Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

‘Wɔ Wò Subɔsubɔdɔ La De Goe’

‘Wɔ Wò Subɔsubɔdɔ La De Goe’

‘Wɔ Wò Subɔsubɔdɔ La De Goe’

‘Wɔ wò subɔsubɔdɔ la pɛpɛpɛ.’​—TIMOTEO II, 4:5.

1, 2. Togbɔ be Kristotɔwo katã nye nyanyuigbeƒãɖelawo hã la, nukae wobia tso hamemegãwo si le Ŋɔŋlɔawo nu?

FIAÐUƑEGBEƑÃÐELAE nènyea? Ne nenemae la, ekema da akpe na Yehowa Mawu ɖe mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ sia si su asiwò ta. Hamemegãe nènye le hamea mea? Esia ganye mɔnukpɔkpɔ bubu tso Yehowa gbɔ na wò. Gake mele be míaŋlɔ be gbeɖe o be menye míaƒe sukudede alo nuƒoƒo ŋutetee na mía dometɔ aɖeke dze na subɔsubɔdɔa alo dzikpɔkpɔdɔa wɔwɔ le hamea me o. Yehowae wɔa mí míedzena na subɔsubɔdɔa, eye le esi ŋutsu aɖewo ɖo Ŋɔŋlɔawo ƒe dzidzenu aɖewo koŋ gbɔ tae mɔnukpɔkpɔ su wo si be woanye dzikpɔlawo ɖo.—Korintotɔwo II, 3:5, 6; Timoteo I, 3:1-7.

2 Kristotɔ ɖeadzɔgbewo katã wɔa nyanyuigbɔgblɔdɔa, gake ele be dzikpɔlawo alo hamemegãwo koŋ naɖo kpɔɖeŋu nyui le subɔsubɔdɔa wɔwɔ me. Mawu kple Kristo dea dzesi hamemegã siwo ‘dzea agbagba le nyanyuigbɔgblɔ kple nufiafia me,’ eye wo hati Yehowa ƒe Ðasefowo hã kpɔnɛ. (Timoteo I, 5:17; Efesotɔwo 5:23; Hebritɔwo 6:10-12) Ele be hamemegã ƒe nufiafia nado ŋusẽ ame le gbɔgbɔ me ɣesiaɣi, elabena apostolo Paulo gblɔ na dzikpɔla Timoteo be: “Ɣeyiɣi le vava ge, esime womaxɔ nufiafia, si le blibo la o; ke boŋ, le alesi tome fiẽ wo nu la, woaƒo nufialawo nu ƒu na wo ɖokui le woa ŋutɔwo ƒe nudzodzrowo la nu. Eye woaɖe to ɖa le nyateƒe la ŋuti, eye woatrɔ ayi gliwo gbɔ. Ke wò la nɔ mo xexi le nuwo katã me, do dzi le fukpekpewo me, wɔ nyanyuigblɔla ƒe dɔ, eye nawu wò subɔsubɔdɔ la nu blibo.”—Timoteo II, 4:3-5.

3. Nukae wòle be woawɔ be alakpanufiafiawo manye afɔku na hamea me tɔwo ƒe gbɔgbɔmemenyenye o?

3 Be dzikpɔlawo nakpɔ egbɔ be alakpanufiafiawo mava nye afɔku na hamea me tɔwo ƒe gbɔgbɔmemenyenye o la, ele be woawɔ ɖe Paulo ƒe aɖaŋuɖoɖo sia dzi be: ‘Ðɔ ŋu ɖo le nusianu me, wɔ wò subɔsubɔdɔ la pɛpɛpɛ.’ (Timoteo II, 4:5) Nyateƒee, ele be hamemegã ‘nawɔ eƒe subɔsubɔdɔa ade goe.’ Ele be wòawɔe ade goe keŋkeŋ, wòade pɛpɛpɛ, alo wòawɔe bliboe. Hamemegã si wɔa eƒe subɔsubɔdɔa bliboe la léa be na eƒe agbanɔamedziwo nyuie eye megblẽa naneke ɖi mawɔmawɔe alo wɔnɛ ɖewoɖewoe o. Ame ma tɔgbe wɔa nuteƒe le nu suetɔ kekeake gɔ̃ hã me.—Luka 12:48; 16:10.

