Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Liberia—Fiaɖuƒedɔa ƒe Dzidziɖedzi Togbɔ Be Aʋawɔwɔ Li Hã

Liberia—Fiaɖuƒedɔa ƒe Dzidziɖedzi Togbɔ Be Aʋawɔwɔ Li Hã

Liberia—Fiaɖuƒedɔa ƒe Dzidziɖedzi Togbɔ Be Aʋawɔwɔ Li Hã

DUKƆMEVIƲA si nu womete ŋu le lélem o le edzi yim le Liberia ƒe gbogbo aɖewoe nye esia. Kaka ƒe 2003 ƒe domedome naɖo la, asrafo aglãdzelawo ƒe aʋa si wɔm wonɔ la ɖo fiadua, Monrovia, me. Esia zi Yehowa Ðasefowo dometɔ geɖe dzi be woasi adzo ɣeaɖewoɣi le woƒe aƒewo me enuenu. Woha amewo ƒe nunɔamesiwo enuenu.

Nublanuitɔe la, wowu ame akpe geɖe le aʋa si yi edzi le fiadua me la me. Nɔviŋutsu ɖeka kple nɔvinyɔnu ɖeka nɔ amesiwo wowu la dome. Aleke nɔvi bubuwo wɔ nɔ te ɖe fukpekpea nui, eye kpekpeɖeŋu kae wona wo?

Kpekpeɖeŋu Nana Amesiwo Hiã Tu

Le xaxaɣeyiɣi ma katã me la, Yehowa Ðasefowo ƒe dɔwɔƒe si le Liberia wɔ ɖoɖo kpe ɖe amesiwo hiã tu la ŋu. Wona nuɖuɖu, aƒemenuzazã veviwo, kple atikewo wo. Esime asrafo aglãdzelaawo xe mɔ ɖe melidzeƒe si le dua me nu la, nuɖuɖu kpɔkpɔ va nɔ sesẽm. Alɔdzedɔwɔƒea kpɔ esia do ŋgɔ eyata wowɔ ɖoɖo ale be nu vevi siwo ahiã Ðasefo akpe eve siwo si yi Fiaɖuƒe Akpatawo me le dugãa me godoo la su wo si. Nɔviawo ma nuɖuɖua ale gbegbe be nuwo nɔ anyi wonɔ zazãm vaseɖe esime wogbugbɔ ʋu melidzeƒea. Alɔdzedɔwɔƒe siwo le Belgium kple Sierra Leone tsɔ atikewo de yameʋu ɖo ɖa, eye alɔdzedɔwɔƒe siwo le Britain kple France de awuwo meli ɖo ɖa.

Togbɔ be nɔviawo le nɔnɔme sesẽ sia me tom hã la, dzi meɖe le wo ƒo o, eye womelé blanui hã o. Nya si ame aɖe si si dzo le eƒeme zi etɔ̃ sɔŋ gblɔ la sɔ kple ame geɖe tɔ. Egblɔ be: “Nɔnɔme siawo ŋue míeɖea gbeƒã tsoe; ŋkeke mamlɛawo mee míele.”

Nyanyuia Xɔxɔ

Togbɔ be tɔtɔ geɖe le dukɔa me godoo hã la, Ðasefoawo yi edzi le ku nyui geɖe tsem le gbeadzi. Le January 2003 me la, wokpɔ Fiaɖuƒe gbeƒãɖelawo ƒe agbɔsɔsɔme gbogbotɔ kekeake si nye ame 3,879, eye le February me la, wowɔ aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ 15, 227.

Amewo le nyanyuia xɔm kabakaba. Eƒe kpɔɖeŋu ɖeka tso kɔƒedu aɖe si le dukɔa ƒe anyieheɣedzeƒe me. Hame aɖe wɔ ɖoɖo be yewoaɖu Kristo ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia le kɔƒedu gã aɖe si nye Bewahn, si anye gaƒoƒo atɔ̃ kloe ƒe afɔzɔzɔ tso afisi woƒoa ƒu ɖo edziedzi la me. Hafi nɔviawo nayi dua me akpe amewo na Ŋkuɖodzia la, wona amekpegbalẽvia Bewahn kɔƒea dzikpɔla. Esi wònya xɔe ko la, etsɔ eƒe Biblia, yi kɔƒedua me tɔwo gbɔ, xlẽ mawunyakpukpui aɖe si le amekpegbalẽvia dzi, hede dzi ƒo na wo katã be woade Ŋkuɖodzia. Alea wòdzɔe be hafi gbeƒãɖelawo nava ɖo la, wokpɔe be wowɔ yewoƒe dɔa na yewo xoxo! Kɔƒea dzikpɔla, viawo, kple srɔ̃a eveawo, de Ŋkuɖodzia. Le ye katã me la, ame 27 ye de. Tso ɣemaɣi la, kɔƒea dzikpɔla do le Methodist Sɔlemea me, dze nusɔsrɔ̃ gɔme kple Ðasefoawo, eye wòtsɔ anyigba aɖe na be woatu Fiaɖuƒe Akpata ɖe edzi.

