Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

666—Menye Nusi Gɔme Manya Se Bɔbɔe O koe Wònye O

666—Menye Nusi Gɔme Manya Se Bɔbɔe O koe Wònye O

666—Menye Nusi Gɔme Manya Se Bɔbɔe O koe Wònye O

“Amea ɖeke magate ŋu aƒle nu alo adzra nu o, negbe amesi ŋu lã la ƒe ŋkɔ alo eƒe ŋkɔ ƒe xexlẽme ƒe dzesi le la ko. Afii nunya le! Amesi ke si gɔmesese le la, nebu lã la ƒe xexlẽme kpɔ; elabena ame ƒe xexlẽme wònye, eye eƒe xexlẽme enye alafa ade kple blaade vɔ ade.”—Nyaɖeɖefia 13:17, 18.

NYAGBLƆÐI si ku ɖe ‘lã wɔadã la’ ƒe dzesi, alo ŋkɔ, aɖe si gɔmesese mele bɔbɔe o—si nye xexlẽdzesi 666—ŋu nye nyagblɔɖi ʋɛ siwo me amewo tsɔa ɖe le vevie wu le Biblia me la dometɔ ɖeka. Nususugblɔ gbogbo aɖewo yia edzi le television kple Internet dzi, kpakple le sinimawo, agbalẽwo, kple magazinewo me, ku ɖe lãa ƒe dzesia ŋu.

Ame aɖewo xɔe se be xexlẽdzesi 666 la nye Kristo ƒe futɔ si ŋu Biblia ƒo nu tsoe ƒe dzesi. Ame bubuwo gblɔna be efia dzesidenu aɖe si woazi ɖe amewo dzi, abe nuŋɔŋlɔɖeŋuti ene alo elektrikmɔ̃ ŋuti nu sue aɖe si wote ŋu fena la dede ame me si ade dzesii be enye lãa subɔla. Ke hã, ame bubuwo xɔe se be xexlẽdzesi 666 la nye Katolikotɔwo ƒe papawo ƒe dzesi. Ne wotsɔ Romatɔwo ƒe xexlẽdzesiwo ɖɔ li ŋɔŋlɔdzesi siwo le papa ƒe dzesideŋkɔ, si nye Vicarius Filii Dei (Mawu ƒe Vi Teƒenɔla) ƒe nɔnɔme me, eye wowɔ akɔnta vi aɖe le xexlẽdzesi siawo ŋu ko la, wokena ɖe 666 ŋu. Wogblɔna hã be woate ŋu abu akɔnta le Latin ŋɔŋlɔdzesi siwo wotsɔ ŋlɔ Roma Fiagã Diocletian ƒe ŋkɔ kple alesi woŋlɔ Kaisaro Nero ƒe ŋkɔ le Hebrigbe me ŋu ake ɖe xexlẽdzesi sia ke ŋuti. *

Gake nuwo gɔmeɖeɖe alea si wosusu dzro ko la to vovo sasasã na nusi Biblia ŋutɔ gblɔ tso lãa ƒe dzesia ŋu, abe alesi míakpɔe le nyati si gbɔna me ene. Biblia ɖee fia be Mawu aɖe eƒe dɔmedzoe ɖe amesiwo ŋu lã la ƒe dzesia le ŋu ne ehe fifi nuɖoanyia va nuwuwu. (Nyaɖeɖefia 14:9-11; 19:20) Eyata xexlẽdzesi 666 la gɔmesese le vevie wu akɔnta aɖe wɔwɔ be woake ɖe nya ɣaɣla aɖe ko ŋu. Dzidzɔtɔe la, Yehowa Mawu, amesi ɖe lɔlɔ̃ fia wu amesiame kple Amesi naa wosea gbɔgbɔmenyawo gɔme nyuie wu la, megblẽ esubɔlawo ɖe viviti me le nya vevi sia ŋu o.—Timoteo II, 3:16; Yohanes I, 1:5; 4:8.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 4 Hena numedzodzro le xexlẽdzesifakaka ŋu la, kpɔ Nyɔ!, September 8, 2002.