Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Wò Ŋku Le Teƒeɖoɖoa Ŋua?

Ðe Wò Ŋku Le Teƒeɖoɖoa Ŋua?

Ðe Wò Ŋku Le Teƒeɖoɖoa Ŋua?

DƆLÉLEA le nu gblẽm vivivi. Le gɔmedzedzea me la, ena be ame megakpɔa nu nyuie dea adzɔge o. Ne womedae kaba o la, enana be ame megakpɔa nu le kpuiƒe tututu hã o. Mlɔeba la, ate ŋu ana ame magakpɔ nu kura o. Dɔléle kae? Ŋkutsitsidɔe—dɔléle si le nu gblẽm le ame geɖe ŋu lae.

Abe alesi míaƒe ŋku ate ŋu anɔ tsitsim vivivi le manyamanya mee ene la, nenema ke míate ŋu atsi ŋku xɔasi aɖe ƒomevi, si le vevie wu gɔ̃ hãe—eyae nye míaƒe gbɔgbɔmenukpɔkpɔ. Eyatae wòle vevie be míabu gbɔgbɔmenuwo be wole vevie wu nu bubuawo le míaƒe nuwɔnawo me.

Teƒeɖoɖoa Nenɔ Susu me Na

Teƒeɖoɖo dodzidzɔname si nye agbe mavɔ ƒe ŋugbe si Yehowa do be yeana esubɔla wɔnuteƒewo hã le ‘nusiwo míate ŋu akpɔ’ kple míaƒe ŋku ŋutɔŋutɔ o me. (Korintotɔwo II, 4:18) Enye nyateƒe be, susu vevitɔ si tae Kristotɔwo subɔa Mawu ɖoe nye lɔlɔ̃ si le wo si nɛ. (Mateo 22:37) Gake Yehowa di tso mía si be míakpɔ mɔ na míaƒe teƒeɖoɖoa vevie. Edi tso mía si be míabui be yenye Fofo dɔmenyola, si nye “teƒeɖola na amesiwo dinɛ vevie.” (Hebritɔwo 11:6) Le esia ta la, amesiwo nya Mawu ŋutɔŋutɔ eye wolɔ̃e la kpɔa ŋudzedze gã aɖe ɖe yayra siwo katã ƒe ŋugbe wòdo la ŋu eye wokpɔa mɔ na wo mevava vevie.—Romatɔwo 8:19, 24, 25.

Magazine sia kple eƒe kpeɖeŋutɔ, Nyɔ!, xlẽla geɖewo kpɔa dzidzɔ ɖe Paradisonyigba si ava ƒe tata dzeani si dzena le wo me la ŋu. Nyateƒee wònye be míenya alesi tututu Paradisonyigba la ƒe dzedzeme anɔ ya o, eye eƒe foto siwo wotana ɖe agbalẽwo me nye nutalawo ƒe nususukpɔ ko si wotu ɖe Biblia me nyawo dzi abe esiwo dze le Yesaya 11:6-9 ene. Ke hã, Kristotɔ nyɔnu aɖe gblɔ be: “Ne mekpɔ Paradiso si ava la ƒe tata le Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! me la, meléa ŋku ɖe eŋu tsitotsito abe alesi ko ame aɖe alé ŋku ɖe tsaɖigbalẽ si me woɖɔ teƒe dodzidzɔnamewo ɖo nyuie ŋui ene. Medzea agbagba hesusunɛ be mele afima elabena teƒe mae mele mɔ kpɔm na vevie be mava nɔ le Mawu ƒe ɣeyiɣiɖoɖi dzi.”

Nenema kee apostolo Paulo hã se le eɖokui me le eƒe ‘dziƒo yɔyɔ’ la ŋui. Mebui be yeƒe asi su teƒeɖoɖoa dzi haɖe o, elabena ele nɛ be wòawɔ nuteƒe vaseɖe nuwuwu. Gake eyi edzi nɔ ‘nusiwo le ŋgɔ la minyãm.’ (Filipitɔwo 3:13, 14) Nenema kee Yesu hã do dzi heku le fuwɔameti ŋu “le dzidzɔ si woɖo ɖi nɛ la ta.”—Hebritɔwo 12:2.

