nuvɔ̃ menɔ Yesu ŋu o. Eyata eƒe ŋutilã debliboa sɔ ŋutɔ na tafevɔsa ɖe ameƒomea ta. (Yohanes I, 2:1, 2) Aleke gbegbee wòsɔe nye esi be womede amɔʋãnu abolo si wozã tsɔ wɔ kpɔɖeŋu na Kristo ƒe ŋutilãe me o!

Yesu tsɔ kplu si me wein dzĩ si wometsɔ naneke tsakae o le, eye wògblɔ be: “Esiae nye nubabla yeye ƒe kplu le nye ʋu me.” (Korintotɔwo I, 11:25) Wein dzĩ si le kplua me tsi tre ɖi na Yesu ƒe ʋu. Abe alesi ko nyitsu kple gbɔ̃ siwo wotsɔ sa vɔe ƒe ʋu sɔ ɖe Se ƒe nubabla si nɔ Mawu kple Israel-dukɔa dome le ƒe 1513 D.M.Ŋ. me nu ene la, nenema kee Yesu ƒe ʋu si wòkɔ ɖe anyi le ku me hã ɖo kpe nubabla yeyea dzii.

Amekawoe Aɖui?

Be míanya amesiwo dze aɖu Ŋkuɖodzia ƒe kpɔɖeŋunuawo la, ele be míase nusi nubabla yeyea nye gɔme ahanya amesiwo nye emenɔlawo. Biblia gblɔ be: “Yehowa be: Kpɔ ɖa, ŋkeke li gbɔna, eye mabla nu yeye kple Israel ƒe aƒe kpakple Yuda ƒe aƒe. . . . Matsɔ nye se la ade woƒe dɔ me, eye maŋlɔe ɖe woƒe dzi ŋu, manye Mawu na wo, eye woawo nanye nye dukɔ. . . . Matsɔ woƒe vodadawo ake wo, eye nyemagaɖo ŋu woƒe nuvɔ̃wo azɔ o.”—Yeremya 31:31-34.

Nubabla yeyea na be wova le kadodo tɔxɛ aɖe me kple Yehowa Mawu. To nubabla sia dzi la, amewo ƒe ƒuƒoƒo aɖe va zu eƒe dukɔ eye wòzu woƒe Mawu. Woŋlɔ Yehowa ƒe sea ɖe wo me, ɖe woƒe dzi me, eye amesiwo menye Yudatɔ siwo wotso aʋa na o gɔ̃ hã ate ŋu ava nɔ nubabla yeyea ƒe ƒomedodoa me kple Mawu. (Romatɔwo 2:29) Biblia ŋlɔla Luka ŋlɔ be Mawu ɖo tame be ‘Yeatrɔ ɖe trɔ̃subɔlawo ŋu axɔ dukɔ tso wo dome na eƒe ŋkɔ la.’ (Dɔwɔwɔwo 15:14) Petro I, 2:10 gblɔ be, ‘womenye dukɔ tsã o; ke azɔ la wonye Mawu ƒe dukɔ.’ Ŋɔŋlɔawo gblɔ le wo ŋu be wonye “Mawu ƒe Israel,” si nye gbɔgbɔ me Israel. (Galatiatɔwo 6:16; Korintotɔwo II, 1:21) Eyata nubabla yeyea nye nubabla si le Yehowa Mawu kple gbɔgbɔ me Israel dome.

Le zã mamlɛtɔ si Yesu nɔ anyi kple eƒe nusrɔ̃lawo me la, eya hã bla nu bubu kpli wo. Egblɔ na wo be: “Nye la mele nu blam kpli mi, abe alesi Fofonye hã blae kplim ene.” (Luka 22:29, NW) Fiaɖuƒe ƒe nubablae esia nye. Amegbetɔ madeblibo siwo le Fiaɖuƒe nubabla sia me ƒe xexlẽmee nye 144,000. Ne wofɔ wo ɖe tsitre yi dziƒo la, woanye fiawo kple nunɔlawo aɖu dzi kple Kristo. (Nyaɖeɖefia 5:9, 10; 14:1-4) Eyata amesiwo le nubabla yeyea me kple Yehowa Mawu hã le Fiaɖuƒe nubabla me kple Yesu Kristo. Woawo koe nye amesiwo dze aɖu Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖua ƒe kpɔɖeŋunuawo.

