Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Tsi Tre Ðe Xexe Si Le Tɔtrɔm Kabakaba Ƒe Gbɔgbɔ La Ŋu

Tsi Tre Ðe Xexe Si Le Tɔtrɔm Kabakaba Ƒe Gbɔgbɔ La Ŋu

Tsi Tre Ðe Xexe Si Le Tɔtrɔm Kabakaba Ƒe Gbɔgbɔ La Ŋu

“Míawo la míexɔ xexeme ƒe gbɔgbɔ la o, hafi [gbɔgbɔ], si tso Mawu gbɔ la boŋ míexɔ.”​—KORINTOTƆWO I, 2:12.

1. Mɔ kawo nue woble Xawa le?

“DA LAE blem.” (Mose I, 3:13) Nyɔnu gbãtɔ, Xawa, gblɔ nya ʋɛ mawo tsɔ nɔ agbagba dzem be yeaɖe nusitae yedze aglã ɖe Yehowa Mawu ŋu la me. Nyateƒee wòto, togbɔ be meɖe nuvɔ̃ si wòwɔ ƒe agba ya ɖa le edzi o hã. Gbɔgbɔ ʋã apostolo Paulo emegbe wòŋlɔ be: “[Xawa ye] woble.” (Timoteo I, 2:14) Woblee wòxɔe se be tomaɖomaɖo—si nye atikutsetse si nu wode se ɖo la ɖuɖu—aɖe vi na ye eye wòana yeanɔ abe Mawu ene. Wogablee le mɔ sia nu be menya amesi ŋutɔŋutɔ blee o. Menya kura be Satana Abosam ye nɔ nu ƒom to da la dzi o.​—Mose I, 3:1-6.

2. (a) Aleke Satana blea amewoe egbea? (b) Nukae nye ‘xexeame ƒe gbɔgbɔ,’ eye biabia kawo me míadzro fifia?

2 Satana yi edzi le amewo blem tso Adam kple Xawa ƒe ɣeyiɣiawo me ke va ɖo fifia. Le nyateƒe me la, ‘ele xexeame katã blem.’ (Nyaɖeɖefia 12:9) Eƒe ameblemɔnuawo metrɔ o. Togbɔ be megazãa da ŋutɔŋutɔ o hã la, eɣlaa amesi tututu wònye ɣesiaɣi. Satana zã modzakaɖeɖe, nyadzɔdzɔgblɔmɔnuwo, kple mɔ bubuwo blea amewo woxɔnɛ sena be yewomehiã Mawu ƒe mɔfiafia si me lɔlɔ̃ le o eye be meɖea vi na yewo hã o. Alesi Abosam le amewo blemee le afisiafi la na wodze aglã ɖe Biblia ƒe sewo kple gɔmeɖosewo ŋu. Biblia yɔ nɔnɔme sia be ‘xexeame ƒe gbɔgbɔ.’ (Korintotɔwo I, 2:12) Gbɔgbɔ sia kpɔa ŋusẽ ɖe amesiwo menya Mawu o ƒe dzixɔsewo, nɔnɔmewo, kple agbenɔnɔ dzi vevie. Aleke gbɔgbɔ sia dzenae, eye aleke míawɔ atsi tre ɖe eƒe ŋusẽkpɔɖeamedziwo ŋu? Mina míakpɔe ɖa.

Agbenyuinɔnɔ ƒe Toyiyi

3. Nukatae ‘xexeame ƒe gbɔgbɔa’ va le dzedzem ɖe edzi le egbeŋkekea me ɖo?

3 Le egbeŋkekeawo me la, ‘xexeame ƒe gbɔgbɔ’ va le dzedzem wòɖe dzesi kɔte. (Timoteo II, 3:1-5) Ðewohĩ ède dzesii be amewo megale agbe nyui nɔm kura o. Ŋɔŋlɔawo gblɔ nusitae wòle nenema ɖo. Esime woɖo Mawu ƒe Fiaɖuƒea anyi le ƒe 1914 megbe la, aʋa dzɔ le dziƒo. Woɖu Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo dzi eye wonya wo ɖo ɖe anyigbanutowo me. Esi dzi le Satana kum vevie ta la, egale amewo blem le xexeame godoo wu. (Nyaɖeɖefia 12:1-9, 12, 17) Ele agbagba ɖesiaɖe dzem be ‘ne anya wɔ la, yeaflu ame tiatiawo gɔ̃ hã.’ (Mateo 24:24) Mí Mawu ƒe amewo koŋue wòtɔ ŋkui wu. Edzea agbagba be yeagblẽ míaƒe mawusubɔsubɔ me ale be Yehowa nagakpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu o eye be míagakpɔ agbe mavɔ hã o.

