Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nukatae Korintotɔwo I, 10:8 gblɔ be Israel-vi 23,000 ye tsrɔ̃ le ŋkeke ɖeka dzi le ahasiwɔwɔ ta, evɔ Mose IV, 25:9 ya gblɔ be ame 24,000 ye?

Nu geɖe ate ŋu akpe ɖe mía ŋu le vovototo si dze le xexlẽme siwo kpukpui eveawo na la gɔmesese me. Egɔmeɖeɖe bɔbɔetɔ kekeake ate ŋu anye be xexlẽmea le 23,000 kple 24,000 dome, si wɔe be kpukpui aɖe yɔe wòle ʋɛ wu eye evelia yɔe wòsɔ gbɔ wu ale be wòanye xexlẽme blibo.

Susu bubu hãe nye esi. Apostolo Paulo gblɔ nusi dzɔ ɖe Israel-viwo dzi le Sitim wònye nuxlɔ̃amekpɔɖeŋu na Kristotɔ siwo nɔ blema Korinto-du si wonya nyuie le eƒe agbe blibaa nɔnɔ ta la me. Eŋlɔ be: “Migana míawɔ ahasi, abe alesi wo dome ame aɖewo wɔ ahasi, eye ame akpe blave vɔ etɔ̃ tsrɔ̃ le ŋkeke ɖeka dzi la ene o.” Paulo ɖe amesiwo Yehowa tsrɔ̃ le ahasiwɔwɔ ta la ɖe vovo hegblɔ be wonye ame 23,000.—Korintotɔwo I, 10:8.

Gake Mose ƒe Agbalẽ Enelia ta 25 gblɔ na mí be “Israel ku ɖe Baal-Peor ŋu; eyata Yehowa do dɔmedzoe ɖe Israel ŋu.” Emegbe Yehowa de se na Mose be wòawu ‘ameawo ŋgɔnɔlawo.’ Azɔ Mose ɖe gbe na ʋɔnudrɔ̃lawo be woawɔ se ma dzi. Mlɔeba esi Pinehas wɔ nu kpata hewu Israel-vi aɖe si kplɔ Midian nyɔnu aɖe va asaɖaa me la, “dɔvɔ̃ la nu tso.” Nuŋlɔɖia wu enu kple nya sia be: “Amesiwo dɔvɔ̃a wu la, le ame akpe blave vɔ ene.”—Mose IV, 25:1-9.

Edze ƒã be ‘ameawo ŋgɔnɔla,’ siwo ʋɔnudrɔ̃lawo wu kple amesiwo Yehowa ŋutɔ wu la, nɔ xexlẽme si Mose ƒe Agbalẽ Enelia na me. Ðewohĩ ʋɔnudrɔ̃lawo wu ŋgɔnɔla mawo dome ame akpe ɖeka, ale be xexlẽmea katã va le 24,000. Ŋgɔnɔla siawo, alo amesiwo nɔ ŋgɔ na nugbegblẽwɔwɔa, ɖawɔ ahasi loo, ɖakpɔ gome le azãɖuɖua me loo, alo ɖalɔ̃ ɖe edzi na amesiwo wɔe o, woɖi fɔ elabena “woku ɖe Baal-Peor ŋu.”

Biblia ŋuti numekugbalẽ aɖe gblɔ tso nya “kukuɖenuŋu” ŋu be ate ŋu afia “ameɖokui tsɔtsɔ na ame aɖe.” Dukɔ si ɖe adzɔgbe na Yehowae Israel-viwo nye, gake esi ‘woku ɖe Baal-Peor ŋu’ la, wogblẽ adzɔgbe si woɖe na Mawu me. Anye ƒe 700 megbe la, Yehowa to nyagblɔɖila Hosea dzi gblɔ tso Israel-viwo ŋu be: “Esi wova Baal-Peor la, wotsɔ wo ɖokui na ŋukpenamawu la, eye wozu ŋunyɔnu, abe nusi ŋu woku ɖo la ke ene.” (Hosea 9:10) Amesiwo katã wɔ nusia la dze na Mawu ƒe toheʋɔnudɔdrɔ̃. Eyata Mose ɖo ŋku edzi na Israel-viwo be: “Mia ŋutɔwo miekpɔ nusi Yehowa wɔ Baal-Peor, kple miaƒe ŋkuwo, elabena Yehowa, wò Mawu, tsrɔ̃ amesiwo katã dze Baal-Peor yome la ɖa le mia dome.”—Mose V, 4:3.