Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

‘Wò Bubu De Ŋgɔ Wu Towo Tɔ’

‘Wò Bubu De Ŋgɔ Wu Towo Tɔ’

Yehowa Ƒe Nuwɔwɔwo Ƒe Atsyɔ̃

‘Wò Bubu De Ŋgɔ Wu Towo Tɔ’

NE ÈLE Fuji-to dzi kpɔ ɣe wòle dzedzem la, màŋlɔ nusia be akpɔ gbeɖegbeɖe o. Ɣe si gba amigo hebiã abe dzo ene klẽna ɖe sno ɣiawo kple tomeba siwo trɔ zu agakpe hele kpii la dzi tso didiƒe ʋĩ ke. Ne ŋu ke la, toa ƒe vɔvɔli si le dzedzem nyuie la dea didiƒe ke heɖoa vɔvɔli ɖe togbɛwo kple baliwo ke hã dzi.

Abe Fuji-to—si woŋlɔna tsã kple ŋɔŋlɔdzesi siwo gɔmee nye “esi ɖeke mesɔ kple o”—ene la, to gãwo kpɔkpɔ wɔa nuku na mí godoo. Ne míagblɔe ŋutɔŋutɔ la, ɖewohĩ woƒe kɔkɔme kple lolome ɖeɖe dzaa naa míeɖia naneke o! Towo wɔa dɔ ɖe amewo dzi ale gbegbe be ame geɖe xɔe se be towo tame si dzi afu kple alilikpo tsyɔna zi geɖe la, nye afisi mawuwo nɔ tsã.

Mawu si koe totamewo hea kafukafu vɛ na ŋutɔŋutɔe nye wo Wɔla ŋusẽtɔ gã Yehowa. Eya koe nye ‘Amesi mè towo.’ (Amos 4:13) Towo xɔ anyigba ƒe akpa enelia kloe, eye esime Mawu wɔ míaƒe ɣletinyigbaa la, eto ŋusẽ aɖewo dzi na to kɔkɔwo kple togbakawo va dzɔ. (Psalmo 95:4) Le kpɔɖeŋu me, woxɔe se be anyigba tume kple eƒe akpa aɖewo ƒe ʋaʋãe na Himalaya kple Andes togbakawo va dzɔ.

Mí amegbetɔwo míesea alesi tututu towo wɔ va dzɔ kple nusitae wodzɔ gɔme bliboe o. Nyateƒee, míate ŋu aɖo nya siawo si wobia nuteƒewɔla Hiob la ŋu o, be: “Afika nènɔ, esime [nye Yehowa] meɖo anyigba gɔme anyi? . . . Nuka dzi woɖo egɔme anyi ɖo?”—Hiob 38:4-6.

Gake míenya ya be towo wɔa akpa aɖe le míaƒe agbe me. Woyɔ wo be xexeame ƒe tsidzɔƒewo, elabena towo dzie tsi sina tsona hafi yia tɔsisi gãwo katã me eye towoe nana amesiwo le anyigbaa dzi ƒe afã kpɔa tsi zãna. (Psalmo 104:13) New Scientist magazine gblɔ be “towo dzie numiemie vevi 20 siwo woɖuna la dometɔ ade tsona.” Le Mawu ƒe xexe yeye si ŋugbe wòdo me, afisi nu gbagbe ɖesiaɖe anɔ nɔƒe si wòle be wòanɔ la, “bli ado kpekpekpe le anyigba dzi kple towo tame.”—Psalmo 72:16; Petro II, 3:13.

Le ame geɖe gome la, nuƒoƒo tso towo ŋu ana woaɖo ŋku Alps-to siwo le Europa dzi. To kɔkɔ siawo, si ƒe ɖekae nye Civetta-to si dze le afisia la, nye ɖaseɖiɖi wɔnuku aɖe be Wɔla aɖee wɔ wo. (Psalmo 98:8) Wokafua Yehowa, amesi “li kè towo zã le [eƒe] ŋusẽ me.”—Psalmo 65:7. *

Alps-towo, kple woƒe togbaka siwo tame le tsũewo fa miamiamia, woƒe abunu siwo dzi sno xɔ, woƒe baliwo kple tawo, kpakple woƒe sɔgbewo ƒe atsyɔ̃ɖoɖo wɔa dɔ ɖe ame dzi nyateƒe. Fia Dawid yɔ Yehowa be “amesi [nana] gbe miena ɖe towo dzi.”—Psalmo 147:8.

Anɔ eme be togbɛ siwo le agbaka me—abe togbɛ siawo siwo le Guilin, China, ene—mawɔ dɔ ɖe ame dzi abe Alps-towo ene o, gake woƒe atsyɔ̃ɖoɖo le etɔxɛ. Akalokpe siwo le agbaka me le Li-tɔsisia gbɔ siwo ɖo ɖe wo nɔewo dzi ƒe atsyɔ̃ wɔa dɔ ɖe amesiwo ɖi tsa yi afima la dzi. Tsi siwo me kɔ nyuie siwo sina tsoa togbɛ siawo si dzi afu le kpɔkpɔ naa woɖoa ŋku hakpala la ƒe nyawo dzi be: “[Eya Yehowa] na tsi dzɔ tso baliwo me, wosi to towo domee.”—Psalmo 104:10.

Esɔ be towo kpɔkpɔ wɔa dɔ ɖe mía dzi elabena míenyae be wonye Wɔla la ƒe lɔlɔ̃ɖoɖo gã si wòwɔ hena ameƒomea ƒe nyonyo kple dzidzɔ la ƒe akpa aɖe. Togbɔ be towo kpɔkpɔ ate ŋu awɔ dɔ gã aɖe ɖe ame dzi hã la, woƒe bubu mede esi le Yehowa ŋu la nu o. ‘Eƒe bubu ƒo towo tɔ ta sasasã’ nyateƒe.—Psalmo 76:5.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 8 Kpɔ 2004 Calendar of Jehovah’s Witnesses, March/April.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 9]

Tonyigba nutowo mee xexeame nɔlawo ƒe akpa ewolia le. Gake esia menye mɔxenu na amesiwo ɖea gbeƒã Mawu ƒe Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia kura o. Kristotɔ subɔla siawo le dɔ wɔm vevie le tonyigba nuto geɖe me. Vavãe, “du nyui xɔla ƒe afɔwo nyo le towo dzi loo! Eya, amesi ɖea gbeƒã ŋutifafa, eye wòtoa gbe nyui, eɖea gbeƒã xɔname!”—Yesaya 52:7.

Hakpala la dzi ha be: “To kɔkɔwo li na agamegbɔ̃wo.” (Psalmo 104:18) Agamegbɔ̃wo, abe sãde todzo dzeani siwo le Nubia-dzogbe ene, nye todzilã siwo medzea anyi gbeɖe o la dometɔ aɖewo. Wozɔa to ƒe tsutsũeƒe siwo xaxa ale gbegbe be wòdzena abe afima manya to o ene la. Nu geɖe le sãde ŋu si wɔe be ete ŋu nɔa agbe le teƒe siwo womate ŋu ayi bɔbɔe o. Alesi eƒe afɔkliwo lee kpena ɖe eŋu wòte ŋu wɔa esia. Eƒe afɔkliwo kena ne eɖo afɔ anyi, si wɔnɛ be lãa ƒe afɔ lina ɖe anyi sesĩe ne etɔ ɖi alo le zɔzɔm le agakpe xaxɛwo dzi. Nyateƒee, sãde nye lã si ƒe wɔwɔme le etɔxɛ!

[Nɔnɔmetata si le axa 9]

Fuji-to, Honshu, Japan