Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Dzesidede Lã la Kple Eƒe Dzesi La

Dzesidede Lã la Kple Eƒe Dzesi La

Dzesidede Lã la Kple Eƒe Dzesi La

ÈLƆ̃A nu ɣaɣlawo gɔmeɖeɖea? Be nàte ŋu awɔ esia la, èdia nusiwo akpe ɖe ŋuwò be nàkpɔ ŋuɖoɖoa mlɔeba. Le Mawu ƒe Nya si tso gbɔgbɔ me me la, ena nusiwo akpe ɖe mía ŋu míase lã wɔadã si le Nyaɖeɖefia ta 13 lia me ƒe xexlẽdzesi 666, eƒe ŋkɔ, alo dzesi, la gɔme.

Le nyati sia me la, míade ŋugble le susu vevi ene—nu vevi aɖewo—siwo aɖe gɔmesese si le lã la ƒe dzesia ŋu afia ŋuti. Míadzro (1) alesi wotiaa Biblia me ŋkɔwoe ɣeaɖewoɣi, (2) nusi lã wɔadã la nye, (3) nusi xexlẽdzesi 666, si nye “ame ƒe xexlẽme,” la fia, kple (4) gɔmesese si le xexlẽdzesi 6 ŋu kple nusitae wozãe zi etɔ̃ ɖo, si nye 600 kple 60 kple 6, alo 666, me.—Nyaɖeɖefia 13:18.

Biblia me Ŋkɔwo​—Menye Dzesidenu Dzro aɖe Koe Wonye O

Zi geɖe la, gɔmesese tɔxɛ aɖe nɔa Biblia me ŋkɔwo ŋu, vevietɔ ne Mawue tsɔ ŋkɔa na ame alo nusi ŋu wòle la. Le kpɔɖeŋu me, esi wònye be Abram ava zu dukɔwo fofo ta la, Mawu trɔ blemafofo sia ƒe ŋkɔ wòzu Abraham, si gɔmee nye “Ame Geɖewo Fofo.” (Mose I, 17:5) Mawu gblɔ na Yosef kple Maria be woayɔ vi si Maria adzi la be Yesu, si gɔmee nye “Yehowa Enye Xɔname.” (Mateo 1:21; Luka 1:31) Le ɖekawɔwɔ me kple ŋkɔ ma si ŋu gɔmesese le la, Yehowa wɔ ɖoɖo be yeato Yesu ƒe subɔsubɔdɔ kple vɔsakua dzi axɔ mí ɖe agbe.—Yohanes 3:16.

Le susu sia ta la, ele be xexlẽdzesiŋkɔ 666 si Mawu na lã la nanye kpɔɖeŋu na nusi Mawu bu be eɖe dzesi le eƒe nɔnɔme ŋu. Be míase nɔnɔme siawo gɔme tututu la, ehiã be míade dzesi nusi lãa ŋutɔ nye ahasrɔ̃ nu tso alesi wòwɔa nui ŋu.

Woklo Nu le Lãa Ŋu

Biblia-gbalẽ si nye Daniel kɔ nu me geɖe le gɔmesese si le kpɔɖeŋulãa ŋu ŋu. Ta 7 lia ƒo nu tso “lã gã ene”—dzata, sisiblisi, lãklẽ, kple lã ɖivɔvɔ̃ aɖe si to gaɖu kakowo—ŋu eme kɔ nyuie. (Daniel 7:2-7) Daniel gblɔ na mí be lã siawo tsi tre ɖi na ‘fiawo,’ alo dunyahedziɖuɖu siwo aɖu fiaɖuƒe gãwo dzi akplɔ wo nɔewo ɖo.—Daniel 7:17, 23.