Aleke amesiwo dze aɖu Ŋkuɖodzia ƒe kpɔɖeŋunuawo awɔ anya be yewole ƒomedodo tɔxɛ aɖe me kple Mawu eye be yewonye Kristo ƒe hatidziɖulawo? Paulo ɖe esia me be: “Gbɔgbɔ [kɔkɔe] la ŋutɔ ɖia ɖase kpena ɖe míaƒe gbɔgbɔ [míaƒe susu ƒe nuŋububu ƒe nɔnɔme] la ŋu bena, mawuviwo míenye. Ke ne viwo míenye la, ekema domenyilawo hã míenye: Mawu ƒe domenyilawo kple Kristo ƒe hadomenyilawo, ne ele ale bena, míekpe fu kplii, bene mía ŋuti nakɔ hã kplii.”—Romatɔwo 8:16, 17.

Mawu to eƒe gbɔgbɔ kɔkɔe, alo dɔwɔŋusẽa, dzi si ami na Kristo ƒe hadomenyilawo. Esia na woka ɖe edzi ŋutɔŋutɔ be yewonye Fiaɖuƒea ƒe fiawo. Ena be dziƒomɔkpɔkpɔ va le Kristotɔ amesiaminawo si. Wobunɛ be yewo ŋue nusi Biblia gblɔ tso dziƒogbenɔnɔ ŋu la ku ɖo. Gawu la, wolɔ̃ faa be yewoatsɔ nusiwo katã ku ɖe anyigba ŋu, siwo dometɔ aɖewoe nye agbenɔnɔ le anyigba dzi kple ƒomedodo siwo katã me wole kple amegbetɔwo la, asa vɔ̃e. Togbɔ be Kristotɔ siwo wotsɔ gbɔgbɔ si ami na nyae be agbenɔnɔ le Paradiso me avivi hã la, menye eyae nye woƒe mɔkpɔkpɔ o. (Luka 23:43) Menye subɔsubɔnukpɔsusu siwo meda sɔ o ye na mɔkpɔkpɔ sia wo o, ke boŋ Mawu ƒe gbɔgbɔe na wo, dziƒomɔkpɔkpɔ si matrɔ gbeɖe o ye le wo si, eyatae wodze na Ŋkuɖodzi ƒe kpɔɖeŋunuawo ɖuɖu ɖo.

Tsɔe be ame aɖe meka ɖe edzi tututu be yele nubabla yeyea kple Fiaɖuƒe nubabla la me o. Ke ne Mawu ƒe gbɔgbɔa meɖia ɖase nɛ be enye Kristo ƒe hadomenyila o ya ɖe? Ekema manyo be wòaɖu Ŋkuɖodzia ƒe kpɔɖeŋunuawo o. Nyateƒee be Mawu ado dziku ɖe amesi nyae be fiaɖuɖu kple nunɔlanyenye le dziƒo ƒe gome mele ye si o evɔ wòwɔ eɖokui abe ɖe wòle esi ene la ŋu.—Romatɔwo 9:16; Nyaɖeɖefia 22:5.

Zi Nenie Woaɖui?

Ðe wòle be woanɔ Yesu ƒe ku ƒe ŋkuɖodzizãa ɖum kwasiɖa sia kwasiɖa alo ɖewohĩ gbesiagbe gɔ̃ hã? Míenyae nyuie be Kristo ɖo Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖua anyi eye wowui madzemadzee le Ŋutitotoŋkekenyuia dzi. Zi ɖeka koe woɖua Ŋutitotoŋkekenyuia le ƒea me, le Nisan 14 lia dzi wònyea ŋkuɖoɖo Israel-viwo ƒe ɖeɖekpɔkpɔ tso Egiptetɔwo ƒe dziɖuɖu te dzi na wo. (Mose II, 12:6, 14; Mose III, 23:5) Eyata zi ɖeka koe wòle be míaɖo ŋku Kristo “míaƒe ŋutitotolẽvi” la dzi le ƒea me, ke menye kwasiɖa sia kwasiɖa alo gbesiagbe o. (Korintotɔwo I, 5:7) Ne Kristotɔwo le ŋku ɖom Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖua dzi la, wozɔna ɖe ɖoɖo si nu Yesu zɔ ɖo le eɖoɖo anyi me dzi.

Ke nukae Paulo ƒe nya siawo fia: “Zi alesi mieɖua abolo sia, eye mienoa nu le kplu sia nu la, miele gbeƒã ɖem Aƒetɔ la ƒe ku, halase esime wòava va”? (Korintotɔwo I, 11:26) Nya si Paulo zã le kpukpui sia me la fia “ɣesiaɣi.” Eyata ɖe wònɔ gbɔgblɔm be ɣesiaɣi si Kristotɔ amesiaminawo ɖu kpɔɖeŋunuawo la, woaɖe woƒe xɔse afia ɖe Yesu ƒe tafevɔsa la ŋu.

