Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nya Vevi Siwo Tso Mose ƒe Agbalẽ Evelia Me

Nya Vevi Siwo Tso Mose ƒe Agbalẽ Evelia Me

Yehowa ƒe Nya la Le Agbe

Nya Vevi Siwo Tso Mose ƒe Agbalẽ Evelia Me

ABLƆÐENANA amesiwo dzi ‘wozi nublanuitɔe’ be “woawɔ dɔ sesẽ” ƒe ŋutinya ŋutɔŋutɔe. (Mose II, 1:13) Eganye alesi dukɔ aɖe wɔ va dzɔ ƒe nuŋlɔɖi wɔdɔɖeamedzi aɖe hã. Nu lédziname siwo ŋu wòƒo nu tsoe dometɔ aɖewoe nye nukunu siwo na amewo ƒe mo wɔ yaa, se siwo dzi wɔwɔ ɖea vi gãtɔ kekeake, kple avɔgbadɔa tutu. Nya siawoe nye nya vevi siwo le Biblia-gbalẽ si nye Mose ƒe Agbalẽ Evelia me.

Hebri nyagblɔɖila Mose ye ŋlɔ Mose ƒe Agbalẽ Evelia si ƒo nu tso nusiwo dzɔ ɖe Israel-viwo dzi le ƒe siwo wu 145 me—tso Yosef ƒe ku le ƒe 1657 D.M.Ŋ. me va ɖo ɣeyiɣi si wowu avɔgbadɔa tutu nu le ƒe 1512 D.M.Ŋ. me—ŋu. Ke hã, menye ŋutinya dzro koe nuŋlɔɖi si le eme la nye o. Enye Mawu ƒe nya, alo gbedasi na ameƒomea, ƒe akpa aɖe. Esi wòle alea ta la, “[ele] agbe, eye wòsẽa ŋu.” (Hebritɔwo 4:12) Eyata eme kɔ be viɖe ŋutɔŋutɔ le Mose ƒe Agbalẽ Evelia ŋu na mí.

“MAWU SE WOƑE KONYIFAFA”

(Mose II, 1:1–4:31)

Yakob ƒe dzidzimevi siwo nɔ Egipte la va sɔ gbɔ ale gbegbe be fia de se be woawɔ kluvidɔ ahakpe fu. Farao de se kura gɔ̃ hã be woawu Israel-viwo ƒe vidzĩ siwo katã nye ŋutsuviwo. Womewu Mose, vidzĩ si xɔ ɣleti etɔ̃, si Farao vinyɔnu va xɔ nyi ya o. Togbɔ be fiaƒemee wonyi Mose le hã, esi wòxɔ ƒe 40 la, eva nɔ eya ŋutɔ ƒe dukɔa ƒe akpa dzi hewu Egiptetɔ aɖe. (Dɔwɔwɔwo 7:23, 24) Esi wòva hiã be wòasi la, eyi Midian. Afimae wòɖe srɔ̃ hezu alẽkplɔla le. Yehowa de dɔ asi na Mose le ave aɖe si nɔ bibim nukutɔe gbɔ be wòagbugbɔ ayi Egipte aɖakplɔ Israel-viwo tso kluvinyenye me. Wotia foa, Aron, be wòanye eƒe nyanuɖela.

Ŋɔŋlɔawo me Biabiawo Ŋuɖoɖo:

3:1—Nunɔla ka ƒomevie Yetro nye? Le blemafofowo ƒe ɣeyiɣiwo me la, ƒome ɖesiaɖe ƒe ta wɔa nunɔladɔ na eƒe ƒomea. Edze ƒã be Yetro nye blemafofo si xɔ ŋgɔ le Midiantɔwo ƒe to aɖe me. Esi wònye Midiantɔwo nye Abraham ƒe dzidzimeviwo le esi wodzɔ tso Ketura me ta la, ɖewohĩ wonya nu tso Yehowa subɔsubɔ ŋu.—Mose I, 25:1, 2.

