Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Wɔ Nyanyuigblɔla Ƒe dɔ”

“Wɔ Nyanyuigblɔla Ƒe dɔ”

“Wɔ Nyanyuigblɔla Ƒe dɔ”

“Nɔ mo xexi le nuwo katã me, . . . wɔ nyanyuigblɔla ƒe dɔ.”​—TIMOTEO II, 4:5.

1. Se kae Yesu de na eyomedzelawo?

WOLE gbeƒã ɖem Yehowa ƒe ŋkɔ kple eƒe tameɖoɖowo le anyigba bliboa katã dzi. Nusitae nye be Mawu ƒe ame siwo ɖe adzɔgbe nɛ le se si Yesu Kristo de na eƒe nusrɔ̃lawo la dzi wɔm pɛpɛpɛ, be: “Miheyi ɖawɔ dukɔwo katã ne woanye nusrɔ̃lawo, mianyrɔ wo ɖe Fofo la kple Vi la kpakple Gbɔgbɔ kɔkɔe la ƒe ŋkɔa me, miafia wo bena, woawɔ nusiwo katã meɖo na mi la; eye kpɔ ɖa, nye la meli kpli mi ŋkekeawo katã vaseɖe xexeame ƒe nuwuwu.”—Mateo 28:19, 20.

2. Mɔfiame kae dzikpɔla Timoteo xɔ, eye mɔ siwo dzi Kristotɔ dzikpɔlawo ato awɔ woƒe subɔsubɔdɔa ade goe dometɔ ɖekae nye ka?

2 Yesu yomedzela siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me bu sedede ma nu vevii. Le kpɔɖeŋu me, apostolo Paulo xlɔ̃ nu ehati dzikpɔla Kristotɔ Timoteo be: “Wɔ nyanyuigblɔla ƒe dɔ, eye nawu wò subɔsubɔdɔ la nu blibo.” (Timoteo II, 4:5) Egbea, mɔ ɖeka si dzi dzikpɔla wɔa eƒe subɔsubɔdɔ wua enu, alo dea goe, le enye be wòanye Fiaɖuƒegbeƒãɖela veviedonula si kpɔa gome le gbeadzisubɔsubɔdɔa me edziedzi. Le kpɔɖeŋu me, mɔnukpɔkpɔ si me dzidzeme le la le Hame ƒe Agbalẽ me Nusɔsrɔ̃ dzikpɔla si be wòaxɔ ŋgɔ le gbeƒãɖeɖedɔa me ahana hehe ame bubuwo. Paulo wɔ etɔ gome le gbeƒãɖeɖe nyanyuia me eye wòkpe asi ɖe hehenana ame bubuwo le subɔsubɔdɔa me ŋu.—Dɔwɔwɔwo 20:20; Korintotɔwo I, 9:16, 17.

Blema Nyanyuigbeƒãɖela Veviedonulawo

3, 4. Nuteƒekpɔkpɔ kawoe su Filipo si le eƒe nyanyuigbɔgblɔdɔa me?

3 Wonya Kristotɔ gbãtɔwo nyuie be wonye nyanyuigblɔla, alo nyanyuigbeƒãɖela, veviedonulawo. Bu nyanyuigbeƒãɖela Filipo ŋu kpɔ. Enye ‘ŋutsu adre siwo kpɔ ɖaseɖiɖi nyui eye woyɔ fũ kple gbɔgbɔ kɔkɔe kple nunya,’ siwo wotia be woama gbesiagbe nuɖuɖu na ahosi siwo nye Kristotɔ Hela kple Hebri gbedolawo ameŋkumemakpɔmakpɔe le Yerusalem la dometɔ ɖeka. (Dɔwɔwɔwo 6:1-6) Esi subɔsubɔdɔ tɔxɛ ma wu enu eye yometiti na nusrɔ̃lawo katã kaka negbe apostoloawo koe kpɔtɔ la, Filipo yi Samaria. Eɖe gbeƒã nyanyuia le afima eye gbɔgbɔ kɔkɔea do ŋusẽe wònyã gbɔgbɔ vɔ̃wo do goe heda gbe le xɔdrɔ̃wo kple lãmetututɔwo ŋu. Samariatɔ geɖewo xɔ Fiaɖuƒegbedasia eye wonyrɔ wo. Esi apostolo siwo nɔ Yerusalem se nya sia la, wodɔ apostolo Petro kple Yohanes ɖe Samaria ale be xɔsetɔ yeye xɔnyɔnyrɔawo nate ŋu axɔ gbɔgbɔ kɔkɔea.—Dɔwɔwɔwo 8:4-17.