4. Aleke Yehowa subɔlawo bua Bibliae, gake aleke xexeame ya bunɛ?

4 Satana dzea agbagba be yeado vlo Biblia, si nye agbalẽ xɔasi si fiaa nu mí tso mía Wɔla lɔlɔ̃tɔa ŋu. Yehowa subɔlawo lɔ̃a Biblia eye wodea asixɔxɔ eŋu. Míenya be Mawu ƒe Nya si tso gbɔgbɔ mee wònye, ke menye amegbetɔwo ƒe nyae o. (Tesalonikatɔwo I, 2:13; Timoteo II, 3:16) Gake Satana ƒe xexea medi be míabui nenema o. Le kpɔɖeŋu me, agbalẽ aɖe si tsi tre ɖe Biblia ŋu ƒe ŋgɔdonya gblɔ be: “Naneke mele ‘kɔkɔe’ le Biblia gome o, eye menye ‘Mawu ƒe nyae’ wònye hã o. Menye ame kɔkɔe siwo Mawu tsɔ eƒe gbɔgbɔ ʋã lae ŋlɔe o, ke boŋ nunɔla siwo nɔ ɖoƒe kɔkɔ dimee ŋlɔe.” Amesiwo xɔa nya siawo dzi sena la ate ŋu ava xɔ nukpɔsusu totro si nye be woate ŋu asubɔ Mawu alesi dze wo ŋui—alo woate ŋu aɖoe be yewomasubɔe gɔ̃ hã o—la dzi ase.—Lododowo 14:12.

5. (a) Nukae agbalẽŋlɔla aɖe gblɔ tso subɔsubɔha siwo zãa Biblia ŋu? (b) Vovototo kae le xexeame ƒe nukpɔsusu aɖewo siwo bɔ kple nusi Biblia gblɔ dome? (Kpɔ aɖaka si le axa si kplɔe ɖo hã)

5 Tsitretsitsi ɖe Biblia ŋu tẽ alo le mɔ si nu menya kpɔna dzea sii bɔbɔe o nu, kpakple subɔsubɔha siwo gblɔna be yewoxɔ edzi se ƒe alakpanuwɔwɔwo, na amewo megatsɔa ɖeke le mawusubɔsubɔ kple subɔsubɔha si zãa Biblia hã me o. Nyadzɔdzɔgblɔmɔnuwo kple agbalẽnyala gãwo ƒoa nu tsia tre ɖe mawusubɔsubɔ ŋu. Agbalẽŋlɔla aɖe gblɔ be: “Yudatɔnyenye kple Kristotɔnyenye ƒe nukpɔsusu siwo kaka ɖe nu vevi siwo míesrɔ̃na le agbe me me la menyo o. Amesi tsɔa susu nyuitɔ kekeake kpɔa woe la bua wo be wonye blemanu dodzidzɔnamewo; ne woabu wo le alesi wole ŋutɔŋutɔ nu la, wonye tsigãdzi nukpɔsusu siwo xea mɔ ɖe susu ŋudɔwɔwɔ nyuie kple dzɔdzɔmeŋutinunya me ŋgɔyiyi nu. Le ƒe siwo va yi nyitsɔ laa me la, gbɔɖiɖi la yi ŋgɔ va zu fewuɖuɖu kple dutoƒo tsitretsiɖeŋu.” Enuenu la, tsitretsiɖeŋu sia tsoa amesiwo mexɔa Mawu ƒe anyinɔnɔ dzi se o siwo “ƒe tamesusu zu yaka” la gbɔ.—Romatɔwo 1:20-22.