4. Nukae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míawɔ subɔsubɔdɔa ade goe?

4 Subɔsubɔdɔa wɔwɔ ade goe mebia ɣeyiɣi geɖe wu zazã ɣesiaɣi kokoko o, ke hã ebia ɣeyiɣi ŋudɔwɔwɔ nyuie. Dadasɔ le nuwo me ɣesiaɣi ate ŋu akpe ɖe Kristotɔwo katã ŋu be woawɔ nu ade goe le subɔsubɔdɔa me. Be hamemegã nazã ɣeyiɣi geɖe le gbeadzisubɔsubɔdɔa me la, ehiã be wòanya nuwɔwɔ ɖe ɖoɖo nu be wòate ŋu ada asɔ le eƒe dɔwo me ahanya esiwo wòle be wòade asi na ame bubuwo kple alesi wòle be wòawɔe. (Hebritɔwo 13:17) Edze ƒã be hamemegã si ŋu wodea bubui la ŋutɔ hã wɔa etɔ gome, abe alesi Nexemya, amesi ŋutɔ hã kpɔ gome le Yerusalem gliwo gbugbɔgatu me la wɔe ene. (Nexemya 5:16) Eye ele be Yehowa subɔlawo katã nakpɔ gome le Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ me ɣesiaɣi.—Korintotɔwo I, 9:16-18.

5. Aleke wòle be míase le mía ɖokui me ɖe subɔsubɔdɔa ŋui?

5 Dzidzɔdɔ kae nye esi wode asi na mí be míanye Dziƒofiaɖuƒe si woɖo la ƒe gbeƒãɖelawo! Ðikekemanɔmee la, míedea asixɔxɔ mɔnukpɔkpɔ si le mía si be míakpɔ gome le gbeƒãɖeɖe nyanyuia me le anyigba bliboa katã dzi hafi nuwuwua naɖo la ŋu. (Mateo 24:14) Togbɔ be míede blibo o hã la, Paulo ƒe nya siawo ate ŋu ade dzi ƒo na mí be: “[Subɔsubɔ ƒe] kesinɔnu sia le mía si le anyigoewo me, bene ŋusẽ ƒe agbɔsɔsɔ, si gbã go la, nanye Mawu tɔ, eye menye mía gbɔ wòatso o.” (Korintotɔwo II, 4:7) Ẽ, anya wɔ be míawɔ subɔsubɔdɔ si dzea Mawu ŋu—gake ŋusẽ kple nunya si Mawu naa mí dzi koe míetona wɔa esia.—Korintotɔwo I, 1:26-31.

Mawu ƒe Ŋutikɔkɔe Ðeɖefia

6. Vovototo kae va nɔ dzɔdzɔme Israel-viwo kple gbɔgbɔ me Israel-viwo dome?

6 Paulo gblɔ ku ɖe Kristotɔ amesiaminawo ŋu be Mawu “wɔ mí be míedze, míanye nubabla yeye ƒe subɔlawo.” Apostoloa ƒo nu tso vovototo si le nubabla yeye si wowɔ kple gbɔgbɔ me Israel-viwo to Yesu Kristo dzi kpakple Se ƒe nubabla xoxo si wowɔ kple dzɔdzɔme Israel-viwo to Mose dzi la dome. Paulo gblɔ kpe ɖe eŋu be esi Mose ɖi tso Sinai-toa dzi kple kpe si dzi Se Ewoawo le la, eƒe mo nɔ keklẽm ale gbegbe be Israel-viwo mete ŋu nɔ eƒe ŋkume kpɔm tẽ o. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, nusi sẽ wu ema kura ye dzɔ ɖe wo dzi elabena ‘woƒe tamesusuwo wɔ dɔ̃ɔ’ eye nutsyɔnu tsyɔ woƒe dziwo dzi. Gake woɖea nutsyɔnua ɖa ne wotrɔ ɖe Yehowa ŋu hetsɔ wo ɖokui nɛ le dzi blibo me. Paulo yi edzi ƒo nu tso subɔsubɔdɔ si wona amesiwo le nubabla yeyea te ya ŋu be: “Mí katã . . . míena Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe le keklẽm le míaƒe mo, si wometsyɔ nui o, abe ahuhɔ̃e ene.” (Korintotɔwo II, 3:6-8, 14-18, NW; Mose II, 34:29-35) Mɔnukpɔkpɔ su Yesu ƒe ‘alẽ bubuawo’ hã si be woaɖe Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe afia.—Yohanes 10:16.

