Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðo Ŋu Ðe Mawu Ƒe Gbɔgbɔ Ŋu Ne Nɔnɔmewo Trɔ Le Wò Agbe Me

Ðo Ŋu Ðe Mawu Ƒe Gbɔgbɔ Ŋu Ne Nɔnɔmewo Trɔ Le Wò Agbe Me

Ðo Ŋu Ðe Mawu Ƒe Gbɔgbɔ Ŋu Ne Nɔnɔmewo Trɔ Le Wò Agbe Me

‘Do vevie be, natsɔ ɖokuiwò afia Mawu abe ame like ene.’​—TIMOTEO II, 2:15.

1. Tɔtrɔ kawoe doa kplamatse míaƒe gbɔgbɔmelãmesẽ me nɔnɔ?

XEXE si me míele la le tɔtrɔm ɣesiaɣi. Míekpɔ alesi wowɔ ŋgɔyiyi geɖe le dzɔdzɔmeŋutinunya kple mɔ̃ɖaŋununya me evɔ agbenyuinɔnɔ ƒe dzidzenu kɔkɔwo ya yi to wòɖe dzesi. Abe alesi míedzro eme le nyati si do ŋgɔ me ene la, ele be Kristotɔwo natsi tre ɖe xexeame ƒe gbɔgbɔ si tsi tre ɖe Mawu ŋu la ŋuti. Gake esi xexeame le tɔtrɔm ta la, mí ame ɖekaɖekawo hã míetrɔna le go geɖe me. Míetoa ɖevimenɔɣiwo me va zua ame tsitsiwo. Kesinɔnu ate ŋu asu mía si alo míabui, míate ŋu anɔ lãmesẽ me alo alé dɔ, ame veviwo anɔ mía si alo woaku. Míate ŋu awɔ naneke le tɔtrɔ siawo dometɔ geɖe ŋu o, eye woate ŋu anye kplamatsedonu dziŋɔ bubuwo na míaƒe gbɔgbɔmelãmesẽ me nɔnɔ.

2. Tɔtrɔ kawoe va Dawid ƒe agbe me?

2 Ame ʋɛ aɖewo ko ƒe agbenɔnɔe va trɔna nenema gbegbe abe alesi Dawid, Isai vi la, tɔ trɔe ene. Dawid si nye ŋutsuvi alẽkplɔvi si ame aɖeke menya o la trɔ kpata va zu ame xɔŋkɔ kekeake le dukɔa me. Emegbe eva zu sisila, si fia ŋuʋãla aɖe nya ɖe nu abe lã aɖe ene. Le ema megbe la, Dawid va zu fia kple aʋadziɖula. Edo dzi kpe nuvɔ̃ gã siwo wòwɔ la ƒe fu. Dzɔgbevɔ̃e kple mama geɖe va nɔ eƒe ƒomea me. Ekpɔ kesinɔnu, etsi ku amegã, eye tsitsi me lãmegbegblẽ ɖe fu nɛ. Togbɔ be Dawid wɔ tɔtrɔ geɖe le eƒe agbe me hã la, eka ɖe Yehowa kple Eƒe gbɔgbɔa dzi heɖo ŋu ɖe wo ŋu le eƒe agbe me katã. Ewɔ eƒe ŋutete ɖesiaɖe ɖe eɖokui fia “Mawu abe ame like ene,” eye Mawu yra eyama. (Timoteo II, 2:15) Togbɔ be míaƒe nɔnɔmewo to vovo na Dawid tɔ hã la, míate ŋu asrɔ̃ nu tso alesi wòkpɔ nyawo gbɔe le eƒe agbe me la me. Eƒe kpɔɖeŋua ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míase alesi míate ŋu ayi edzi axɔ Mawu ƒe gbɔgbɔa ƒe kpekpeɖeŋu ne míedze ŋgɔ tɔtrɔwo le míaƒe agbe me la gɔme.

Dawid ƒe Ðokuibɔbɔ​—Kpɔɖeŋu Nyui Aɖee

3, 4. Aleke Dawid si nye alẽkplɔvi si ame aɖeke menya o la wɔ va zu ame xɔŋkɔ le eƒe dukɔa me?

