Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ehud Ŋe Ameteɖeanyila Ƒe Kɔkutia

Ehud Ŋe Ameteɖeanyila Ƒe Kɔkutia

Ehud Ŋe Ameteɖeanyila Ƒe Kɔkutia

DZINƆAMEƑO kple ayedzedze ƒe ŋutinya vavãe ŋutinya sia nye. Edzɔ anɔ abe ƒe 3,000 ene enye esia. Nuŋlɔɖi si le Ŋɔŋlɔawo me dze egɔme ale: “Ke esi Israel-viwo gade asi nusi medze Yehowa ŋu o wɔwɔ me la, Yehowa do ŋusẽ Eglon, Moab-fia ɖe Israel-viwo ŋu, elabena wowɔ nusi medze Yehowa ŋu o. Eye wòda Amon-viwo kple Amalekitɔwo kpe ɖe eɖokui ŋu, eye woho aʋa va si Israel, eye woxɔ devedu la. Israel-viwo subɔ Moab-fia Eglon ƒe wuienyi sɔŋ.”—Ʋɔnudrɔ̃lawo 3:12-14.

Moabitɔwo ƒe anyigba le Yordan-tɔsisia kple Ƒukukua ƒe ɣedzeƒe gome. Gake wotso tɔsisia hexɔ nuto si le Yerixo ŋu, si nye “devedu” la, si wɔe be Israel-viwo zu kluvi na wo. (Mose V, 34:3) Moab-fia, Eglon, si nye “ame lolo dami aɖe” la, zi Israel-viwo dzi be woanɔ adzɔ gbogbo ɖigbɔame xem nɛ anye ƒe blave kloe nye ema. (Ʋɔnudrɔ̃lawo 3:17) Gake eƒe adzɔa biabia na mɔnukpɔkpɔ wo be woawu ŋutasẽla sia.

Nuŋlɔɖia gblɔ be: “Ke esi Israel-viwo do ɣli yɔ Yehowa la, Yehowa ɖo xɔnametɔ na wo, Ehud, ŋutsu miawɔla, si nye Benyamintɔ, Gera ƒe vi. Eye Israel-viwo tsɔ nudzɔdzɔ de esi ɖo ɖe Moab-fia Eglon.” (Ʋɔnudrɔ̃lawo 3:15) Yehowa ŋutɔe anya kpɔ egbɔ be Ehud ye wotia be wòatsɔ adzɔa ayii. Womegblɔe ne etsɔ adzɔa yii kpɔ o. Gake alesi Ehud dzra ɖo ɖe eƒe gododo fia Eglon ŋu kple ayemenu siwo wòwɔ la ate ŋu ana míasusui be enya nane tso Eglon ƒe fiasã la kple nusi wòate ŋu akpɔ mɔ na le afima ŋu. Miawɔla si Ehud nye la wɔ akpa vevi aɖe le nugbe si wòɖo me.

Nuwɔametɔe Loo alo Aʋawɔlae?

Nyagbe “miawɔla” gɔmeɖeɖe ŋutɔŋutɔe nye ‘nusi nu wotu nu ɖo, nuwɔametɔ, alo nuɖusi babla na ame.’ Ðe esia fia be Ehud nye nuwɔametɔ, ɖewohĩ be nane gblẽ le eƒe nuɖusi ŋua? Bu nusi Biblia gblɔ le miawɔla “alafa adre” siwo wotia le Benyamin-toa me ŋu kpɔ. Ʋɔnudrɔ̃lawo 20:16 gblɔ be: “Wo dome amesiame tea ŋu da akafo ƒoa taɖaku ɖeka hã, eye meda dadagbo o.” Anɔ eme baa be alesi wobi le aʋawɔwɔ me tae wotia wo ɖo. Biblia-nyala aɖewo gblɔ be “miawɔla” fia “amesi zãa eƒe miasi nyuie abe nuɖusi ke ene.”—Ʋɔnudrɔ̃lawo 3:15, The Douay Version.