7. Aleke amegbetɔwo ate ŋu aɖe Mawu ƒe ŋutikɔkɔe afiae?

7 Aleke amegbetɔ siwo nye nuvɔ̃mewo ate ŋu aɖe Mawu ƒe ŋutikɔkɔe afia, esime ame aɖeke mate ŋu akpɔ eƒe ŋkume aganɔ agbe o. (Mose II, 33:20) Tsɔ kpe ɖe Yehowa ŋutɔ ƒe ŋutikɔkɔe ŋu la, eƒe ŋutikɔkɔe tameɖoɖo aɖe hã li si me wòaʋli eƒe dziɖulanyenye ta le to eƒe Fiaɖuƒea dzi. Nyateƒe siwo ku ɖe Fiaɖuƒea ŋu kpe ɖe “Mawu ƒe nu dzɔtsuwo” siwo amesiwo dzi wokɔ gbɔgbɔ kɔkɔea ɖo le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste ɖe gbeƒãe la ŋu. (Dɔwɔwɔwo 2:11) To gbɔgbɔa ƒe mɔfiafia dzi la, wote ŋu wɔ subɔsubɔdɔ si wode asi na wo la de goe.—Dɔwɔwɔwo 1:8.

8. Nukae nye Paulo ƒe tameɖoɖo kplikpaa ku ɖe subɔsubɔdɔa ŋu?

8 Paulo ɖoe kplikpaa be yemana naneke naxe mɔ na yeƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ ade goe o. Eŋlɔ bena: “Esi subɔsubɔdɔ sia le mía si, abe alesi míekpɔ nublanuikpɔkpɔ ene la, ɖeɖi mete mía ŋu o. Ke míegbea ŋukpenanu ɣaɣlawo boŋ, eye míezɔna le aɖaŋu vɔ̃ me o, eye míebaɖa mawunya hã o, hafi boŋ míetsɔa nyateƒe ƒe ɖeɖefia ɖea mía ɖokui fiaa amewo katã ƒe dzitsinya le Mawu ƒe ŋku me.” (Korintotɔwo II, 4:1, 2) Nusi Paulo yɔ be “subɔsubɔdɔ sia” dzie woto ɖe nyateƒea ɖe go eye gbɔgbɔmekekeli klẽ yi didiƒe ke.

9, 10. Aleke wòanya wɔ be míaɖe Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe afiae?

9 Paulo ŋlɔ ku ɖe kekeli ŋutɔŋutɔ kple gbɔgbɔmekekeli Dzɔtsoƒea ŋu be: “Mawu, si gblɔ be: Kekeli nado tso viviti me la, enye amesi klẽ ɖe míaƒe dziwo me, bene Mawu ƒe ŋutikɔkɔe sidzedze ƒe kekeli naklẽ le Yesu Kristo ƒe ŋku me.” (Korintotɔwo II, 4:6; Mose I, 1:2-5) Esi wotsɔ mɔnukpɔkpɔ gã ma de mía si be míanye Mawu ƒe subɔlawo ta la, mina míayi edzi alé mía ɖokui kɔkɔe ale be míate ŋu ana Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe naklẽ le mía ŋu abe ahuhɔ̃e ene.

10 Amesiwo le viviti me le gbɔgbɔ me mate ŋu akpɔ Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe alo eƒe keklẽ si le Yesu Kristo, Mose Gãtɔ me la o. Gake abe Yehowa subɔlawo ene la, míexɔa ŋutikɔkɔe ƒe kekeli si tso Ŋɔŋlɔawo me eye míenana wòklẽna na ame bubuwo. Be amesiwo le gbɔgbɔ me viviti me nagatsrɔ̃ o la, ele be kekeli si tso Mawu gbɔ nasu wo si. Le esia ta míatsɔ dzonɔameme kple dzidzɔ awɔ ɖe se si Mawu de be míana míaƒe kekeli naklẽ le viviti me la dzi be wòanye ŋutikɔkɔe na Yehowa.

Na Wò Kekeli Naklẽ le Aƒeme Biblia Nusɔsrɔ̃ Wɔwɔ Me

11. Nya kae Yesu gblɔ ku ɖe alesi míana míaƒe kekeli naklẽ ŋu, eye mɔ si dzi míato awɔ esia le míaƒe subɔsubɔdɔa me dometɔ ɖeka enye ka?