4 Emegbe Mawu ƒe gbɔgbɔ la kplɔ Filipo yi ɖa kpe Etiopiatɔ aƒedzikpɔla si nɔ mɔ zɔm yina Gaza. Esi Filipo ɖe Yesaya ƒe nyagblɔɖinyaa me wòkɔ na ŋutsu sia, “si nye Etiopiatɔwo ƒe fianyɔnu Kandake ƒe ŋusẽtɔ” la, exɔ Yesu Kristo dzi se eye wòna wonyrɔe. (Dɔwɔwɔwo 8:26-38) Eyome Filipo dzo yi Asdod eye emegbe wòyi Kaisarea “hele nyanyuie la gblɔm fia” le mɔa dzi. (Dɔwɔwɔwo 8:39, 40) Eɖo kpɔɖeŋu nyui nyateƒe le nyanyuigbɔgblɔdɔa wɔwɔ me!

5. Dɔ ka koŋ wɔlawoe wonya Filipo ƒe vinyɔnu eneawo be wonye?

5 Filipo gakpɔtɔ nɔ subɔsubɔdɔa dzi vevie le Kaisarea ƒe 20 sɔŋ. Esime Paulo kple Luka va dze eƒeme la, ‘ɖetugbivi nɔaƒe ene, siwo gblɔa nya ɖi’ nɔ esi. (Dɔwɔwɔwo 21:8-10) Edze ƒã be wonye amesiwo wona hehee nyuie le gbɔgbɔ me eye wotsɔa dzo ɖe subɔsubɔdɔa ŋu, eye mɔnukpɔkpɔ su wo si gɔ̃ hã be woagblɔ nya ɖi. Dzilawo ƒe dzotsɔtsɔ ɖe subɔsubɔdɔa ŋu ate ŋu akpɔ ŋusẽ nyui ɖe wo vi ŋutsuwo kple nyɔnuwo dzi eye wòaʋã wo be woatsɔ nyanyuigbeƒãɖeɖe veviedodotɔe awɔ woƒe agbemedɔe.

Nyanyuigbeƒãɖela Veviedonula Siwo Li Egbea

6. Dzidzedze kae nyanyuigblɔla siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me kpɔ?

6 Le Yesu Kristo ƒe nyagblɔɖi vevi si ku ɖe míaƒe ŋkeke kple nuwuɣia ŋu me la, egblɔ be: “Ele be, woaɖe gbeƒã nyanyui la afia dukɔwo katã gbãgbiagbã.” (Marko 13:10) Nuwuwua ava ne woɖe gbeƒã nyanyuia “le anyigba blibo la katã dzi” vɔ megbe. (Mateo 24:14) Esi Paulo kple nyanyuigbeƒãɖela bubu siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me ɖe gbeƒã nyanyuia la, ame geɖewo va zu xɔsetɔwo, eye woɖo hamewo ɖe teƒe vovovowo le Roma Fiaɖuƒea katã me. Hamemegã siwo woɖo be woasubɔ le hame siawo me la kpɔ gome le gbeƒãɖeɖedɔa me kple wo hati nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnuwo eye wokeke subɔsubɔdɔa ɖe enu wòɖo didiƒewo. Yehowa ƒe nya la yi edzi tsi henɔ ta kekem le ŋkeke mawo me, abe alesi ko wòle egbea ene le esi Yehowa Ðasefo miliɔn nanewo le nyanyuigbɔgblɔdɔa wɔm ta. (Dɔwɔwɔwo 19:20) Ðe nènye Yehowa kafula kpɔdzidzɔ siawo dometɔ ɖekaa?