3 Dawid menye ame ŋkuta aɖeke le eƒe ɖevimenɔɣi, le eƒe ƒomea ŋutɔ me gɔ̃ hã me o. Esi nyagblɔɖila Samuel va Betlexem la, Dawid fofo tsɔ via enyiawo dometɔ adre fiae. Wogblẽ ɖevitɔ si nye Dawid ya ɖi wònɔ alẽawo ŋu dzɔm. Ke hã, Dawid ye Yehowa tia be wòava nye Israel ƒe fia. Woyɔ Dawid tso gbeadzi vɛ. Biblia ƒe nuŋlɔɖia gblɔ be, emegbe la, “Samuel tsɔ lãdzo, si me ami le, eye wòsi ami nɛ le nɔviawo dome. Eye Yehowa ƒe gbɔgbɔ va Dawid dzi tso gbemagbe.” (Samuel I, 16:12, 13) Dawid ɖo ŋu ɖe gbɔgbɔ ma ŋu le eƒe agbe me katã.

4 Eteƒe medidi o, alẽkplɔvi sia ava zu ame ŋkuta le eƒe dukɔa me. Woyɔe vɛ be wòasubɔ fia la ahanɔ ha ƒom nɛ. Ewu Goliat, aʋawɔla dzɔatsu sẽŋuta aɖe si asrafo bibi siwo le Israel kura gɔ̃ hã vɔ̃na na. Dawid, si wotsɔ ɖo aʋawɔlawo nu la, ɖu Filistitɔwo dzi le aʋa me dzidzedzetɔe. Amewo lɔ̃ eyama. Wokpa hawo tsɔ kafui. Do ŋgɔ la, Fia Saul ƒe aɖaŋuɖola aɖe gblɔ le Dawid ŋu be menye ɖeko ‘wòbi’ le saŋkuƒoƒo me ko o ke enye “kalẽtɔ, eye wònye aʋame, enya nuƒoƒo, eye wòdze ɖeka.”—Samuel I, 16:18; 17:23, 24, 45-51; 18:5-7.

5. Nukawoe ate ŋu ana Dawid nado eɖokui ɖe dzi hafi, eye aleke míewɔ nya be medo eɖokui ɖe dzi o?

5 Ŋkɔxɔxɔ, ɖekadzedze, sɔhɛnyenye, bibi le nuƒoƒo me, bibi le haƒoƒo me, asrafoŋusẽ, Mawu ƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe ame ŋu—edze abe nusiawo katã le Dawid si ene. Nusiawo dometɔ ɖesiaɖe ate ŋu ana wòado eɖokui ɖe dzi, ke hã, wo dometɔ aɖeke mena wòdo eɖokui ɖe dzi o. Kpɔ alesi Dawid ɖo nya ŋui na Fia Saul, si tsɔ vianyɔnu na Dawid be wòaɖe, la ɖa. Dawid tsɔ ɖokuibɔbɔ vavã gblɔ be: “Ameka menye, ameka nɔvinyewo nye, eye nuka fofonye ƒe ƒome nye le Israel, ne mahayi fia ƒe to nye ge?” (Samuel I, 18:18) Agbalẽnyala aɖe ŋlɔ tso kpukpui sia ŋu be: “Nusi Dawid ƒe nyawo fiae nye be ye ŋutɔ yeƒe dzedze, hadomeɖoƒe si yele, alo ƒome si me yetso dometɔ aɖeke mate ŋu ana yeasusui vie gɔ̃ hã be yeaxɔ bubu si nye be yeazu fia to o.”