11 Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Miawoe nye xexeame ƒe kekeli. Du, si le to dzi la, womate ŋu aɣlae o. Eye womesia akaɖi hã dana ɖe afianu te o, ke ɖe akaɖiti dzi boŋ, eye wòaklẽ na amesiwo katã le aƒea me. Nenema ke mina miaƒe kekeli naklẽ le amewo ƒe ŋku me, bena woakpɔ miaƒe nu nyui wɔwɔwo, eye woakafu mia Fofo, si le dziƒo.” (Mateo 5:14-16) Míaƒe agbenyuinɔnɔ ate ŋu ana amewo nakafu Mawu. (Petro I, 2:12) Eye míaƒe nyanyuigbɔgblɔdɔ ƒe akpa vovovoawo naa mɔnukpɔkpɔ geɖewo mí be míana míaƒe kekeli naklẽ. Míaƒe taɖodzinu vevitɔ ɖekae nye be míana gbɔgbɔmekekeli si tso Mawu ƒe Nya me la naklẽ to aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ siwo tsea ku wɔwɔ me. Esia nye mɔ vevi aɖe si dzi míato awɔ míaƒe subɔsubɔdɔa ade goe pɛpɛpɛ. Aɖaŋuɖoɖo kawoe akpe ɖe mía ŋu míawɔ Biblia-nusɔsrɔ̃ siwo ɖoa nyateƒea dilawo ƒe dzi gbɔ?

12. Akpa kae gbedodoɖa wɔna le aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ wɔwɔ me?

12 Gbedodoɖa na Yehowa tso nya sia ŋu ɖea didi vevie si le mía me ɖe Biblia-nusɔsrɔ̃ wɔwɔ ŋu fiana. Egafiana hã be míekpɔ vevienyenye si le kpekpeɖeŋunana amewo me be Mawu ŋuti sidzedze nasu wo si la dzea sii. (Xezekiel 33:7-9) Yehowa aɖo míaƒe gbedodoɖawo ŋu eye wòayra ɖe agbagba siwo míedzena kutrikukutɔe le subɔsubɔdɔa me dzi godoo. (Yohanes I, 5:14, 15) Gake míedoa gbe ɖa be míakpɔ amesiwo míawɔ aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ kplii ko evɔ o. Ne míeɖo nusɔsrɔ̃ gɔme anyi megbe la, gbedodoɖa kple ŋugbledede le Biblia-nusrɔ̃via ƒe nudidi aɖewo koŋ ŋu akpe ɖe mía ŋu be míawɔ nusɔsrɔ̃ ɖesiaɖe memie.—Romatɔwo 12:12.

13. Nukae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míawɔ aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ siwo tsea ku?

13 Be míawɔ aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ si tsea ku la, ele be míadzra ɖo nyuie ɖe akpa ɖesiaɖe ŋu. Ne míekpɔe be míesu te tututu o la, ekema anyo ŋutɔ be míalé ŋku ɖe alesi Hame ƒe Agbalẽ me Nusɔsrɔ̃ dzikpɔla wɔa kwasiɖa sia kwasiɖa ƒe nusɔsrɔ̃ae ŋu nyuie. Ɣeaɖewoɣi la, míate ŋu azɔ kple Fiaɖuƒegbeƒãɖela si kpɔa dzidzedze le aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ wɔwɔ me. Ðikekemanɔmee la, ele be míade ŋugble vevietɔ le Yesu Kristo ƒe nɔnɔme kple eƒe nufiafiamɔnuwo hã ŋu.

14. Aleke míawɔ aɖo Biblia-nusrɔ̃vi aɖe ƒe dzi gbɔ?

14 Yesu kpɔa dzidzɔ le Fofoa si le dziƒo ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ kpakple nuƒoƒo tso Mawu ŋu na amewo ŋu. (Psalmo 40:9) Eƒe dɔme fa eye wòte ŋu ɖo eƒe nyaselawo ƒe dzi gbɔ. (Mateo 11:28-30) Ekema mina míadze agbagba aɖo míaƒe Biblia-nusrɔ̃viwo ƒe dzi gbɔ. Hafi míate ŋu awɔ esia la, ahiã be nɔnɔme si me nusrɔ̃via le la nanɔ susu me na mí míatsɔ adzra ɖo ɖe nusɔsrɔ̃ ɖesiaɖe ŋu. Le kpɔɖeŋu me, ne etso afisi womenya nu tso Biblia ŋu le o la, ke ahiã be míaka ɖe edzi nɛ be Biblia me nyawo nye nyateƒe. Ekema ahiã be míaxlẽ mawunyakpukpui geɖewo ahaɖe wo me.