7. Dɔ ka wɔm Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo le egbea?

7 Fiaɖuƒegbeƒãɖela geɖe siwo li egbea le mɔnukpɔkpɔwo ŋudɔ wɔm be woatsɔ akeke woƒe nyanyuigbɔgblɔdɔa ɖe enu. Wo dometɔ akpe geɖe le dutanyanyuigbɔgblɔdɔa wɔm, eye wo dometɔ alafa gbogbo aɖewo le gome kpɔm le ɣeyiɣiawo katã ƒe nyanyuigbɔgblɔdɔa me abe gbesiagbe kple kpekpeɖeŋu mɔɖelawo ene. Eye dɔ nyui ka gbegbee nye si wɔm ŋutsuwo, nyɔnuwo, kple ɖeviwo le abe Fiaɖuƒegbeƒãɖela veviedonulawo ene! Nyateƒee, Yehowa ƒe amewo katã le yayra geɖe kpɔm esi wole esubɔm aduadu abe Kristotɔ nyanyuigblɔlawo ene.—Zefanya 3:9.

8. Dzesidede amewo ƒe dɔ ka wɔm wole fifia, eye amekawoe le ewɔm?

8 Mawu tsɔ gbeƒãɖeɖe nyanyuia le anyigba blibo la katã dzi ƒe agbanɔamedzi de asi na Yesu yomedzela amesiaminawo. Kristo ƒe ‘alẽ bubu’ siwo le dzidzim ɖe edzi hã le kpekpem ɖe wo ŋu le nyanyuigbɔgblɔdɔa wɔwɔ me. (Yohanes 10:16) Le nyagblɔɖimɔ nu la, wotsɔ agbeɖeɖedɔ sia sɔ kple dzesidede ŋgonu na amesiwo le hũ ɖem hele nu xam le ŋunyɔnu siwo wɔm wole egbea ta. Woaɖe ame vɔ̃ɖiwo ɖa kpuie. Mɔnukpɔkpɔ kae nye si wònye be woatsɔ nyateƒe si naa agbe ayi na amesiwo katã le anyigba dzi fifia gɔ̃ hã!—Xezekiel 9:4-6, 11.

9. Aleke woate ŋu ana kpekpeɖeŋu ame yeyewo le subɔsubɔdɔa mee?

9 Ne míele nyanyuigbɔgblɔdɔa wɔm xoxo la, ekema ɖikeke mele eme o be míate ŋu awɔ nane godoo atsɔ akpe ɖe ame yeyewo ŋu le hamea me. Míate ŋu ana woazɔ kpli mí le gbeadzi ɣeaɖewoɣi. Hamemegãwo adi be yewoawɔ yewo tɔ sinua atsɔ atu haxɔsetɔwo ɖo le gbɔgbɔ me. Agbagba siwo dzikpɔla ɖokuibɔbɔlawo dzena ate ŋu awɔ geɖe le kpekpeɖeŋunana ame bubuwo be woazu nyanyuigblɔla veviedonula tsekuwo me.—Petro II, 1:5-8.

Ðaseɖiɖi tso Aƒeme Yi Aƒeme

10. Subɔsubɔdɔ ƒe kpɔɖeŋu kae Kristo kple eyomedzela gbãtɔwo ɖo?

10 Yesu Kristo ɖo nyanyuigbɔgblɔdɔa ƒe kpɔɖeŋu nyui ɖi na eyomedzelawo. Mawu ƒe Nya la gblɔ le Kristo kple eƒe apostolowo ƒe subɔsubɔdɔa ŋu be: “Eyi ɖato duawo kple kɔƒeawo me, hele mawufiaɖuƒe ŋu nyanyui gblɔm fia; eye ame wuieveawo le eŋu.” (Luka 8:1) Aleke wònɔ le apostoloawo ŋutɔ gome? Esi wokɔ gbɔgbɔ kɔkɔe ɖe wo dzi le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste-ŋkekea dzi megbe la, “gbesiagbe womedzudzɔ nufiafia kple nyanyuigbɔgblɔ fia le Yesu Kristo ŋuti le mawuxɔ me kple aƒe me o.”—Dɔwɔwɔwo 5:42.