6. Nukpɔsusu, si Mawu tsri, kae le xexeame si ɖe gbɔdɔdɔ ƒe nuwɔnawo ŋu?

6 Eyata mewɔ nuku o be amewo le asi ɖem le Mawu ƒe agbenyuinɔnɔ dzidzenuwo ŋu ɖe edzi o. Le kpɔɖeŋu me, Biblia gblɔ be ŋutsu kple ŋutsu ƒe gbɔdɔdɔ nye ‘ŋukpenanu.’ (Romatɔwo 1:26, 27) Egagblɔ hã be amesiwo wɔa matre kple ahasi la manyi Mawu ƒe Fiaɖuƒea dome o. (Korintotɔwo I, 6:9) Gake le dukɔ geɖe me la, menye ɖeko wodana asi ɖe gbɔdɔdɔnuwɔna mawo dzi ko o, ke boŋ wokafua wo le agbalẽwo, magazinewo, hadzidziwo, sinimawo, kple television dzi wɔnawo me. Wobua amesiwo ƒoa nu tsia tre ɖe nuwɔna mawo ŋu be wonye nuŋumabulawo, alo be wolɔ̃a vodada didi le ame ŋu, eye be womekɔ ŋkume o. Le esi xexeame nabui be esi Mawu tsɔ ɖe le eme na mí tae eƒe dzidzenuwo li ɖo teƒe la, wobua wo be wonye mɔxenu na ame ƒe ablɔɖe kple nuwɔnawo boŋ.—Lododowo 17:15; Yuda 4.

7. Nya kawoe wòle be míabia mía ɖokui?

7 Le xexe sia si yi edzi le tsitre tsim ɖe Mawu ŋu me la, anyo be míalé ŋku ɖe míaƒe nɔnɔme kple gɔmeɖose siwo fiaa mɔ mí ŋu nyuie. Ele be míatsɔ gbedodoɖa kple anukwareɖiɖi anɔ mía ɖokui me dzrom kpɔ edziedzi be ɖe míele tatram tso Yehowa ƒe nukpɔsusu kple dzidzenuwo gbɔ o hã. Le kpɔɖeŋu me, míate ŋu abia mía ɖokui be: ‘Ðe meva le dzidzɔ kpɔm ɖe nya aɖewo siwo metsri ƒe aɖewoe nye esi va yi la ŋua? Ðe meva le asi dam ɖe nuwɔna siwo Mawu tsri la dzia? Ðe nyemegava le gbɔgbɔmenuwo tsɔm nu vevii tututu abe alesi mewɔna tsã ene oa? Ðe nye agbenɔnɔ le eɖem fia be metsɔ Fiaɖuƒea ƒe nuwo ɖo nɔƒe gbãtɔ le nye agbe mea?’ (Mateo 6:33) Ŋugbledede le nusiawo ŋu akpe ɖe mía ŋu míatsi tre ɖe xexeame ƒe gbɔgbɔ ŋu.

‘Mègatra Mɔ Gbeɖe O’

8. Nukae dona tsoa mɔtatra tso Yehowa gbɔ me?

8 Apostolo Paulo ŋlɔ ɖo ɖe hati Kristotɔwo be: “Ele na mí bena, míalé to ɖe nusiwo míese la ŋuti geɖe wu, [bene míagatra mɔ gbeɖe, NW] o.” (Hebritɔwo 2:1) Meli si tra mɔ meɖoa afisi wòyina o. Ne ʋumefia mele ŋudzɔ ɖe ya kple ƒutsotsoeawo ŋu o la, eƒe melia ate ŋu atra ato melidzeƒe aɖe si le dedie ŋu bɔbɔe ahayi aɖasi ke ɖe go si dzi agakpewo le. Nenema kee ne míelé fɔ ɖe Mawu ƒe Nyaa me nyateƒenya xɔasiwo ŋu o la, míate ŋu atra bɔbɔe tso Yehowa gbɔ eye nu agblẽ le mía ŋu le gbɔgbɔ me. Mefia be míaɖe asi le nyateƒea ŋu keŋkeŋ kokoko hafi afɔku sia adzɔ ɖe mía dzi o. Nya lae nye be menye amesiamee ɖonɛ koŋ gbea nu le Yehowa gbɔ zi ɖeka kpoyi o. Zi geɖe la, woƒoa wo ɖokui ɖe nane si hea woƒe susu vivivi ale be womegaléa to ɖe Mawu ƒe Nya la ŋu o me. Eye le manyamanya me la, wotrana yia nuvɔ̃ me. Abe alesi wòdzɔna ɖe ʋumefia si le alɔ̃ dɔm dzi ene la, ne nu gblẽ le amesiawo ŋu gbɔ eme hafie wonyɔna.