6. Nukatae wòle be míatu ɖokuibɔbɔ ɖo?

6 Nusi na Dawid bɔbɔ eɖokuie nye be elɔ̃ ɖe edzi be Yehowa de ŋgɔ wu amegbetɔ madeblibowo sasasã le go ɖesiaɖe me. Ewɔ nuku na Dawid be Mawu bua amegbetɔwo gɔ̃ hã ŋu. (Psalmo 144:3) Enyae hã be esi Yehowa bɔbɔ eɖokui, be wòakpe ɖe ye ŋu, akpɔ ye ta, ahalé be na ye tae gãnyenye ɖesiaɖe si ate ŋu anɔ ye si la li ɖo. (Psalmo 18:36) Nusɔsrɔ̃ nyui kae nye esi wònye na mí! Mele be míaƒe dzɔdzɔmeŋutetewo, nusiwo míete ŋu wɔ, kple mɔnukpɔkpɔ siwo su mía si nana míado mía ɖokui ɖe dzi gbeɖe o. Apostolo Paulo ŋlɔ be: “Nukae le asiwò, si mèxɔ oa? Ke ne wò hã nèxɔe la, nukaŋuti nèle adegbe ƒom abe menye ɖe nèxɔe ene oa?” (Korintotɔwo I, 4:7) Be míaxɔ Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea eye be wòakpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu la, ele be míatu ɖokuibɔbɔ ɖo ahalé eme aɖe asi.—Yakobo 4:6.

“Migabia Hlɔ̃ na Mia Ðokui O”

7. Mɔnukpɔkpɔ kawoe ʋu ɖi na Dawid be wòawu Fia Saul?

7 Togbɔ be Dawid ƒe ŋkɔxɔxɔ mena wòdo eɖokui ɖe dzi o hã la, ena ŋuʋaʋã ɖo Fia Saul, si dzi Mawu ƒe gbɔgbɔ megale o, me ɖe eŋu, si na wòdi be yeawui. Togbɔ be Dawid mewɔ nu gbegblẽ aɖeke o hã la, esi le eƒe agbe ta heyi ɖanɔ gbedadaƒo. Ɣeaɖeɣi esi Fia Saul nɔ Dawid yome tim atraɖii la, eyi agado aɖe me, evɔ menya be Dawid kple eƒe amewo be ɖe afima o. Dawid ƒe amewo ƒoe ɖe enu be wòawɔ mɔnukpɔkpɔ si dze abe Mawu gbɔe wòtso ene la ŋudɔ awu Saul. Kpɔe ɖa le susu me ko be woawoe ma le gbɔgblɔm na Dawid le agado si me do viviti la me be: “Kpɔ ɖa, esia nye ŋkeke, si ŋu Yehowa gblɔ le na wò be, yeatsɔ wò futɔ ade asi na wò, eye nawɔ nusianu, si dze ŋuwò la, ɖe eŋu!”—Samuel I, 24:3-7.

8. Nukatae Dawid mebia hlɔ̃ na eɖokui o?

8 Dawid gbe be yemawɔ nuvevi aɖeke Saul o. Eɖe xɔse kple dzigbɔɖi fia hegblẽ nyawo ɖe Yehowa si me. Esi fia la do le agadoa me vɔ la, Dawid do ɣli yɔe hegblɔ nɛ be: “Yehowa nadrɔ̃ ʋɔnu le mía kpli wò dome, eye Yehowa nabia hlɔ̃ wò nam, ke nye asi made ŋuwò o!” (Samuel I, 24:13) Togbɔ be Dawid nya be Saul tɔ medzɔ o hã la, mebia hlɔ̃ na eɖokui o; eye medo nu ɖe Saul gbɔ alo gblɔ nya gbegblẽ aɖeke tso eŋu hã o. Togbɔ be mɔnukpɔkpɔ geɖe su Dawid si be eya ŋutɔ nakpɔ nyawo gbɔ hã la, mewɔe nenema o. Ðe ema teƒe la, eɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu be wòaɖɔ nuwo ɖo.—Samuel I, 25:32-34; 26:10, 11.