11. Le Dɔwɔwɔwo 20:20, 21 ƒe nya nu la, nukae apostolo Paulo wɔ le eƒe subɔsubɔdɔa me?

11 Esi apostolo Paulo nye nyanyuigblɔla veviedonula ta la, ete ŋu gblɔ na Kristotɔ hamemegã siwo nɔ Efeso be: “Nyemegbe naneke, si nyo na mi la, takaka na mi o; eye mefia nu mi le gaglãgbe kple tso aƒe me yi aƒe me.” Esi Paulo nɔ ‘nu fiam tso aƒeme yi aƒeme’ la, ɖe wònɔ tsa ɖim le hati Yehowa subɔlawo ƒe aƒewo me nɔ alẽ kpɔkplɔdɔ wɔm le haxɔsetɔwo domea? Ao, elabena eyi edzi ɖe eme be: ‘Meɖi ɖase tsitotsito na Yudatɔwo kple Helatɔwo siaa ku ɖe dzimetɔtrɔ yi Mawu kple mía Aƒetɔ Yesu Kristo gbɔ.’ (Dɔwɔwɔwo 20:20, 21) Zi geɖe la, magahiã be woafia nu amesiwo ɖe adzɔgbe na Yehowa xoxo tso “dzimetɔtrɔ yi Mawu kple mía Aƒetɔ Yesu Kristo dzixɔxɔse” ŋu o. Paulo na hehe Kristotɔ hamemegã siwo nɔ Efeso ku ɖe alesi woawɔ tso aƒeme yi aƒeme dɔa ŋu eye wòfia nu dzimaxɔsetɔwo tso dzimetɔtrɔ kple xɔse ŋu. Paulo to esia dzi nɔ nu wɔm ɖe mɔnu si Yesu ɖo anyi nu.

12, 13. Le ɖekawɔwɔ me kple Filipitɔwo 1:7, nukae Yehowa ƒe amewo wɔ le gome si le wo si be woaɖe gbeƒã ŋu?

12 Tso aƒeme yi aƒeme dɔa ate ŋu asesẽ. Le kpɔɖeŋu me, ame aɖewo doa dziku ne míeyi wo gbɔ be míagblɔ Biblia ƒe gbedasia na wo. Menye míaƒe didie nye be míado dziku na amewo o. Ke hã, Ŋɔŋlɔawo da asi ɖe tso aƒeme yi aƒeme dɔa dzi, eye lɔlɔ̃ na Mawu kple na amehavie ʋãa mí be míaɖi ɖase le mɔ sia nu. (Marko 12:28-31) Be ‘míaʋli’ gomekpɔkpɔ si le mía si be míaɖe gbeƒã tso aƒeme yi aƒeme ta ‘le se nu’ la, míetsɔa nyawo yia ʋɔnudrɔ̃ƒewo, siwo dometɔ aɖee nye United States ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ. (Filipitɔwo 1:7) Le ʋɔnunya akpa gãtɔwo me la, ʋɔnudrɔ̃ƒea tsoa afia nyui na mí be míaƒe nya dzɔ ɣesiaɣi. Afiatsotsoawo dometɔ ɖekae nye esi gbɔna:

13 “Subɔsubɔhawo ƒe agbalẽviwo mama nye dutanyanyuigbɔgblɔdɔ ƒe mɔnu ɖeka aɖe si li tso ɣeyiɣi didi aɖe ke—tso esime wote agbalẽwo tata. Enye mɔnu sẽŋu aɖe si subɔsubɔha vovovowo zãna le ƒe siwo katã va yi me. Sɔlemeha vovovo wɔa nyanyuigbɔgblɔ ƒe mɔnu sia ŋudɔ ale gbegbe to woƒe nyanyuikakala siwo tsɔa Nyanyuia yina na ame akpe nanewo le woƒe aƒewo me eye wotoa wo sasrãkpɔ tẽ me dina be woava zu yewoƒe xɔseha me tɔwo. . . . Asixɔxɔ ma kee le subɔsubɔwɔna sia ŋu le [United States ƒe] Dukplɔse me Ðɔɖɔɖo Gbãtɔ me abe alesi wòle le subɔsubɔ si wowɔna le sɔlemewo me kpakple le mawunyagbɔgblɔ le kplɔ̃ta siaa gome ene.”—Murdock v. Pennsylvania, 1943.

