Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Azã aɖe si Ka Wò

Azã aɖe si Ka Wò

Azã aɖe si Ka Wò

ESI Yesu Kristo nɔ anyigba dzi la, eɖo azã aɖe si nyea bubu na Mawu anyi. Esia koe nye mawusubɔsubɔzã si wògblɔ na eyomedzelawo be woaɖu. Eyae nye Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖu la, si wogayɔna be Fiẽnuɖuɖu Mamlɛa.

Tsɔe be wò ŋutɔ ènɔ eteƒe kpɔ wɔna siwo do ŋgɔ na azã la. Yesu kple eƒe apostolowo va ƒo ƒu ɖe dziƒoxɔ aɖe me le Yerusalem hena Yudatɔwo ƒe Ŋutitotoŋkekenyui la ɖuɖu. Woɖu nusiwo woɖuna ɖaa le Ŋutitotoŋkekenyuia ɖuɖu me vɔ, siwo nye alẽvi memee, ama vevewo, abolo maʋamaʋã, kple wein dzĩ. Wona apostolo mawɔnuteƒe Yuda Iskariot do go, eye eteƒe madidi o, afia eƒe Aƒetɔa yome mɔ. (Mateo 26:17-25; Yohanes 13:21, 26-30) Yesu kple eƒe apostolo 11 wɔnuteƒeawo koe susɔ. Mateo nye wo dometɔ ɖeka.

Mateo, si ŋutɔ nye azãa teƒekpɔla, ƒe nuŋlɔɖia gblɔ be ale Yesu ɖo Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖua anyi enye esi: “Yesu tsɔ abolo [maʋamaʋãa ƒe ɖe] ɖe asi, eye esi wògblɔ akpedanya la, eŋe eme hetsɔ na nusrɔ̃lawo gblɔ bena: Mixɔe ɖu! Esia nye nye ŋutilã! Eye wòtsɔ [wein] kplu ɖe asi, eye esi wòda akpe le eta la, etsɔe na wo gblɔ bena: Mi katã mino le enu; elabena esiae nye nye ʋu, si nye nubabla yeye la tɔ, si wokɔ ɖe anyi le ame geɖewo ŋuti hena nuvɔ̃keke la.”—Mateo 26:26-28.

Nukatae Yesu ɖo Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖua anyi? Esi wòle eɖom anyi la, nukatae wòzã abolo maʋamaʋã kple wein dzĩ? Kristo yomedzelawo katãe wòle be woaɖu kpɔɖeŋunuawoa? Zi nenie wòle be woaɖu azã sia? Eye ɖe gɔmesese ŋutɔŋutɔ aɖe le eŋu na wòa?