The Interpreter’s Dictionary of the Bible gblɔ le lã si ŋu Nyaɖeɖefia 13:1, 2 ƒo nu tsoe ŋu be “lã ene siwo Daniel kpɔ le eƒe ŋutegaa me la ƒe nɔnɔmewo katã ɖe dzesi le eŋu . . . Eyata lã gbãtɔ sia [si ŋu Nyaɖeɖefia ƒo nu tsoe la] tsi tre ɖi na dunyahedziɖuɖu siwo katã tsi tre ɖe Mawu ŋu le xexeame, ƒe ŋusẽwo ƒe ƒuƒoƒo.” Nyaɖeɖefia 13:7 ɖo kpe nya sia dzi, elabena egblɔ le lãa ŋu be: ‘Wona ŋusẽe ɖe to sia to kple dukɔ sia dukɔ kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ kpakple trɔ̃subɔlawo katã dzi.’ *

Nukatae Biblia zã lãwo tsɔ wɔ kpɔɖeŋu na amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo? Susu eve ya teti tae. Gbã, elabena dziɖuɖuwo kɔ amewo ƒe ʋu ɖi abe lã wɔadãwo ene le ŋutinya katã me. Ŋutinyaŋlɔla Will kple Ariel Durant ŋlɔ be: “Aʋawɔwɔ nye ŋutinya me nudzɔdzɔ siwo nɔa anyi ɖaa la dometɔ ɖeka, eye ŋkuʋuʋu alo demokrasi ƒe anyinɔnɔ mena edzi ɖe kpɔtɔ o.” Aleke gbegbe wònye nyateƒee nye esi be “amegbetɔ ɖua fia ɖe ame bubuwo dzi hena woƒe dzɔgbevɔ̃e”! (Nyagblɔla 8:9) Susu eveliae nye be ‘Ʋɔ driba, Satana, tsɔ eƒe ŋutete kple eƒe fiazikpui kpakple eƒe ŋusẽ gã na lã la.’ (Nyaɖeɖefia 12:9; 13:2) Eyata Abosam ye ɖo amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo anyi, eye woɖea lãnuwɔwɔ, abe ʋɔ driba tɔ ene, fiana.—Yohanes 8:44; Efesotɔwo 6:12.

Gake esia mefia be Satana zãa amegbetɔ dziɖula ɖesiaɖe tẽ o. Le nyateƒe me la, amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo nye “Mawu ƒe subɔla” le mɔ aɖe nu, wowɔa ɖoɖo ɖe amegbetɔƒomea ŋu, eye ne womeli o la, anye ne zitɔtɔe anɔ anyi. Eye dziɖula aɖewo kpɔ amegbetɔwo ƒe gomenɔamesi veviwo, si dometɔ aɖee nye gome si le amewo si be woanɔ subɔsubɔha vavãtɔ me—si Satana medi o—la ta. (Romatɔwo 13:3, 4; Ezra 7:11-27; Dɔwɔwɔwo 13:7) Ke hã, le Abosam ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi ta la, amegbetɔ alo amegbetɔwo ƒe nuɖoanyi aɖeke mete ŋu he ŋutifafa kple dedienɔnɔ si anɔ anyi ɖaa la vɛ na amewo o. *Yohanes 12:31.

“Amegbetɔ ƒe Xexlẽdzesi”

Nu vevi etɔ̃lia si akpe ɖe mía ŋu míase nusi xexlẽdzesi 666 la fia enye be enye “ame ƒe xexlẽme,” alo abe alesi The Amplified Bible ɖɔe ene la, enye “amegbetɔ ƒe xexlẽdzesi.” Nyagbɔgblɔ sia mate ŋu afia ame ɖeka aɖe ko o, elabena Satanae kpɔ ŋusẽ ɖe lã la dzi—ke menye ame aɖee o. (Luka 4:5, 6; Yohanes I, 5:19; Nyaɖeɖefia 13:2, 18) Ke boŋ “amegbetɔ ƒe xexlẽdzesi” si le lãa ŋu ate ŋu afia be enye amegbetɔwo ƒe nuɖoanyi aɖe, ke menye gbɔgbɔ vɔ̃wo tɔ o, eye be le esia ta, amegbetɔwo ƒe nɔnɔme aɖewo adze le eŋu. Nɔnɔme kawoe woate ŋu anye? Biblia ɖo eŋu esi wògblɔ be: “[Amegbetɔwo] katã wɔ nuvɔ̃, eye Mawu ƒe ŋutikɔkɔe hiã wo tim.” (Romatɔwo 3:23) Eyata “amegbetɔ ƒe xexlẽdzesi” si le lãa ŋu fia be dziɖuɖuwo ɖea amegbetɔwo ƒe nɔnɔme si me kpododonu dzena le fiana, wònye nuvɔ̃ kple blibomademade ƒe dzesi.