Nukatae Nàyi Gbeƒãɖeɖe Dzi?

14. Ŋusẽ nyui kae míaƒe subɔsubɔdɔa ate ŋu anɔ kpɔkpɔm ɖe amewo dzi?

14 Susu geɖewo li si tae wòle be míaɖe gbeƒã tso aƒeme yi aƒeme ɖo. Ɣesiaɣi si míeyi aƒemenɔla aɖe gbɔ la, míedzea agbagba be míaƒã Ŋɔŋlɔawo me nyateƒea ƒe ku aɖe ɖe eme. Míetenɛ kpɔna be míade tsii to tɔtrɔyiwo wɔwɔ me. Eye ate ŋu anɔ ŋusẽ nyui kpɔm ɖe edzi, elabena Paulo ŋlɔ be: “Nye la medo nu, eye Apolo de tsii, ke Mawue nana wotsina nyuie.” (Korintotɔwo I, 3:6) Eyata mina míayi ‘nuƒaƒã kple tsidedee’ dzi kple kakaɖedzi be Yehowa ‘ana wòatsi.’

15, 16. Nukatae míeyia amewo gbɔ le woƒe aƒewo me enuenu?

15 Míewɔa nyanyuigbɔgblɔdɔa elabena amewo ƒe agbe ɖo afɔku me. Ne míeɖe gbeƒã la, míate ŋu aɖe mía ŋutɔwo kple amesiwo ɖoa to mí siaa ƒe agbe. (Timoteo I, 4:16) Ne míenya be ame aɖe ƒe agbe ɖo afɔku me la, ɖe míatee kpɔ zi ɖeka aɖe ko be míakpe ɖe eŋua? Ao ɖe! Esi wòlɔ amewo ƒe agbekpɔkpɔ ɖe eme ta la, míeyia amewo gbɔ le woƒe aƒewo me enuenu. Nɔnɔmewo yia edzi nɔa tɔtrɔm ɣesiaɣi. Ame aɖe si xaxa akpa be wòaɖo to mí le ɣeyiɣi aɖe me la ate ŋu anɔ klalo be yease Biblia me gbedasia le ɣeyiɣi bubu dzi. Míate ŋu ado go ƒomea me tɔ bubu aɖe ne míetrɔ yi, eye esia ate ŋu ana míadze Ŋɔŋlɔawo me dzodzro gɔme kplii.

16 Menye aƒemenɔlawo ƒe nɔnɔme ɖeɖekoe trɔna o ke woa ŋutɔwo ƒe agbenɔnɔ hã te ŋu trɔna. Le kpɔɖeŋu me, ƒometɔ aɖe ƒe ku si na ame le veve sem vevie ate ŋu aʋãe wòaɖo to Fiaɖuƒegbedasia. Míedi be míafa akɔ na amea, wòatsɔ ɖe le eƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo me, eye míafia alesi wòawɔ wòasu esi.—Mateo 5:3, 4.

17. Nukae nye susu vevitɔ si tae míewɔa gbeƒãɖeɖedɔa ɖo?

17 Susu vevitɔ si tae míeɖia ɖase tso aƒeme yi aƒeme alo kpɔa gome le Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔ bubuwo me enye didi si le mía me be míana woanya Yehowa ƒe ŋkɔ. (Mose II, 9:16; Psalmo 83:19) Aleke gbegbe wòɖea vii enye esi ne míaƒe nyanyuigbɔgblɔ na nyateƒe kple dzɔdzɔenyenye lɔ̃lawo va zu Yehowa kafulawo! Hakpalaa dzi ha be: “Ðekakpuiwo kple ɖetugbiwo siaa, amegã ɖeɖiwo kple ɖeviwo! Woakafu Yehowa ƒe ŋkɔ, elabena eƒe ŋkɔ ɖeɖekoe ɖo kpo, eye eƒe gãnyenye xɔ anyigba dzi kple dziƒo.”—Psalmo 148:12, 13.