9. Nukatae mele be míawɔ wɔɖenui ne wotsi tre ɖe mía ŋu alo ti mía yome o?

9 Abe Dawid ene la, ɖewohĩ èle nɔnɔme sesẽ aɖewo me tom. Ðewohĩ sukuhatiwo, dɔwɔhatiwo, ƒometɔwo, alo ame bubu siwo ƒe dzixɔsewo to vovo na tɔwò tsi tre ɖe ŋuwò alo le yowòme tim. Mègawɔ wɔɖenui o. Kpɔ Yehowa sinu, eye nàbia eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea be wòakpe ɖe ŋuwò. Ðewohĩ wò agbenyuinɔnɔ awɔ dɔ ɖe dzimaxɔsetɔ mawo dzi be woava zu xɔsetɔwo. (Petro I, 3:1) Aleke kee wòɖale o, ka ɖe edzi be Yehowa le nɔnɔme si me nèle la kpɔm eye be awɔ nane tso eŋu le ye ŋutɔ ƒe ɣeyiɣi ɖoɖi dzi godoo. Apostolo Paulo ŋlɔ be: “Migabia hlɔ̃ na mia ɖokui o, nye lɔlɔ̃tɔwo, ke miɖe mɔ na dziku la boŋ, elabena woŋlɔ ɖi bena: ‘Tɔnyee nye hlɔ̃biabia, nye la maɖo eteƒe, Aƒetɔ la gblɔe.’”—Romatɔwo 12:19.

“Miɖo To Amehehe”

10. Aleke Dawid dze nuvɔ̃ mee, eye aleke wòdze agbagba be yeatsyɔ nu edzii?

10 Ƒewo va yi. Dawid va zu fia xɔŋkɔ aɖe si amewo lɔ̃ ale gbegbe. Alesi wònɔ agbe nuteƒewɔwɔtɔe wòɖe dzesi, kpakple psalmo, alo ha, vivi siwo wòkpa tsɔ kafu Yehowa, ate ŋu ana woasusui bɔbɔe be amesia mate ŋu awɔ nuvɔ̃ gã aɖeke gbeɖe o. Ke hã, nu mae dzɔ. Gbeɖeka fia la nɔ eƒe fiasã tame kpɔ nyɔnu dzetugbe aɖe wònɔ tsi lem. Ewɔ numekuku tso amesi wònye ŋu. Esi wogblɔ nɛ be nyɔnu lae nye Bat-Seba eye be srɔ̃a, Uriya le aʋagbedzi la, Dawid na woɖayɔe vɛ eye wòdɔ egbɔ. Emegbe eva nya be nyɔnua fɔ fu. Ŋukpenya ka gbegbe nye esi wòanye ne nya la va dze! Le Mose ƒe Sea te la, wowua amesi wɔ ahasi. Fia la anya susui be yeate ŋu atsyɔ nu nuvɔ̃ la dzi. Eyata eɖo gbe ɖe asrafo siwo nɔ aʋagbeadzi, hebia be woana Uriya natrɔ gbɔ va Yerusalem. Dawid nɔ mɔ kpɔm be Uriya adɔ Bat-Seba gbɔ le zãa me, gake, kpao. Fifia Dawid si ƒo dzi ɖe le la gbugbɔ Uriya ɖo ɖe aʋagbeadzi hetsɔ lɛta aɖe de esi be wòatsɔ na aʋafia Yoab. Egblɔ le lɛtaa me be woatsɔ Uriya aɖo aʋaa ƒe afisi woate ŋu awui le. Yoab wɔ nenema pɛpɛpɛ, eye wowu Uriya. Esi Bat-Seba fa na srɔ̃a abe alesi wowɔna ɖaa ene vɔ la, Dawid ɖee wòzu srɔ̃a.—Samuel II, 11:1-27.

11. Nya kae Natan tsɔ ɖo Dawid ŋkume, eye aleke wòwɔ nu ɖe eŋui?

11 Edze abe ɖe eƒe tameɖoɖo vɔ̃a dze edzi ene, togbɔ be ele be Dawid nanyae be Yehowa nya nu tso nya la katã ŋu hã. (Hebritɔwo 4:13) Ɣletiwo va yi, eye wodzi ɖevi la. Azɔ Mawu gblɔ na nyagblɔɖila Natan be wòayi Dawid gbɔ. Nyagblɔɖila la gblɔ alesi kesinɔtɔ aɖe si si alẽ geɖe le lé ame dahe aɖe ƒe alẽ ɖeka pɛ hewui la ŋu nya na fia la. Nya la na Dawid kpɔe be ele be woadrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe evɔ menya kura be nya aɖeke ɣla ɖe nyaa ŋutɔŋutɔ gɔme o. Dawid tso afia kaba hebu fɔ kesinɔtɔa. Dzi kui wògblɔ na Natan be: “Ŋutsu, si wɔ nusia la, dze ku.”—Samuel II, 12:1-6.

