Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nukae dzɔ le nuŋlɔɖi si le Mose II, 4:24-26 ƒe nya nu, eye ameka ƒe agbee ɖo afɔku me?

Mose kple srɔ̃a Zipora kpakple viaŋutsuvi eveawo, Gersom kple Eliezer, nɔ mɔ dzi yina Egipte esime nusi gbɔna la dzɔ: “Le mɔ dzi, esi wova ɖo dzeƒe la, Yehowa va, eye wòdi be, yeawui. Tete Zipora tsɔ kpe ɖaɖɛa ɖe lã viaŋutsu ƒe aʋanuyi ɖa, eye wòtsɔe da ɖe eƒe afɔ nu gblɔ bena: Ʋuŋugbetɔsrɔ̃ nènye nam. Tete wòɖe asi le eŋu. Gbemagbe wògblɔ bena ʋuŋugbetɔsrɔ̃ le aʋatsotso la ta.” (Mose II, 4:20, 24-26) Togbɔ be nya siwo le afisia me mekɔ tututu o eye míate ŋu aka ɖe nusi wòfia dzi tututu o hã la, Ŋɔŋlɔawo na numekɔkɔ aɖewo le mawunyakpukpui siawo ŋu.

Nuŋlɔɖia megblɔ amesi tututu ƒe agbee ɖo afɔku me o. Gake susu le eme be míaƒo nya ta be menye Mose ƒe agbee o, elabena ɖeko Mawu de dɔ asi nɛ be wòakplɔ Israel-viwo adzo le kluvinyenye me le Egipte vɔ teti koe nye ma. (Mose II, 3:10) Ewɔ abe mate ŋu adzɔ be Mose nadze mɔ yina dɔdasi ma wɔ ge evɔ Mawu ƒe dɔla adi be yeawui o ene. Ekema anye viaŋutsuawo dometɔ ɖeka ƒe agbee ɖo afɔku me. Se si wode na Abraham do ŋgɔ le aʋatsotso ŋu gblɔ be: “Eye ne ŋutsua ɖe li, si womeɖe aʋanuyi ɖa nɛ o la, woaɖe nenem bolobolotɔ sia ɖa le eƒe dukɔ la dome, elabena etu nye nubabla la.” (Mose I, 17:14) Edze ƒã be Mose metso aʋa na via o, eye esia na Yehowa ƒe dɔla di be yeawui.

Ameka ƒe afɔ nue Zipora tsɔ via ƒe aʋanuyia da ɖo esime wònɔ nusi dze la wɔm? Yehowa ƒe dɔla si si ŋusẽ le be wòawu ɖevi si wometso aʋa na o lae. Eyata susu le eme be Zipora tsɔ aʋanuyia da ɖe mawudɔlaa ƒe afɔ nu hetsɔ nɔ kpe ɖom edzi nɛ be yewɔ ɖe nubablaa me sea dzi.

Zipora gblɔ nya wɔmoyaa aɖe be, “ʋuŋugbetɔsrɔ̃ nènye nam.” Nukae nya sia gbɔgblɔ fia tso eŋu? Zipora wɔ ɖe aʋatsotso ŋu se si le nubablaa me dzi tsɔ ɖee fia be yelɔ̃ be yeanɔ nubabla me kple Yehowa. Se ƒe nubabla si wowɔ kple Israel-viwo emegbe ɖee fia be le nubabla kple Yehowa me la, Yehowa va nɔa abe srɔ̃ŋutsu ene eye amesi le nu blam kplii la nɔa abe srɔ̃nyɔnu ene. (Yeremya 31:32) Le susu sia ta la, esime Zipora nɔ gbɔgblɔm na Yehowa (to eƒe dɔla si nye eteƒenɔla dzi) be enye “ʋuŋugbetɔsrɔ̃” la, ewɔ abe eva lɔ̃ be yeawɔ ɖe nya siwo le nubablaa me la dzi ene. Ðeko wòle abe ɖe wòlɔ̃ ɖe srɔ̃nyɔnu ƒe ɖoƒe si le nubablaa me dzi, eye be Yehowa nye srɔ̃ŋutsua ene. Aleke kee wòɖale o, alesi wòtso kpla wɔ ɖe Mawu ƒe nudidi sia dzi wɔe be eɖe viaŋutsua ƒe agbe tso afɔku me.