Kristotɔ amesiaminawo anɔ ŋku ɖom Kristo ƒe kua dzi “halase esime wòava va.” Azã sia ɖuɖu ayi edzi vaseɖe esime Yesu nava xɔ eyomedzela amesiaminawo ɖe dziƒo to wo fɔfɔ ɖe tsitre ɖe gbɔgbɔmegbenɔnɔ me le eƒe ‘anyinɔɣi’ la me. (Tesalonikatɔwo I, 4:14-17) Esia wɔ ɖeka kple Kristo ƒe nya siwo wògblɔ na eƒe apostolo 11 wɔnuteƒeawo be: “Ne meyi, eye medzra teƒe ɖo ɖi na mi la, magava, eye maxɔ mi ɖe nye ŋutɔ gbɔnye, bena afisi nye la mele la, miawo hã mianɔ afima.”—Yohanes 14:3.

Gɔmesese Kae Le Eŋu na Wò?

Ðe wòhiã kokoko be nàɖu Ŋkuɖodzia ƒe kpɔɖeŋunuwo be Yesu ƒe vɔsa naɖe vi na wò ale be agbe mavɔ nasu asiwò le anyigba dzia? Ao. Nya aɖeke mele Biblia me si ɖee fia be ne wofɔ mawuvɔ̃lawo abe Noa, Abraham, Sara, Isak, Rebeka, Yosef, Mose, kple Dawid ene ɖe tsitre vɔ la, woaɖu kpɔɖeŋunu siawo o. Ke hã, wodi tso amesiawo kple ame bubu siwo katã di be yewoanɔ agbe tegbee le anyigba dzi si be woaxɔ Mawu kple Kristo kpakple Yehowa ƒe nunana si nye Yesu ƒe tafevɔsaa dzi ase. (Yohanes 3:36; 14:1) Ele be xɔse ma tɔgbe nanɔ asiwò ne èdi be yeakpɔ agbe mavɔ. Ne ède Kristo ƒe ku ƒe ŋkuɖodzi si míeɖuna ƒe sia ƒe la, awɔe be nàɖo ŋku vɔsa gã sia dzi eye wòana be wò ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe eŋu nagade to ɖe edzi.

Apostolo Yohanes te gbe ɖe vevienyenye si le Yesu ƒe vɔsa ŋu dzi esi wògblɔ be: “Meŋlɔ nusiawo ɖo ɖe mi [hati amesiaminawo], bene miagawɔ nuvɔ̃ o. Eye ne ame aɖe wɔ nuvɔ̃ la, nyaxɔɖakɔla le mía si le Fofoa gbɔ, eyae nye Yesu Kristo, dzɔdzɔetɔ la. Eye eya kee nye avuléle le míaƒe nuvɔ̃wo ŋuti; ke menye le mía tɔ ŋuti ɖeɖeko o, ke boŋ le xexe blibo la katã hã tɔ ŋuti.” (Yohanes I, 2:1, 2) Amesiaminawo ate ŋu agblɔ be Yesu ƒe vɔsa la nye avuléle ɖe yewoƒe nuvɔ̃wo ta. Gake vɔsaa kee lé avu ɖe xexe bliboa ƒe nuvɔ̃ ta, si wɔe be ameƒomea me tɔ toɖolawo ate ŋu akpɔ agbe mavɔ!

Ànɔ amesiwo ayi Kristo ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia si woaɖu le April 4, 2004, dzi la domea? Yehowa Ðasefowo awɔ esia le xexeame katã le woƒe kpekpewɔƒewo. Ne èyi la, àse Biblia me nuƒo vevi aɖe si aɖe vi geɖe na wò. Woaɖo ŋku nusi gbegbe Yehowa Mawu kple Yesu Kristo wɔ na mí dzi na wò. Aɖe vi na wò hã le gbɔgbɔ me ne èƒo ƒu ɖekae kple amesiwo tsɔa ɖe le Mawu kple Kristo kpakple Yesu ƒe tafevɔsa la me vevie. Wɔna la ado ŋusẽ wò didi vevie be yeanye Mawu ƒe amenuveve, si kplɔa ame yia agbe mavɔ me, la xɔla. Mègana naneke naxe mɔ na wò gbeɖe o. Nɔ azã dodzidzɔname sia si nyea bubu na míaƒe Dziƒofofo, Yehowa Mawu, hedoa dzidzɔ nɛ la teƒe.

[Nɔnɔmetata si le axa 5]

Yesu ƒe kua ɖe lɔlɔ̃ gãtɔ kekeake eveawo fia

[Nɔnɔmetata si le axa 6]

Abolo maʋamaʋã kple wein la nye kpɔɖeŋu siwo sɔ na Yesu ƒe ŋutilã si ŋu nuvɔ̃ mele o kple eƒe ʋu si wòkɔ ɖi