4:11—Mɔ ka nue Yehowa ‘wɔa aɖetututɔ, tokunɔ kple ŋkuagbãtɔ’ le? Togbɔ be Yehowa na ame aɖewo ƒe ŋku gbã hena ame aɖewo ƒe aɖe tu ɣeaɖeɣi hã la, menye eya gbɔe nuwɔame siawo dometɔ ɖesiaɖe tso o. (Mose I, 19:11; Luka 1:20-22, 62-64) Nuvɔ̃ ƒe dome si míenyi gbɔe esiawo tso. (Hiob 14:4; Romatɔwo 5:12) Gake esi Mawu ɖe mɔ nɔnɔme sia li ta la, ate ŋu agblɔ be yee ‘ɖo’ aɖetututɔ, tokunɔ kple ŋkuagbãtɔ.

4:16—Aleke Mose “[anɔ] Mawu teƒe” na Aron? Mawu teƒenɔlae Mose nye. Eyata esi Aron ƒo nu ɖe Mose teƒe ta la, Mose va nɔ “Mawu teƒe” nɛ.

Nusɔsrɔ̃ Siwo Le Eme na Mí:

1:7, 14. Yehowa kpe ɖe eƒe amewo ŋu esime wote wo ɖe anyi le Egipte. Nenema kee wòkpena ɖe eƒe Ðasefo siwo li egbea hã ŋui, le yometiti sesẽwo gɔ̃ hã me.

1:17-21. Yehowa ɖoa ŋku mía dzi ‘hena míaƒe nyui.’—Nexemya 13:31.

3:7-10. Yehowa sea eƒe amewo ƒe ɣlidodowo.

3:14. Yehowa medoa kpo eƒe tameɖoɖowo dzi wɔwɔ o. Eyata míate ŋu aka ɖe edzi be ana míaƒe mɔkpɔkpɔ le nya si Biblia gblɔ ŋu nava eme.

4:10, 13. Mose meka ɖe eɖokui dzi kura be yeate ŋu aƒo nu o ale gbegbe be esi Mawu ka ɖe edzi nɛ be yele megbe nɛ hã la, eɖe kuku na Yehowa be wòadɔ ame bubu ɖo ɖe Farao gbɔ. Ke hã, Yehowa zã Mose hetsɔ nunya kple ŋusẽ si hiã la nɛ be wòate ŋu awɔ eƒe dɔdasia. Le esi míanɔ míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo ŋu bum atraɖii teƒe la, mina míaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu eye míawɔ gbeƒãɖeɖe kple nufiafiadɔ si wode mía si la nuteƒewɔwɔtɔe.—Mateo 24:14; 28:19, 20.

WOÐE WO TO NUKUNU WƆMOYAAWO DZI

(Mose II, 5:1–15:21)

Mose kple Aron do ɖe Farao ŋkume, hebiae be wòaɖe mɔ na Israel-viwo be woayi ahaɖu azã na Yehowa le gbedzi. Egipte dziɖulaa gbe dzimesesẽtɔe. Yehowa zã Mose wòhe fuwɔame sesẽwo vɛ ɖe wo nɔewo yome. Fuwɔame ewolia megbe ko hafi Farao ɖe mɔ na Israel-viwo wodzo. Gake eteƒe medidi o, eya kple eƒe asrafowo gati wo yome kple du. Gake Yehowa ɖe mɔ ɖe Ƒudzĩa me heɖe eƒe amewo. Egiptetɔ siwo nɔ wo yome tim la nyrɔ ɖe atsiaƒua me esime eme tsiawo nyè tsyɔ wo dzi.

Ŋɔŋlɔawo me Biabiawo Ŋuɖoɖo:

6:3—Mɔ ka nue Mawu meɖe eƒe ŋkɔ fia Abraham, Isak, kple Yakob le o? Blemafofo siawo zã Mawu ƒe ŋkɔa eye Yehowa do ŋugbe geɖe na wo. Ke hã, womenya be Yehowa ye nye amesi na ŋugbedodo siawo va eme o eye womekpɔ wo me vava teƒe hã o.—Mose I, 12:1, 2; 15:7, 13-16; 26:24; 28:10-15.

7:1—Aleke wona Mose nye “Mawu ɖe Farao nu”? Mawu na ŋusẽ Mose ɖe Farao dzi. Eyata mehiã be wòavɔ̃ fia ma o.