Ðe wò susu wɔ wò eveve ɣeaɖeɣi kpɔ le xexe yeyea me yiyi ŋua? Enyo ŋutɔ be màgaka ɖe ɖokuiwò dzi fũ akpa o, elabena míaƒe nuteƒewɔwɔ vaseɖe nuwuwu dzie teƒeɖoɖo si míaxɔ la nɔ te ɖo. (Mateo 24:13) Gake ne míele mía tɔ sinua wɔm be míawɔ ɖe Mawu ƒe nudidiwo dzi la, ke susu nyui le mía si si tae míaka ɖe edzi be míaxɔ teƒeɖoɖoa. Nenɔ susu me na wò be Yehowa medi be “ame aɖeke natsrɔ̃ o, ke boŋ bena amewo katã natrɔ va dzimetɔtrɔ gbɔ.” (Petro II, 3:9) Ne míeɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu la, akpe ɖe mía ŋu be míaɖo míaƒe taɖodzinua gbɔ. Le nyateƒe me la, mekea ŋku ɖe amesiwo le agbagba dzem vevie ƒe nuwɔnawo me fũ be yeakpɔ nusiwo ana yeate teƒeɖoɖoa wo la o.—Psalmo 103:8-11; 130:3, 4; Xezekiel 18:32.

Alesi Yehowa sena le eɖokui me ɖe eƒe amewo ŋu na mɔkpɔkpɔ—si nye nɔnɔme aɖe si le vevie abe xɔse ke ene—le mía si. (Korintotɔwo I, 13:13) Helagbe me nya si gɔme woɖe le Biblia me be “mɔkpɔkpɔ” fia be “woakpɔ mɔ na nu nyui” aɖe vevie. Mɔkpɔkpɔ siae nɔ susu me na apostolo Paulo esi wòŋlɔ bena: “Míele didim vevie bena, mia dome amesiame naɖe veviedodo ma ke afia le mɔkpɔkpɔ ƒe kakaɖedzi blibo vaseɖe nuwuwu la ŋuti, bene miagazu kuviatɔwo o; ke boŋ mizu amesiwo toa xɔse kple dzigbɔgbɔ blewu me nyia ŋugbedodowo ƒe dome la, srɔ̃lawo.” (Hebritɔwo 6:11, 12) De dzesii be ne míeyi edzi subɔ Yehowa nuteƒewɔwɔtɔe la, míate ŋu aka ɖe edzi be míaƒe mɔkpɔkpɔa ava eme na mí. To vovo na nu geɖe siwo amewo kpɔa mɔ na le xexeame la, mɔkpɔkpɔ sia ya ‘medoa kpo emevava o.’ (Romatɔwo 5:5) Le esia ta la, aleke míate ŋu ana míaƒe mɔkpɔkpɔ me nasẽ ɖe edzi eye wòanɔ susu me na mí ɖaae?

Alesi Míana Míaƒe Gbɔgbɔmeŋkuwo Naɖae

Míaƒe ŋutilãmeŋkuwo mate ŋu anɔ nu eve kpɔm le ɣeyiɣi ɖeka me o. Nenema kee wòle le míaƒe gbɔgbɔmeŋkuwo hã gomee. Ne míaƒe susu le fifi nuɖoanyia me nuwo ŋu la, ɖikeke mele eme o be xexeme yeye si ƒe ŋugbe Mawu do na mí la maganɔ susu me na mí tututu o. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, teƒeɖoɖoa ŋu bubu mava nɔ vevie na mí o eye vivivi la, míagabu eŋu kura o. Nu gã ka gbegbee nye si ema agblẽ le mía ŋu! (Luka 21:34) Eyata alekee wòhiãe nye si be míana míaƒe ‘ŋku dzi nadza’—ana wòanɔ Mawu ƒe Fiaɖuƒea kple agbe mavɔ ƒe teƒeɖoɖoa dzii!—Mateo 6:22.