Ŋutinya ɖo kpe nya sia dzi. Henry Kissinger, amesi nye United States Dukɔa ƒe Agbalẽŋlɔla tsã, gblɔ be: “Ŋkuʋuʋu ɖesiaɖe si nɔ anyi kpɔ la yi to mlɔeba. Agbagbadzedze siwo do kpo nu, mɔkpɔkpɔ siwo meva eme o, koe yɔ ŋutinya katã me . . . Eyata, abe ŋutinyaŋlɔla ene la, ele be ame nalɔ̃ ɖe edzi be afɔkuwo adzɔ godoo.” Kissinger ƒe nuwo dada kpɔ anukwareɖiɖitɔe alea ɖo kpe Biblia me nyateƒe vevi sia dzi be: “Amegbetɔ ƒe mɔ kple ŋutsu ƒe zɔzɔme la menye eya ŋutɔ si me wòle, ne eƒe azɔlime nato mɔ ɖeka o.”—Yeremya 10:23.

Fifia si míeva nya nusi lã la nye hekpɔ alesi Mawu bunɛ la, míate ŋu adzro nya ɣaɣla la ƒe akpa mamlɛa me azɔ—xexlẽdzesi ade la kple nusita wozãe zi gbɔ zi etɔ̃ sɔŋ—si nye 666, alo 600 kple 60 kpakple 6.

Ade Zi Gbɔ Zi Etɔ̃​—Nukatae?

Le Ŋɔŋlɔawo me la, kpɔɖeŋu gɔmesese le xexlẽdzesi aɖewo ŋu. Le kpɔɖeŋu me, wozãa xexlẽdzesi adre zi geɖe wònyea nusi de keŋkeŋ, alo le blibo le Mawu ŋkume, ƒe kpɔɖeŋu. Le kpɔɖeŋu me, ‘ŋkeke’ adre, alo ɣeyiɣi didi aɖee nɔ Mawu ƒe nuwɔwɔ ƒe kwasiɖaa me, eye esiawo mee wòawu tameɖoɖo si nɔ esi le nuwo wɔwɔ me nu keŋkeŋ. (Mose I, 1:3–2:3) Mawu ƒe “nyawo” le abe klosalo si ‘woklɔ zi gbɔ zi adre’ ene, esi fia be eŋu kɔ bliboe. (Psalmo 12:7; Lododowo 30:5, 6) Wogblɔ na anyidzela Naeman be wòale tsi le Yordan Tɔsisia me zi gbɔ zi adre eye esia megbe wòhaya keŋkeŋ.Fiawo II, 5:10, 14.

Esusɔ xexlẽdzesi ɖeka na xexlẽdzesi ade hafi wòade adre. Ðe esia manye nane si mede blibo o, alo si ŋu vodada le, le Mawu ŋkume ƒe kpɔɖeŋu si sɔ nyuie oa? Nyateƒee! (Kronika I, 20:6, 7) Gawu la, xexlẽdzesi ade ŋɔŋlɔ zi gbɔ zi etɔ̃, be wòanye 666, te gbe ɖe blibomademade ma dzi vevie. Nyateƒe si wònye be 666 nye “amegbetɔ ƒe xexlẽdzesi,” abe alesi míedzro eme do ŋgɔ ene, na kakaɖedzi le egɔmesese alea ŋu. Eyata lãa ƒe ŋutinya, eƒe “amegbetɔ ƒe xexlẽdzesi,” kple xexlẽdzesi 666 la katã ɖo kpe nyataƒoƒo ɖeka si me vodada aɖeke mele o dzi—si nye blibomademade kple kpododonu si gbɔ eme le Yehowa ŋkume.

Alesi woƒo nu tso lã la ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo ŋu na míeɖo ŋku nusi wogblɔ tso blema Babilon Fia Belsazar ŋu dzi. Yehowa to Daniel dzi gblɔ na dziɖula ma be: “Woda wò le nudanu me, ke èle hodzoe akpa.” Zã ma me kee wowu Belsazar, eye Babilon Fiaɖuƒe sesẽ la mu. (Daniel 5:27, 30) Nenema kee Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ dunyahehe me lã la kple amesiwo ŋu eƒe dzesia le fia nuɖoanyi ma kple edzidelawo ƒe nuwuwu. Gake le go sia me ya la, menye dunyahenuɖoanyi ɖeka aɖe koe Mawu atsrɔ̃ o, ke boŋ amegbetɔwo ƒe dziɖuɖu ɖesiaɖee wòaɖe ɖa. (Daniel 2:44; Nyaɖeɖefia 19:19, 20) Eyata aleke gbegbe wòle vevie nye si be míakpɔ egbɔ be lãa ƒe dzesi wuame la naganɔ mía ŋu o!