12. To kae Yehowa he na Dawid?

12 Nyagblɔɖila la ɖo eŋu nɛ be: “Wòe nye ŋutsu la!” Dawid ŋutɔ bu fɔ eɖokui. Ðikekemanɔmee la, Dawid ƒe dɔmedzoea trɔ zu ŋukpe gã aɖe kple konyifafa vevie nɛ. Le alesi eƒe nu kui ta la, eɖo to se Yehowa ƒe tohehe si mado kpo emevava o si Natan gblɔ nɛ la. Akɔfanamenya aɖeke menɔ nya mawo me o. Dawid ɖi gbɔ Yehowa ƒe nya to nugbegblẽwɔwɔ me. Ðe mena futɔwo wu Uriya kple yi oa? Yi magbe Dawid ƒeme nɔnɔ o. Ðe mexɔ Uriya srɔ̃ le adzame oa? Nu vɔ̃ɖi ma tɔgbe kee adzɔ ɖe eya hã dzi, menye le adzame o, ke boŋ le gaglãgbe.—Samuel II, 12:7-12.

13. Aleke Dawid wɔ nu ɖe Yehowa ƒe tohehea nui?

13 Nusi nyo le Dawid ŋu enye be elɔ̃ ɖe edzi be yeɖi fɔ. Medo dziku ɖe nyagblɔɖila Natan ŋu o. Mebu fɔ ame bubuwo alo dze agbagba be yeaɖe nusitae yewɔ nu nenema ɖo me o. Esi Dawid dze ŋgɔ eƒe nuvɔ̃a me tsonuwo la, elɔ̃ xɔe, hegblɔ be: “Mewɔ nuvɔ̃ ɖe Yehowa ŋu.” (Samuel II, 12:13) Psalmo 51 lia ɖe nuxaxa si eƒe fɔɖiɖia he va edzi kple alesi gbegbe wòɖe dzimetɔtrɔ fiae la fia. Eɖe kuku na Yehowa be: “Megatsɔm ƒu gbe le ŋkuwò me o, eye megaxɔ wò gbɔgbɔ kɔkɔe la le asinye o!” Exɔe se be Yehowa nublanuikpɔla la mado vlo “dzi gbagbã, si tugu” le nuvɔ̃ ta la o. (Psalmo 51:13, 19) Dawid yi edzi ɖo ŋu ɖe Mawu ƒe gbɔgbɔa ŋu. Togbɔ be Yehowa mekpɔ Dawid ta tso nu manyomanyo siwo do tso eƒe nuvɔ̃a me o hã la, etsɔe kee.

14. Aleke wòle be míawɔ nu ɖe Yehowa ƒe amehehe nui?

14 Mía dometɔ aɖeke mede blibo o, eye mí katã míewɔa nuvɔ̃. (Romatɔwo 3:23) Ɣeaɖewoɣi la, míate ŋu awɔ nuvɔ̃ gã aɖe, abe alesi wòdzɔ ɖe Dawid dzi ene. Abe alesi ko vifofo lɔlɔ̃tɔ hea to na viawo ene la, nenema kee Yehowa ɖɔa amesiwo dina be yewoasubɔe la ɖoe. Togbɔ be tohehe ɖea vi hã la, menya xɔna bɔbɔe o. Le nyateƒe me la, enyea “veve” ɣeaɖewoɣi. (Hebritɔwo 12:6, 11) Ke hã, ne ‘míeɖo to amehehe’ la, mía kple Yehowa dome agate ŋu ava nɔ nyuie. (Lododowo 8:33) Be míayi edzi anɔ viɖe kpɔm tso Yehowa ƒe gbɔgbɔa gbɔ la, ele be míalɔ̃ axɔ amehehe eye míawɔ dɔ siwo ana Mawu nakpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu.