Kpe Ðe Nusrɔ̃viwo Ŋu be Woase Kpɔɖeŋuwo Gɔme

15, 16. (a) Aleke míate ŋu akpe ɖe Biblia-nusrɔ̃vi si mese kpɔɖeŋu aɖe si wowɔ le Biblia me gɔme o be wòase egɔme? (b) Nukae míate ŋu awɔ ne míaƒe agbalẽ aɖe wɔ kpɔɖeŋu aɖe si gɔmesese sesẽ na míaƒe nusrɔ̃vi aɖe?

15 Ate ŋu adzɔ be Biblia-nusrɔ̃vi aɖe manya nu tso kpɔɖeŋu siwo wowɔ le Ŋɔŋlɔawo me ŋu o. Le kpɔɖeŋu me, ɖewohĩ mase nusi Yesu wɔnɛ be wotsɔa akaɖi dana ɖe akaɖiti dzi la gɔme o. (Marko 4:21, 22) Blema kaɖi si me ɖovu nɔna si me wodea ami wòbinae Yesu wɔnɛ. Wotsɔa akaɖi sia dana ɖe akaɖiti tɔxɛ aɖe dzi si na be wòte ŋu klẽna ɖe aƒea ƒe afisi wodae ɖo. Ðewohĩ ahiã be woawɔ numekuku le “Lamp” (Akaɖi) kple “Lampstand” (Akaɖiti) ŋu le agbalẽ si nye Insight on the Scriptures me be wòana Yesu ƒe kpɔɖeŋua me nakɔ nɛ. * Gake aleke gbegbee wòɖea vii ne míedo ŋgɔ dzra ɖo hetsɔ numeɖeɖe si gɔme Biblia-nusrɔ̃via ate ŋu ase si ŋu wòakpɔ ŋudzedze ɖo ɖe asi va Biblia-nusɔsrɔ̃a wɔƒee nye si!

16 Woate ŋu awɔ kpɔɖeŋu aɖe ɖe Biblia-srɔ̃gbalẽ aɖe me si gɔmesese ate ŋu asesẽ na nusrɔ̃via. Gbɔ dzi ɖi nàɖe eme, alo nàzã kpɔɖeŋu bubu si ŋu gɔmesese ma ke le. Ðewohĩ míaƒe agbalẽ aɖe wɔ kpɔɖeŋu aɖe tsɔ le gbe tem ɖe edzi be kpeɖeŋutɔ siwo sɔ na ame nɔewo siwo wɔa nu ɖekae hiã vevie le srɔ̃ɖeɖe me. Le kpɔɖeŋu me, woate ŋu aƒo nu tso yamefefewɔla aɖe si ɖe asi le eɖokui ŋu le yame henɔ mɔ kpɔm be ehati yamefefewɔla bubu aɖe naxe ye la ŋu. Kpɔɖeŋu bubu si míate ŋu awɔ ku ɖe kpeɖeŋutɔ siwo sɔ na wo nɔewo siwo wɔa nu ɖekae ŋue nye alesi dɔwɔlawo wɔa nu aduadui ne wole agbawo ɖem le ʋu me le dadam na wo nɔewo.

17. Nukae míate ŋu asrɔ̃ tso Yesu gbɔ ku ɖe kpɔɖeŋuwo wɔwɔ ŋu?

17 Kpɔɖeŋu bubu zazã bia dzadzraɖo do ŋgɔ. Ke hã, esia nye mɔ aɖe si dzi míato aɖe míaƒe ɖetsɔleme afia Biblia-nusrɔ̃via. Yesu zã kpɔɖeŋu bɔbɔewo tsɔ ɖe nya sesẽwo gɔme. Esia ƒe kpɔɖeŋuwo dze le eƒe Todzimawunya la me eye Biblia fia be eƒe nufiafia kpɔ ŋusẽ nyui aɖe ɖe eƒe nyaselawo dzi. (Mateo 5:1–7:29) Yesu xɔ dzigbɔɖi le numeɖeɖe na amewo me elabena etsɔ ɖe le eme na wo vevie.—Mateo 16:5-12.