Nusi Dzesi la Fia

Esi Nyaɖeɖefia nya klo nu le xexlẽdzesi 666 ŋu vɔ ko la, eƒo nu tso Alẽvi, Yesu Kristo, yomedzela 144,000, siwo ƒe ŋgowo nu woŋlɔ eƒe ŋkɔ kple Fofoa, Yehowa, ƒe ŋkɔ ɖo la ŋu. Ŋkɔ siawo de dzesi amesiawo be wonye Yehowa kple Via tɔ, eye enye dada na wo be woɖea gbeƒã tso amesiawo ŋu. Nenema kee amesiwo ŋu lã la ƒe dzesia le la ɖea gbeƒã alesi wonye lãa ƒe kluvii. Eyata eɖanye nuɖusi ŋu alo ŋgonu ye dzesia le le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu o, enye kpɔɖeŋu si ɖea amesi ŋu wòle fiana be enye amesi kpea asi ɖe tadedeagu na xexeme dunyahenuɖoanyi siwo le abe lã ene la ŋu. Amesiwo ŋu dzesia le tsɔa nusi wòle be woatsɔ na Mawu la nana “kaisaro.” (Luka 20:25; Nyaɖeɖefia 13:4, 8; 14:1) Alekee? Eyae nye be wotsɔa tadedeagu me bubu nana dunyahedukɔa, eteƒenɔnuwo, kple eƒe asrafoŋusẽ, hekpɔa wo sinu be woaxɔ na yewo. Gbɔgblɔ kple nu be yele Mawu vavã la subɔm koe woƒe tadedeagu ɖesiaɖe nye.

To vovo na ema la, Biblia xlɔ̃ nu mí be: “Migaɖo ŋu ɖe amegãwo, amegbetɔvi, siwo mate ŋu axɔ na ame o la ŋu o. Ne eƒe gbɔgbɔ nu tso la, egbugbɔna yia eƒe anyi gbɔ; gbemagbe eƒe tameɖoɖowo nu yina.” (Psalmo 146:3, 4) Dzi meɖena le amesiwo wɔa aɖaŋuɖoɖo nyui ma dzi la ƒo ne dziɖuɖuwo mete ŋu wɔ ŋugbe siwo wodo dzi loo alo ne woɖe kplɔla xɔŋkɔwo le zi dzi o.—Lododowo 1:33.

Esia mefia be Kristotɔwo tsɔa asi ɖoa glã eye womewɔa naneke le ameƒomea ƒe nɔnɔme wɔnublanuia ŋu o. Ao, ke boŋ wotsɔa veviedodo ɖea gbeƒã dziɖuɖu ɖeka kolia si akpɔ ameƒomea ƒe kuxiwo gbɔ—si nye Mawu ƒe Fiaɖuƒe, si teƒee wole.—Mateo 24:14.

Mawu Fiaɖuƒea​—Ameƒomea ƒe Mɔkpɔkpɔ Ðeka Kolia

Esime Yesu nɔ anyigba dzi la, Mawu Fiaɖuƒeae nye eƒe gbeƒãɖeɖedɔa ƒe nyati vevitɔ. (Luka 4:43) Le kpɔɖeŋugbedodoɖa, si woyɔna ɣeaɖewoɣi be Aƒetɔ ƒe Gbedodoɖa, me la, Yesu fia eyomedzelawo be woado gbe ɖa be Fiaɖuƒe ma nava eye be woawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu le anyigba dzi afisia. (Mateo 6:9, 10) Fiaɖuƒea nye dziɖuɖu aɖe si aɖu anyigba bliboa dzi, eye menye anyigba dzi fiadu aɖe mee wòanɔ aɖu dzi o, ke dziƒo boŋ. Eyatae Yesu yɔe be “dziƒofiaɖuƒe” ɖo.—Mateo 11:12.