Mele bɔbɔe ɣesiaɣi be ame nana eƒe ŋku dzi nadza o. Ehiã be míakpɔ kuxi siwo míedoa goe gbesiagbe la gbɔ, eye susuhenuwo—tetekpɔwo gɔ̃ hã—ate ŋu ado kplamatse mí. Ne míele nɔnɔme siawo me tom la, aleke míaƒe susu ate ŋu anɔ Fiaɖuƒea kple xexe yeye si ƒe ŋugbe Mawu do ŋu eye wòaganɔ nuwɔna siwo hã hiã ŋui? Mina míade ŋugble le mɔ etɔ̃ ŋu.

Srɔ̃ Mawu ƒe Nya la gbesiagbe. Biblia xexlẽ edziedzi kple Biblia-srɔ̃gbalẽwo sɔsrɔ̃ ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míaƒe susu nanɔ gbɔgbɔmenuwo ŋu. Togbɔ be ɖewohĩ míele Mawu ƒe Nya la srɔ̃m ƒe geɖee nye esia hã la, ele be míayi edzi anɔ esrɔ̃m, abe alesi ko wòhiãe be míanɔ nu ɖum atsɔ alé míaƒe agbe ɖe te ene. Míedzudzɔa nuɖuɖu le esi míeɖu nu gbogbo aɖewo va yi ta o. Eyata eɖanye aleke kee míeɖanya Bibliae o, ehiã kokoko be míayi edzi anɔ gbɔgbɔmenu ɖum edziedzi tso eme ale be wòana be míalé míaƒe mɔkpɔkpɔ me ɖe asi sesĩe, eye be míaƒe xɔse kple lɔlɔ̃ me nasẽ ɖe edzi.—Psalmo 1:1-3.

De ŋugble tso Mawu ƒe Nya la ŋu ŋudzedzekpɔkpɔtɔe. Nukatae ŋugbledede hiã vevie ɖo? Susu eve tae. Gbã, ŋugbledede kpena ɖe mía ŋu míesea nusi míexlẽ la gɔme eye wònana míekpɔa ŋudzedze deto ɖe eŋu. Evelia, ŋugbledede kpena ɖe mía ŋu be míeŋlɔa Yehowa, eƒe dɔwɔwɔ wɔnukuwo, kple ŋugbe si wòdo na mí, be o. Le kpɔɖeŋu me: Israel-vi siwo kplɔ Mose ɖo dzo le Egipte ŋutɔ kpɔ Yehowa ƒe ŋusẽ triakɔ si wòɖe fia teƒe. Wosee le wo ɖokuiwo me be ekpɔ yewo ta lɔlɔ̃tɔe esi wòkplɔ yewo yina ɖe anyigba si ƒe dome yewoanyi la dzi. Gake esi Israel-viwo nya ɖo gbeadzi esi wonɔ mɔ zɔm yina Ŋugbedodonyigbaa dzi ko la, wodze nyatoƒoetoto, eye nɔnɔme ma ɖe woƒe xɔsemanɔamesi kura fia. (Psalmo 78:11-17) Nukae na wowɔ nu nenema?

Ameawo ɖe susu ɖa le Yehowa kple mɔkpɔkpɔ wɔnuku si wòɖo ɖi na wo dzi hetsɔe ɖo woa ŋutɔwo ƒe akɔfafa kple woƒe ŋutilãmenudidi siwo ŋu susum wonɔ be woasu yewo si enumake dzi. Togbɔ be Israel-viwo ŋutɔ kpɔ dzesi wɔnuku kple nukunu mawo teƒe hã la, wo dometɔ geɖewo va zu xɔsemanɔsitɔ nyatoƒoetolawo. Psalmo 106:13 gblɔ be: ‘Woŋlɔ Yehowa ƒe dɔwɔwɔwo be kaba.’ Dzidzime ma ƒe tomaɖomaɖo si ŋu ɖikeke aɖeke menɔ o la wɔe be womete ŋu yi Ŋugbedodonyigbaa dzi o.