9. Mɔ kawo nue Yehowa yra Salomo le?

9 De ŋugble le Salomo ƒe agbenɔnɔ ŋu kpɔ. Yehowa ɖoe fia ɖe Israel dzi. Mawu ɖe mɔ Salomo tu gbedoxɔa eye wòfia mɔe be wòŋlɔ Biblia ƒe akpa aɖewo. Zi eve sɔŋ Yehowa ƒo nu kplii eye wòtsɔ kesinɔnu, gãnyenye, kple ŋutifafa nɛ le eƒe dziɖuɣi. Ƒo wo katã ta la, Yehowa tsɔ nunya deto yra Salomo. Biblia gblɔ be: “Mawu na nunya kple nugɔmesese geɖe kpakple sidzedze gã Salomo abe ƒutake ene. Salomo ƒe nunya ƒo ɣedzeƒetɔwo katã ƒe nunya kple Egiptetɔwo ƒe nunyawo katã ta.” (Fiawo I, 5:1, 9, 10; 11:9) Eyata àgblɔ godoo be ne ame aɖe ayi edzi awɔ nuteƒe na Mawu la, ke ele be wòanye Salomo. Ke hã, Salomo tra mɔ hegbe xɔse. Aleke ema dzɔe?

10. Mɔfiame ka dzie Salomo mewɔ ɖo o, eye nukae do tso eme?

10 Salomo nya Mawu ƒe Sea hese egɔme nyuie. Ðikeke mele eme o be anya tsɔ ɖe le mɔfiafia si wona amesiwo ava zu fiawo ɖe Israel dzi la me vevie. Mɔfiafiawo dometɔ ɖeka gblɔ be: “Fia nagaɖe srɔ̃ geɖe o, ne eƒe dzi nagatre mɔ o.” (Mose V, 17:14, 17) Togbɔ be se ma me kɔ keŋ hã la, Salomo ɖe srɔ̃ alafa adre, hedze ahiã alafa etɔ̃. Nyɔnu siawo dometɔ geɖe subɔa dutamawuwo. Míenya nusitae Salomo ɖe srɔ̃ gbogbo ma gbegbe ɖo o, eye míenya nusitae wòsusu be yeƒe nuwɔna la sɔ hã o. Nusi míenyae nye be meɖo to Mawu ƒe mɔfiame si me kɔ nyuie la o. Nusi ŋu Yehowa xlɔ̃ nu le tututue do tso eƒe nuwɔnaa me. Míexlẽ be: “[Salomo] srɔ̃awo trɔ eƒe dzi ɖe mawu bubuwo ŋu.” (Fiawo I, 11:3, 4) Eƒe mawumenunya va nɔ to yim “vivivi”—vaseɖe esime wòyi to keŋkeŋ. Etra mɔ. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Salomo ƒe didi be yeadze dutasrɔ̃ siwo yeɖe ŋu va xɔ ɖe didi si nɔ eme be yeaɖo to Mawu ahadze eŋu la teƒe. Nublanuinya kae enye si wònye, elabena Salomo ŋutɔe ŋlɔ nya siawo do ŋgɔ be: “Vinye, dze nunya, be nado dzidzɔ na nye dzi, ne mate ŋu aɖo nya ŋu na amesiwo le alɔme ɖem le ŋunye”!—Lododowo 27:11.