Eƒe Nɔnɔme Trɔ

Mía nɔviwo ƒe agbenɔnɔ hã na tsitretsiɖeŋula aɖewo ƒe nukpɔsusu le nyateƒea ŋu le tɔtrɔm. Bu ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Opoku ƒe kpɔɖeŋua ŋu kpɔ. Mɔɖela vevi aɖe do goe le gbeadzi henae Gbetakpɔxɔ magazine aɖe. Nyati aɖe le magazinea me do dzidzɔ na Opoku evɔ ga menɔ esi o. Mɔɖelaa gblɔ nɛ be menye edzramee yele o, eye wògblẽ magazinea ɖe egbɔ hewɔ ɖoɖo kplii be yeagatrɔ ava. Esi mɔɖelaa trɔ yi la, Opoku biae be: “Ènya amesi menyea? Mia dometɔ akpa gãtɔ si le Harper-dugãa me la nyam. Menyaa mia viwo le suku!” Emegbe egblɔ be yenye sukukɔkɔ aɖe si le dugãa me la ƒe tatɔ eye be yeti Yehowa Ðasefowo ƒe viwo yome le esi wogbe be yewomado gbe na aflaga o ta.

Gake alesi Yehowa Ðasefowo ɖe Kristotɔwo ƒe lɔlɔ̃ ƒe kpɔɖeŋu etɔ̃ aɖewo fia na Opoku gbugbɔ lé ŋku ɖe eƒe nɔnɔme ŋu. Gbã la, ekpɔ Ðasefowo lé be na wo nɔviŋutsu aɖe si lé dɔ vevie. Wowɔ ɖoɖo gɔ̃ hã be woaɖoe ɖe dukɔ aɖe si te ɖe wo ŋu me ne woawɔ atike nɛ le afima. Opoku susui be nɔviŋutsu si lé dɔ la nye “ame ŋkuta” aɖe le Ðasefoawo dome gake wogblɔ nɛ be Ðasefo tsɛ aɖe ko wònye abe bubuawo ke ene. Evelia, le ƒe 1990 me la, Opoku si yi Côte d’Ivoire. Gbeɖeka esi tsikɔ nɔ ewum la, ebia sɔhɛ aɖe be wòadzra tsi na ye. Ga si nɔ Opoku si la lolo eye sɔhɛa mate ŋu agbae o, eyata etsɔ tsia na Opoku femaxee. Esi sɔhɛ ŋutsuvia tsɔ tsia na Opoku vɔ la, ebiae be: “Èsusu be ɣeyiɣi aɖe ava esime míana nu mía nɔewo evɔ míabia ga aɖeke tso mía nɔewo si oa?” Ewɔ na Opoku be Yehowa Ðasefoe wònye, eye sɔhɛa ka ɖe edzi nɛ be wo dometɔ ɖekae yenye. Nɔviŋutsu sia ƒe dɔmenyonyo kple dɔmekɔkɔ wɔ dɔ ɖe edzi. Mlɔeba la, mɔɖela vevia ƒe lɔlɔ̃ faa be yeagblẽ magazinea ɖe egbɔ femaxee la na Opoku va kpɔe be nukpɔsusu si le ye si ɖe Ðasefowo ŋu la menyo o eye be ehiã be yeawɔ tɔtrɔ. Ewɔ ŋgɔyiyi le gbɔgbɔ me eye fifia enye gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔ.

Togbɔ be nɔvi siwo le Liberia le ŋgɔ dzem nɔnɔme sesẽwo edziedzi hã, woɖoa ŋu ɖe Mawu ŋu heɖea gbeƒã nɔnɔme nyui siwo le ŋgɔ gbɔna le Mawu ƒe Fiaɖuƒe dziɖuɖu dzɔdzɔe te ŋu nyanyuia nuteƒewɔwɔtɔe. Yehowa maŋlɔ woƒe agbagbadzedze vevie kple lɔlɔ̃ si woɖena fiana eƒe ŋkɔ la, be o.—Hebritɔwo 6:10.

[Anyigbatata siwo le axa 30]

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

MONROVIA

[Nɔnɔmetata si le axa 31]

Le xaxaɣiwo me la, Yehowa ƒe amewo naa gbɔgbɔ kple ŋutilã me kpekpeɖeŋu amesiwo hiã tu