Eyata ne èle Ŋɔŋlɔawo alo Biblia-srɔ̃gbalẽwo xlẽm la, gbɔ dzi ɖi nàde ŋugble tso nusi nèxlẽ la ŋu. Ŋugbledede ma le vevie ŋutɔ hena wò gbɔgbɔmelãmesẽ kple tsitsi. Le kpɔɖeŋu me, ne èle Psalmo 106 lia, si ƒe akpa aɖe míeyɔ va yi xlẽm la, de ŋugble le Yehowa ƒe nɔnɔmewo ŋu. De dzesi alesi wògbɔ dzi ɖi hekpɔ nublanui na Israel-viwoe. Bu tame le alesi wòwɔ nusianu si wòate ŋui tsɔ kpe ɖe wo ŋui be woaɖo Ŋugbedodonyigbaa dzi la ŋu. De dzesi alesi woyi edzi dze aglã ɖe eŋui. Bu alesi gbegbe Yehowa axa nu eye wòase vevee esi tosẽla mawo, siwo ŋu nu medzena o, nɔ eƒe nublanuikpɔkpɔ kple dzigbɔɖi dodokpɔ dzi ɖaa ŋu kpɔ. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ne míede ŋugble le kpukpui 30 kple 31, si ƒo nu tso alesi Pinexas tɔ afɔ to sesĩe hetsɔ dzideƒo ʋli dzɔdzɔenyenye tae, ŋu la, enaa mí kakaɖedzi sẽŋu be Yehowa meŋlɔa esubɔla wɔnuteƒewo be o eye be eɖoa eteƒe na wo geɖee.

Wɔ ɖe Biblia ƒe gɔmeɖosewo dzi le wò agbe me. Ne míele wɔwɔm ɖe Biblia ƒe gɔmeɖosewo dzi la, míekpɔnɛ dzea sii be Yehowa ƒe nuxlɔ̃amewo ɖea vi ŋutɔ. Lododowo 3:5, 6 gblɔ be: “Ðo ŋu ɖe Yehowa ŋu tso dzi blibo me, ke megaɖo dzi ɖe wò gɔmesese ŋu o. Lé ŋku ɖe eŋu le wò mɔwo katã dzi, ekema ata mɔ na wò.” De ŋugble le alesi ame geɖewo ƒe agbe maɖɔʋu nɔnɔ he susu, seselelãme, kple ŋutilã me kuxi bubuwo va wo dzie ŋu kpɔ. Amesiwo kpɔa gome le vivisese si nɔa anyi ɣeyiɣi kpui aɖe ko me la kpea emetsonuwo ƒe fu hena ƒe geɖe—wote ŋu kpea eƒe fu le woƒe agbenɔƒewo katã gɔ̃ hã me. To vovo kura na ema la, amesiwo zɔa ‘mɔ xaxɛ’ la dzi la le mɔ kpɔm be yewoava nɔ agbe le nuɖoanyi yeyea me, eye esia dea dzi ƒo na wo be woayi edzi anɔ agbe mɔa dzi zɔm.—Mateo 7:13, 14; Psalmo 34:9.