Le nyateƒe me la, wonya Benyamin-toa nyuie be miawɔlawo sɔ gbɔ le afima. Kronika I, 12:1, 2 ƒo nu tso Benyamintɔ “kalẽtɔawo, [amesiwo kpe ɖe Dawid ŋu] le aʋa me; wonye aŋutrɔdalawo, amesiwo nya ɖusiwɔwɔ kple miawɔwɔ le kpedada kple aŋutrɔdada me” ŋu. Numekugbalẽ aɖe gblɔ be hafi ame nate ŋu abi alea la, “woblaa eƒe nuɖusibɔwo esime wònye ɖevi sue—abe ɖe ‘woxe mɔ ɖe eƒe nuɖusi nu ene’—eye wofianɛ alesi wòanɔ ŋudzɔ ɖe eɖokui ŋu kple eƒe miasi.” Futɔ aʋawɔla siwo zãa nuɖusie wona hehe Israel-viwo be woakpe akɔ kple. Eyata hehe si ame xɔ le tenɔnɔ ɖe eƒe futɔwo nu ate ŋu azu nu dzodzro kloe ne eva do go aʋawɔla aɖe si nye miawɔla.

“Nya Ɣaɣla aɖe” na Fia La

Nu gbãtɔ si Ehud wɔe nye be ewɔ “adekpui aɖe”—yi nuevee aɖe si le sue nyuie ale be wòate ŋu adee eƒe awu me. Ðewohĩ anɔ mɔ kpɔm be woaka ye ŋu. Zi geɖe la, miamee aʋawɔlawo kplaa woƒe yiwo ɖo elabena amesiwo wɔa ɖusi la ate ŋu aɖe wo le afima kaba ahazã wo. Esi miawɔlae Ehud nye ta la, eɣla eƒe lãnua “ɖe ɖusiklito le eƒe awu ʋlaya te” afisi fia ŋu dzɔlawo melɔ̃a kaka o. Esia wɔe be “wòtsɔ nudzɔdzɔ la vɛ na Moab-fia Eglon” kuxi aɖeke manɔmee.—Ʋɔnudrɔ̃lawo 3:16, 17.

Womegblɔ nusiwo dzɔ le Eglon ƒe fiasãa me esime wòde zi gbãtɔa o. Ðeko Biblia gblɔ be: “Esi [Ehud] tsɔ nudzɔdzɔ la na vɔ la, ekplɔ amesiwo tsɔ nudzɔdzɔ vɛ la, yi ɖaɖo ɖa.” (Ʋɔnudrɔ̃lawo 3:18) Ehud tsɔ nudzɔdzɔa na, eyome ekplɔ amesiwo tsɔ nudzɔdzɔa vɛ na Eglon la yi ɖaɖo ɖa le teƒe aɖe si didi tso fiasã la gbɔ, eye eya ŋutɔ gbugbɔ trɔ va fiasãa me. Nukatae? Eƒe dedienɔnɔ tae wòkplɔ ameawo yia, alo nusi wolɔ̃a wɔwɔ dzro koea, alo ɖewohĩ adzɔnuawo tsɔlawo koe wonyea? Eye ɖe wòdi be woadzo ayi dedie hafi yeawɔ nusi yeɖo ɖe tamea? Eɖanye nuka kee nɔ susu me na Ehud o, eya ɖeɖe trɔ gbɔ va fiasãa me.

“[Ehud] trɔ le legba, siwo le Gilgal la gbɔ va gblɔ bena: Fia, nya ɣaɣla aɖe le asinye na wò!” Ŋɔŋlɔawo meɖe alesi wòwɔ hafi wogaɖe mɔ nɛ wòtrɔ va Eglon gbɔ me o. Ðe fia ŋu dzɔlawo manya bui be susu vɔ̃e le tame nɛ oa? Ðe wòanye be wosusui be Israel-vi ɖeka pɛ mate ŋu awɔ naneke yewoƒe aƒetɔa oa? Ðe Ehud ɖeɖe ƒe tɔtrɔgbɔ ana woasusui be ɖe wòva eƒe dukɔmeviwo gɔme zɔ ge na fiaa? Aleke kee wòɖale o, Ehud di be ye kple fia la yewoaɖe kpɔ, eye woɖe mɔ nɛ.—Ʋɔnudrɔ̃lawo 3:19.

Nuŋlɔɖi si tso gbɔgbɔ me yi edzi be: “Ehud yi [Eglon gbɔ] esime wòle dziƒoxɔ, si me eya ɖeka nɔna xɔa ya la me. Ehud gblɔ nɛ bena: Mehe Mawu ƒe gbe vɛ na wò!” Menye gbedasi aɖe si Mawu be woagblɔ nɛ ye Ehud wɔnɛ o. Alesi Ehud azã eƒe adekpui lae nɔ susu me nɛ. Esi ɖewohĩ fia la nɔ mɔ kpɔm be gbe aɖe tso yeƒe mawu Kemos gbɔ na ye ta la, “[etsi] tre tso eƒe zikpui la dzi.” Enumake Ehud ɖe eƒe lãnua do goe heƒoe ɖe dɔme na Eglon. Edze ƒã be ati aɖeke metso ga ɖe asiléƒea kple hɛa ŋutɔ dome o. Esia tae “atia ke hã bu ɖe me, eye ami nyè tsyɔ adekpui la; . . . elabena [eƒe dɔmenuwo] do go ɖe megbe,” ɖewohĩ dɔmenuawo do go to abi si Eglon xɔ me alo woto eƒe dɔkawo me do go.—Ʋɔnudrɔ̃lawo 3:20-22.