7:22—Afikae Egipte nunɔlawo kpɔ tsi si metrɔ zu ʋu o tsoe? Ate ŋu anye be tsi si woku le Nil-tɔsisia me hafi wohe fuwɔame sia vɛ ye wozã. Woate ŋu akpɔ tsi nyui hã ne woɖe vudo ɖe anyigba ƒe teƒe si tsi le si gogo Nil-tɔsisia.—Mose II, 7:24.

8:22, 23—Nukatae Mose gblɔ be vɔ siwo sa ge Israel-viwo le la anye “nusi nyɔa ŋu na Egiptetɔwo”? Egiptetɔwo dea ta agu na lã vovovowo. Eyata gbɔgblɔ be yewo yina vɔ sa ge ana Mose ƒe biabia gbeawotsyogbe be woaɖe asi le Israel-viwo ŋu be woayi aɖasa vɔ na Yehowa nagadze Farao ŋu ɖe edzi.

12:29—Amekawoe wobu ŋgɔgbeviwoe? Viŋutsuviwo koe wobu ŋgɔgbeviwoe. (Mose IV, 3:40-51) Womewu Farao o, togbɔ be ŋgɔgbevie wònye hã. Ƒome ƒe tae eya ŋutɔ nye. Menye ƒomeawo ƒe tawoe ku o, ke boŋ viŋutsu ŋgɔgbevi siwo le ƒomea me ye ku le fuwɔame ewolia si wohe vɛ la me.

12:40—Ɣeyiɣi didi kae Israel-viwo nɔ Egipte-nyigba dzi? Ɣeyiɣi si Israel-viwo tsɔ nɔ “Egipte-nyigba kple Kanaan-nyigba dzi” la le ƒe 430 si woyɔ le afisia la me. (Kpɔ NW ƒe etenuŋɔŋlɔ.) Le ƒe 1943 D.M.Ŋ. me la, Abraham si xɔ ƒe 75 la tso Frat-tɔsisia esime wòyina Kanaan. (Mose I, 12:4) Tso ɣemaɣi vaseɖe esime Yakob, si xɔ ƒe 130, yi Egipte la, ƒe didime nɔ ƒe 215. (Mose I, 21:5; 25:26; 47:9) Esia fia be le ʋuʋu sia megbe la, Israel-viwo nɔ Egipte ƒe 215.

15:8—Ðe tsi si nɔ Ƒudzĩa me la ‘dɔ alɔ̃’ le mɔ sia nu be ezu tsikpe ŋutɔŋutɔa? Hebrigbe me dɔwɔnya si gɔme woɖe be “dɔ alɔ̃” la fia be nusi bla alo wɔ kpeke. Le Hiob 10:10 la, wozã nyagbea tsɔ ƒo nu tso notsi ŋu. Eyata mefia kokoko be tsi si bla la trɔ zu tsikpe o. Ne “ɣedzeƒeya” si ŋu woƒo nu tsoe le Mose II, 14:21 la fa ale gbegbe be wòna tsiawo zu tsikpe la, ɖikekemanɔmee la, anye ne nuŋlɔɖia aƒo nu tso fafa miamiamia ma ŋu. Esi wòdze kɔte be menye nanekee xe mɔ na tsiawo o ta la, ɖeko wodze abe ɖe wozu tsikpe, wobla ene.

Nusɔsrɔ̃ Siwo Le Eme na Mí:

7:14–12:30. Menye nudogoɖenunu dzro aɖe koe Fuwɔame Ewoawo nye o. Wogblɔ wo ɖi eye wova eme pɛpɛpɛ abe alesi woɖee fia ene. Aleke gbegbee wo me vava ɖe alesi Wɔla la kpɔ ŋusẽ ɖe tsi, ɣe ƒe keklẽ, nudzodzoewo, lãwo, kple amegbetɔwo dzi fia enye si! Fuwɔameawo ɖee fia hã be Mawu ate ŋu atiae be yeahe dzɔgbevɔ̃e ava yeƒe futɔwo dzi evɔ wòakpɔ esubɔlawo ya ta.

11:2; 12:36. Yehowa yraa eƒe amewo. Edze ƒã be ekpɔ egbɔ be woxe fe na Israel-viwo mlɔeba ɖe dɔ sesẽ siwo wowɔ le Egipte ta. Ablɔɖemewoe wonye hafi yi anyigba ma dzi, ke menye amesiwo woɖe aboyo le aʋa me siwo woawɔ kluviwoe o.