Mègada Wò Mɔkpɔkpɔ Ðe Kesinɔnu Malikewo Dzi O

15. (a) Aleke ame aɖewo zã woƒe kesinɔnuwoe? (b) Aleke Dawid di be yeazã yeƒe kesinɔnuwoe?

15 Kpeɖodzi aɖeke meli be ƒome xɔŋkɔ aɖe mee Dawid dzɔ tso alo be kesinɔtɔwoe eƒe ƒomea nye o. Gake le eƒe fiaɖuɣi la, Dawid kpɔ kesinɔnu gbogbo aɖe. Abe alesi nènyae ene la, amewo lia kɔ woƒe kesinɔnuwo, wotsɔa ŋukeklẽ dina be yewoadzii ɖe edzi, alo womedina be yewoana ame aɖeke o. Ame bubuwo zãa woƒe ga tsɔ dia bubu na wo ɖokui. (Mateo 6:2) Dawid ya mewɔ eƒe kesinɔnuwo ŋudɔ nenema o. Edi vevie be yeade bubu Yehowa ŋu. Dawid gblɔ na Natan be yedi be yeatu gbedoxɔ na Yehowa ne yeatsɔ nubablaɖaka, si nɔ Yerusalem ɣemaɣi “le kuntruwo te” la ada ɖe eme. Yehowa kpɔ dzidzɔ ɖe Dawid ƒe susua ŋu gake eto Natan dzi gblɔ nɛ be via Salomoe atu gbedoxɔa na ye.—Samuel II, 7:1, 2, 12, 13.

16. Dzadzraɖo kawoe Dawid wɔ ɖe gbedoxɔa tutu ŋu?

16 Dawid ƒo nusiwo ahiã le xɔ gã sia tutu me la nu ƒu. Dawid gblɔ na Salomo be: “Medze agbagba ƒo sika talento akpe alafa kple klosalo talento akpe teƒe akpe nu ƒu ɖe Yehowa ƒe xɔ la ŋu hekpe ɖe akɔbli kple gayibɔ, siwo mele dada me o la ŋuti, wosɔ gbɔ ŋutɔ; meƒo atiwo kple kpewo nu ƒu, eye nàdi bubuwo akpe ɖe wo ŋu!” Etsɔ sika talento 3,000 kple klosalo talento 7,000 na, tso eya ŋutɔ ƒe kesinɔnu si wòkpɔ me. * (Kronika I, 22:14; 29:3, 4) Menye gotagome nuwɔwɔe Dawid ƒe nunana dɔmenyotɔe la nye o, ke boŋ enye alesi wòxɔ Yehowa Mawu dzi se heku ɖe eŋu la ɖeɖe fia. Esi wònya eƒe kesinɔnuawo Tsoƒe ta la, egblɔ na Yehowa be: “Nuwo katã tso gbɔwò, eye asiwò me míexɔ wo le hetsɔ na wò.” (Kronika I, 29:14) Dawid ƒe dzi ʋãe dɔmenyotɔe be wòwɔ nusianu si wòate ŋui tsɔ do tadedeagu dzadzɛa ɖe ŋgɔ.

17. Aleke aɖaŋuɖoɖo si le Timoteo I, 6:17-19 ku ɖe kesinɔtɔwo kple ame dahewo siaa ŋui?

17 Neva eme be míawo hã míazã míaƒe nunɔamesiwo nenema ke atsɔ awɔ nu nyuiwoe. Le esi míadze ŋutilãmenudidi yome teƒe la, anyo wu be míadi Mawu ƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe ame ŋu—esiae nana nunya kple dzidzɔ vavãtɔ sua ame si. Paulo ŋlɔ be: “De se na xexe sia me kesinɔtɔwo bena, woagado wo ɖokui ɖe dzi glodzo o, eye womagatsɔ woƒe mɔkpɔkpɔ aɖo kesinɔnuwo ƒe dediemanɔmanɔ dzi o; ke boŋ ɖe Mawu gbagbe, si tsɔ nuwo katã na mí fũ be, míawɔ wo ŋuti dɔ la dzi; bene woawɔ dɔmenyo, eye woanye kesinɔtɔwo le nu nyui wɔwɔ me, woalɔ̃ nunana ame, woalɔ̃ hadede, eye woaƒo kesinɔnuwo nu ƒu na wo ɖokui, si anye gɔmeɖoɖoanyi nyui hena ɣeyiɣi si gbɔna, bene woƒe asi nasu agbe vavã la dzi.” (Timoteo I, 6:17-19) Aleke kee míaƒe ganyawo ɖale o, mina míaɖo ŋu ɖe Mawu ƒe gbɔgbɔa ŋu eye míanɔ agbe si ana míanye ‘kesinɔtɔwo le Mawu gbɔ.’ (Luka 12:21) Naneke mexɔ asi de mía Fofo lɔlɔ̃tɔ si le dziƒo la ƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe mía ŋu nu o.