18. Nukae wokafu na mí ku ɖe mawunyakpukpui siwo me nya womeŋlɔ ɖe míaƒe agbalẽwo me o ŋu?

18 Ðetsɔtsɔ le eme na amewo aʋã mí be ‘míazã Ŋɔŋlɔawo adzro nu me’ kpli wo. (Dɔwɔwɔwo 17:2, 3) Esia bia nusɔsrɔ̃ vevie gbedodoɖatɔe tsɔ kpe ɖe agbalẽ siwo “xɔnuvi nuteƒewɔla” ta la zazã nyuie ŋu. (Luka 12:42-44) Le kpɔɖeŋu me, agbalẽ si nye Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me yɔ mawunyakpukpui gbogbo aɖewo. * Esi wòle sue ta la, womeŋlɔ mawunyakpukpuiawo dometɔ geɖewo me nyawo ɖi o. Le Biblia-nusɔsrɔ̃ wɔwɔ me la, ele vevie be míaxlẽ mawunyakpukpui siawo siwo woyɔ gake womeŋlɔ wo me nyawo o la dometɔ aɖewo ya teti ahaɖe wo me. Gakpe ɖe eŋu la, Mawu ƒe Nya la dzie míetu míaƒe nufiafia ɖo, eye ŋusẽ le eŋu ale gbegbe. (Hebritɔwo 4:12) He susu yi Biblia dzi enuenu le nusɔsrɔ̃ ɖesiaɖe me, eye nàzã mawunyakpukpui siwo le memamaa me edziedzi. Kpe ɖe nusrɔ̃via ŋu be wòase nusi Biblia gblɔ tso nya aɖe alo agbenɔnɔ aɖe ŋu gɔme. Dze agbagba nàfiae alesi toɖoɖo Mawu aɖe vi nɛ.—Yesaya 48:17, 18.

Bia Nya Siwo Nana Wobua Tame

19, 20. (a) Nukatae wòle be míazã nukpɔsusubiabiawo le aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ wɔwɔ me? (b) Nukae míate ŋu awɔ ne nyati aɖe me dzodzro bia be míagadzro nu geɖe wu me?

19 Alesi Yesu zã biabiawo aɖaŋutɔe la kpe ɖe amewo ŋu wobu tame. (Mateo 17:24-27) Ne míebia nukpɔsusubiabia siwo maɖe fu na Biblia-nusrɔ̃via o la, eƒe nukpɔsusu ku ɖe nyaa ŋu adze le eƒe ŋuɖoɖoa me. Míate ŋu ava kpɔe ne nukpɔsusu siwo menɔ te ɖe ŋɔŋlɔawo dzi o gakpɔtɔ le esi. Le kpɔɖeŋu me, ate ŋu anye amesi xɔ Mawuɖekaetɔ̃ dzi se. Sidzedze-gbalẽa ƒe ta 3 lia ɖee fia be nya “Mawuɖekaetɔ̃” medze le Biblia me o. Agbalẽa yɔ mawunyakpukpui siwo me nya woŋlɔ ɖi kple esiwo womeŋlɔ ɖi o tsɔ ɖee fia be Yehowa le vovo eye Yesu hã le vovo eye be Mawu ƒe dɔwɔŋusẽe gbɔgbɔ kɔkɔea nye, ke menye amee o. Biblia kpukpui siawo xexlẽ kple wo me ɖeɖe ate ŋu asɔ gbɔ akɔ nya la me. Gake ne numeɖeɖe bubuwo gahiã ya ɖe? Ðewohĩ le nusɔsrɔ̃ si gakplɔe ɖo wɔwɔ vɔ megbe la, miate ŋu azã ɣeyiɣi aɖe ɖe nyati sia me dzodzro ŋu le Yehowa Ðasefowo ƒe agbalẽ bubu aɖe abe agbalẽ gbadza si nye Ðe Wòle Be Naxɔ Mawuɖekaetɔ̃ la Dzi Asea? ene me. Le ema megbe la, miagate ŋu ayi nusɔsrɔ̃a dzi le Sidzedze-gbalẽa me.