14:30. Míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa aɖe esubɔlawo le “xaxa gã” si gbɔna me.—Mateo 24:20-22; Nyaɖeɖefia 7:9, 14.

YEHOWA WƆ ÐOÐO ÐE TEOKRASIDUKƆ AÐE ŊU

(Mose II, 15:22–40:38)

Le Israel-viwo ɖeɖe tso Egipte ƒe ɣleti etɔ̃lia me la, wova ƒu asaɖa anyi ɖe Sinai-toa ƒe agunu. Esi wonɔ afima la, woxɔ Se Ewoawo kple se bubuwo, Yehowa bla nu kpli wo, eye wova zu teokrasidukɔ. Mose nɔ toa dzi ŋkeke 40 hexɔ mɔfiamewo le tadedeagu vavãtɔ kple Yehowa ƒe avɔgbadɔa, si nye gbedoxɔ kpokploe aɖe, tutu ŋu. Le ɣeyiɣi ma me la, Israel-viwo wɔ sikanyivi aɖe hede ta agu nɛ. Esi Mose ɖi tso toa dzi gbɔna la, ekpɔ nusi wɔm wonɔ eye dzi kui ale gbegbe be wòxlã kpe eve siwo dzi Mawu ŋlɔ seawo ɖoe la ɖe anyi. Le to si sɔ hehe na nuvɔ̃wɔlaawo vɔ megbe la, egagbugbɔ lia toa eye wòxɔ kpe yeye siwo dzi wogaŋlɔ seawo ɖo. Esi Mose trɔ gbɔ ko la, wodze avɔgbadɔa tutu gɔme. Le ablɔɖenana Israel-viwo ƒe ƒe ɖeka megbe la, wowu agbadɔ nyui sia kple eŋunuwo katã nu. Azɔ Yehowa tsɔ eƒe ŋutikɔkɔe yɔe taŋ.

Ŋɔŋlɔawo me Biabiawo Ŋuɖoɖo:

20:5—Alekee Yehowa “ɖoa fofowo ƒe vodada teƒe” na woƒe dzidzimeviwoe? Ne ame tsi xɔ ƒe aɖe ko la, wonɔa te ɖe eya ŋutɔ ƒe agbenɔnɔ kple nuwɔna dzi drɔ̃a ʋɔnui. Gake esime Israel-dukɔa trɔ ɖe trɔ̃subɔsubɔ ŋu la, woƒe dzidzimeviwo kpe nusiwo do tso afɔ sia ɖeɖe me ƒe fu. Nuwɔna sia me tsonuwo kpɔ ŋusẽ ɖe Israel-vi wɔnuteƒewo kura gɔ̃ hã dzi elabena alesi dukɔa trɔna ɖa le tadedeagu vavãtɔ ŋu edziedzii la na nuteƒewɔwɔ me léle ɖe asi nye nu sesẽ na wo.

23:19; 34:26—Nukatae wode se be woagaɖa gbɔ̃vi le dadaa ƒe notsi me o? Wogblɔ be trɔ̃subɔlawoe ɖaa lã si metsi o (si ate ŋu anye gbɔ̃vi alo lã bubu aɖe ƒe vi) le dadaa ƒe notsi me eye wosusui be esia ana tsi nadza. Gawu la, esi wònye lãvia nyinyi tae dadaa ƒe notsia li ɖo ta la, eɖaɖa le eme anye ŋutasẽnuwɔwɔ. Se sia kpe ɖe Mawu ƒe amewo ŋu be woanyae be ele be woanye nublanuikpɔlawo.

23:20-23—Mawudɔla ka ŋue woƒo nu tsoe le afisia, eye aleke wòdzɔe be Yehowa “megbea” wònye, alo eƒe ŋkɔ le ‘eyama me’? Anɔ eme be dɔla siae nye Yesu Kristo le eƒe anyinɔnɔ do ŋgɔ na amegbetɔzuzu me. Eyae Yehowa zã tsɔ fia mɔ Israel-viwo le Ŋugbedodonyigbaa dzi yiyi me. (Korintotɔwo I, 10:1-4) Enye Yehowa “megbea” alo eƒe ŋkɔ le ‘eyama me’ le mɔ sia nu be Yesue nye amesi koŋ do Fofoa ƒe ŋkɔ ɖe dzi hekɔ eŋu.