Amekae dze be wòanye Fiaɖuƒe ma ƒe Fia wu Yesu Kristo, amesi ku ɖe amesiwo ava nye Fiaɖuƒea teviwo ta? (Yesaya 9:5, 6; Yohanes 3:16) Eteƒe madidi o, Dziɖula deblibo sia, si nye gbɔgbɔmeme sẽŋu fifia, atsɔ lã la, eƒe fiawo, kple eƒe aʋakɔwo aƒu gbe ɖe “dzota, si le bibim kple dzokpe,” si nye tsɔtsrɔ̃ ɖikaa ƒe kpɔɖeŋu la me. Gake mese ɖe afima o. Yesu awɔ nusi amegbetɔ aɖeke mate ŋu awɔ o, si nye be atsrɔ̃ Satana hã ɖa.—Nyaɖeɖefia 11:15; 19:16, 19-21; 20:2, 10.

Mawu ƒe Fiaɖuƒea ahe ŋutifafa vɛ na amesiwo katã bɔbɔ ɖe ete. (Psalmo 37:11, 29; 46:9, 10 ) Konyifafa, vevesese, kple ku gɔ̃ hã maganɔ anyi o. Mɔkpɔkpɔ nyui ka gbegbee nye si na amesiwo ŋu lã la ƒe dzesia mele o!—Nyaɖeɖefia 21:3, 4.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 9 Hena numeɖeɖe deto le kpukpui siawo ŋu la, kpɔ agbalẽ si nye Nyaɖeɖefia—Etaƒoƒo Keŋkeŋ la Ðo Vɔ!, si Yehowa Ðasefowo ta, ƒe ta 28.

^ mm. 11 Togbɔ be Kristotɔ vavãwo nyae be amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo wɔa nu abe lãwo ene zi geɖe hã la, wobɔbɔna ɖe dunyahehe me “dziɖuɖu, siwo ŋusẽ li na” te abe alesi Biblia de see ene. (Romatɔwo 13:1) Gake ne dziɖuɖu siawo bia tso wo si be woawɔ nusi tsi tre ɖe Mawu ƒe se ŋu la, ‘woɖoa to Mawu abe dziɖula ene wu amewo.’—Dɔwɔwɔwo 5:29.

[Aɖaka si le axa 5]

Nusiwo Akpe Ðe Mía Ŋu Míase 666 Gɔme

1. Biblia me ŋkɔwo gblɔa nya aɖe tsoa amesi tɔ ŋkɔa ƒe nɔnɔme alo agbenɔnɔ ŋu, abe alesi wònɔ le Abraham, Yesu, kple ame bubu geɖe gome ene. Nenema kee lã la hã ƒe xexlẽdzesiŋkɔa nye kpɔɖeŋu na nɔnɔmewoe.

2. Le Biblia-gbalẽ si nye Daniel me la, wotsɔ lã vovovowo wɔ amegbetɔwo ƒe fiaɖuƒewo, alo dziɖuɖuwo, ƒe kpɔɖeŋui. Lã ƒokpli si ŋu Nyaɖeɖefia 13:1, 2 ƒo nu tsoe la nye kpɔɖeŋu na xexeame katã ƒe dunyahenuɖoanyi, si Satana na ŋusẽ hele nu ɖom na la.

3. “Ame ƒe xexlẽme,” alo “amegbetɔ ƒe xexlẽme,” si le lãa si la fia be amegbetɔwo ŋue wòku ɖo, menye gbɔgbɔ vɔ̃wo o. Eyata, eɖea amegbetɔwo ƒe kpododonu le nuvɔ̃ kple blibomademade si le wo ŋu ta fiana.

4. Mawu bua xexlẽdzesi ade be efia blibomademade elabena meɖo xexlẽdzesi adre si Biblia buna be efia nusi de keŋkeŋ alo le blibo la o. Dzesi si nye 666 la te gbe ɖe blibomademade ma dzi to xexlẽmea zazã zi gbɔ zi etɔ̃ me.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 6]

Amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo do kpo nu, xexlẽdzesi 666 si wotsɔ wɔ eƒe kpɔɖeŋu la sɔ nyuie

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Ðevi dɔwuitɔ: UNITED NATIONS/Photo by F. GRIFFING

[Nɔnɔmetata siwo le axa 7]

Yesu Kristo ahe dziɖuɖu deblibo va anyigba dzi