Nyanyuigbɔgblɔdɔa Ðea Vi Na Mía Ŋutɔwo

18. Aleke nyanyuigbɔgblɔdɔa wɔwɔ ɖea vi na míi?

18 Nyanyuigbɔgblɔdɔa ɖea vi na mía ŋutɔwo le mɔ vovovowo nu. Nyanyuia tsɔtsɔ yi na amewo tso aƒeme yi aƒeme kpena ɖe mía ŋu míebɔbɔa mía ɖokui, vevietɔ ne womexɔ mí nyuie o. Be míanye nyanyuigblɔla kpɔdzidzedzewo la, ele be míanɔ abe Paulo ene, amesi ‘zu nusianu na ame ƒomevi ɖesiaɖe be yeaɖe wo dometɔ aɖewo.’ (Korintotɔwo I, 9:19-23) Nusiwo teƒe míekpɔna le gbeadzi nana míeɖɔa ŋu ɖo. Ne míeɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu eye míetrɔ asi le míaƒe nyawo ŋu nyuie la, míate ŋu agblɔ be míele wɔwɔm ɖe Paulo ƒe aɖaŋuɖoɖo sia dzi be: “Mina amenuveve kple dze nanɔ miaƒe nya me ɖaasi, bena mianya alesi wòdze be, miaɖo nya ŋuti na amesiame.”—Kolosetɔwo 4:6.

19. Aleke gbɔgbɔ kɔkɔea kpena ɖe nyanyuigblɔlawo ŋui?

19 Nyanyuigbɔgblɔdɔa ʋãa mí hã be míaɖo ŋu ɖe Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ŋu. (Zaxarya 4:6) Esia nana be eƒe kutsetse siwo nye—‘lɔlɔ̃, dzidzɔ, ŋutifafa, dzigbɔgbɔ blewu, dɔmekɔkɔ, dɔmenyonyo, anukwaretɔnyenye alo xɔse, dɔmefafa, ɖokuidziɖuɖu’—va dzena le míaƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ me. (Galatiatɔwo 5:22, 23) Ekpɔa ŋusẽ ɖe alesi míewɔa nu ɖe amewo ŋui dzi, elabena mía ɖokui bɔbɔ ɖe gbɔgbɔa ƒe mɔfiafia te kpena ɖe mía ŋu be míeɖea lɔlɔ̃ fiana, míenyea dzidzɔ kple ŋutifafa mewo, míegbɔa dzi ɖi blewu hekpɔa nublanui na amewo, míeɖea dɔmenyonyo kple xɔse fiana, eye míefaa tu eye míeɖua mía ɖokui dzi le nyanyuigbɔgblɔdɔa wɔwɔ me.

20, 21. Yayra kple viɖe kawoe míekpɔna ne míenye nyanyuigblɔla siwo doa vevie nu?

20 Yayra bubu si míegakpɔna le nyanyuigbɔgblɔdɔa mee nye be míeva sea veve ɖe ame nu wu. Ne amewo gblɔ woƒe kuxiwo—siwo nye dɔléle, dɔmakpɔwɔe, ƒomekuxiwo—na mí la, míezua aɖaŋuɖolawo na wo o, ke boŋ míedzroa mawunyakpukpui siwo dea dzi ƒo hefaa akɔ na ame me kpli wo. Míetsia dzi ɖe amesiwo wogbã ŋku na le gbɔgbɔ me gake wodze abe amesiwo lɔ̃ dzɔdzɔenyenye ene la ŋu vevie. (Korintotɔwo II, 4:4) Eye yayra ka gbegbee nye si wònye be míana kpekpeɖeŋu “amesiwo ƒe nɔnɔme sɔ na agbe mavɔ kpɔkpɔ”!—Dɔwɔwɔwo 13:48, NW.