Ŋusẽ Le Xexeame ƒe Gbɔgbɔ la Ŋu

11. Aleke nusi míetsɔna dea míaƒe susu me kpɔa ŋusẽ ɖe míaƒe tamebubu dzii?

11 Salomo ƒe kpɔɖeŋua fia mí be afɔku le eme be míasusui be esi míenya nyateƒea ta la, xexeame ƒe ŋusẽkpɔɖeamedziwo mate ŋu agblẽ nu boo aɖeke le míaƒe tamebubu ŋu o. Abe alesi ko ŋutilãmenuɖuɖu wɔa dɔ ɖe míaƒe ŋutilã dzi ene la, nenema kee nusiwo míetsɔ nyia míaƒe susui kpɔa ŋusẽ ɖe edzii. Nusiwo míedea susu me kpɔa ŋusẽ ɖe míaƒe tamebubu kple agbenɔnɔ dzi. Esi asitsahawo nya esia ta la, wozãa dɔlar biliɔn gbogbowo ƒe sia ƒe tsɔ doa boblo woƒe adzɔnuwoe. Boblodola kpɔdzidzedzewo zãa nya kple nɔnɔmetata wɔdɔɖeamedziwo tsɔ nana nusi dzram wole la dzroa nuƒlelaa. Boblodolawo nyae hã be boblododo adzɔnu aɖe zi ɖeka alo zi eve ko mawɔe be amewo naƒo zi ɖe nua ŋu ahaƒlee o. Gake nusi wole boblo domee kpɔkpɔ edziedzi wɔnɛ zi geɖe be nuawo va dzroa nuƒlelawo. Boblododo kpɔa dzidzedze—ne mele nenema o la, anye ne womazãna ga gbogbo nenema gbegbe ɖe eŋu o. Ekpɔa ŋusẽ ɖe amewo ƒe tamebubu kple nɔnɔme dzi vevie.

12. (a) Aleke Satana kpɔa ŋusẽ ɖe amewo ƒe tamebubu dzii? (b) Nukae ɖee fia be ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe Kristotɔwo dzi?

12 Abe boblodola ene la, Satana ɖea eƒe nukpɔsusuwo fiana to nana be woadzro ame dzi, eye enyae be ne ɣeyiɣiawo va le yiyim la, yeate ŋu ana ame geɖe nava lɔ̃ ɖe yeƒe tamebubu dzi. Satana toa modzakaɖeɖe kple mɔnu bubuwo dzi blea amewo wova bua nyui be vɔ̃ hebua vɔ̃ be nyui. (Yesaya 5:20) Satana ƒe alakpanyawo ble Kristotɔ vavãwo gɔ̃ hã. Biblia xlɔ̃ nu be: “Gbɔgbɔ la gblɔe kɔte bena, le ŋkeke mamlɛawo me la ame aɖewo ade megbe atso xɔse la me, eye woaɖo to beblegbɔgbɔwo kple gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe nufiafia to aʋatsonufialawo ƒe alakpadada me, amesiwo wotsɔ ga xɔdzo de dzesi wo le woa ŋutɔwo ƒe dzitsinya me.”—Timoteo I, 4:1, 2; Yeremya 6:15.

13. Nukawoe nye hadede vɔ̃wo, eye aleke míaƒe hadedewo kpɔa ŋusẽ ɖe mía dzii?

13 Xexeame ƒe gbɔgbɔ ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe mía dometɔ ɖesiaɖe dzi. Satana ƒe nuɖoanyia ƒe ŋusẽkpɔɖeamedziwo kple ayemɔ nu sẽ ŋutɔ. Biblia ɖo aɖaŋu na mí nunyatɔe be: “Migana woable mi o! Habɔbɔ vɔ̃wo gblẽa nuwɔna nyuiwo.” (Korintotɔwo I, 15:33) Nusianu alo amesiame—le hamea me gɔ̃ hã—si ɖea xexeame ƒe gbɔgbɔ fiana ate ŋu anye hadede vɔ̃. Ne míesusuna be hadede vɔ̃wo mate ŋu agblẽ nu le mía ŋu o la, ekema míele nya ta ƒom be hadede nyuiwo hã mate ŋu akpe ɖe mía ŋu o, alo? Nuŋububu alea agblẽ nu ŋutɔ! Biblia ɖe nyaa me eme kɔ esi wògblɔ be: “Ne èzɔ kple nunyalawo la, àdze nunya; ke ne ède ha kple bometsilawo la, àzu ame gbegblẽ.”—Lododowo 13:20.