32:1-8, 25-35—Nukatae womehe to na Aron le esi wòwɔ sikanyivia o? Aron meda asi ɖe trɔ̃subɔsubɔa dzi o. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, edze ƒã be eva wɔ ɖeka kple ehati Lewi-vi siwo le Mawu ƒe akpa dzi eye mewɔ ɖeka kple amesiwo tsi tre ɖe Mose ŋu o. Esi wotsrɔ̃ fɔɖilawo megbe la, Mose ɖo ŋku edzi na dukɔa be wowɔ nuvɔ̃ gã aɖe, hegblɔ be nublanuie Yehowa kpɔ na Aron kple ame bubuwo.

33:11, 20—Aleke Yehowa ƒo nu kple Mose “ŋkume kple ŋkume”? Nyagbɔgblɔ alea fia ame eve siwo dome le kplikplikpli dome dzeɖoɖo. Mawu ƒe dɔlae Mose ƒo nu kple eye Yehowa gblɔ mɔfiamewo nɛ to dɔla sia dzi. Gake Mose mekpɔ Yehowa o, elabena ‘ame aɖeke mate ŋu akpɔ Mawu aganɔ agbe o.’ Le nyateƒe me la, Yehowa ŋutɔ meƒo nu kple Mose o. Galatiatɔwo 3:19 gblɔ be “woto mawudɔlawo dzi [ɖo Sea] anyi to avuléla si me.”

Nusɔsrɔ̃ Siwo Le Eme na Mí:

15:25; 16:12. Yehowa léa be na eƒe amewo.

18:21. Ele be ŋutsu siwo wotsɔ agbanɔamedziwo na le Kristo-hamea me la hã nasu te, woanye mawuvɔ̃lawo, amesiwo dzi woate ŋu aka ɖo, kple ɖokuitɔmadilawo.

20:1–23:33. Yehowae nye Senala gãtɔ. Ne Israel-viwo ɖo to eƒe seawo la, ekpena ɖe wo ŋu wodea ta agu nɛ dzidzɔtɔe le ɖoɖo nu. Teokrasihabɔbɔ le Yehowa si egbea. Nuwɔwɔ aduadu kplii ana míakpɔ dzidzɔ kple dziɖeɖi.

Nusi Wòfia na Mí Ŋutɔŋutɔ

Nukae Mose ƒe Agbalẽ Evelia ɖe fia ku ɖe Yehowa ŋu? Be enye Nunala lɔlɔ̃tɔ, Ðela si ɖeke mesɔ kpli o, kple tameɖoɖowo dzi Wɔla. Enye Mawu si wɔa ɖoɖo ɖe teokrasihabɔbɔ ŋu.

Ne èle kwasiɖa sia kwasiɖa ƒe Biblia xlẽm le dzadzraɖo na Teokrasi Subɔsubɔ Sukua la, nusi nàsrɔ̃ tso Mose ƒe Agbalẽ Evelia me la awɔ dɔ ɖe dziwò godoo. Ne èdzroa nya siwo wogblɔ le akpa si nye “Ŋɔŋlɔawo me Biabiawo Ŋuɖoɖo” me la, àgava se Ŋɔŋlɔawo me nya aɖewo gɔme ɖe edzi nyuie wu. Nya siwo wogblɔ le akpa si nye “Nusɔsrɔ̃ Siwo Le Eme na Mí” me afia alesi nàkpɔ viɖe tso kwasiɖaa me Biblia xexlẽ mee la wò.

[Caption on page 24, 25]

Yehowa de dɔ asi na Mose, si nye ame fatu, be wòaɖe Israel-viwo tso kluvinyenye me

[Nɔnɔmetata si le axa 25]

Fukpekpe Ewoawo ɖee fia be Wɔla la kpɔ ŋusẽ ɖe tsi, ɣe ƒe keklẽ, nudzodzoewo, lãwo, kple amegbetɔwo dzi

[Caption on page 26, 27]

Yehowa to Mose dzi wɔ ɖoɖo na Israel-viwo wozu teokrasidukɔ