Biblia ƒe gɔmeɖosewo dzi wɔwɔ ate ŋu anye nya sesẽ. Ɣeaɖewoɣi la, adze abe nuwɔna aɖe si mesɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo nu o anye kuxi sesẽ aɖe gbɔkpɔnu enumake ene. Le kpɔɖeŋu me, ne ganyawo le fu ɖem na mí la, míate ŋu asusui be míatsɔ Fiaɖuƒea ƒe nuwo aɖo nɔƒe evelia. Gake woka ɖe edzi na amesiwo wɔ nu le xɔse me helé woƒe gbɔgbɔmemenyenye me ɖe asi be “eme anyo na Mawu vavãtɔ vɔ̃lawo.” (Nyagblɔla 8:12) Anɔ eme be Kristotɔ aɖe agawɔ dɔ akpee le kpakpã megbe ɣeaɖewoɣi, gake ele be wòadze agbagba vevie be mava wɔ nu abe Esau, amesi mede bubu gbɔgbɔmenuwo ŋu o hebu wo be womele vevie kura o, ene o.—Mose I, 25:34; Hebritɔwo 12:16.

Yesu ɖe míaƒe Kristotɔnyenye ƒe agbanɔamedziwo me eme kɔ ƒã. Wodi tso mía si be ‘míadi fiaɖuƒe la kple Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye gbãgbiagbã.’ (Mateo 6:33) Ne míewɔe nenema la, Yehowa aɖe eƒe lɔlɔ̃ afia mí to alesi wòakpɔ egbɔ be yena ŋutilãmenu siwo míehiã la mí me. Medi kura be míatsɔ dzimaɖitsitsi ɖe nusiwo gbɔ eya ŋutɔ be yeakpɔ na mí ŋu ado agbae na mía ɖokui o. Dzimaɖitsitsi sia si mehiã o ate ŋu anye gbɔgbɔ me ŋkutsitsidɔ—si gbɔ ne womekpɔ kaba o la, ate ŋu ana míaƒe ŋku nava ʋu ɖe ŋutilãmenuwo ŋu ahana míaƒe gbɔgbɔmeŋku ya natsi kura mlɔeba. Ne míeyi edzi le nɔnɔme ma me la, Yehowa ƒe ŋkekea alili mí abe “mɔ̃ ene.” Afɔku gã kae nye esi ema anye!—Luka 21:34-36.

Na Wò Susu Nanɔ Nu Ðeka Ko Dzi abe Yosua Ene

Mina míana be Fiaɖuƒemɔkpɔkpɔ dodzidzɔnamea nanɔ susu me na mí vevie, eye míada agbanɔamedzi bubuwo ɖe nɔƒe si sɔ na wo. Ne míedzea agbagba doa vevie nusɔsrɔ̃ kple ŋugbledede edziedzi hewɔna ɖe Biblia me gɔmeɖosewo dzi le míaƒe gbesiagbegbenɔnɔ me la, míate ŋu aka ɖe míaƒe mɔkpɔkpɔa dzi abe alesi Yosua wɔe ene. Esi wòkplɔ Israel-viwo ɖo Ŋugbedodonyigbaa dzi vɔ la, egblɔ be: “Mienyae tso dzi blibo kple luʋɔ blibo me bena, nya aɖeke meto le nya nyui, siwo katã Yehowa, mia Mawu la, gblɔ na mi la me o, wo katã va me na mi, eye nya ku ɖeka hɔ̃ hã meto le eme o.”—Yosua 23:14.

Na Fiaɖuƒemɔkpɔkpɔa nado ŋusẽ wò, eye neva eme be wò tamesusuwo, seselelãmewo, nyametsotsowo kple dɔwɔnawo naɖee afia be èka ɖe edzi bliboe be ava eme.—Lododowo 15:15; Romatɔwo 12:12.

[Nɔnɔmetata si le axa 21]

Ðe wò susu wɔ wò eveve ɣeaɖeɣi kpɔ le xexe yeyea me yiyi ŋua?

[Nɔnɔmetata si le axa 22]

Ŋugbledede nye Biblia sɔsrɔ̃ ƒe akpa vevi aɖe

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Tsɔ ɖe le Fiaɖuƒea ƒe nuwo me vevie