21 Gomekpɔkpɔ le nyanyuigbɔgblɔdɔa me edziedzi nana míaƒe susu nɔa gbɔgbɔmenuwo ŋu. (Luka 11:34) Viɖe le eme ale gbegbe, elabena ema manɔmee la, ŋutilãmenuwo didi ƒe tetekpɔ siwo bɔ ɖe xexeame ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe mía dzi. Apostolo Yohanes xlɔ̃ nu Kristotɔwo be: “Migalɔ̃ xexeame kple nusiwo le eme o. Ne ame aɖe lɔ̃ xexeame la, Fofoa ƒe lɔlɔ̃ mele eme o. Elabena nusianu, si le xexeame: ŋutilã ƒe nudzodzro kple ŋkuwo ƒe ŋubiabiã kple agbe ƒe adegbe ƒuƒlu ƒoƒo la, metso Fofo la gbɔ o, ke boŋ xexeame wotso. Eye xexeame va yina kple eƒe nudzodzrowo; ke amesi wɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, nɔa anyi yi ɖe mavɔmavɔ me.” (Yohanes I, 2:15-17) Alesi míedoa vevie dɔ henyea nyanyuigblɔla siwo wɔa geɖe le Aƒetɔ la ƒe dɔa me kpena ɖe mía ŋu be míagalɔ̃ xexeame o.—Korintotɔwo I, 15:58.

Tu Kesinɔnuwo Ðo ɖe Dziƒo

22, 23. (a) Kesinɔnu kawoe Kristotɔ nyanyuigblɔlawo dzrana ɖo ɖe dziƒo? (b) Aleke nyati si kplɔe ɖo akpe ɖe mía ŋui?

22 Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ veviedodotɔe hea yayra mavɔwo vɛ. Yesu ɖe esia fia esi wògblɔ be: “Migadzra nu nyuiwo ɖo na mia ɖokui le anyigba dzi, afisi agbagblaʋui kple nusiwo ɖua nu la, gblẽa nu le, eye fiafitɔwo dzea kpɔ va fia nu le la o; ke boŋ midzra nu nyuiwo ɖo na mia ɖokui le dziƒo, afisi agbagblaʋui kple nusiwo ɖua nu la, megblẽa nu le o, eye fiafitɔ medzea kpɔ va fia nu le o; elabena afisi wò nu nyui le la, afima wò dzi hã lanɔ.”—Mateo 6:19-21.

23 Mina míayi edzi anɔ kesinɔnuwo dzram ɖo ɖe dziƒo, esi míenya be mɔnukpɔkpɔ gã aɖeke mate ŋu asu mía si wu be míanɔ Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa teƒe abe Ðasefowo ene o. (Yesaya 43:10-12) Esi míele míaƒe dɔdasi wɔm abe Mawu subɔlawo ene la, míate ŋu ava se le mía ɖokui me abe nyɔnu Kristotɔ tsitsi aɖe si le eƒe ƒe 90-awo me ene, amesi gblɔ ku ɖe ɣeyiɣi didi si wòtsɔ le Mawu subɔm ŋu be: “Meda akpe na Yehowa be wògakpɔtɔ le nye zãm vaseɖe fifia, eye mele gbe dom ɖa vevie be wòakpɔtɔ anye Fofo si lɔ̃am tegbee.” Ne míedea asixɔxɔ ƒomedodo si le mía kple Mawu dome ŋu alea la, míadi godoo be míawɔ nyanyuigbɔgblɔdɔa ade goe. Nyati si kplɔe ɖo akpe ɖe mía ŋu míakpɔ alesi míawɔ míaƒe subɔsubɔdɔa ade goe.

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

• Nukatae wòle be míawɔ nyanyuigbɔgblɔdɔa?

• Nya kae nàte ŋu agblɔ tso dɔ siwo nyanyuigblɔla siwo nɔ anyi tsã kple esiwo li egbea wɔ ŋu?

• Nukatae míeɖia ɖase tso aƒeme yi aƒeme?

• Viɖe kae wò ŋutɔ nèkpɔna le nyanyuigbɔgblɔdɔa wɔwɔ me?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata siwo le axa 10]

Nyanyuigblɔla kpɔdzidzɔ siwo nye Filipo kple vianyɔnuwo ƒe kpɔɖeŋuwo li egbea

[Nɔnɔmetata si le axa 14]

Aleke wòɖea vi na wò ŋutɔ ne èle gome kpɔm le nyanyuigbɔgblɔdɔa me?