14. Mɔ kawo dzie míato atsi tre ɖe xexeame ƒe gbɔgbɔ ŋu?

14 Be míatsi tre ɖe xexeame ƒe gbɔgbɔ ŋu la, ele be míade ha kple nunyalawo—amesiwo subɔa Yehowa. Ele be míatsɔ nusiwo doa ŋusẽ ame ƒe xɔse ayɔ míaƒe susu me. Apostolo Paulo ŋlɔ be: “Nusiwo nye nyateƒe, nusiwo dzea bubu, nusiwo le dzɔdzɔe, nusiwo le dzadzɛ, nusiwo dze na lɔlɔ̃, nusiwo dze na gbɔgblɔ, ne nudzeamewɔwɔ aɖe li, eye ne kafukafu aɖe li la, misusu nusiawo ŋuti!” (Filipitɔwo 4:8) Esi míenye amesiwo si tiatiawɔblɔɖe le ta la, míate ŋu atia nusiwo ŋu míabu. Neva eme be míatiae ɣesiaɣi be míabu nusiwo ana míate ɖe Yehowa ŋu wu.

Ŋusẽ Le Mawu ƒe Gbɔgbɔ la Ŋu Wu

15. Aleke Kristotɔ siwo nɔ blema Korinto to vovo tso dua me nɔla bubuwo gbɔe?

15 To vovo na amesiwo xexeame ƒe gbɔgbɔ blena la, Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ye fiaa mɔ Kristotɔ vavãwo ya. Hame si nɔ Korintoe Paulo ŋlɔ ɖo ɖa na be: “Míawo la míexɔ xexeme ƒe gbɔgbɔ la o, hafi [gbɔgbɔ], si tso Mawu gbɔ la boŋ míexɔ, bene míate ŋu anya nusi Mawu na mí la.” (Korintotɔwo I, 2:12) Blema Korinto nye afisi xexeame ƒe gbɔgbɔ xɔ aƒe ɖo bliboe. Emenɔlawo ƒe agbenɔnɔ gblẽ ale gbegbe be wova zãna nyagbe “woawɔ ame Korintotɔe” tsɔ fiana be “woanɔ agbe gbegblẽ.” Satana gbã ŋku na ameawo ƒe tamesusu. Esia wɔe be nu vi aɖe koe wonya tso Mawu vavã la ŋu, alo womenya naneke kura tso eŋu o. (Korintotɔwo II, 4:4) Ke hã, Yehowa to eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea dzi ʋu ŋku na Korintotɔ aɖewo, hena nyateƒea ƒe sidzedze va su wo si. Eƒe gbɔgbɔa ʋã wo hefia mɔ wo be wowɔ tɔtrɔ gãwo le woƒe agbenɔnɔ me ale be wòate ŋu akpɔ ŋudzedze ɖe wo ŋu eye woaxɔ eƒe yayrawo. (Korintotɔwo I, 6:9-11) Togbɔ be xexeame ƒe gbɔgbɔ sẽ hã la, Yehowa ƒe gbɔgbɔa sẽŋu wui.

16. Aleke míate ŋu axɔ Mawu ƒe gbɔgbɔa ahana wòanɔ mía si ɖaa?

16 Nenema kee wòle egbea hã. Yehowa ƒe gbɔgbɔ kɔkɔeae nye ŋusẽ gãtɔ kekeake si le xexeame godoo, eye etsɔnɛ naa amesiwo bianɛ le xɔse me la faa dɔmenyotɔe. (Luka 11:13) Gake hafi míaxɔ Mawu ƒe gbɔgbɔa la, menye tsitretsitsi ɖe xexeame ƒe gbɔgbɔ ŋu koe hiã o. Ele hã be míasrɔ̃ Mawu ƒe Nya la edziedzi ahawɔ eŋudɔ le míaƒe agbe me ale be míaƒe gbɔgbɔ—míaƒe tamesusu ƒe nɔnɔme—nawɔ ɖeka kple eƒe tamesusu. Ne míewɔe alea la, Yehowa ado ŋusẽ mí be míanɔ te ɖe Satana ƒe ameblemɔnu ɖesiaɖe si dzi wòato be yeagblẽ míaƒe gbɔgbɔmenyenye me la nu.