20 Tsɔe be nukpɔsusubiabia aɖe si ƒe ŋuɖoɖo nusrɔ̃via na la wɔ nuku na wò alo nye ŋuɖoɖo si mènɔ mɔ kpɔm na o. Ne nyaa nye nya vevi aɖe abe atamanono alo nu vevi bubu aɖe ene la, míate ŋu agblɔ be míayi nusɔsrɔ̃a dzi ke míava dzro nya ma me ayi ŋgɔe emegbe. Enyanya be nusrɔ̃via gakpɔtɔ le atamanono dzi la akpe ɖe mía ŋu be míadi nyati siwo wota ku ɖe eŋu si ate ŋu akpe ɖe eŋu be wòawɔ ŋgɔyiyi le gbɔgbɔ me. Míate ŋu ado gbe ɖa abia Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu be wòatsi le gbɔgbɔ me esi míele agbagba dzem be míaɖo eƒe dzi gbɔ.

21. Nukae ate ŋu adzɔ ne míetrɔ ɖe nufiafiamɔnu siwo sɔ ɖe Biblia-nusrɔ̃via ƒe nuhiahiãwo nu ŋu?

21 Dzadzraɖo nyuie tsɔ kpe ɖe Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu ŋu awɔe godoo be míate ŋu atrɔ ɖe nufiafiamɔnu siwo sɔ ɖe Biblia-nusrɔ̃via ƒe nuhiahiãwo nu ŋu. Esi ɣeyiɣiawo va yiyim la, míate ŋu akpe ɖe eŋu be wòatu lɔlɔ̃ deto ɖo na Mawu. Míate ŋu akpɔ dzidzedze hã le kpekpe ɖe eŋu me be wòava kpɔ ŋudzedze ɖe Yehowa ƒe habɔbɔa ŋu ahade asixɔxɔ eŋu. Eye aleke wònyea dzidzɔ na mí enye si ne Biblia-nusrɔ̃viwo va lɔ̃ ɖe edzi be ‘Mawu le mía dome vavã’! (Korintotɔwo I, 14:24, 25) Ekema mina míawɔ Biblia-nusɔsrɔ̃ siwo tsea ku eye míawɔ mía tɔ sinua atsɔ akpe ɖe amewo ŋu be woava zu Yesu ƒe nusrɔ̃lawo.

Kesinɔnu si Ŋu Wòle Be Míade Asixɔxɔe

22, 23. Nukae hiã ne míawɔ míaƒe subɔsubɔdɔa ade goe?

22 Be míawɔ míaƒe subɔsubɔdɔa ade goe la, ele be míaɖo ŋu ɖe ŋusẽ si Mawu nana ŋu. Paulo ŋlɔ tso subɔsubɔdɔa ŋu na ehati Kristotɔ amesiaminawo be: “Kesinɔnu sia le mía si le anyigoewo me, bene ŋusẽ ƒe agbɔsɔsɔ, si gbã go la, nanye Mawu tɔ, eye menye mía gbɔ wòatso o.”—Korintotɔwo II, 4:7.

23 Míeɖanye amesiaminawo loo alo ‘alẽ bubuawo’ me tɔwo o, mí katã míele abe anyigoe masẽmasẽwo ene. (Yohanes 10:16) Ke hã, Yehowa ate ŋu ana ŋusẽ si míehiã la mí be míawɔ míaƒe dɔdasiwo aleke kee tsitretsiɖeŋuwo nu sẽe hã. (Yohanes 16:13; Filipitɔwo 4:13) Ekema mina míaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu bliboe, ade asixɔxɔ míaƒe subɔsubɔdɔa ŋu ahawɔe ade goe pɛpɛpɛ.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 15 Yehowa Ðasefowoe tae.

^ mm. 18 Yehowa Ðasefowoe tae.

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

• Nukae hamemegãwo ate ŋu awɔ be woawɔ woƒe subɔsubɔdɔa ade goe?

• Aleke míawɔ ana míaƒe aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃wo wɔwɔ nanyo ɖe edzii?

• Nukae nàwɔ ne Biblia-nusrɔ̃vi aɖe mese kpɔɖeŋu aɖe gɔme o, alo hiã numeɖeɖe geɖe wu ku ɖe nya aɖe ŋu?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 16]

Kristotɔ hamemegãwo fiaa nu le hamea me eye wokpena ɖe haxɔsetɔwo ŋu to subɔsubɔdɔa ƒe hehe nana wo me

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ siwo tsea ku wɔwɔ nye mɔ ɖeka si dzi míetona naa míaƒe kekeli klẽna