Ðee Fia be Yenye Amesi Ŋu Mawu Kpɔ Ŋudzedze Ðo

18. Mɔ ka nue Dawid ɖo kpɔɖeŋu nyui aɖe ɖi na Kristotɔwo le?

18 Dawid di Yehowa ƒe ŋudzedzekpɔkpɔ le eƒe agbe me katã. Ebia le eƒe hadzidzi aɖe me vevie be: “Ve nunye, Mawu, ve nunye; elabena gbɔwò meɣla ɖo.” (Psalmo 57:2) Eƒe ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu mezu dzodzro o. Dawid tsi, “eye agbe tii [alo ɖi ƒo nɛ].” (Kronika I, 23:1) Togbɔ be Dawid wɔ vodada gãwo hã la, míeɖoa ŋku edzi abe Mawu ƒe ɖasefo gbogbo siwo ɖe xɔse sẽŋu fia la dometɔ ɖeka ene.—Hebritɔwo 11:32.

19. Aleke míawɔ aɖe mía ɖokui afia abe amesiwo ŋu Mawu kpɔa ŋudzedze ɖo ene?

19 Ne èdze ŋgɔ nɔnɔme siwo me wòhiã be nàwɔ tɔtrɔ le le agbe me la, nenɔ susu me na wò be abe alesi ko Yehowa lé Dawid ɖe te, do ŋusẽe, heɖɔe ɖo ene la, Ate ŋu awɔe na wò hã nenema ke. Apostolo Paulo dze ŋgɔ tɔtrɔ geɖe siwo va eƒe agbe me abe Dawid ene. Gake eya hã yi edzi wɔ nuteƒe elabena eɖo ŋu ɖe Mawu ƒe gbɔgbɔa ŋu. Eŋlɔ be: ‘Metea ŋu wɔa nuwo katã le amesi doa ŋusẽm la me.’ (Filipitɔwo 4:12, 13) Ne míeɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu la, akpe ɖe mía ŋu míakpɔ dzidzedze. Edi be míakpɔ dzidzedze. Ne míeɖo toe hete ɖe eŋu la, ado ŋusẽ mí be míawɔ eƒe lɔlɔ̃nu. Eye ne míeyi edzi ɖo ŋu ɖe Mawu ƒe gbɔgbɔa ŋu la, míate ŋu ‘aɖe mía ɖokui afia abe amesiwo ŋu Mawu kpɔ ŋudzedze ɖo ene’ fifia kple yi ɖe mavɔmavɔ me.—Timoteo II, 2:15.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 16 Ne wobu nusi Dawid na ƒe home ɖe ga si míezãna egbea nu la, ewu United States dɔlar 1,200,000,000.

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

• Aleke míawɔ be míagado mía ɖokui ɖe dzi o?

• Nukatae mele be míabia hlɔ̃ na mía ɖokui o?

• Nukpɔsusu kae wòle be wòanɔ mía si le tohehe ŋu?

• Nukatae wòle be míaɖo ŋu ɖe Mawu ŋu ke menye ɖe kesinɔnuwo ŋu o?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 16, 17]

Dawid ɖo ŋu ɖe Mawu ƒe gbɔgbɔa ŋu eye wòdi Mawu ƒe ŋudzedzekpɔkpɔ. Wò hã èle ewɔm nenema?

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

“Nuwo katã tso gbɔwò, eye asiwò me míexɔ wo le hetsɔ na wò”