17. Aleke nusiwo me Lot to ate ŋu afa akɔ na míi?

17 Togbɔ be Kristotɔwo menye xexeame ƒe akpa aɖeke o hã la, wole xexeame. (Yohanes 17:11, 16) Mía dometɔ aɖeke mate ŋu aƒo asa na xexeame ƒe gbɔgbɔa keŋkeŋ o, elabena anɔ eme be míawɔ dɔ alo anɔ aƒe ɖeka me gɔ̃ hã kple amesiwo melɔ̃ Mawu kple eƒe mɔwo o. Ðe míesena le mía ɖokui me abe Lot, amesi dzi Sodomtɔ siwo dome wònɔ, ƒe sedzimawɔmawɔ ‘te ɖo vevie,’ la alo wɔ fui gɔ̃ hã enea? (Petro II, 2:7, 8) Ne nenemae la, míate ŋu akpɔ akɔfafa. Yehowa kpɔ Lot ta heɖee, eye ate ŋu awɔ na míawo hã nenema ke. Mía Fofo lɔlɔ̃tɔ la kpɔa nɔnɔme siwo me míele hesea wo gɔme, eye ate ŋu ana kpekpeɖeŋu kple ŋusẽ si míehiã la mí be míayi edzi alé míaƒe gbɔgbɔmenyenye ɖe te. (Psalmo 33:18, 19) Ne míeɖo ŋu ɖe eŋu, ka ɖe eyama dzi, heyɔe la, akpe ɖe mía ŋu míatsi tre ɖe xexeame ƒe gbɔgbɔa ŋu, eɖanye aleke kee míaƒe nɔnɔmeawo asesẽe hã.—Yesaya 41:10.

18. Nukatae wòle be míade asixɔxɔ mía kple Yehowa dome ƒomedodoa ŋu?

18 Le xexe sia si te ɖa xaa tso Mawu gbɔ eye Satana blee me la, Yehowa tsɔ sidzedze kple nyateƒe yra mí eƒe amewo ya. Esia wɔe be míekpɔa dzidzɔ kple ŋutifafa si mele xexeame si o. (Yesaya 57:20, 21; Galatiatɔwo 5:22) Agbe mavɔ nɔnɔ le Paradiso me ƒe mɔkpɔkpɔ nyui aɖe le mía si, afisi xexe sia si le kudɔ ƒom la ƒe gbɔgbɔ maganɔ o. Eyata neva eme be míade asixɔxɔ ƒomedodo tɔxɛ si le mía kple Mawu dome ŋu eye míanɔ klalo be míaɖɔ nɔnɔme ɖesiaɖe si adi be yeana míatra mɔ le gbɔgbɔ me la ɖo. Mina míanɔ tetem ɖe Yehowa ŋu wu, eye akpe ɖe mía ŋu míatsi tre ɖe xexeame ƒe gbɔgbɔ la ŋuti.—Yakobo 4:7, 8.

Àte Ŋu Aɖe Wo Mea?

• Mɔ kawo nue Satana ble amewo hekplɔ wo trae le?

• Aleke míawɔ be míagatra mɔ adzo le Yehowa gbɔ o?

• Nukae ɖee fia be ŋusẽ le xexeame ƒe gbɔgbɔ la ŋu?

• Aleke míawɔ axɔ gbɔgbɔ si Mawu nana eye wòanɔ mía si ɖaa?

[Biabiawo]

[Nyaɖoɖo si le 11]

XEXEMENUNYA KPLE MAWUMENUNYA

Nyateƒe blibo aɖeke meli o​—amesiame kple nusi wòsusu be enye nyateƒee.

“[Mawu ƒe] nya la enye nyateƒe.”​—Yohanes 17:17.

Be nànya nusi nye nyui alo vɔ̃ la, ka ɖe nusi wò susu gblɔ na wò la dzi.

“Ame ƒe dzi la, alakpatɔ wònye wu nuwo katã, nu gbegblẽ wònye.”​—Yeremya 17:9.

Wɔ nusi dze ŋuwò.

“Ŋutsu ƒe zɔzɔme la menye eya ŋutɔ si me wòle, ne eƒe azɔlime nato mɔ ɖeka o.”​—Yeremya 10:23.

Kesinɔnu ƒe amesinɔnɔe naa wokpɔa dzidzɔ.

“Nuvɔ̃wo katã ƒe ke enye galɔlɔ̃.”​—Timoteo I, 6:10.

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Salomo tra mɔ tso tadedeagu vavãtɔa gbɔ hetrɔ ɖe alakpamawuwo ŋu

[Nɔnɔmetata si le axa 12]

Satana doa xexeame ƒe gbɔgbɔ ɖe ŋgɔ abe boblodola ene. Ètsia tre ɖe eŋua?