Esi Dzo Bɔbɔe

Ehud megblẽ ɣeyiɣi be yeaɖe yeƒe yia atsɔ dzoe o, ɖeko “Ehud [to yatoƒea, NW] do go ɖe akpata me, eye wòde ga dziƒoxɔ la ƒe ʋɔtru me ɖe enu. Esi wòdo go la, [Eglon ƒe] dɔlawo va, eye wokpɔ bena, dziƒoxɔ la ƒe ʋɔtruwo le dodo; eyata wobu be, afɔdzi dem wòanya le le yaxɔƒe la.”—Ʋɔnudrɔ̃lawo 3:23, 24.

Nukae nye ‘yatoƒe’ si Ehud to si dzo? Numekugbalẽ aɖe gblɔ be: “Míenya nusi [Hebrigbe me nya sia] fia ŋutɔŋutɔ o, gake wodo susua ɖa be ate ŋu anye ‘xɔdomemɔ,’ alo ‘xɔxɔnu’ aɖe.” Ðe Ehud do ʋɔa ɖe xɔa me eye emegbe wòto mɔ bubu aɖe dzoa? Alo ɖe wòtsɔ safui aɖe si wòɖe le fia si ku la ŋu tsɔ do ʋɔa ɖe xexea? Ðe wòzɔ va to dzɔlawo ŋu ko abe ɖe naneke medzɔ o enea? Ŋɔŋlɔawo megblɔe o. Gake eɖanye mɔnu kae Ehud anya zã o, Eglon ƒe subɔlawo mesusu naneke enumake esi wokpɔ be ʋɔawo le tutu o. Ðeko wosusui be fia la nɔ “afɔdzi dem.”

Esime fia ƒe subɔlawo nɔ lalam la, Ehud si dzo. Emegbe eyɔ eƒe dukɔmeviwo ƒo ƒu hegblɔ na wo be: “Mikplɔm ɖo kaba, elabena Yehowa tsɔ miaƒe futɔ Moabitɔwo de asi na mi!” Ehud ƒe amewo xe Yordan-tɔsisia tsoƒewo ale be Moabitɔ siwo nu kplɔla aɖeke megale o la magate ŋu asi ayi wode du me o. Esia wɔe be “[Israel-viwo wu] Moabitɔwo anɔ ame akpe ewo ɣemaɣi, ŋutsu, siwo nye ame kakowo kple aʋamewo, eye ame ɖeka hɔ̃ hã mesi o. Ale Moabitɔwo ge ɖe Israel ƒe asi te ɣemaɣi, eye anyigba dzi fa ƒe blanyi sɔŋ.”—Ʋɔnudrɔ̃lawo 3:25-30.

Nusɔsrɔ̃ Siwo Le Eme na Mí

Nusi dzɔ le Ehud ƒe ɣeyiɣia me la fia mí be nu gbegblẽwoe ado tso eme na mí ne míewɔ nusi Yehowa bu be menyo o. Gake Yehowa kpena ɖe amesiwo trɔa dzime hetrɔna ɖe eyama ŋu la ŋu.

Menye alesi gbegbee Ehud dze aɖaŋu tae nugbe si wòɖo va eme o, eye menye esi futɔawo mele ŋudzɔ ɖe wo ɖokuiwo ŋu o hã tae o. Menye amegbetɔwo ƒe ŋutetee ana Mawu ƒe tameɖoɖo nava eme o. Nusi koŋ na Ehud kpɔ dzidzedzee nye be Mawu nɔ megbe nɛ esi wòwɔ nu wòsɔ kple Eƒe tameɖoɖo matrɔmatrɔ be yeana ablɔɖe Yeƒe amewo. Mawue ɖo Ehud, “eye ne Yehowa ɖo ʋɔnudrɔ̃la na [eƒe amewo] la, Yehowa nɔa anyi kple ʋɔnudrɔ̃la la.”—Ʋɔnudrɔ̃lawo 2:18; 3:15.