Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Amewo Didi le Woƒe Dɔwɔƒewo

Amewo Didi le Woƒe Dɔwɔƒewo

Fiaɖuƒe Gbeƒãɖelawo Ka Nya Ta

Amewo Didi le Woƒe Dɔwɔƒewo

NU ÐEKA kae ɖe dzesi le apostolo Mateo, Petro, Andrea, Yakobo, kple Yohanes ŋu? Eyae nye be Yesu yɔ wo katã esime wonɔ woƒe dɔwɔƒewo. Petro, Andrea, Yakobo, kple Yohanes ƒe ŋku biã vevie ɖe woƒe ɖɔkpɔkplɔdɔ ŋu esime Yesu kpe wo be: “Miva nɔ yonyeme.” Adzɔxɔƒee Mateo nɔ esime Yesu kpee be wòava zu yeƒe nusrɔ̃la.—Mateo 4:18-21; 9:9.

Ðaseɖiɖi na amewo le woƒe dɔwɔƒewo ate ŋu atse ku geɖe. Esi Yehowa Ðasefowo siwo le Japan de dzesi esia ta la, woɖoe kplikpaa nyitsɔ laa be yewoakpɔ gome le subɔsubɔdɔa ƒe akpa sia me. Nukawoe do tso eme? Le ɣleti ʋɛ aɖewo ko me la, wowɔ tɔtrɔyi akpe geɖe eye wodze Biblia-nusɔsrɔ̃ siwo anɔ 250 gɔme. Bu nuteƒekpɔkpɔ siwo gbɔna la ŋu kpɔ.

Ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla aɖe si le Tokyo do go nuɖuɖudzraƒe dzikpɔlagã aɖe si woa kple Ðasefo aɖe ɖo dze anye ƒe 30 enye ma va yi esime wònye sukuvi. Togbɔ be dɔdzikpɔlaa mese nusi ŋu woɖo dze tsoe gɔme tututu ɣemaɣi o hã la, eva tsɔ ɖe le Biblia me vevie. Fifia esi wogava de dzo eƒe didia me la, elɔ̃ faa be woasrɔ̃ Biblia kpli ye le agbalẽ si nye Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me * me. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, eya ŋutɔ te Biblia xexlẽ le eɖokui si fiẽ ɖesiaɖe hafi mlɔa anyi.

Subɔla mɔɖela vevi aɖe yi ɖe ɔfis aɖe. Togbɔ be dɔtɔa menɔ anyi o hã la, ɖetugbi si xɔ gbe le enu le telefon dzi ɖe dɔtɔa teƒe bia be, “Àdi be yeaƒo nu kplima?” Le dzeɖoɖo kpuie aɖe le telefon la dzi megbe la, nyɔnua do va eye wògblɔ be Biblia xexlẽ dzɔa dzi na ye. Mɔɖela vevi la wɔ ɖoɖo be yeatsɔ Biblia ɖeka vɛ nɛ eye wòdze Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔme kplii eye wowɔa nusɔsrɔ̃a le abɔ aɖe si te ɖe afima ŋu me ŋdi sia ŋdi hafi wòyia dɔme.

Le ɔfis bubu la, ŋutsu aɖe kpɔ eƒe dɔwɔhati aɖe wòxɔ Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! magazinewo gake tsɔ wo ƒu gbe enumake esi Ðasefoa trɔ dzo. Esi ŋutsua trɔ yi aƒeme la, egblɔ nusi dzɔ la na srɔ̃a, si nye Ðasefo, eye wògblɔ kpee be ne yee la, anye ne yealala vie. Ŋutsua ƒe vinyɔnuvi si se nya siwo fofoa gblɔ la yi ɖaka nya la ta na Ðasefo aɖe si ɖia ɖase le dɔwɔƒe mawo. Ðasefoa yi ŋutsua gbɔ le ɔfis enumake hedze Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔme kplii. Eteƒe medidi o ŋutsua te Kwasiɖagbe ƒe kpekpewo dede edziedzi.

Ðaseɖiɖi na amewo le woƒe dɔwɔƒewo he viɖe bubuwo vɛ. Gbeƒãɖela geɖe siwo le Japan va bi ɖe tɔtrɔyiwo wɔwɔ le asiƒleƒewo, adzɔnuwɔƒewo, kple ɔfiswo me. Gakpe ɖe eŋu hã ɖaseɖiɖimɔnu sia na wote ŋu ke ɖe ame geɖe siwo dzudzɔ gbeƒãɖeɖe la ŋu eye wodze nusɔsrɔ̃ gɔme kpli wo. Emetsonuawo wɔnuku ale gbegbe. Hame aɖe si le titina Tokyo bu aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ 108 ƒe akɔnta nyitsɔ laa, si wu ƒe si va yi me tɔ ƒe teƒe eve.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 5 Yehowa Ðasefowoe tae.